INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/99 axa 1
  • Dzilawo—Miɖo Kpɔɖeŋu Nyui na Mia Viwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzilawo—Miɖo Kpɔɖeŋu Nyui na Mia Viwo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Woatu Ƒome Ðo Be Wòasẽ Ŋu Le Gbɔgbɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Nɔnɔme Nyuiwo—Mawumemewo ƒe Nɔnɔmee Wonye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Woalɔ̃ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Mifia Mia Viwo Ale Si Woalɔ̃ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 9/99 axa 1

Dzilawo—Miɖo Kpɔɖeŋu Nyui na Mia Viwo

1 Mawu ƒe Nya gblɔ na mí be “ame dzɔdzɔe fofo [kple dadaa] tsoa aseye.” (Lod. 23:24, 25) Yayra ka gbegbee nye esi wònye na dzila siwo ɖo kpɔɖeŋu nyui na wo viwo! Alɔdzedɔwɔƒe ƒe Kɔmiti me tɔ aɖe gblɔ le edzilawo ŋu be: “Woƒe agbenɔnɔ katã nɔ te ɖe nyateƒea dzi eye nye hã medi be matu nye agbe bliboa ɖe nyateƒea dzi.” Nukae wòle be ɖeviwo nakpɔ le wo dzilawo ŋu?

2 Nɔnɔme Nyuiwo Kple Bubu Deto: Enye dzilawo ƒe agbanɔamedzi be woaƒã nɔnɔme nyuiwo ɖe wo viwo me. Ðe woléa ŋku ɖe nɔnɔme nyuiwo ŋu hesrɔ̃nɛ, menye ɖeko wogblɔnɛ kple nu ko o. Eyata nɔnɔme kawoe nèɖena fiana? Ðe viwòwo sena nègblɔna be “meɖe kuku,” “taflatse,” kple “akpea”? Ðe miedea bubu deto mia nɔewo ŋu le ƒomea mea? Ðe mieɖoa to ne ame bubu le nu ƒoma? Ðe mieɖoa to ne mia viwo le nu ƒom na mia? Ðe mieɖea nɔnɔme nyui siawo fiana le Fiaɖuƒe Akpata me kple le aƒemea?

3 Tenɔnɔ Sesĩe le Gbɔgbɔ me Kple Dɔwɔwɔ Dzonɔamemetɔe: Nɔviŋutsu aɖe si wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe 50 kple edzivɔ gblɔ be: “Danye kple fofonye ɖo kpɔɖeŋu nyui le alesi wokpɔa ŋudzedze ɖe kpekpewo ŋu hetsɔa dzo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu me.” Aleke nèɖenɛ fiana viwòwo be yedi be amesiwo le wò ƒomea me nasẽ ŋu le gbɔgbɔ me? Ðe miedzroa gbesiagbe mawunyakpukpuia me ɖekaea? Ðe miewɔa ƒome nusɔsrɔ̃ edziedzia? Ðe viwòwo kpɔa wò nèxlẽa Biblia kple Habɔbɔa ƒe agbalẽwoa? Nya kawoe wosena nègblɔna ne èle gbe dom ɖa ɖe ƒomea ta? Ðe nèɖoa dze tso gbɔgbɔmenu siwo tua ame ɖo ŋu kple viwòwo, heƒoa nu nyui tso nyateƒea kple hamea ŋua? Ðe ƒomea nɔa klalo ɖe kpekpewo dede ŋu hedina vevie be yewoakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɖekaea?

4 Dzilawo, mide ŋugble le kpɔɖeŋu si ɖom miele na mia viwo ŋu. Mina wòanye nyuitɔ kekeake, eye woade asixɔxɔ eŋu le woƒe agbemeŋkekewo katã me. Dzikpɔla mɔzɔla aɖe srɔ̃ si le eƒe ƒe 70-awo me gblɔ be: “Megakpɔtɔ le viɖe kpɔm tso kpɔɖeŋu nyui si dzinyela Kristotɔ lɔ̃amewo ɖo la me. Eye enye nye didi vevie be maɖe ŋudzedzekpɔkpɔ blibo afia ɖe domenyinu sia ŋu azãe nyuie le ɣeyiɣi siwo katã gale ŋgɔ me.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe