Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Ðe fu nɔ Maria si va zu Yesu dada ƒo hafi wòyi ɖasrã eƒe ƒometɔ Elisabet kpɔa?
Ẽ, míate ŋu aka ɖe edzi be fu nɔ eƒo.
Le Luka ta 1 me la, míexlẽ nu tso nunɔla Zaxarya srɔ̃ Elisabet, amesi dzi Yohanes (Amenyrɔ̃ɖetsimela) ƒe fufɔfɔ ŋuti gbã. Esime Elisabet nɔ eƒe ‘ɣleti adelia me la, mawudɔla Gabriel’ va Maria gbɔ gblɔ nɛ be ele fu fɔ ge eye wòadzi “dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi.” (Luka 1:26, 30-33) Gake ɣekaɣie Maria fɔ fu?
Luka ƒe nuŋlɔɖia yi edzi gblɔ be le emegbe teti la, Maria yi eƒe ƒometɔ Elisabet si fɔ fu la gbɔ le Yudea. Esi nyɔnu eveawo do go ko la, vidzĩa (Yohanes) ho le dɔme na Elisabet. Elisabet ƒo nu tso ‘Maria ƒe dɔmevi’ ŋu eye wòyɔ Maria be “nye Aƒetɔ la dada” (Luka 1:39-44) Nyataƒoƒo si sɔ enye be fu nɔ Maria ƒo esime wòyi Elisabet srã ge kpɔ.
Luka 1:56 xlẽ be: “Eye Maria nɔ egbɔ anɔ ɣleti etɔ̃; eye wògbugbɔ yi ye ŋutɔ ƒe me.” Kpukpui sia metɔ asi ɣletiŋkeke aɖe koŋ dzi o. Egblɔ be “anɔ ɣleti etɔ̃” si fia be Elisabet nɔ eƒe fufɔfɔ ƒe ɣleti asieke lia me.
Esime Maria kpe ɖe Elisabet ŋu le eƒe fufɔfɔ ƒe ɣeyiɣi mamleawo me la etrɔ yi aƒe le Nazaret. Anɔ eme be Maria nya be ne Elisabet dzi (Yohanes) ko la, ame geɖe, siwo dome ƒometɔwo gɔ̃ hã anɔ la, ava srãe kpɔ. Nusia ana ŋu nakpe ɖetugbi maɖesrɔ̃ si fɔ fu la alo ana wòatɔtɔ. Ɣeyiɣi didi kae Maria ƒe fufɔfɔ la xɔ esi wògbɔ va Nazaret? Esi Maria nɔ Elisabet gbɔ “anɔ ɣleti etɔ̃” ta la, anye eƒe fufɔfɔ ƒe ɣleti etɔ̃lia ƒe nuwuwu lɔƒo alo ɣleti enelia ƒe gɔmedzedzee wòtrɔ yi Nazaret.