Wowɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu—Paulo Ðu Aʋa Dzi Le Fukpekpe Me
PAULO ge ɖe nɔnɔme sesẽ aɖe me. Eya kple ame 275 bubuwo le tɔdziʋu aɖe si Anyieheɣetoɖoƒeya—ahom sesẽtɔ kekeake le Mediterranea-ƒua dzi—le nyamanyamam la me. Ahom la nu sẽ ale gbegbe be ɣe medzena le ŋkeke me o eye ɣletiviwo hã medzena le zã me o. Eme kɔ be ʋuamenɔlawo tsi dzodzodzoe le woƒe agbe ŋuti. Gake Paulo fa akɔ na wo hegblɔ nusiwo Mawu ɖe fiae le drɔ̃e me na wo be: “Mia dome ame aɖeke ƒe agbe mele bubu ge o, negbe ʋua ko.”—Dɔwɔwɔwo 27:14, 20-22.
Le ahom la ƒe ŋkeke 14 lia ƒe zã me la, tɔdzidelawo kpɔ nane si wɔ nuku na wo—tsia ƒe goglome nye dzidzeka 20 ko.a Esi wote yi ŋgɔ ʋee la, wogada ka ake. Fifia ya tsia ƒe goglome nye dzidzeka 15. Anyigba gbɔ megadidi o! Gake nyanyui sia na wotsi dzi ɖe nu bubu aɖe hã ŋu. Nenye be ahom la yi edzi nyama wo le tsia ƒe akpa sia si megoglo o le zã me la, ʋua ate ŋu ava lɔ kpe ahagbã. Nunyatɔe la, tɔdzidelawo da sekewo. Wo dometɔ aɖewo di be yewoaɖiɖi agbeɖeʋua ɖe ƒua dzi eye yewoaɖoe aɖi goe.b Gake Paulo xe mɔ na wo. Egblɔ na aʋafia la kple asrafoawo bena: “Ne amesiawo menɔ ʋua me o la, miate ŋu akpɔ ɖeɖe o.” Aʋafia la ɖo to Paulo, eye ʋuamenɔla 276 la katã tsɔ dzitsitsi lala be ŋu nake.—Dɔwɔwɔwo 27:27-32.
Ʋu Gbã Ðee
Esi ŋu ke la, ʋuamenɔlawo kpɔ adɔ̃ aɖe si ŋu ƒuta le. Esi mɔkpɔkpɔ gaɖo tɔdzidela me la, wotso sekeawo eye wodo abala kpe ya la. Tɔdziʋua te zɔɖeɖe ɖo ta ƒuta—ɖikeke mele eme o be dzidzɔɣli nɔ ɖiɖim.—Dɔwɔwɔwo 27:39, 40.
Gake kasia ʋua si ke. Nusi gavɔ̃ɖi wue nye be, ƒutsotsoe sesẽa nɔ ʋua gɔme lɔm hegbãe kakɛkakɛ. Ele be ʋuamenɔlawo katã nadzo agblẽ ʋua ɖi! (Dɔwɔwɔwo 27:41) Gake esia he kuxi aɖe vɛ. Ame geɖe siwo le ʋua me—kple Paulo hã—nye gamenɔlawo. Le Romatɔwo ƒe se nu la, ne dzɔla ɖe mɔ gamenɔla aɖe si dzo la, axɔ tohehe si woɖo be woatsɔ na gamenɔla la. Le kpɔɖeŋu me, ne dzɔla aɖe ƒe ŋuɖeɖi wɔe be gamenɔla si wu ame si dzo la, ele be woawui ɖe eteƒe.
Vɔvɔ̃ na emetsonu siawo na asrafoawo ɖoe be yewoawu gamenɔlawo katã. Gake aʋafia si nyo dɔme na Paulo la xe mɔ na wo. Ede se be amesiwo katã ate ŋui nati kpo adze tsia me aƒu tsi ayi gota. Amesiwo mate ŋu aƒu tsia o naku ɖe ʋuƒo kakɛwo alo nu bubu siwo le ʋua me ŋu. Amesiwo nɔ tɔdziʋu si gbã la me ɖo gota ɖekaɖeka. Ame ɖeka hɔ̃ hã metsi eme o abe alesi Paulo gblɔe ene!—Dɔwɔwɔwo 27:42-44.
Nukunuwɔwɔ le Melite
Ƒuƒoƒo sia si ŋu ɖeɖi te la kpɔ sitsoƒe le ƒukpo aɖe si woyɔna be Melite la dzi. Afimanɔlawo nye “dutagbedolawo,” si fia “ame maʋuŋkuwo” (Helagbemenya, barʹba·ros).c Gake Melitetɔwo menye ame wɔadãwo o. Ke boŋ Luka si nye Paulo ƒe mɔzɔhati gblɔ be “menye dɔmenyo vi aɖe afimatɔwo wɔ na mí o; elabena wodo dzo, eye woxɔ mí katã ɖe egbɔ le tsidzadza kple vuvɔ ŋuti.” Paulo kpe ɖe Melitetɔwo ŋuti wofɔ nake wuwluiwo de dzoa me.—Dɔwɔwɔwo 28:1-3, etenuŋɔŋlɔ.
Kasia dakpui aɖe xatsa ɖe Paulo ƒe asi ŋu! Ƒukpoa dzinɔlawo bui be anye hlɔ̃dolae Paulo nye. Ðewohĩ wobui be Mawu hea to na vɔ̃wɔlawo hegblẽa nu le woƒe ŋutilã ƒe akpa si wotsɔ wɔ nuvɔ̃ae ŋu. Gake kpɔ ɖa! Ewɔ nuku na afimatɔwo ŋutɔ esi Paulo ʋuʋu dakpuia ɖe dzoa me. Luka si nye eteƒekpɔla gblɔ le eƒe nuŋlɔɖia me be, “woawo le mɔ kpɔm [na Paulo] bena, atè alo adze anyi aku enumake.” Ƒukpoa dzinɔlawo trɔ woƒe susu hegblɔ be Mawua ɖee Paulo nye.—Dɔwɔwɔwo 28:3-6.
Paulo nɔ Melite ɣleti etɔ̃ siwo kplɔe ɖo eye ɣemaɣie wòda dɔ na Publio si nye ƒukpoa dzinɔlawo ƒe amegã si xɔ Paulo nyuie la fofo kple dɔnɔ bubuwo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Paulo ƒã nyateƒea ƒe nukuwo, si he yayra geɖe vɛ na Melitetɔ dɔmenyotɔ mawo.—Dɔwɔwɔwo 28:7-11.
Nusi Míesrɔ̃ tso Eme
Paulo do go kuxi geɖe le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. (Korintotɔwo II, 11:23-27) Le nuŋlɔɖi si le etame me la, enye gamenɔla le nyanyuia ta. Emegbe edze ŋgɔ dodokpɔ siwo menɔ mɔ kpɔm na o: ahom sesẽ aɖe si na ʋu gbã dee. Le esia katã me la, Paulo meʋuʋu gbeɖe le tame si wòɖo kplikpaa be yeanye nyanyuigbeƒãɖela veviedola o. Enɔ te ɖe nuteƒekpɔkpɔ dzi gblɔ be: “Le . . . nuwo katã me la mesrɔ̃ nu ɣaɣla sia bena, maɖi ƒo, eye dɔ nawum hã; makpɔ nu geɖe, eye hiã natum hã. Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.”—Filipitɔwo 4:12, 13.
Agbemekuxiwo nagana míagbɔdzɔ le tame si míeɖo be míanye Mawu vavã la subɔla veviedolawo la me gbeɖe o! Ne dodokpɔ siwo míele mɔ kpɔm na o va mía dzi la, míedroa míaƒe agba ɖe Yehowa dzi. (Psalmo 55:23) Eye míelalana dzigbɔɖitɔe kpɔa alesi wòana míado dzi le dodokpɔa me. Míeyia edzi subɔnɛ le nuteƒewɔwɔ me eye míeka ɖe edzi be eléa be na mí. (Korintotɔwo I, 10:13; Petro I, 5:7) Ne míenɔ te sesĩe maʋãmaʋã eɖanye nuka ke adzɔ o la, míate ŋu aɖu aʋa dzi le fukpekpe me—abe Paulo ene.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Zi geɖe wobua dzidzeka ɖeka be enye abɔklugui ene alo anɔ afɔ ade.
b Agbeɖeʋu nye tɔdziʋu sue si wozãna tsɔ ɖia go ɖe ƒuta nenye be woda seke na tɔdziʋu le afisi te ɖe futa. Edze ƒã be tɔdzidelawo dze agbagba be yewoaɖe yewo ŋutɔwo ƒe agbe agblẽ ame mamlɛ siwo menya naneke le tɔdziʋu kuku ŋu o ɖi.
c Wilfred Funk ƒe agbãle si nye Word Origins gblɔ be: “Helatɔwo ɖea alɔme le dutagbe si to vovo na wo tɔ ŋu, eye wogblɔna be woɖina ‘bar-bar’ eye woyɔa amesiame si donɛ be barbaros.”