Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
MARCH 4-10
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | PSALMOWO 16-17
“Yehowa . . . Gbɔe Nu Nyuiwo Tsona Nam”
w18.12 26 ¶11
Sɔhɛwo, Miate Ŋu Akpɔ Dzidzedze Le Agbe Me
DZE XƆLƆ̃ VAVÃWO
11 Xlẽ Psalmo 16:3. David nya ale si wòadze xɔlɔ̃ vavãwoe. Ame siwo lɔ̃ Yehowa lae wòdzea xɔlɔ̃e, eye esia ‘nyoa eŋu vevie.’ Eyɔ ame siwo wòdzea xɔlɔ̃e la be ‘ame kɔkɔewo,’ elabena wonɔa agbe nyui hewɔa nu dzɔdzɔe. Hakpala bubu aɖe hã se le eɖokui me nenema ke le ame siwo wòdzea xɔlɔ̃e ŋu. Eŋlɔ bena: “Xɔlɔ̃ menye na ame siwo katã vɔ̃a wò kple ame siwo léa wò sededewo me ɖe asi.” (Ps. 119:63) Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ na esia me ene la, wò hã àte ŋu akpɔ xɔlɔ̃ nyui geɖe le ame siwo vɔ̃a Yehowa heɖoa toe la dome. Eye àte ŋu adze xɔlɔ̃ nɔvi siwo xɔ ƒe vovovowo gɔ̃ hã.
w14 2/15 29 ¶4
“Makpɔ Yehowa Ƒe Atsyɔ̃”
David dzi ha be: “Yehowa enye nye domenyinu kple nye kplu me nu; èlé nye dzidzenu ɖe asi. Dzidzenu la dze nyuiaƒe nam.” (Ps. 16:5, 6) David da akpe ɖe eƒe “domenyinu,” si nye ƒomedodo nyui si le eya kple Yehowa dome kple mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòasubɔe, la ta. Abe David ene la, míetea ŋu toa fukpekpe geɖe me, gake gbɔgbɔmeyayra geɖewo su mía si. Eya ta mina míayi edzi akpɔ dzidzɔ ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu, eye míakpɔ “ŋudzedze ɖe” Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ la ŋu ɣesiaɣi.
w08 2/15 3 ¶2-3
Tsɔ Yehowa Ðo Ŋkuwòme Ðaa
2 Mí katã míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me siwo ŋu amewo nya nu tso nyuie, abe Abraham, Sara, Mose, Rut, David, Ester, apostolo Paulo, kple ame bubuwo ene, ƒe nuteƒekpɔkpɔwo me. Ke hã, nuŋlɔɖi siwo ku ɖe ame siwo ŋu womenya nu boo aɖeke tso o ŋu hã ate ŋu aɖe vi na mí. Ŋugbledede tso ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple hakpala la ƒe nya siawo be: ‘Metsɔa Yehowa ɖoa ŋkunyeme ɖaa; ne ele nye nuɖusime la, ke maɖe le tenye o.’ (Ps. 16:8) Aleke wòle be míase nya siawo gɔmee?
3 Zi geɖe la, asrafo léa eƒe yi ɖe nuɖusi si wɔnɛ be akpoxɔnu si wòlé ɖe miasi me la metea ŋu kpɔa eƒe nuɖusi kpa dzi ta o. Ke hã, ne exɔlɔ̃ aɖe le eƒe nuɖusime le aʋa wɔm la, ate ŋu akpɔ eta. Ne míaƒe susu nɔa Yehowa ŋu ɖaa eye míewɔa eƒe lɔlɔ̃nu la, akpɔ mía ta. Eya ta mina míakpɔ ale si Biblia me nuŋlɔɖiwo me dzodzro ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse ale be ‘míatsɔ Yehowa aɖo míaƒe ŋkume ɖaae’ la ɖa.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
it-2 714
Gadaglamakui
Ne wozã Hebrigbe me nya siwo nye ʼi·shohnʹ (5Mo 32:10; Lod 7:2) kple ʽaʹyin (ŋku) ɖekaea, egɔmeɖeɖe nya ɖe nya nue nye “wò ŋku ŋutsu sue”; nenema kee wozã ʽaʹyin kpe ɖe Hebrigbe me nya bath (vinyɔnu) ŋu le Konyifahawo 2:18 eye woɖe egɔme nya ɖe nya nu be “wò ŋku vinyɔnu,” eye nya eve siawo fia gadaglamakui. Be woate gbe ɖe gɔmesese si le nya siawo ŋu dzi nyuiea, wozã wo katã ƒo ƒu le Psalmo 17:8 (ʼi·shohnʹ bath-ʽaʹyin), eye woɖe egɔme nya ɖe nya nu be, “ŋutsu sue, vinyɔnu ƒe ŋku” (“gadaglamakui,” NW). Edze ƒãa be ale si ame aɖe adze sue le wò ŋku ƒe yibɔeƒea dzi ne etɔ ɖe ŋkuwòme ŋue wole nu ƒom tsoe.
Ŋkua nye ŋutinu siwo léa nu kaba eye wohiã beléle tɔxɛa dometɔ ɖeka; ne ɖakui alo ʋuʋudedi teti gɔ̃ hã ge ɖe míaƒe ŋku dzia, míenyana enumake. Ele be míakpɔ ŋkua ƒe akpa si woyɔna be cornea alo cornée si tsyɔ gadaglamakuia dzia ta eye míalé be nɛ elabe ne exɔ abi alo dɔléle aɖe na edzi wɔ flukpea, ŋkua maganɔ nu kpɔm nyuie o, alo ate ŋu atsi kura. Esi Biblia nɔ nu ƒom tso nu siwo ta wòle be woakpɔ vevie ŋua, ezã nyagbe “wò gadaglamakui” tsɔ na wokpɔ nuawo ƒe vevienyenye kple ale si gbegbe wòle be woalé be na wo. Nu mawo ƒe ɖee nye Mawu ƒe sea. (Lod 7:2) Esi Biblia nɔ nu ƒom hã tso ale si Mawu lé be na Israel-viwo abe vifofo ene ŋua, 5 Mose 32:10 gblɔ be ekpɔ wo ta “abe eƒe ŋku ƒe gadaglamakui ene.” David hã do gbe ɖa be Mawu nakpɔ ye ta eye wòalé be na ye abe eƒe “gadaglamakui” ene. (Ps 17:8) Edi be Yehowa natso kpla axɔ na ye ne futɔwo dze ye dzi. (Tsɔe sɔ kple Zak 2:8; afi si wozã Hebrigbe me nya ba·vathʹ ʽaʹyin, “ŋkuvi,” le.)
MARCH 11-17
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | PSALMO 18
“Yehowae Nye . . . Nye Xɔnametɔ”
w09 5/1 14 ¶4-5
Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ Siwo Wozã Le Biblia Me—Èsea Wo Gɔmea?
Biblia tsɔ Yehowa sɔ kple nu siwo me agbe mele o gɔ̃ hã. Woɖɔe be enye ‘mɔ̃ sesẽ’ kple “Israel ƒe agakpe.” (2 Samuel 23:3; Psalmo 18:3; 5 Mose 32:4) Nu ka tae wotsɔe sɔ kple nu siawo? Abe ale si ko agakpe sẽa ŋu, eye wòlia ke sesĩe ene la, nenemae Yehowa Mawu ate ŋu anye dedienɔƒe sẽŋu aɖe na wò.
5 Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ siwo ƒo nu tso Yehowa ƒe amenyenye ƒe akpa vovovowo ŋu la yɔ Psalmowo ƒe agbalẽa me fũu. Le kpɔɖeŋu me, Psalmo 84:12 gblɔ be Yehowa nye “ɣe kple akpoxɔnu” le esi eyae nye kekeli, agbe, ŋusẽ, kple ametakpɔkpɔ Tsoƒe gãtɔ ta. Le go bubu me la, Psalmo 121:5 gblɔ be “Yehowa enye wò vɔvɔli le wò nuɖusi me.” Abe ale si nane ƒe vɔvɔli te nɔnɔ kpɔa tawò ne ŋdɔ le ʋuʋum helĩhelĩ ene la, Yehowa kpɔa ame siwo subɔnɛ la ta tso dzɔgbevɔ̃e ƒe dzoxɔxɔwo nu henana wonɔa eƒe ‘asi’ alo “aʋala” ƒe ametakpɔkpɔ ƒe vɔvɔli te.—Yesaya 51:16; Psalmo 17:8; 36:8.
it-2 1161 ¶7
Gbe
Mawu sea esubɔlawo ƒe gbe. Ame siwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ kple nyateƒe mea ate ŋu ado gbe ɖa nɛ kple kakaɖedzi be asee na yewo, gbe ka ke me yewodoe ɖa le o. Tsɔ kpe ɖe eŋua, ne ame aɖe do gbe ɖa na Mawu le dzi me, si fia be eƒe gbe ŋutɔŋutɔ meɖi o gɔ̃ hãa, Mawu, ame si nya amegbetɔwo ƒe dzi mea ‘senɛ,’ alo léa to ɖe amea ŋu. (Ps 66:19; 86:6; 116:1; 1Sa 1:13; Neh 2:4) Ne ame aɖe le fu kpem eye wòdo ɣli yɔ Mawu be wòakpe ɖe ye ŋua, Mawu senɛ. Azɔ hã, esenɛ ne ame vɔ̃ɖi siwo tsitre ɖe eŋua le nugbe ɖom ɖe esubɔlawo ŋu eye wònyaa nu si le woƒe dzi me.—1Mo 21:17; Ps 55:18, 19; 69:33; 94:9-11; Yr 23:25.
w22.04 3 ¶1
Ale Si Míawɔ Anɔ Te Ðe Dzimaɖitsitsi Nu
2. De ŋugble. Ne ètrɔ kpɔ megbea, ɖe nèkpɔe be Yehowa kpe ɖe ye ŋu le nɔnɔme sesẽ aɖewo me be yete ŋu do dzi va yia? Ne míedea ŋugble le ale si Yehowa kpe ɖe mía ŋu kple ale si wòkpe ɖe esubɔlawo ŋu va yi ŋua, esia doa ŋusẽ mí, eye wònana míegakana ɖe eya amea dzi geɖe wu. (Ps. 18:17-19) Hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Joshua gblɔ be: “Meŋlɔ gbedodoɖa siwo ŋu Yehowa ɖo nam la ɖi, eye esia kpena ɖe ŋunye meɖoa ŋku ɣeyiɣi siwo me mebia nanewo Yehowa, eye wònam nu siwo tututu mebiae la dzi.” Ne míedea ŋugble tso nu siwo Yehowa wɔ na mí va yi ŋua, esia doa ŋusẽ mí míetea ŋu nɔa te ɖe dzimaɖitsitsi nu.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
it-1 432 ¶2
Kerubi
Kerubiwo ƒe afi ma nɔnɔ nana wonyana be Yehowa le wo dome. Biblia gblɔ be: “Maɖe ɖokuinye afia wò le afi ma aƒo nu kpli wò, eye magblɔ se siwo katã made na wò be nàgblɔ na Israel-viwo la tso nutunu la tame, le kerubi eve siwo le Ðaseɖiɖiɖakaa dzi la dome.” (2Mo 25:22; 4Mo 7:89) Esia tae wogblɔ be Yehowa “bɔbɔ nɔ kerubiwo tame [alo, dome].” (1Sa 4:4; 2Sa 6:2; 2Fi 19:15; 1Kr 13:6; Ps 80:1; 99:1; Yes 37:16) Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nua, kerubiawo “le tsitre ɖi na tasiaɖam” si wòdona (1Kr 28:18); aʋalawo nye takpɔkpɔ eye woƒe dzodzo tsɔna kaba ŋutɔ. Eya ta David ɖɔ ale si Yehowa wɔ kaba va kpe ɖe eŋua le ha si wòkpa me be “enɔ kerubi dzi dzo va” “le gbɔgbɔ ƒe aʋalawo dzi” gɔ̃ hã.—2Sa 22:11; Ps 18:10.
MARCH 18-24
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | PSALMOWO 19-21
“Dziƒowo Le Mawu Ƒe Ŋutikɔkɔe Ðem Fia”
w04 1/1 8 ¶1-2
Amesiame Neɖe Gbeƒã Yehowa Ƒe Ŋutikɔkɔe
DAWID, Isai vi la tsi abe alẽkplɔvi ene le Betlexem nutoa me. Anɔ eme be efɔa mo dzi enuenu léa ŋku ɖe dziƒo kple eme ɣletivi gbogboawo ŋu le zã si zi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ la me esime wònɔ fofoa ƒe alẽha dzi kpɔm le saɖeaga gbeɖuƒe mawo! Ðikeke mele eme o be eɖo ŋku nusia si nɔ susu me nɛ nyuie la dzi esime Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ʋãe wòŋlɔ hagbe nyui siwo le Psalmo 19 lia hedzii la be: “Dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fia, eye dziŋgɔli le gbeƒã ɖem eƒe asinudɔwɔwɔ. Woƒe dzidzeka de anyigba blibo la dzi, eye woƒe nuƒoƒo de xexeame ƒe mlɔenu ke.”—Psalmo 19:2, 5.
2 Gbe kple nuƒo manɔmee la, dziƒo wɔnuku si Yehowa wɔ la ɖea gbeƒã eƒe ŋutikɔkɔe tso ŋkeke yi ŋkeke, kple zã sia zã. Nuwɔwɔwo medzudzɔa gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe gbeɖe o, eye woƒe ɖaseɖiɖi si meɖina o si dea “anyigba blibo la” dzi wokpɔna la ŋu bubu nana míekpɔnɛ be míeɖi naneke o. Ke hã, nuwɔwɔwo ƒe ɖaseɖiɖi numaƒomaƒoe la mesɔ gbɔ o. Woxlɔ̃ nu amegbetɔ nuteƒewɔlawo be woatsɔ woƒe gbewo akpe ɖe eŋu. Hakpala si ƒe ŋkɔ womeyɔ o gblɔ na tadeagula nuteƒewɔlawo be: “Mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Yehowa, . . . Mitsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ƒe bubu nɛ.” (Psalmo 96:7, 8) Edzɔa dzi na amesiwo le ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowa be woawɔ ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi. Gake nukae ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ na Mawu lɔ ɖe eme?
w04 6/1 11 ¶8-10
Nuwɔwɔwo Ðea Gbeƒã Mawu Ƒe Ŋutikɔkɔe!
8 Azɔ Dawid gaƒo nu tso Yehowa ƒe nuwɔwɔ wɔnuku bubu ŋu be: “Etsɔ wo [dziŋgɔliawo] wɔ agbadɔ na ɣe. Ɣe doa go tsoa eƒe xɔ me abe ŋugbetɔsrɔ̃ ene, ekpɔa dzidzɔ abe kalẽtɔ ene, be yealé eƒe mɔ. Edzena ɖe dziƒo ƒe mlɔenu, eye wòtrɔna va eƒe mlɔenu, naneke meɣlana ɖe eƒe dzoxɔxɔ o.”—Psalmo 19:5-7.
9 Ne wotsɔ ɣea sɔ kple ɣletivi bubu aɖewo la, eƒe lolome megogo wo kura o. Ke hã, ɣea lolo sasasã wu ɣletinyigba siwo ƒoa xlãe. Nyatakaka aɖe gblɔ be anyigba la ƒe kpekpeme ƒe teƒe 330,000 lɔƒoe ade [ɣea] ƒe kpekpeme nu. Ɣea ɖeɖe ƒe kpekpeme xɔ míaƒe ɣletinyigba siwo katã ƒoa xlã ɣea tsɔ kpe ɖe ɣea ŋutɔ ƒe kpekpeme ƒokpli ŋu katã kloe! Ɣea ƒe nuheŋusẽ lae lé míaƒe anyigba si le adzɔge kilometa miliɔn 150 tso ɣea gbɔ la ɖe enɔƒe wònɔa xlã ƒom ɣea eye metrana yia adzɔge loo alo tena vaa ɣea gbɔ wu didime ma o. Ɣea ƒe dzoxɔxɔ ƒe kakɛ sue aɖe, si anɔ abe ɖeka le biliɔn eve me ene, koe ɖoa míaƒe ɣletinyigba la dzi, eye dzoxɔxɔ ma tututue hiã na anyigba la hafi wòate ŋu alé míaƒe agbe ɖe te.
10 Hakpala la ƒo nu tso ɣea ŋu le kpɔɖeŋu mɔ nu be ele abe “kalẽtɔ” si nɔa du dzi le ŋkeke me ɖoa ta dziŋgɔli ƒe mlɔenu eye wòtrɔna vaa eƒe mlɔenu hegena ɖe eƒe “agbadɔ” me le zã ene. Ne ɣea le to ɖom le dziŋgɔli ƒe mlɔenu afisi wòbuna ɖe eme le la, edzena abe “agbadɔ” aɖe mee wòge ɖo heyina ɖiɖi ge ɖe eme ene. Le ŋdi la, ‘edoa go tsoa eƒe atsyɔ̃xɔ me enumake henɔa keklẽm abe ŋugbetɔsrɔ̃ ene.’ Esi Dawid nye alẽkplɔla ta la, enya alesi vuvɔ nu sẽnae le zã me. (Mose I, 31:40) Eɖo ŋku alesi ɣea ƒe keklẽ naa dzo ɖoa lãme nɛ enumake kple alesi woklẽna ɖe nuto si ƒo xlãe dzii la dzi. Edze ƒã be nu metia kɔ na ɣea le eƒe ‘mɔzɔzɔ’ tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe me o, ke boŋ ele abe “kalẽtɔ” si su te na eƒe gbesiagbe mɔzɔzɔa ene.
g95 11/8 7 ¶2
Aɖaŋuwɔla Si Dzi Woŋe Aɖaba Ƒu Wu Le Míaƒe Ɣeyiɣia Me
Ne míedzi míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe dzɔdzɔme ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ŋu ɖe edzia, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míava nya mía Wɔla, ame si ƒe asinudɔwɔwɔwo ƒo xlã mí. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo ɣeaɖeɣi be woalé ŋku ɖe seƒoƒo dama siwo le Galilea nuto mea ŋu nyuie. Egblɔ be: “Milé ŋku ɖe ale si dzogbenya siwo le gbedzi la tsinae ŋu kpɔ; womewɔa dɔ o, eye wometrea ɖeti hã o; gake mele egblɔm na mi be le Salomo ƒe ŋutikɔkɔe la katã me gɔ̃ hã la, meɖo atsyɔ̃ kpɔ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o.” (Mateo 6:28, 29) Seƒoƒo dama maɖinu aɖe ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ate ŋu aɖo ŋku edzi na mí be Mawu menye ame si metsɔ ɖeke le ameƒomea ƒe nudidiwo me o.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
w00 10/1 13 ¶4
Nusɔsrɔ̃—Teƒeɖoɖo Kple Dzidzɔ Le Eme
4 Mawu ƒe Nyaa xexlẽ kple esɔsrɔ̃ ate ŋu atu ame ɖo ahado ŋusẽ ame. Hakpala la gblɔ be: “Yehowa ƒe se de blibo, enana luʋɔ gbɔna ɖe eme; Yehowa ƒe [ŋkuɖodzinyawo] le eteƒe, enana bometsilawo dzea nunya. Yehowa ƒe ɖoɖowo dzɔ, wodoa dzidzɔ na dzi; Yehowa ƒe sewo dza, wonana ŋku dzi kɔna.” (Psalmo 19:8, 9) Yehowa ƒe sewo kple ŋkuɖodzinyawo gbɔa agbe míaƒe luʋɔ, wona míenyona ɖe edzi le gbɔgbɔ me, wonana míekpɔa dzidzɔ le ememe, eye wonana míaƒe ŋku dzi kɔna míekpɔa Yehowa ƒe tameɖoɖo wɔnukuwo dzea sii nyuie. Nu dodzidzɔname ka gbegbee nye si!
MARCH 25-31
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | PSALMO 22
Biblia Gblɔ Nane Siwo Aɖe Dzesi Le Yesu Ƒe Ku Ŋua Ði
w11 8/15 15 ¶16
Wokpɔ Mesia La!
16 Adze abe ɖe Mawu gblẽ Mesia la ɖi ene. (Mixlẽ Psalmo 22:2.) Le ɖekawɔwɔ me kple nyagblɔɖia la, “le gaƒoƒo asiekelia dzi [si nye ɣetrɔ ga etɔ̃ me lɔƒo] la, Yesu do ɣli kple gbe sesẽ be: ‘Eli, Eli, lama sabaxtani?’ si gɔmee nye: ‘Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ta nègblẽm ɖi?’” (Mar. 15:34) Ale si Yesu xɔ Fofoa si le dziƒo la dzi se me megbɔdzɔ o. Mawu gblẽ Yesu ɖe eƒe futɔwo si me eye meganɔ eta kpɔm o kple susu be woado Kristo la ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ bliboe. Esi Yesu do ɣli gblɔ nya mawo la, ena Psalmo 22:2 va eme.
w11 8/15 14 ¶13
Wokpɔ Mesia La!
13 David gblɔ ɖi be woaɖu fewu le Mesia la ŋu. (Mixlẽ Psalmo 22:8, 9.) Woɖu fewu le Yesu ŋu esi wònɔ veve sem le fuwɔametia ŋu, elabena Mateo ka nya ta be: “Eye ame siwo va nɔ eme tsom nɔ yiyim la te edzudzu, henɔ ta ʋuʋum nɔ gbɔgblɔm be: ‘Oo, wò ame si gblɔ be yeamu gbedoxɔ la aƒu anyi ahagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ me, ɖe ɖokuiwòe! Ne Mawu ƒe vie nènye la, ekema ɖi le fuwɔameti la ŋue!’” Nenema kee nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo kpakple amegãwo ɖu fewu le eŋu gblɔ be: “Eɖe ame bubuwo; mate ŋu aɖe eya ŋutɔ ɖokui o! Israel Fia wònyee; neɖi tso fuwɔametia ŋu azɔ, ekema míaxɔ edzi ase. Eɖo ŋu ɖe Mawu ŋu, ne eƒe nu nyoa eŋu la, ekema nexɔ nɛ azɔe, elabena egblɔ be, ‘Mawu ƒe Vie menye.’” (Mat. 27:39-43) Ke hã Yesu tsɔ nu siawo katã kpoo eye mebui be woklo bubu le ye ŋu o. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi wòɖo ɖi na mí!
w11 8/15 15 ¶14
Wokpɔ Mesia La!
14 Woadzidze nu ɖe Mesia la ƒe awuwo dzi. Hakpalaa ŋlɔ bena: “Woma nye avɔwo ɖe wo nɔewo dome, eye wodzidze nu ɖe nye awu dzi.” (Ps. 22:19) Nu sia tututue dzɔ, elabena “esi [Roma asrafowo he Yesu] ɖe ati ŋu la, wodzidze nu ɖe eƒe awudziwuiwo dzi, eye woma wo.”—Mat. 27:35; mixlẽ Yohanes 19:23, 24.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
w06 11/1 29 ¶7
Bubudede Míaƒe Ƒuƒoƒo Kɔkɔewo Ŋu
7 Míate ŋu ato nuwɔna ŋutɔŋutɔ aɖewo dzi ade bubu míaƒe ƒuƒoƒowo ŋu. Mɔ ɖekae nye be, míanɔ kpekpea me ahakpɔ gome le Fiaɖuƒehawo dzidzi me. Wotrɔ asi le ha siawo dometɔ geɖe ŋu wonye gbedodoɖawo, eye le esia ta, ele be míadzi wo atsɔ ade bubu Mawu ŋui. Apostolo Paulo yɔ Psalmo 22 lia me nyawo hezãe abe Yesu ƒe nyawo ene be: “Matsɔ wò ŋkɔ aɖe gbeƒã na nɔvinyewo, le hame la titina madzi ha akafu wò.” (Hebritɔwo 2:12) Eyata ele be míaɖoe wòanye míaƒe taɖodzinu be míanɔ míaƒe zikpuiwo dzi hafi kpekpea ƒe zimenɔla nayɔ ha si míatsɔ adze egɔmee, eye míadzi ha la ahatsɔ susu aɖo gɔmesese si le hagbeawo ŋu dzi. Mina míaƒe hadzidziwo naɖe seselelãme si nɔ hakpala la si afia, esi wòŋlɔ bena: “Makafu Yehowa tso dzi blibo me le dzime dzɔdzɔe tɔwo ƒe adaŋu me kple amehawo dome.” (Psalmo 111:1) Ẽ, kafukafuhawo dzidzi na Yehowa nye susu vevi aɖe si ta míadi be míaɖo kpekpeawo kaba ahanɔ anyi vaseɖe esime woakpã.
w03 9/1 20 ¶1
Kafu Yehowa “le Amehawo Dome”
Abe alesi wònɔ le ɣeyiɣi gbãtɔwo me ene la, egbea hã wowɔ ɖoɖo na haxɔsetɔwo be woaʋu woƒe xɔse me “le amehawo dome.” Mɔnukpɔkpɔ ɖeka si le ʋuʋu ɖi na amesiame enye biabia siwo wobiaa nyaselawo ŋu ɖoɖo le hamea ƒe kpekpewo me. Megabu viɖe si ate ŋu atso eme la nu tsɛe gbeɖe o. Le kpɔɖeŋu me, nyaŋuɖoɖo siwo fia alesi woate ŋu aɖu kuxiwo dzi doa ŋusẽ mía nɔviwo ƒe tameɖoɖo be woawɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi. Nyaŋuɖoɖo siwo ɖea mawunyakpukpui siwo woyɔ gake womeŋlɔ emenyawo o me alo esiwo ŋu ame ŋutɔ ƒe numekukuwo kpe ɖo la ate ŋu ade dzi ƒo na ame bubuwo be woamlã wo ɖokui ɖe nusɔsrɔ̃ nyuie ŋu.
NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI
w20.07 12-13 ¶14-17
Na Kakaɖedzi Nasu Asiwò Be Yele Nyateƒea Me
14 Biblia ƒe nyagblɔɖiwo nye Mawu ƒe Nyaa ƒe akpa vevi aɖe si doa ŋusẽ míaƒe xɔse geɖe. Biblia ƒe nyagblɔɖi kawoe do ŋusẽ wò xɔse? Ðewohĩ, àyɔ nyagblɔɖi aɖewo siwo ku ɖe “ŋkeke mamlɛawo” ŋu. (2 Tim. 3: 1-5; Mat. 24: 3, 7) Ke nyagblɔɖi bubu kawoe va eme xoxo alo le eme vam fifia, siwo ate ŋu ado ŋusẽ wò xɔse? Bu kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ. Àte ŋu aɖe ale si nyagblɔɖi siwo dze le Daniel ta 2 alo esiwo dze le Daniel ta 11 la ƒe akpa aɖewo va eme xoxo kple ale si woƒe akpa aɖewo le eme vam fifia la mea? Ne ètu wò xɔse ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi la, wò xɔsea ali ke sesĩe. Bu mía nɔvi siwo kpe fu vevie esi woti wo yome kutɔkutɔe le Germany le Xexemeʋa Evelia wɔɣi la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Togbɔ be womese Biblia ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu la gɔme bliboe o hã la, woxɔ Mawu ƒe Nya la dzi se bliboe.
15 Esime Nazitɔwo nɔ dzi ɖum le Germany la, wolé mía nɔvi geɖewo de fuwɔamegaxɔwo me. Hitler kple dziɖuɖumegã bubu aɖe si ŋkɔe nye Heinrich Himmler la lé fu Yehowa Ðasefowo vevie. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be, Himmler gblɔ na nɔvinyɔnu aɖewo le fuwɔamesaɖa aɖe me be: “Mia Mawu, Yehowa, ate ŋu aɖu dzi le dziƒo, gake le anyigba dzi afi sia ya, míawoe le dzi ɖum! Míele nu tu ge kpli mi ne míakpɔe ɖa be mía dometɔ kae agbea ati kɔ na hã!” Nu kae kpe ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu wonɔ te sesĩe?
16 Biblia Nusrɔ̃viawo nyae be Mawu Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme xoxo le ƒe 1914 me. Eya ta, mewɔ nuku na wo be wonɔ yewo yome tim kutɔkutɔe o. Ke hã, Yehowa ƒe amewo ka ɖe edzi bliboe be, amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu aɖeke mate ŋu axe mɔ na Mawu ƒe tameɖoɖo me vava o. Hitler mete ŋu ɖe subɔsubɔ vavãtɔ ɖa o, eye eƒe fiaɖuƒea mete ŋu ɖu Mawu Fiaɖuƒea dzi o. Mía nɔviawo ka ɖe edzi bliboe be aleke kee wòɖale o, Hitler ƒe dziɖuɖua nu ayi godoo.
17 Nenema tututue wòdzɔe hã. Eteƒe medidi o, Nazi dziɖuɖua mu, eye Heinrich Himmler, ame si ƒo adegbe be “le anyigba dzi afi sia ya, míawoe le dzi ɖum” la va de afɔ du me. Esi wònɔ sisim la, eva do go Nɔviŋutsu Lübke; eɖo ŋku edzi be eya hã nɔ gaxɔ me. Ŋu kpe Himmler le esi woƒe dziɖuɖua tɔ kpe ta, eye wòbia Nɔviŋutsu Lübke be: “Biblia Nusrɔ̃vi, ke nu kae gbɔna dzɔdzɔ ge fifia?” Nɔviŋutsu Lübke ɖe nu me nɛ be Yehowa Ðasefowo nya xoxoxo be Nazi dziɖuɖua nu gbɔna yiyi ge godoo eye yewoakpɔ ablɔɖe tso wo si me. Himmler, ame si gblɔ nyagãnyagãwo ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu va yi la ƒe mo koe tsi dãa. Esia megbe kpuie la, ewu eɖokui. Nufiame kae le ŋutinya sia me na mí? Eyae nye be, ne míesrɔ̃ Biblia veviedodotɔe, eye míedzro eƒe nyagblɔɖiwo me tsitotsito la, esia ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse eye ado ŋusẽ mí be míado dzi le yometiti me.—2 Pet. 1:19-21.
APRIL 1-7
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | PSALMOWO 23-25
“Yehowae Nye Kplɔlanye”
w11 5/1 31 ¶3
“Yehowa Enye Kplɔlanye”
Yehowa kplɔa eƒe alẽwo. Ne kplɔla mele alẽwo nu o la, wobuna. Nenema kee míawo hã míehiã na kpekpeɖeŋu be míato mɔ nyuitɔ dzi le agbe me. (Yeremiya 10:23) David gblɔ tso Yehowa ŋu be ekplɔa eƒe amewo yia “lãnyiƒe damawo,” eye wònana wotsyɔa akɔ ɖe “gbɔɖemeƒe tɔwo nu.” Ekplɔa wo toa “toƒe dzɔdzɔewo.” (Kpukpui 2, 3) Ale si hakpalaa ɖɔ nuwo nyuie alea la ka ɖe edzi na mí be míate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu. Ne míewɔ Mawu ƒe mɔfiame siwo le Biblia me dzi la, míate ŋu anɔ agbe si me dzidzɔ kple dzidzeme le, eye míanɔ dedie.
w11 5/1 31 ¶4
“Yehowa Enye Kplɔlanye”
Yehowa kpɔa eƒe alẽwo ta. Ne alẽkplɔla meli o la, alẽawo vɔ̃na, eye wometea ŋu kpɔa wo ɖokui ta o. Yehowa le egblɔm na eƒe amewo be ne wozɔ “bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me,” si fia ɣeyiɣi si me wòdze abe mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo le agbe me ene gɔ̃ hã la, mele be woavɔ̃ o. (Kpukpui 4) Yehowa ƒe ŋku nɔa wo ŋu, enɔa klalo ɣesiaɣi be yeakpe ɖe wo ŋu. Ate ŋu ana esubɔlawo nunya kple ŋusẽ si wohiã na bene woate ŋu anɔ te ɖe dodokpɔwo nu.—Filipitɔwo 4:13; Yakobo 1:2-5.
w11 5/1 31 ¶5
“Yehowa Enye Kplɔlanye”
Yehowa nyia eƒe alẽwo. Alẽwo ɖoa ŋu ɖe woƒe kplɔla ŋu be wòadi nuɖuɖu na yewo. Gbɔgbɔmenuwo hiã mí, eye le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me koe míate ŋu akpɔ hiahiã siawo gbɔ. (Mateo 5:3) Dzidzɔtɔe la, Yehowa nye Nunala dɔmenyotɔ si ɖoa kplɔ̃ gã na esubɔlawo. (Kpukpui 5) To Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo abe esi xlẽm nèle ene dzi la, míekena ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu si kpena ɖe mía ŋu míenyana taɖodzinu si le agbea ŋu kpakple Mawu ƒe tameɖoɖo na mí.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
w11 2/15 24 ¶1-3
Lɔ̃ Dzɔdzɔenyenye Kple Wò Dzi Blibo
YEHOWA toa eƒe Nya la kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi kplɔa eƒe amewo to “toƒe dzɔdzɔewo” alo “dzɔdzɔenyenye ƒe toƒewo, NW.” (Ps. 23:3) Ke hã, esi wònye be míede blibo o ta la, míetrana tso toƒe mawo dzi zi geɖe. Ne esia dzɔ la, ebiaa agbagbadzedze vevie be míagadze nu dzɔdzɔe wɔwɔ gɔme ake. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzedze le esia wɔwɔ me? Abe Yesu ene la, ele be míalɔ̃ nu si le dzɔdzɔe wɔwɔ.—Mixlẽ Psalmo 45:7.
2 Nu kae nye “dzɔdzɔenyenye ƒe toƒewo”? Toƒe nye afɔmɔ alo gbememɔ xaxɛ aɖe. Dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenu siwo Yehowa ɖo ye fiaa mɔ ame to “dzɔdzɔenyenye ƒe toƒewo.” Le Hebrigbe kple Helagbe me la, “dzɔdzɔenyenye” fia nu si le “eteƒe,” efia zɔzɔ ɖe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo dzi pɛpɛpɛ, eye le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, “toƒewo” fia agbenɔnɔ alo nuwɔna ɖe Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu. Esi wònye be Yehowa ye nye “dzɔdzɔenyenye nɔƒe” ta la, edzɔa dzi na esubɔlawo be wòafia agbe nyui nɔnɔ ƒe toƒe dzɔdzɔewo yewo.—Yer. 50:7.
3 Ʋiʋli vevie tso dzi blibo me be míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo dzi koe nye mɔ si dzi míato be míadze eŋu bliboe. (5 Mose 32:4) Nu siwo nana míetea ŋu wɔa esia ye nye be, gbã la, míesrɔ̃a nu geɖe tso Yehowa Mawu ŋu le eƒe Nya, Biblia la, me. Zi ale si míele nu srɔ̃m tso eŋui la, zi nenemae míetena ɖe eŋu geɖe wu gbe sia gbe, eye zi nenemae míava lɔ̃ eƒe dzɔdzɔenyenye. (Yak. 4:8) Ele hã be míalɔ̃ awɔ ɖe Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la ƒe mɔfiafia dzi ne eva hiã be míawɔ nyametsotso veviwo le agbe me.
APRIL 8-14
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | PSALMOWO 26-28
Nu Siwo Kpe Ðe David Ŋu Wòyi Edzi Wɔ Nuteƒe
w04 12/1 14 ¶8-9
Zɔ Le Fɔmaɖimaɖi Me
8 Dawid do gbe ɖa be: ‘Yehowa, dom kpɔ, eye nadzro menye kpɔ, lólo nye ayikuwo kple nye dzi!’ (Psalmo 26:2) Ayikuawo le keke ame ƒe dɔme ke. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, ayikuwo tsi tre ɖi na ame ƒe tamesusu kple seselelãme ememetɔwo. Eye ame ƒe kpɔɖeŋudzi lae nye amenyenye ememetɔ ŋutɔŋutɔ—si nye nusi ʋãnɛ, eƒe seselelãmewo, kple nuŋububu. Eyata esi Dawid bia Yehowa be wòadzro ye me akpɔ la, enɔ biabiam be wòadzro yeƒe tamesusu kple seselelãme ememetɔwo me tsitotsito akpɔ.
9 Dawid ɖe kuku be woalólo yeƒe ayikuwo kple yeƒe dzi. Aleke Yehowa lólona míaƒe amenyenye ememetɔ lae? Dawid dzi ha be: “Makafu Yehowa, amesi ɖoa aɖaŋu nam; le zã me hã nye ayikuwo xlɔ̃a num.” (Psalmo 16:7) Nukae esia fia? Efia be Mawu ƒe nuxlɔ̃ame ɖoa keke Dawid ƒe amenyenye ƒe gogloeaƒe ke henɔa afima, eye wòɖɔna eƒe tamesusu kple seselelãme ememetɔwo ɖo. Nenema kee wòanɔ na míawo hã ne míetsɔa ŋudzedzekpɔkpɔ dea ŋugble le aɖaŋuɖoɖo si míexɔna toa Mawu ƒe Nya, eteƒenɔlawo, kple eƒe habɔbɔa dzi ŋu eye míena wòxɔa anyinɔ ɖe keke mía me ke. Gbedodoɖa na Yehowa edziedzi be wòalólo alo akɔ mía ŋu le mɔ sia nu akpe ɖe mía ŋu be míazɔ le fɔmaɖimaɖi me.
w04 12/1 15 ¶12-13
Zɔ Le Fɔmaɖimaɖi Me
12 Esi Dawid nɔ susu hem yi nu bubu aɖe si hã do ŋusẽe wòzɔ fɔmaɖitɔe dzi la, egblɔ be: ‘Nyemebɔbɔ nɔ ame tovowo gbɔ o, eye nyemede afɔ gbedegblemimewo ƒe ha me o. Melé fu ame vlowo ƒe takpekpe, eye mía kple ame vɔ̃ɖiwo míebɔbɔ nɔa du o.’ (Psalmo 26:4, 5) Dawid menɔa anyi ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome o. Elé fu ame vlowo ƒe hadede.
13 Ke míawo ya ɖe? Ðe míegbea hadede kple ame tovowo to television dzi wɔnawo, videowo, sinimawo, Internet, alo mɔ bubuwo nu dzia? Ðe míeƒoa asa na amesiwo ɣlaa amesi ƒomevi wonye le ememe laa? Ame aɖewo atsɔ tameɖoɖo vɔ̃wo adze xɔlɔ̃ mí alakpatɔe le suku alo le dɔwɔƒe. Ðe míedi le nyateƒe me be mía kple amesiwo mezɔna le Mawu ƒe nyateƒea me o la dome manɔ kplikplikpli oa? Xɔsegbelawo ate ŋu aɣla woƒe dzimedidi be yewoahe mí ɖa tso Yehowa subɔsubɔ gbɔ, ahawɔ nu abe ame ɖɔʋuwo ene. Ke ne Kristo-hamea me tɔ aɖewo nɔa agbe eve ya ɖe? Woawo hã ɣla amesi wonye ŋutɔŋutɔ la. Xɔlɔ̃ ma tɔgbewo nɔ Jayson, amesi nye subɔsubɔdɔwɔla fifia, si esime wònye sɔhɛ. Egblɔ le wo ŋu be: “Gbeɖeka wo dometɔ ɖeka gblɔ nam be: ‘Nusianu si míawɔ fifia mele vevie o elabena ne nuɖoanyi yeyea va la, ɖeko míaku. Míanya gɔ̃ hã be naneke to mía ŋu o.’ Eƒe nya mawo na menyɔ le ɖokuinye me. Nyemedi be matsrɔ̃ ne nuɖoanyi yeyea va o.” Nunyatɔe la, Jayson dzudzɔ hadede kple xɔlɔ̃ mawo tɔgbe. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.” (Korintotɔwo I, 15:33) Aleke gbegbe wòle vevie be míaƒo asa na hadede vɔ̃wo enye esi!
w04 12/1 16 ¶17-18
Zɔ Le Fɔmaɖimaɖi Me
17 Avɔgbadɔa kple eƒe vɔsamlekpuia, nye Yehowa ƒe tadedeagunɔƒe le Israel. Esi Dawid nɔ alesi teƒe ma doa dzidzɔ nɛ ɖem gblɔ la, edo gbe ɖa be: ‘Yehowa, melɔ̃ wò aƒe nɔƒe kple teƒe, si wò bubu le.’—Psalmo 26:8.
18 Ðe míelɔ̃a ƒuƒoƒo ɖe teƒe siwo míesrɔ̃a nu tso Yehowa ŋu lea? Fiaɖuƒe Akpata ɖesiaɖe, kple gbɔgbɔmenufiame ƒe ɖoɖo siwo yia edzi le eme ɣesiaɣi la, nye tadedeagu vavãtɔ wɔƒe le nuto si me wòle la me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míewɔa takpekpe gãwo, nutome sue takpekpewo, kple ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛwo. Wodzroa Yehowa ƒe ‘ŋkuɖodzinyawo’ me le kpekpe mawo me. Ne míesrɔ̃ alesi ‘míalɔ̃ wo vevie ŋutɔ’ la, míadi tso dzime be míayi kpekpeawo eye míaɖo to nyuie ne míeyi. (Psalmo 119:167) Aleke gbegbe wònaa ame ƒe dzi dzea emee nye esi be míanɔ haxɔsetɔ siwo tsɔa ɖe le míaƒe nyonyo me eye wokpena ɖe mía ŋu be míazɔ le fɔmaɖimaɖi me la dome!—Hebritɔwo 10:24, 25.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
w06 7/15 28 ¶15
Yehowa Ðea Amesi Le Fu Kpem
15 Hakpala la dzi ha be: “Ne fofonye kple danye woagblẽm ɖi la, Yehowa ya axɔm.” (Psalmo 27:10, NW) Aleke gbegbee enyanya be Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ƒo dzila ɖesiaɖe tɔ ta la faa akɔ na míi enye si! Togbɔ be dziwòla aɖe ƒe nugbegbeleamegbɔ, ŋlɔmiwɔwɔleameŋu, alo amegbegblẽɖi aɖe fu na wò vevie hã la, manyɔ fu aɖeke le alesi gbegbe Yehowa tsɔa ɖe le eme na wòe la ŋu o. (Romatɔwo 8:38, 39) Ðo ŋku edzi be amesiwo Mawu lɔ̃ lae wòhena ɖe eɖokui ŋu. (Yohanes 3:16; 6:44) Aleke kee amegbetɔwo ɖawɔ nu ɖe ŋuwòe o, Fofowò si le dziƒo ya lɔ̃ wò!
APRIL 15-21
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | PSALMOWO 29-31
Tohehe Nye Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ɖeɖefia
it-1 802 ¶3
Ŋkume
Gɔmesese vovovowoe le nyagbe ‘ɣla ŋkume ɖe’ ŋu, eye enɔa te ɖe nɔnɔme si me wole ezãm lea dzi. Zi geɖe ne Biblia gblɔ be Yehowa Mawu ɣla eƒe ŋkume ɖe ame aɖea, efia be megakpɔ ŋudzedze ɖe amea ŋu o alo eɖe eƒe ŋusẽ ɖa le amea dzi. Ewɔa esia nenye be ame alo amewo ƒe ƒuƒoƒo, le kpɔɖeŋu me Israel dukɔa, gbe toɖoɖoe. (Hio 34:29; Ps 30:5-8; Yes 54:8; 59:2) Le go aɖewo mea, ate ŋu afia ale si Yehowa maɖe eɖokui afia alo atɔ na ame aɖe o, le esi wòdi be yeawɔe le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi ta. (Ps 13:1-3) Esi David do gbe ɖa be, “Ɣla wò mo ɖe nye nu vɔ̃wo” la, enɔ kuku ɖem na Mawu be wòatsɔ yeƒe nu vɔ̃wo ake ye alo aɖe susu ɖa le wo ŋu.—Ps 51:9, etenuŋɔŋlɔ; tsɔe sɔ kple Ps 10:11.
w07 3/1 19 ¶1
Yehowa Sinu Kpɔkpɔ Dzidzɔtɔe
Míate ŋu atsɔ ale si Yehowa ƒe tohehe ɖea vi na míi la asɔ kple ale si atikutsetse gbogbo wɔna ɖina nyuie. Biblia gblɔ le tohehe si Mawu nana ame la ŋu be: “Etsɔa dzɔdzɔenyenye ƒe ŋutifafakutsetse na amesiwo wòmã la.” (Hebritɔwo 12:11) Abe ale si ko atikutsetse xɔa ɣeyiɣi hafi ɖina ene la, nenema kee míawo hã míehiã ɣeyiɣi bena míawɔ tɔtrɔ le míaƒe agbenɔnɔ me wòasɔ ɖe hehe si nam Mawu le mí la nu. Le kpɔɖeŋu me, ne vodada aɖe ɖi ɖe mí eye wòhiã be woaxɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖewo le mía si le hamea me la, lɔlɔ̃ faa be míakpɔ Mawu sinu awɔe be dzi maɖe le mía ƒo míabu mɔkpɔkpɔ o. Le nɔnɔme mawo tɔgbi me la, nya siwo gbɔgbɔ ʋã Dawid wòŋlɔ la dea dzi ƒo na ame ŋutɔ. Eŋlɔ bena: “[Mawu ƒe] dziku nu mesena yina o, ke eƒe amenuveve nɔa anyi agbenɔɣi katã; fiẽ la avi dzɔna, ke ŋdi la aseyetsotso vaa aƒe.” (Psalmo 30:6) Ne míetu ale si woalala eyamae ƒe nɔnɔme ɖo eye míewɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo míexɔna tsoa Mawu ƒe Nyaa me kple esiwo míexɔna tsoa eƒe habɔbɔa gbɔ dzi la, míawo hã míaƒe ‘aseyetsoɣi’ ava godoo.
w21.10 6 ¶18
Nu Kae Dzimetɔtrɔ Ŋutɔŋutɔ Fia?
18 Be ame si woɖe le hamea me naɖee afia be yetrɔ dzi me ŋutɔŋutɔa, ele be wòanɔ kpekpeawo dem edziedzi, eye wòawɔ ɖe aɖaŋu si hamemetsitsiawo ɖo nɛ be wòanɔ gbe dom ɖa, anɔ nu srɔ̃m la dzi. Azɔ hã, ele be wòadze agbagba vevie aƒo asa na nu si kplɔe de nu vɔ̃ ma me, eye wòadze agbagba adzra eya kple Yehowa dome ɖo. Ne ewɔe alea, ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa tsɔe ke ye eye hamemetsitsiwo hã atrɔ axɔe ɖe hamea me. Ke hã, esi ame sia ame ƒe nyaa ate ŋu ato vovo taa, ne hamemetsitsiwo le nu vɔ̃ wɔla aɖe ƒe nyaa gbɔ kpɔm la, ele be woada nyaa akpɔ nyuie hafi atso nya me, eye mele be woana woƒe nya me nasẽ o.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
w06 5/15 19 ¶15
Nya Vevi Siwo Tso Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Gbãtɔ Me
31:23—Aleke woɖoa eteƒe na dadala wòsɔa gbɔe? Teƒeɖoɖo si wowɔnɛ le afisia fia tohehe. Teƒeɖoɖo si ame dzɔdzɔe si mebua hafi wɔ vodada o xɔnae nye be Yehowa kaa mo nɛ tsɔ ɖɔnɛ ɖo. Esi wònye dadala metrɔna tsoa eƒe mɔ vɔ̃wo dzi o ta la, wohea to nɛ vevie tsɔ ɖoa eteƒe nɛ wòsɔa gbɔ.—Lododowo 11:31; Petro I, 4:18.
APRIL 22-28
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | PSALMOWO 32-33
Nu Ka Tae Mele Be Míaɣla Nu Vɔ̃ Gã Aɖe Si Míewɔ O?
w93 3/15 9 ¶7
Yehowa Ƒe Nublanuikpɔkpɔ Ðea Mí Tso Mɔkpɔkpɔbuɖeame Me
7 Ne míeda le Mawu ƒe se dzi veviea, ate ŋu asesẽ na mí be míaʋu míaƒe nu vɔ̃wo me na Yehowa gɔ̃ hã. Nu kae ate ŋu adzɔ le nɔnɔme mawo tɔgbi me? David lɔ̃ ɖe edzi le Psalmo 32 lia me be: “Esi mezi ɖoɖoe la, nye ŋeŋe atraɖii ŋkeke bliboa na nye ƒuwo nyunyɔ. Elabena wò asi sẽ ɖe dzinye zã kple keli. Ŋusẽ vɔ le menye keŋ abe ale si dzomeŋɔli ƒe dzoxɔxɔ gbãgbãgbã noa tsii ene.” (Kpukpui 3, 4) Agbagba si David dze be yeatsɔ yeƒe nu vɔ̃ aɣla eye yeaɖo asi yeƒe dzitsinya si le fɔ bum ye dzia na ɖeɖi te eyama si tra mɔa ŋu. Nuxaxa na eƒe ŋusẽ dzi ɖe kpɔtɔ ale gbegbe be eva nɔ abe ati si le kuɖiɖinyigba dzi eye mele tsi si ana wòanɔ agbe kpɔm o la ene. Le nyateƒe mea, anya gblẽ nu le eŋu le susu kple ŋutilã me. Eɖanye aleke kee nɔnɔmea nɔ o, meganɔ dzidzɔ kpɔm o. Ne mía dometɔ aɖe va ge ɖe nɔnɔme ma tɔgbi mea, nu kae míawɔ?
cl 262 ¶8
Mawu si ‘Lɔ̃a Tsɔtsɔke’
8 Fia Dawid si trɔ dzime la gblɔ be: ‘Meɖe nye nuvɔ̃wo fia wò, eye nyemetsɔ nu tsyɔ nye vodadawo dzi o; tete nètsɔ nye nuvɔ̃ ƒe vodadawo kem.’ (Psalmo 32:5) Nya si gɔme woɖe be ‘tsɔ ke’ la nye Hebrigbe me nya si gɔme koŋue nye “kɔ nu ɖe dzi,” alo “kɔ agba.” Alesi wozãe le afisia la fia be woaɖe “fɔɖiɖi, nuvɔ̃, kple vodada” ɖa. Eyata ɖeko wòsɔ kple alesi Yehowa nakɔ Dawid ƒe nuvɔ̃wo eye wòaɖe wo ɖa. Ðikeke mele eme o be esia ɖe fɔɖiɖi ƒe seselelãme si nɔ Dawid me la dzi kpɔtɔ. (Psalmo 32:3) Míawo hã míate ŋu aka ɖe Mawu, amesi tsɔa amesiwo biaa woƒe nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke to Yesu ƒe tafevɔsa dzixɔxɔse dzi kea wo la, dzi bliboe.—Mateo 20:28.
w01 6/1 30 ¶1
Nuvɔ̃meʋuʋu si Naa Wokpɔa Hayahaya
Esi Dawid ʋu nuvɔ̃ me vɔ megbe la, meva se le eɖokui me be viɖe aɖeke megale ye ŋu o. Nya siwo wòzã le ha siwo wokpa ku ɖe nuvɔ̃meʋuʋu ŋu ɖe gbɔdzɔe si wòkpɔ kple alesi wòɖoe kplikpaa be yeasubɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe la fia. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ Psalmo 32 lia ɖa. Míexlẽ le kpukpui 1 me be: “Woayra amesi wotsɔ eƒe dzidadawo kee, amesi ƒe nuvɔ̃wo dzi wotsyɔ nui.” Aleke kee nuvɔ̃a loloe o, ame ate ŋu ava kpɔ dzidzɔ ne etrɔ dzi me vavã. Mɔ siwo dzi woato aɖee afia be wotrɔ dzi me vavã dometɔ ɖekae nye be ame nalɔ̃ ɖe nuvɔ̃ si wòwɔ la dzi, abe alesi Dawid wɔe ene. (Samuel II, 12:13) Medze agbagba be yeaɖe ye ɖokui nu le Yehowa ŋku me alo te kpɔ be yeada fɔbubua ɖe ame bubu dzi o. Kpukpui 5 lia gblɔ be: “Meɖe nye nuvɔ̃wo fia wò, eye nyemetsɔ nu tsyɔ nye vodadawo dzi o; megblɔ be, maʋu nye dzidadawo me na Yehowa; tete nètsɔ nye nuvɔ̃ ƒe vodadawo kem.” Nuvɔ̃meʋuʋu vavã hea gbɔdzɔe vɛ, ale be megahiã be ame ƒe dzitsinya naɖe fu nɛ le nuvɔ̃ siwo wòwɔ va yi ta o.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
w06 5/15 20 ¶1
Nya Vevi Siwo Tso Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Gbãtɔ Me
33:6—Nukae nye Yehowa ƒe nu me “gbɔgbɔ” la? Gbɔgbɔ siae nye Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ, alo gbɔgbɔ kɔkɔe, si wòzã le dziƒonu siwo míekpɔna la wɔwɔ me. (Mose I, 1:1, 2) Woyɔe be eƒe nu me gbɔgbɔ elabena ate ŋu azã ŋusẽ sia atsɔ aɖe gbe be nane nadzɔ le didiƒe ʋĩ ke.
APRIL 29–MAY 5
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | PSALMOWO 34-35
‘Kafu Yehowa Ɣeawokatãɣi’
w07 3/1 22 ¶11
Mina Míaƒo Kpli Ado Yehowa Ƒe Ŋkɔ Ðe Dzi
11 “Makafu Yehowa ɣeawokatãɣi, eye eƒe kafukafu anɔ nunye me ɖaa.” (Psalmo 34:2) Esi wònye be ɖe wonya Dawid de gbe ta la, ŋutilãmenu geɖe anya hiãe vevie, gake abe ale si nya siawo ɖee fiae ene la, meɖe mɔ be eƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo gbɔdzɔ eƒe tameɖoɖo kplikpaa be yeakafu Yehowa la me o. Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi wònye na mí ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom! Míeɖale suku, dɔme, nɔvi Kristotɔwo dome loo, alo le dutoƒosubɔsubɔdɔa me o, ele be míaƒe didi vevitɔ kekeake nanye be míakafu Yehowa. Wò ya bu susu vovovo siwo ta wòle be míawɔ nenema ŋu kpɔ! Le kpɔɖeŋu me, seɖoƒe meli na nu siwo ado dzidzɔ na mí, siwo ŋu míate ŋu ake ɖo le Yehowa ƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo me o. Eye bu nu siwo wòwɔ to eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la dzi ŋu kpɔ! Togbɔ be eme tɔwo mede blibo o hã la, Yehowa zãa amegbetɔ wɔnuteƒewo egbea le mɔ wɔnuku aɖe nu. Ne míetsɔ nu siwo amegbetɔ siwo xexea dea ta agu na la te ŋu wɔ sɔ kple Mawu ƒe dɔwɔwɔwo la, alekee wole? Ekema ɖe mèlɔ̃ ɖe nya siawo si Dawid gblɔ be, “Ame aɖeke mede nuwò le mawuwo dome o, eye naneke mede wò dɔwɔwɔwo nu o” la dzi oa?—Psalmo 86:8.
w07 3/1 22 ¶13
Mina Míaƒo Kpli Ado Yehowa Ƒe Ŋkɔ Ðe Dzi
13 “Nye luʋɔ atsɔ Yehowa aƒo adegbee, hiãtɔwo asee, eye woakpɔ dzidzɔ.” (Psalm 34:3) Le afi sia la, Dawid meƒo adegbe le nu si eya ŋutɔ te ŋu wɔ ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, medo eɖokui ɖe dzi le ale si wòwɔ te ŋu flu Gat fia la ŋu o. Ke boŋ ekpɔe dze sii be Yehowae kpɔ ye ta esime yenɔ Gat, eye Yehowa ƒe kpekpeɖeŋue na yete ŋu do le eme. (Lododowo 21:1) Eya tae Dawid ƒo adegbe le Yehowa me ɖo, ke menye le eɖokui me o. Esi Dawid do Yehowa ɖe dzi ta la, esia he ame tsɛwo va Yehowa gbɔ. Nenema kee Yesu hã do Yehowa ɖe dzi, si wɔe be ɖokuibɔbɔla siwo lɔ̃na be woafia nu yewo la te ŋu te ɖe Yehowa ŋu. Egbea hã, ɖokuibɔbɔla siwo tso dukɔ vovovo me la va wɔ ɖeka kple Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame, si Yesu nye Ta na, la. (Kolosetɔwo 1:18) Ne ame siawo see Mawu ƒe subɔla ɖokuibɔbɔlawo le eƒe ŋkɔa kafum, eye ne wose Biblia me gbedeasi si gɔme wosena to Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu me la, ewɔa dɔ ɖe wo dzi vevie.—Yohanes 6:44; Dɔwɔwɔwo 16:14.
w07 3/1 23 ¶15
Mina Míaƒo Kpli Ado Yehowa Ƒe Ŋkɔ Ðe Dzi
15 “Medi Yehowa, etɔ nam, eye wòɖem tso nye ŋɔdziwo katã me.” (Psalm 34:5) Esi wònye be nu siwo me Dawid to la nɔ vevie nɛ ŋutɔ ta la, eyi edzi gblɔ be: “Esi hiãtɔ sia yɔe la, Yehowa ɖo toe, eye wòɖee tso eƒe hiãwo katã me.” (Psalmo 34:7) Ne míebɔ ha kple mía nɔvi haxɔsetɔwo la, mɔnukpɔkpɔ geɖe sua mía si be míagblɔ nu siwo me míeto kple ale si Yehowa kpe ɖe mía ŋu míedo dzi le nɔnɔme sesẽwo me la na wo. Esia doa ŋusẽ mía nɔviwo ƒe xɔse, abe ale si ko Dawid ƒe nyawo do ŋusẽ ame siwo nɔ eŋu la ƒe xɔsee ene. Le Dawid gome la, ame siwo nɔ eŋu la nye “amesiwo tsɔ ŋku ɖo [Yehowa ŋu,] eye dzidzɔ ɖo mo na wo, eye woƒe mo metsi dã o.” (Psalmo 34:6) Togbɔ be wonɔ sisim le Fia Saul nu hã la, ŋu mekpe wo o. Woka ɖe edzi be Mawu le megbe na Dawid, eye dzidzɔ yɔ mo na wo. Nenema kee ɖetsɔlemetɔ yeyewo kple ame siwo nye Kristotɔ vavãwo ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la siaa kpɔa Yehowa sinu hena kpekpeɖeŋu. Esi wokpɔe be Yehowa kpena ɖe yewo ŋu ta la, woƒe mo yɔ fũu kple dzidzɔ, si ɖe ale si gbegbe woɖoe kplikpaa be yewoayi edzi alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la fia.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
w06 5/15 20 ¶2
Nya Vevi Siwo Tso Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Gbãtɔ Me
35:19—Gbe si Dawid do ɖa be woagana amesiwo lé fu ye la nate ŋku ɖe ye o gɔme ɖe? Dawid ƒe futɔwo ƒe ŋku tete ɖe eyama fia woƒe dzidzɔ kpɔkpɔ ɖe vɔ̃ siwo wote ŋu wɔe la ŋu. Dawid do gbe ɖa be esia negadzɔ o.