Mifia Mia Viwo Be Woade Bubu Amewo Ŋu
GERMANYGBE me lododo aɖe gblɔ be: “Ne ame aɖe ɖe eƒe kuku lé ɖe asi la, ate ŋu atsa le dukɔa katã me.” Le dekɔnu geɖe me la, ne ŋutsu aɖe ɖe eƒe kuku le ta esime wòle gegem ɖe aƒe aɖe me alo esi wòle gbe dom na ame aɖe la, wobunɛ be enye bubudede ame ŋu ƒe dzesi si naa amewo dea bubu eya hã ŋu. Eya ta lododoa nyawo fia be, enɔa bɔbɔe na amewo be woanyo dɔme eye woatsɔ ɖe le eme na ame siwo dea bubu amewo ŋu.
Aleke wòdoa dzidzɔ na ame ye nye esi ne ɖeviwo nye amebulawo! Nutome sue dzikpɔla aɖe si le Honduras, si wɔa dɔ kple gbeƒãɖela siwo xɔ ƒe vovovowo le tso aƒe me yi aƒe me dɔa me la gblɔ be, “Mekpɔe zi geɖe be ɖevi si wona hehe nyuie eye wòbua ame la ƒe nuwɔna wɔa dɔ ɖe aƒemenɔlaa dzi geɖe wu nye nyawo.”
Ɣeyiɣi sia si me amemabumabu va bɔ me la, ne ame aɖe nya ale si wòawɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu le mɔ si sɔ nu la, eɖea vi ŋutɔ. Gawu la, Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí be, “minɔ agbe ale si dze Kristo la ƒe nya nyui la.” (Flp. 1:27; 2 Tim. 3:1-5) Ele vevie be míafia mía viwo be woade bubu amewo ŋu. Aleke míate ŋu afia wo be woade bubu amewo ŋu tso dzi me eye wòaganye gotagomenuwɔna dzro ko o?a
Mifia Amebubu Wo To Miaƒe Kpɔɖeŋu Dzi
Ðeviwo dina be yewoasrɔ̃ amewo ƒe nuwɔna. Eya ta mɔ vevi aɖe si dzi dzilawo ate ŋu ato aƒã amebubu ɖe wo viwo mee nye be woawo ŋutɔwo nanɔ bubu dem amewo ŋu. (5 Mose 6:6, 7) Nuƒoƒo tso amebubu ŋu na ɖeviwo le vevie, gake ema ɖeɖe mesu o. Tsɔ kpe ɖe ŋkuɖodzinyawo ŋu la, miaƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo le vevie ŋutɔ.
Bu Paula,b si wohe le Kristotɔwo ƒe ƒome aɖe si nye dzilaɖekɛƒome me, ŋu kpɔ. Bubudede ame sia ame ŋu va zu numame nɛ. Nu ka tae? Egblɔ be, “Dada ɖo eƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí, eya ta tso ɖevime ke la, bubudede amewo ŋu menye nu sesẽ na mí kura o.” Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Walter la fia viaŋutsuwo be woabu wo dada si menye Ðasefo o la. Egblɔ be, “Mekpɔ egbɔ be mato kpɔɖeŋu si nye ŋutɔ meɖona dzi afia vinyeŋutsuawo be woade bubu wo dada ŋu, eya ta nyemedaa srɔ̃nye ɖe anyi to nye nyagbɔgblɔ me gbeɖe o.” Nɔviŋutsu Walter yi edzi fia Mawu ƒe Nyaa viaŋutsuawo, eye wòdoa gbe ɖa biaa Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Wo dometɔ ɖeka le subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe fifia, eye bubu hã zu mɔɖela. Ðeviawo lɔ̃ wo dzila eveawo siaa eye wodea bubu wo ŋu.
Biblia gblɔ be: “Mawu menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o, ke ŋutifafa ƒe Mawu boŋ.” (1 Kor. 14:33) Nu sia nu si Yehowa wɔ la le ɖoɖo nu. Ele be Kristotɔwo nadze agbagba asrɔ̃ mawumenɔnɔmewo eye woana nuwo nanɔ ɖoɖo nu le wo ƒe me. Dzila aɖewo he wo viwo be woaŋlɔ woƒe abawo alo adzra woƒe abatiwo dzi ɖo nyuie gbe sia gbe hafi ayi suku; wofia wo be woada woƒe awuwo ɖe afi si sɔ, eye woakpe asi ɖe aƒemedɔwo ŋu. Ne ɖeviwo kpɔe be wona aƒea me le dzadzɛ eye nuwo le ɖoɖo nu la, awɔe be woawo hã woadi be yewoana yewoƒe xɔ me kple yewoƒe nuzazãwo nanɔ dzadzɛ.
Aleke viwòwo bua nu siwo srɔ̃m wole le suku lae? Ðe wokpɔa ŋudzedze ɖe nu si wɔm woƒe nufialawo le na wo la ŋua? Abe dzila ene la, ɖe nèdea asixɔxɔ woƒe sukunusɔsrɔ̃wo kple woƒe nufialawo ŋua? Nenema kee viwòwo hã ava nɔ woƒe sukudɔdeasiwo kple woƒe nufialawo bumee. Ðe manyo be nàde dzi ƒo na wo be woanɔ akpe dam na woƒe nufialawo edziedzi oa? Akpedada ɖe nu siwo ame aɖe wɔ na mí ta nye mɔ nyui aɖe ŋutɔ si dzi míato ade bubu eŋu, amea ɖanye nufiala, ɖɔkta, fiasemenudzrala, alo ame bubu ɖe sia ɖe o. (Luka 17:15, 16) Kristotɔ sɔhɛ siwo ɖe dzesi le woƒe sukuhatiwo dome le amebubu kple agbe ɖɔʋu nɔnɔ ta la dze na kafukafu.
Ele be Kristo hamea me tɔwo naɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi le bubudede ame ŋu me. Aleke wòdoa dzidzɔ na míi enye esi ne míekpɔ sɔhɛ siwo le hamea me la le bubu dem amewo ŋu to nyawo, abe “meɖe kuku” kple “akpe” ene, gbɔgblɔ me! Ne ame tsitsiwo dea bubu Yehowa ŋu to ale si woléa to ɖe mɔfiame siwo wonaa mí le kpekpeawo me dzi la, esia dea dzi ƒo na ɖeviwo be woawo hã woawɔ nenema ke. Ðeviwo ate ŋu asrɔ̃ ale si woade bubu woƒe aƒelikawo ŋu ne wokpɔa amebubu ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo le Fiaɖuƒe Akpata me. Le kpɔɖeŋu me, Andrew, si nye ƒe ene vi aɖe la, srɔ̃ ale si wòagblɔ be, “Meɖe kuku, agoo,” ne edi be ame tsitsi aɖe nana mɔ ye yeato exa.
Nu bubu kae dzilawo agate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo viwo ŋu woanɔ agbe ale si dze? Dzilawo ate ŋu adzro nufiame siwo dze le kpɔɖeŋu geɖe siwo le Mawu ƒe Nyaa me la me kple wo viwo, eye ele be woawɔe hã.—Rom. 15:4.
Mitsɔ Biblia Me Kpɔɖeŋuwo Fia Nu Wo
Anɔ eme godoo be Samuel dada fia viaŋutsuvia be ne ele Nunɔlagã Eli ŋkume la, ele be wòabɔbɔ ta. Esi wòkplɔ Samuel yi avɔgbadɔa me la, ƒe etɔ̃ alo ƒe ene koe wòanya xɔ ɣemaɣi. (1 Sam. 1:28) Ðe nàte ŋu afia ale si wodoa gbe na ame le mia gbɔ, abe “ŋdi,” “ŋdɔ,” “fiẽ” ene, alo gbedoname si sɔ le míaƒe dekɔnu nu la, viwò sue eye nàbia tso esi be wòagblɔe nàsea? Abe Samuel ɖevi la ene la, viwòwo ƒe ‘nu ate ŋu anyo Yehowa kple amegbetɔwo siaa ŋu.’—1 Sam. 2:26.
Ðe manyo be nàzã Biblia me ŋutinyawo atsɔ ate gbe ɖe vovototo si le amebubu kple amemabumabu dome dzi na viwòwo oa? Le kpɔɖeŋu me, esime Israel Fia Axazya mawɔnuteƒe la di be yeakpɔ nyagblɔɖila Eliya la, edɔ ‘ame blaatɔ̃wo ƒe amegã kple eƒe ame blaatɔ̃awo’ ɖa be woaɖayɔe vae. Amegã la va ɖe gbe na nyagblɔɖilaa be wòadze ye yome. Menye nenemae wòle be wòaƒo nu na Mawu ƒe teƒenɔla o. Aleke Eliya ɖo eŋu nɛ? Egblɔ be: ‘Nenye Mawu ƒe amee menye la, ekema dzo netso dziƒo, ne wòafiã mia kple wò ame blaatɔ̃awo!’ Eye nu ma tututue dzɔ. ‘Dzo tso dziƒo hefiã eya kple eƒe ame blaatɔ̃awo.’—2 Fia. 1:9, 10.
Fia la dɔ ame 50 ƒe amegã bubu be woakplɔ Eliya vae. Eya hã dze agbagba be yeazi Eliya dzi wòakplɔ ye ɖo. Dzo gatso dziƒo va fiã woawo hã. Ame 50 ƒe amegã bubu gava Eliya gbɔ. Ame sia ya de bubu eŋu. Eya meɖe gbe na Eliya o, ke boŋ edze klo heɖe kuku nɛ gblɔ be: ‘Taflatsɛ, Mawu ƒe ame, na nye agbe kple wò dɔla blaatɔ̃ siawo ƒe agbe naxɔ asi le ŋkuwò me. Kpɔ ɖa, dzo tso dziƒo, eye wòfiã ame blaatɔ̃wo ƒe amegã gbãtɔ eveawo kple woƒe ame blaatɔ̃wo; eya ta na nye agbe naxɔ asi le ŋkuwòme.’ Ðe Mawu ƒe ame la ana dzo nafiã ame aɖe si le vɔvɔ̃m evɔ wòde bubu sia gbegbe eŋua? Gbeɖe! Ke boŋ Yehowa ƒe dɔla gblɔ na Eliya be wòayi kple amegã sia. (2 Fia. 1:11-15) Ðe esia meɖe amebubu ƒe vevienyenye fia oa?
Esime Roma asrafowo lé apostolo Paulo le gbedoxɔa me hekplɔe yina asrafowo nɔƒe la, mebui be gome le ye si be yeaƒo nu o. Ke boŋ ebia aʋafiagã la bubutɔe be: “Mɔɖeɖe li be magblɔ nya aɖe na wòa?” Esia wɔe be woɖe mɔ na Paulo be wòaʋli eɖokui ta.—Dɔw. 21:37-40.
Esime wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu la, ame aɖe ƒo tome nɛ. Enya mɔ nyuitɔ si nu wòaʋli eɖokui ta le; egblɔ be: “Ne nya si megblɔ la mesɔ o la, ekema gblɔ nu si gblẽ le eŋu la ame sia ame nase; gake ne esɔ ɖe, ke nu ka tae nèƒom?” Ame aɖeke mete ŋu kpɔ vodada le nya si Yesu gblɔ me o.—Yoh. 18:22, 23.
Ale si míawɔ nui ne wohe to na mí vevie madzemadzee kple ale si míalɔ̃ ɖe míaƒe vodada aɖewo siwo míewɔ va yi alo nu siwo míeɖe ŋu ɖi wɔ la dzi bubutɔe la ŋuti kpɔɖeŋu geɖewo le Mawu ƒe Nya la me. (1 Mose 41:9-13; Dɔw. 8:20-24) Le kpɔɖeŋu me, Abigail ɖe kuku ɖe ale si srɔ̃aŋutsu Nabal wɔ nu ɖe David ŋu amemabumabutɔe la ta. Le kukuɖeɖea megbe la, ena nuɖuɖu gbogbo aɖe hã David. Nu si Abigail wɔ la wɔ dɔ ɖe David dzi ale gbegbe be, le Nabal ƒe ku megbe la, David ɖee wòzu srɔ̃a.—1 Sam. 25:23-41.
Mifia mia viwo be woade bubu amewo ŋu ɣeawokatãɣi, ne ahiã be woawɔ esia le nɔnɔme sesẽwo me gɔ̃ hã. Ne ‘míena míaƒe kekelia klẽ le amewo ŋkume’ le mɔ sia nu la, ‘míahe ŋutikɔkɔe avae na mía Fofo si le dziƒowo.’—Mat. 5:16.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ke hã, ehiã be dzilawo nakpe ɖe wo viwo ŋu woakpɔe be bubudede ame tsitsiwo ŋu mefia be woalɔ̃ awɔ ame siwo adi be yewoagblẽ nu le wo ŋu la ƒe gbe dzi o. Kpɔ October 2007, ƒe Nyɔ!, axa 13-21 (Yevugbe me tɔ ƒe axa 3-11).
b Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.