INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 4/1 axa 6-7
  • Nu Si Yesu Fia Tso Mawu Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Si Yesu Fia Tso Mawu Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Vi La Lɔ̃ Be Yeaɖe Fofo La Afia’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyateƒe Si Ku Ðe Mawu Kple Kristo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2020
  • Ðe Wòle Be Míado Gbe Ða Na Yesua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Amekae Nye Yesu Kristo?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 4/1 axa 6-7

Nu Si Yesu Fia Tso Mawu Ŋu

“Ame si Fofo la nye la, ame aɖeke menyae o, negbe Vi la ko, kple ame si Vi la lɔ̃ be yeaɖee afia ko.”—LUKA 10:22.

HAFI Mawu ƒe Ŋgɔgbevi sia nava anyigba dzi la, enɔ Fofoa ŋu kplikplikpli le dziƒo hena ƒe gbogbo manyaxlẽ aɖewo. (Kolosetɔwo 1:15) Esia wɔe be Vi la va nya Fofoa ƒe susuwo, seselelãmewo, kple nuwɔnawo nyuie. Esi wova dzi Vi sia ɖe anyigba dzi wònye amegbetɔ si woyɔ be Yesu la, edi vevie be yeafia nyateƒea tso ye Fofo ŋu. Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ŋu ne míeɖo to nya siwo Via gblɔ tso eŋu.

Mawu ƒe ŋkɔ Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa nɔ vevie na Yesu ale gbegbe. Vi sia si gbɔ Fofoa melɔ̃a nu le o la di vevie be amewo nanya ye Fofo ƒe ŋkɔ ahazãe hã. Yesu ŋutɔ ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Yehowa Nye Xɔname.” Yesu te ŋu gblɔ na Yehowa le gbedodoɖa aɖe me le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me be: “Mena wonya wò ŋkɔ la.” (Yohanes 17:26) Eme kɔ ƒãa be Yesu zã Mawu ƒe ŋkɔa, eye wòna ame bubuwo hã nya ŋkɔ ma. Nya lae nye be, aleke ame siwo se Yesu ƒe nyawo la awɔ ase nyateƒe si ku ɖe Yehowa ŋu gɔme ne womenya eƒe ŋkɔa kple gɔmesese si le eŋu o?a

Mawu ƒe lɔlɔ̃ gã la Yesu gblɔ na Mawu le gbedodoɖa aɖe me be: “Fofo, . . . èlɔ̃m do ŋgɔ na xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi.” (Yohanes 17:24) Mawu ƒe lɔlɔ̃ si teƒe Yesu kpɔ le dziƒo la wɔe be esi wòva anyigba dzi la, edi vevie be yeana amewo nanya nu tso Mawu ƒe lɔlɔ̃a kple mɔ lédziname vovovo siwo nu wòɖenɛ fiana le ŋu.

Yesu ɖee fia be Yehowa ƒe lɔlɔ̃ keke ta ŋutɔ. Yesu gblɔ be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Helagbe me nya si gɔme woɖe le afi sia be “xexea” la mefia “anyigba la” o. Ke boŋ efia amegbetɔwo—ɛ̃, ameƒomea katã. Mawu ƒe lɔlɔ̃ na ameƒomea lolo ale gbegbe be wòtsɔ Via malɔ̃nugbɔa na bene wòaɖe amegbetɔ wɔnuteƒewo tso nu vɔ̃ kple ku ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te ne woakpɔ agbe mavɔ. Míate ŋu anya ale si gbegbe lɔlɔ̃ gã sia keke ta hedetoe la wòade edeƒe o.—Romatɔwo 8:38, 39.

Yesu te gbe ɖe nyateƒenya si faa akɔ na ame wu bubuawo katã la dzi: Yehowa lɔ̃ esubɔlawo dometɔ ɖe sia ɖe vevie. Yesu fia nu be Yehowa nye alẽkplɔla si bua eƒe alẽawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu hedea asixɔxɔ eŋu. (Mateo 18:12-14) Yesu gblɔ be atsutsrɔe ɖeka gɔ̃ hã megena dzea anyigba le Yehowa ƒe manyamanya me o. Yesu gblɔ kpee be: “Woxlẽ miaƒe taɖawo katã kura gɔ̃ hã.” (Mateo 10:29-31) Ne ŋutete le Yehowa si wònyana be atsutsrɔe ɖeka megale eƒe atɔ me o ɖe, ɖe malé ŋku ɖe amegbetɔ siwo subɔnɛ la dometɔ ɖe sia ɖe ŋu ahalé be nɛ geɖe wu oa? Ne Yehowa nya míaƒe taɖawo ƒe xexlẽme la, ɖe míaƒe agbe ƒe akpa aɖe—míaƒe nuhiahiãwo, míaƒe agbagbadzedzewo, alo míaƒe kuxi aɖe—li si ŋu mate ŋu anya nu tso oa?

Dziƒo Fofo Abe ale si míede dzesii le nyati si do ŋgɔ me ene la, Yesu nye Mawu ƒe Tenuvi. Eya ta mewɔ nuku o be Vi sia si gbɔ womelɔ̃a nu le o la yɔ Yehowa enuenu be ye “Fofo.” Le nyateƒe me la, Yesu ŋutɔ yɔ Yehowa be “Fofonye,” le eƒe numenya gbãtɔ si woŋlɔ ɖi, si wògblɔ le gbedoxɔ me esime wòxɔ ƒe 12 pɛ ko la me. (Luka 2:49) Nya “Fofo” dze le Nyanyuigbalẽawo me abe zi 190 sɔŋ ene. Yesu zã nya Fofo na Yehowa le mɔ vovovowo nu, abe “mia Fofo,” “mía Fofo,” kple “Fofonye” ene. (Mateo 5:16; 6:9; 7:21) To nya siawo gbɔgblɔ faa alea me la, Yesu le eɖem fia be amegbetɔ nuvɔ̃me madeblibowo ate ŋu anɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowa.

Nublanuikpɔla kple ame si tsɔa nu vɔ̃ kena Yesu nyae be amegbetɔ madeblibowo hiã Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ geɖe ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu si Yesu wɔ tso vi nudomegblẽlaa ŋu me la, etsɔ Yehowa sɔ kple vifofo veveseɖeamenula nublanuikpɔla si ke eƒe abɔwo me be yeaxɔ ye vi ɖe sia ɖe si trɔ dzi me la atuu. (Luka 15:11-32) Yesu ƒe nyaawo na kakaɖedzi mí be Yehowa dina be yeade dzesi tɔtrɔ ɖe sia ɖe si anɔ amegbetɔ nu vɔ̃ wɔla aɖe ƒe dzi me, si dzi yeate ŋu anɔ te ɖo akpɔ nublanui nɛ. Yehowa di vevie be yeatsɔ ame si trɔ dzi me la ƒe nu vɔ̃wo akee. Yesu ɖe nu me be: “Mele egblɔm na mi be, nenema kee woakpɔ dzidzɔ geɖe le dziƒo ɖe nu vɔ̃ wɔla ɖeka si trɔ dzi me ŋu, wu ɖe ame dzɔdzɔe blaasieke vɔ asieke siwo mehiã dzimetɔtrɔ o la ŋuti.” (Luka 15:7) Ðe màdi vivie be yeate ɖe Mawu nublanuikpɔla sia gbegbe ŋu oa?

Gbedodoɖawo Sela Hafi Yesu nava anyigba dzi la, eya ŋutɔ kpɔe kɔtɛ be Yehowa nye ‘gbedodoɖawo Sela,’ eye be ekpɔa dzidzɔ ɖe esubɔla wɔnuteƒewo ƒe gbedodoɖawo ŋu. (Psalmo 65:3) Eya ta le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa me la, efia eƒe nyaselawo ale si woado gbe ɖa kple nu siwo ŋu woado gbe ɖa le. Eɖo aɖaŋu be: “Ne miele gbe dom ɖa la, miganɔ nya ɖeka mawo ke gbɔgblɔ dzi [o].” Ede dzi ƒo na eƒe nyaselawo be woado gbe ɖa be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu “nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.” Míate ŋu abia míaƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo, míaƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke, kple ale si míawɔ aɖu tetekpɔwo dzi hã. (Mateo 6:5-13) Yesu fia nu be Yehowa ɖoa to esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo abe ale si vifofo ɖoa to viawoe ene, eye be ewɔa nu siwo wobiana le xɔse me la na wo.—Mateo 7:7-11.

Eme kɔ ƒãa be Yesu fia nyateƒea tso Yehowa ŋu heɖe Mawu si ƒomevi wònye la fia kɔtɛ. Gake Yesu tsɔ didi vevie ɖe nu bubu aɖe hã fia tso Yehowa ŋu, si nye mɔ si dzi Yehowa ato ahe tɔtrɔwo ava xexea me bene tame si wòɖo ɖe anyigba kple amegbetɔwo ŋu la nava eme. Ɛ̃, akpa sia koŋ dzie Yesu te gbe ɖo wu le gbedeasi si wòɖe gbeƒãe me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ŋkɔ Yehowa dze le Biblia gbãtɔ me abe zi 7,000 sɔŋ ene. Gɔmesese si le ŋkɔ ma ŋue nye ‘manye nu si manye.’ (2 Mose 3:14) Mawu ate ŋu anye nu sia nu si wòdi be yeanye bene yeana yeƒe tameɖoɖo nava eme. Eya ta gɔmesese si le Mawu ƒe ŋkɔa ŋu nye kpeɖodzi be maka aʋatso gbeɖe o, eye be eƒe ŋugbedodowo katã ava eme godoo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe