NUSƆSRƆ̃ 13
Ale Si Alakpasubɔsubɔhawo Ƒo Ði Mawu Ƒe Ŋkɔe
Ne Mawu nye lɔlɔ̃ la, ke nu ka tae subɔsubɔha siwo gblɔna be eteƒenɔlawoe yewonye la wɔ nu vlo geɖe nenema gbegbe ɖo? Kpuie ko la, subɔsubɔha mawo nye alakpasubɔsubɔhawo; nya siwo wogblɔna kple nu siwo wowɔna la ƒoa ɖi Mawu ƒe ŋkɔ. Mɔ kawo nue wowɔ esia le? Aleke Mawu sena le eɖokui me tso esia ŋu? Eye nu kae wòava wɔ tso eŋu?
1. Aleke alakpasubɔsubɔhawo toa woƒe nufiafiawo dzi ƒoa ɖi Mawu ƒe ŋkɔ?
Alakpasubɔsubɔhawo tsɔ “Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔli aʋatso.” (Romatɔwo 1:25) Le kpɔɖeŋu me, subɔsubɔha akpa gãtɔ mefia Mawu ƒe ŋkɔ woƒe hameviwo o. Ke hã, Biblia gblɔ be ele be míazã Mawu ƒe ŋkɔa. (Romatɔwo 10:13, 14) Ne nya vɔ̃ aɖe dzɔ la, subɔsubɔhakplɔla aɖewo gblɔna be, Mawu ƒe lɔlɔ̃nue. Gake aʋatsoe nya ma nye. Mawu mewɔa nu vɔ̃ɖi gbeɖe o. (Xlẽ Yakobo 1:13.) Nublanuitɔe la, subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafiawo na wòsesẽ na amewo be woalɔ̃ Mawu.
2. Aleke alakpasubɔsubɔhawo toa woƒe nuwɔnawo dzi ƒoa ɖi Mawu ƒe ŋkɔ?
Alakpasubɔsubɔhawo mewɔa nu ɖe amewo ŋu abe ale si Yehowa wɔa nu ɖe amewo ŋu ene o. Biblia gblɔ be alakpasubɔsubɔhawo ƒe “nu vɔ̃wo li kɔ yi ɖatɔ keke dziƒo ke.” (Nyaɖeɖefia 18:5) Ƒe alafa geɖewoe nye esia la, subɔsubɔhawo de nu dunyahehe me, wokpe asi ɖe aʋawɔwɔwo ŋu, eye woƒe nuwɔnawo na ame gbogbo manyaxlẽwo ku. Subɔsubɔhakplɔla aɖewo dzɔa ga le woƒe hameviwo si tsɔ ɖua agbe, alo zua kesinɔtɔwo. Woƒe nuwɔna mawo ɖenɛ fiana be womedze si Mawu o, eye womedze anye eteƒenɔlawo o.—Xlẽ 1 Yohanes 4:8.
3. Aleke Mawu sena le eɖokui me tso alakpasubɔsubɔhawo ŋu?
Ne nu siwo alakpasubɔsubɔhawo wɔna la kua dzi na wò la, ke aleke nèsusu be Yehowa hã sena le eɖokui me? Yehowa lɔ̃ amewo, gake subɔsubɔhakplɔla siwo doa vlo eƒe ŋkɔ eye womewɔa nu ɖe woƒe hameviwo ŋu nyuie o la ƒe nu doa dziku nɛ. Egblɔe ɖi be yeava tsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo eye ‘womagakpɔ wo gbeɖegbeɖe o.’ (Nyaɖeɖefia 18:21) Eya ta, eteƒe madidi o, Mawu aɖe alakpasubɔsubɔhawo katã ɖa.—Nyaɖeɖefia 18:8.
SRƆ̃ NU BUBUWO
Míagasrɔ̃ nu geɖe ku ɖe ale si Mawu sena le eɖokui me tso alakpasubɔsubɔhawo ŋu la ŋuti. Àkpɔ nu gbegblẽ vovovo siwo alakpasubɔsubɔhawo wɔ. Azɔ hã, àkpɔ nu si tae mele be woƒe nuwɔna mawo nana nàdzudzɔ nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu o.
4. Menye subɔsubɔhawo katãe dzea Mawu ŋu o
Ame geɖe xɔe se be subɔsubɔhawo katã le abe mɔ vovovo siwo kplɔa ame yia Mawu gbɔ ene. Gake ɖe esia nye nyateƒea? Mixlẽ Mateo 7:13, 14, eye miadzro biabia sia me:
Nya kae Biblia gblɔ tso mɔ si kplɔa ame yia agbe me la ŋu?
Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro biabia si gbɔna me.
Ðe Biblia gblɔ be subɔsubɔha geɖe dzea Mawu ŋua?
5. Alakpasubɔsubɔhawo ƒe nuwɔnawo meɖea Mawu ƒe lɔlɔ̃ fiana o
Subɔsubɔhawo ƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔ le mɔ geɖe nu. Mɔ dziŋɔ siwo nu wowɔ esia le dometɔ ɖekae nye ale si wokpe asi ɖe aʋawɔwɔwo ŋu. Mikpɔ VIDEOA be miakpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe. Eyome midzro nyabiase siwo gbɔna me.
Nu kae subɔsubɔha geɖewo wɔ esime Xexemeʋa Evelia nɔ edzi yim?
Aleke nèse le ɖokuiwò me tso nu siwo wowɔ la ŋu?
Mixlẽ Yohanes 13:34, 35 kple 17:16. Eyome miadzro nyabiase siawo me:
Aleke nèsusu be Yehowa sena le eɖokui me ne subɔsubɔhawo kpe asi ɖe aʋawɔwɔ ŋu?
Alakpasubɔsubɔhawo wɔ nu vlo geɖewo. Mɔ kawo nue nèkpɔ be subɔsubɔhawo meɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ fia le o?
Alakpasubɔsubɔhawo ƒe nuwɔnawo meɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ fia o
6. Mawu di be yeakpe ɖe amewo ŋu woado le alakpasubɔsubɔhawo me
Mixlẽ Nyaɖeɖefia 18:4,a eye miadzro biabia sia me:
Esi nèva nya be Mawu di be yeaɖe ame siwo alakpasubɔsubɔhawo kplɔ trae la, aleke nèse le ɖokuiwò me?
7. Yi edzi nànɔ nu srɔ̃m tso Mawu vavã la ŋu
Ðe wòle be alakpasubɔsubɔhawo ƒe nuwɔnawo nakpɔ ŋusẽ ɖe ale si nèbua Mawui dzia? Tsɔe be viŋutsu aɖe gbe be yemase ye fofo ƒe gbe o. Mlɔeba eʋu le aƒea me eye wòva le agbe baɖa nɔm. Fofoa meda asi ɖe agbe si nɔm wòle dzi o. Nu ka tae masɔ be woabu fɔ vifofoa ɖe agbe si nɔm via si dze aglã le la ta o?
Ðe wòasɔ be nàbu fɔ Yehowa ɖe alakpasubɔsubɔhawo ƒe nuwɔnawo ta eye nàdzudzɔ nusɔsrɔ̃ tso eŋua?
AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Nyemedi be mase mawunya aɖeke o, elabena subɔsubɔhawo katã nye alakpanuwɔlawo.”
Ðe wò hã èsena le ɖokuiwò me nenema?
Nu ka tae mele be alakpasubɔsubɔhawo ƒe nuwɔnawo nakpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebua Yehowae dzi o?
NU SIWO MÍESRƆ̃
Alakpasubɔsubɔhawo to woƒe aʋatsonufiafiawo kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo dzi ƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔ. Mawu atsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo.
Numetoto
Aleke nèse le ɖokuiwò me tso nu siwo alakpasubɔsubɔhawo fia amewo kple nu siwo wowɔ ŋu?
Aleke Yehowa sena le eɖokui me tso alakpasubɔsubɔhawo ŋu?
Nu kae Mawu ava wɔ alakpasubɔsubɔhawo?
KU NU ME TSO NYATIA ŊU
Xlẽ nu tso nu eve aɖewo siwo tae subɔsubɔha akpa gãtɔ ƒe nu medzea Mawu ŋu o la ŋu.
“Ðe Subɔsubɔhawo Katã Sɔa? Ðe Wo Katã Kplɔa Ame Yia Mawu Gbɔa?” (Nyati sia le jw.org)
Nu ka tae Yehowa di be míawɔ ɖeka kple haxɔsetɔwo asubɔ ye?
“Ðe Wòhiã Kokoko Be Ame Nanɔ Subɔsubɔha Aɖe Mea?” (Nyati sia le jw.org)
Nanewo ɖe fu na nunɔla aɖe le subɔsubɔha si me wònɔ me. Gake esia mexe mɔ nɛ be wòagasrɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu o.
“Nu Si Ta Fada Aɖe Do Le Eƒe Tsɔtsi Me” (Nyɔ!, February 2015)
Ƒe alafa geɖewoe nye esia la, subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafiawo na ame geɖe xɔe se be Mawu metsɔa ɖeke le eme na mí o eye eƒe tame sẽ. Kpɔ nya si Biblia gblɔ tso alakpanya mawo dometɔ etɔ̃ ŋu ɖa.
“Alakpanya Siwo Na Ame Aɖewo Melɔ̃ Mawu O” (Gbetakpɔxɔ, November 1, 2013)
a Ne èdi be yeanya nu si tae Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa tsɔ alakpasubɔsubɔhawo sɔ kple nyɔnu aɖe si wona ŋkɔe be Babilon Gã la, kpɔ Dzesidenya 1.