‘Minɔ Kɔkɔe Elabena Mele Kɔkɔe’
“Ame kɔkɔewo mianye, elabena nye Yehowa, mia Mawu la, mele kɔkɔe.”—MOSE III, 19:2.
1. Amekawoe nye amesiwo xexeame buna be wole kɔkɔe la dometɔ aɖewo?
AMEWO le subɔsubɔha gã siwo le xexeame la ƒe akpa gãtɔ me siwo wobuna ame kɔkɔewoe. Wobua Dada Teresa si xɔ ŋkɔ le India la zi geɖe be enye ame kɔkɔe le eƒe ɖokuitsɔtsɔ na ame dahewo ta. Woyɔa papa la be “Fofo Kɔkɔe.” Katolikotɔ aɖewo bua José María Escrivá si ɖo Katolikoha la me habɔbɔ yeye si nye Opus Dei be enye “kɔkɔenyenye ƒe kpɔɖeŋuɖola.” Kplɔlawo, alo ame kɔkɔewo le Hindu-subɔsubɔ me. Wobu Gandhi be enye ame kɔkɔe. Saɖagaxɔmenɔla kɔkɔewo le Buddha-subɔsubɔ me, eye Moslemtɔwo ƒe nyagblɔɖila kɔkɔe hã li. Gake nuka tututue wòfia be woanɔ kɔkɔe?
2, 3. (a) Nukae nya siwo nye “kɔkɔe” kple “kɔkɔenyenye” fia? (b) Biabia siwo ŋu wòle be míaɖo dometɔ aɖewo ɖe?
2 Woɖe nya “kɔkɔe” gɔme be “1. . . . nusi do ƒome kple Mawu ƒe ŋusẽ; dzadzɛ. 2. Nusi ŋu wobua tadedeagu alo subɔsubɔ ɖo alo nusi dze nɛ . . . 3. Agbenɔnɔ ɖe mawusubɔsubɔ alo gbɔgbɔ me agbenyuinɔnɔ ƒe ɖoɖo sesẽ alo ɖoɖo kɔkɔ aɖe nu . . . 4. Nusi wode dzesii alo woɖo ɖi ɖe mawusubɔsubɔ ŋu.” Le Biblia me la, kɔkɔenyenye fia “mawusubɔsubɔ me ɖimaƒomaƒo alo alesi nu ŋu kɔe; dzadzɛnyenye.” Biblia ŋuti numekugbalẽ si nye Insight on the Scriptures gblɔ be “Hebrigbe me [nya] qoʹdhesh si me woɖe nya la tsoe fia nusi woɖe ɖe aga, nusi woɖe ɖe vovo, alo nusi ŋu wokɔ na Mawu, . . . nu ɖoɖo ɖi na Mawu ƒe subɔsubɔ.”a
3 Wode se na Israel-dukɔa be woanɔ dzadzɛ. Mawu ƒe Sea gblɔ be: “Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Eyata miwɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔ menye.” Amekae nye kɔkɔenyenye Dzɔtsoƒe la? Aleke Israel-vi madebliboawo awɔ anɔ kɔkɔe? Eye nukawoe mía ŋutɔwo míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Yehowa bia be woanɔ kɔkɔe la me egbea?—Mose III, 11:44.
Israel ƒe Ƒomedodo Kple Kɔkɔenyenye Dzɔtsoƒe La
4. Aleke wowɔ Yehowa ƒe kɔkɔenyenye ƒe kpɔɖeŋu le Israel?
4 Wobu nusianu si do ƒome kple Israel-viwo ƒe tadedeagu na Yehowa Mawu be ele kɔkɔe eye ele be woawɔ nu ɖe eŋu nenema. Nukata wònɔ nenema? Elabena Yehowa ŋutɔe to kɔkɔenyenye vɛ eye egbɔe wòdzɔ tso. Nuŋlɔɖi si Mose wɔ le avɔgbadɔ kɔkɔe la wɔwɔ kple emedɔwɔlawo ƒe awudodowo kpakple eme dzadzraɖo ŋu wu enu kple nya siawo be: “Emegbe wotsɔ sika nyuitɔ wɔ ŋgoblanu kɔkɔe [si nye adzɔgbeɖeɖe ƒe dzesi kɔkɔe, NW] la, eye ŋkɔɖelawo ta nu ɖe dzi bena: ‘[Kɔkɔetɔ enye Yehowa, NW].’” Wode agba keklẽ sia si wotsɔ sika nyuitɔ wɔ la nunɔlagã la ƒe tablanu ŋu, eye enye dzesi be wotiae na kɔkɔenyenye tɔxɛ ƒe dɔ aɖe wɔwɔ. Ne Israel-viwo kpɔ nuŋɔŋlɔ ƒe dzesi sia wòle keklẽm le ɣe ƒe keklẽ nu la, eɖoa ŋku Yehowa ƒe kɔkɔenyenye dzi na wo ɣesiaɣi.—Mose II, 28:36; 29:6; 39:30.
5. Aleke wote ŋu bu Israel-vi madebliboawo be wole kɔkɔe?
5 Gake aleke Israel-viwo awɔ anɔ kɔkɔe? To woƒe ƒomedodo kplikplikpli kple Yehowa kpakple woƒe tadedeagu vavãtɔ tsɔtsɔ nɛ me koe. Wohiã na “kɔkɔetɔ” la ŋuti sidzedze vavãtɔ ale be woade ta agu nɛ le kɔkɔenyenye me, le ŋutilã kple gbɔgbɔ me dzadzɛnyenye me. (Lododowo 2:1-6; 9:10) Eyata ele be Israel-viwo natsɔ susu kple dzi dzadzɛ ade ta agu na Mawui. Alakpatadedeagu ƒomevi ɖesiaɖe anye ŋunyɔnu na Yehowa.—Lododowo 21:27.
Nusita Yehowa Bu Fɔ Israel Ðo
6. Aleke Maleaxi ƒe ŋkekea me Yudatɔwo wɔ nu ɖe Yehowa ƒe kplɔ ŋui?
6 Esia ƒe kpɔɖeŋu dze ƒã esime Israel-viwo tso dzi afã-kple-afã me tsɔ vɔsalã tsɛ siwo ŋu nu gblẽ le va gbedoxɔa me. Yehowa to eƒe nyagblɔɖila Maleaxi dzi bu fɔ woƒe nunana tsɛawo be: “Miaƒe nu medze ŋunye o, eye nyemele vɔsanu aɖeke dim tso mia si o, Yehowa Zebaot ye gblɔe. . . . Ke miawo miedo gui hele gbɔgblɔm be: Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu mekɔ o, eye edzi nuɖuɖu le ŋu nyɔm. Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Miele gbɔgblɔm be, eɖuɖu la, fuɖename wònye; eye mietsɔ adzonuwo, lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo va sa vɔe. Ðe mele esia dim tso mia si mea? Yehowa ye gblɔe.”—Maleaxi 1:10, 12, 13.
7. Nu makɔmakɔ kawoe Yudatɔwo nɔ wɔwɔm le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me?
7 Anye le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me la, Mawu to Maleaxi dzi bu fɔ Yudatɔwo ƒe alakpanuwɔnawo. Nunɔlawo nɔ kpɔɖeŋu gbegblẽ ɖom, eye edze ƒã be woƒe agbenɔnɔ medza o. Dukɔa si nɔ woƒe kpɔkplɔ te megawɔna ɖe gɔmeɖose nyuiwo dzi o, eye wogblẽ ale gbegbe be wonɔ wo srɔ̃wo gbem, ɖewohĩ be woate ŋu aɖe dukɔwo me tɔwo ƒe ɖetugbiwo. Maleaxi ŋlɔ bena: “Yehowa nye ɖasefo na mia kple wò ɖekakpuimesrɔ̃, si ŋu nèto vo ɖob . . . evɔ wònye wò zɔhɛ kple nyɔnu, si nèbla nu kplii la, wònye hafi. . . . Eyata mikpɔ miaƒe gbɔgbɔ dzi, eye megawɔ nu tovo ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu o. Elabena melé fu srɔ̃gbegbe, Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe.”—Maleaxi 2:14-16.
8. Ŋusẽ kae egbegbe nukpɔsusu le srɔ̃gbegbe ŋu kpɔ ɖe ame aɖewo dzi le Kristo-hamea me?
8 Le nyitsɔ laa ƒe ɣeyiɣiwo me la, srɔ̃gbegbe va dzi ɖe dzi le dukɔ siwo me wogbea srɔ̃ le bɔbɔe la me. Ele nu gblẽm le Kristo-hamea gɔ̃ hã ŋu. Le esi teƒe be woadi kpekpeɖeŋu tso hamemegãwo gbɔ be woaɖu mɔxenuwo dzi eye woadze agbagba ana woƒe srɔ̃ɖeɖe nadze edzi la, ame aɖewo wɔ kaba gbe wo srɔ̃wo boŋ. Zi geɖe la, wogblẽa ɖeviawo ɖi wokpea seselelãme ƒe fu geɖe.—Mateo 19:8, 9.
9, 10. Aleke wòle be míabu míaƒe tadedeagu na Yehowa ŋui?
9 Abe alesi míekpɔe va yi ene la, le gbɔgbɔ me ƒe nɔnɔme gbegblẽ si nɔ anyi le Maleaxi ƒe ŋkekea me ta la, Yehowa bu fɔ Yuda ƒe ameŋkume tadedeagu eye wòɖee fia be tadedeagu dzadzɛ koe yeaxɔ. Ðe mele be esia nana míade ŋugble le alesi míaƒe tadedeagu na Yehowa Mawu, xexeame katã ƒe Aƒetɔ Fiagã, kɔkɔenyenye vavãtɔ Tsoƒe le ŋu oa? Ðe míele subɔsubɔ kɔkɔe tsɔm na Mawu nyateƒea? Ðe míeléa be na mía ɖokuiwo le gbɔgbɔ me ƒe nɔnɔme dzadzɛ mea?
10 Esia mefia be ele be míade blibo, si nye nusi mate ŋu adzɔ o, alo be míatsɔ mía ɖokui asɔ kple ame bubuwo o. Efia boŋ be Kristotɔ ɖesiaɖe natsɔ eya ŋutɔ ƒe tadedeagu nyuitɔ ana Mawu le alesi amea ƒe nɔnɔmewo aɖe mɔe nu. Esia ku ɖe míaƒe tadedeagu ƒe nyonyome ŋu. Ele be míaƒe subɔsubɔ dzadzɛ nanye nyuitɔ kekeake—wòanye subɔsubɔdɔ kɔkɔe. Aleke míate ŋu awɔ esiae?—Luka 16:10; Galatiatɔwo 6:3, 4.
Dzi Dzadzɛwo Wɔa Tadedeagu Dzadzɛ
11, 12. Afikae nuwɔna makɔmakɔwo tsona?
11 Yesu fia nu eme kɔ ƒã be nusi le ame ƒe dzime la dzena to eƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me. Yesu gblɔ na Farisitɔ siwo nye ɖokuiŋudzelawo, evɔ wo ŋu mekɔ o la be: “Dawo ƒe dzidzimewo! Aleke lawɔ mi, amesiwo vɔ̃ɖi la, miate ŋu agblɔ nya nyuiwo mahã? Elabena nya, si ke wu dzi la, eya nu gblɔna.” Emegbe eɖee fia be dzime alo ame ƒe ememe susu vɔ̃wo mee nuwɔna vɔ̃ɖiwo tsona. Egblɔ be: “Nusiwo doa go tsoa nu me la, woawo doa go tso dzi me, eye nenem nu mawo ƒoa ɖi ame. Elabena dzi mee nu vɔ̃ɖi susuwo, amewuwuwo, ahasiwɔwɔwo, matrewɔwɔwo, fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo kple ɖiŋudodowo doa go tsona. Woawoe nye nusiwo ƒoa ɖi ame.”—Mateo 12:34; 15:18-20.
12 Esia na míese egɔme be nuwɔna makɔmakɔwo medzɔna le wo ɖokui si ko alo be naneke medoa ŋgɔ nɛ o. Susu gbegblẽ siwo ɣla ɖe dzia me—dzodzro ɣaɣlawo kple ɖewohĩ susu ƒe tsatsa gbɔe wotsona. Ema tae Yesu te ŋu gblɔ be: “Miese wogblɔ bena: Megawɔ ahasi o; ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke kpɔ nyɔnu aɖe wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.” Le mɔ bubu nu la, matrewɔwɔ kple ahasiwɔwɔ xɔ aƒe ɖe dzia me xoxo hafi nu ɖesiaɖe va dzɔ. Emegbe ne nɔnɔmeawo ɖe mɔ la, susu makɔmakɔawo va zua nuwɔna makɔmakɔ. Matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, ŋutsuwo alo nyɔnuwo ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ, fififi, busubɔbɔwo, kple xɔsegbegbe nye nusiwo dona tsoa eme la dometɔ aɖewo.—Mateo 5:27, 28; Galatiatɔwo 5:19-21.
13. Susu makɔmakɔ siwo ate ŋu akplɔ ame ade nuwɔna makɔmakɔwo me ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖe?
13 Míate ŋu awɔ esia ƒe kpɔɖeŋu le mɔ vovovowo nu. Le dukɔ aɖewo me la, tsatsadaƒewo le dodom ko abe hlo ene, si na tsatsadada ƒe mɔnukpɔkpɔwo dzi ɖe edzi. Ame aɖe adi be yeato yeaɖi kuxigbɔkpɔnu sia dzi akpɔ yeƒe gakuxiwo gbɔe. Tamebubu fluame ate ŋu ana nɔvi aɖe nagbe Biblia me gɔmeɖose siwo wònya alo atɔ tsi wo.c Le go bubu me la, amamaɖeɖe si bɔ, eɖanye to television, videowo, kɔmpiutawo, alo agbalẽwo dzi o, ate ŋu akplɔ Kristotɔ ade nuwɔna makɔmakɔ me. Nusi wòawɔ koe nye be wòaŋe aɖaba aƒu eƒe gbɔgbɔmeʋawɔnuwo dzi, eye kaka wòanya la, ege ɖe agbegbegblẽnɔnɔ me. Gake zi geɖe la, susua mee gege ɖe nuvɔ̃ me dzea egɔme tsonae. Ẽ, Yakobo ƒe nyawo vaa eme le nɔnɔme siawo tɔgbe me be: “Wotea amesiame kpɔna, ne eya ŋutɔ ƒe nudzodzro henɛ, eye wòblenɛ, emegbe la ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nuvɔ̃.”—Yakobo 1:14, 15; Efesotɔwo 6:11-18.
14. Aleke ame geɖe te ŋu ɖe asi le woƒe agbenɔnɔ makɔmakɔwo ŋu?
14 Dzidzɔtɔe la, Kristotɔ siwo wɔa nuvɔ̃ le gbɔdzɔgbɔdzɔ ta la dometɔ geɖe ɖea dzimetɔtrɔ vavãtɔ fiana, eye hamemegãwo te ŋu gaɖoa amesiawo te le gbɔgbɔ me. Amesiwo woɖena le hamea me ɖe dzimematrɔmatrɔ ta dometɔ geɖe gɔ̃ hã va nyɔna le susu me eye wogagbugbɔ vaa hamea me. Wova kpɔa alesi Satana ɖu wo dzi bɔbɔe le esi woɖe mɔ susu makɔmakɔwo xɔ aƒe ɖe dzia me ta la dzea sii.—Galatiatɔwo 6:1; Timoteo II, 2:24-26; Petro I, 5:8, 9.
Gbetɔame—Be Míakpe Akɔ Kple Míaƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔwo
15. (a) Nukata wòle be míadze ŋgɔ míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo? (b) Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míalɔ̃ ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi?
15 Ele be míadze agbagba adze si alesi mía ŋutɔwo míaƒe dziwo le ŋutɔŋutɔ. Ðe míelɔ̃ be míadze ŋgɔ míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, míalɔ̃ ɖe wo dzi, eye emegbe míadze agbagba aɖu wo dzia? Ðe míelɔ̃ be míabia xɔlɔ̃ ɖianukware aɖe alesi míawɔ akpɔ ŋgɔyiyi, eye azɔ míaɖo to ase eƒe aɖaŋuɖoɖoa? Be míanɔ kɔkɔe la, ele be míaɖu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi. Nukatae? Elabena Satana nya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Azã eƒe aɖaŋu vɔ̃ bleameawo ahe mí ade nuvɔ̃ kple nuwɔna makɔmakɔwo me. Etoa eƒe ayemɔwo dzi tenɛ kpɔna be yeahe mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ ŋu ale be mía ŋuti nagakɔ eye míagadze ade ta agu na Yehowa o.—Yeremya 17:9; Efesotɔwo 6:11; Yakobo 1:19.
16. Aʋa kae Paulo wɔ?
16 Apostolo Paulo hã dze ŋgɔ tetekpɔ kple dodokpɔwo, abe alesi wòɖo kpe edzi le eƒe lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo me ene be: “Menyae bena, le menye—egɔmee nye: Le nye ŋutilã me la—nu nyui aɖeke menɔa anyi o; elabena nu nyui lɔlɔ̃ la le asinye, ke nu nyui wɔwɔ la nyemekpɔ wɔe kura o. Elabena menye nu nyui, si melɔ̃na la, mewɔna o, ke nuvɔ̃, si nyemelɔ̃na o la, eya ke mewɔna boŋ. . . . Mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋuti le ememe la gome; ke mekpɔ se bubu, si le aʋa wɔm kple se, si le nye nyasã me la, le nye ŋutinuwo me, eye wòlém aboyo le nuvɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me la me.”—Romatɔwo 7:18-23.
17. Aleke Paulo wɔ te ŋu ɖu aʋa si wòwɔ kple eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzii?
17 Fifia nya vevi si le Paulo ƒe nya la mee nye be elɔ̃ ɖe eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi. Togbɔ be wonɔ eŋu hã la, ete ŋu gblɔ be: “Mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋuti le [gbɔgbɔmeme si le] ememe la gome.” Paulo lɔ̃ nu nyui eye wòlé fu nusi nye vɔ̃. Gake ele nɛ be wòagawɔ aʋa, si nye aʋa si dze ŋgɔ mí katã la ke—be wòatsi tre ɖe Satana, xexeame, kple ŋutilã la ŋu. Eyata aleke míawɔ aɖu aʋa si wɔm míele be míanɔ kɔkɔe, ahaɖe mía ɖokui ɖa tso xexe sia kple eƒe tamesusuwo gbɔ la dzi?—Korintotɔwo II, 4:4; Efesotɔwo 6:12.
Aleke Míawɔ Anɔ Kɔkɔe?
18. Aleke míawɔ anɔ dzadzɛ?
18 Ŋuɖeɖi alo mɔɖeɖe le ame ɖokui ŋu mena wonɔa kɔkɔe o. Ame ma tɔgbe ado taflatse ɖe eƒe nuwɔnawo ta ɣesiaɣi eye wòate kpɔ ada vodada la ɖe ame bubu dzi. Ðewohĩ ahiã be míasrɔ̃ alesi míatsɔ míaƒe nuwɔnawo ƒe agba eye míaganɔ abe ame aɖewo siwo gblɔna be dzɔgbesee mede yewo dzi o le ƒomea ƒe nɔnɔme alo domenyinuwo ta ene o. Amea ƒe dzimee nya la le. Ðe wòlɔ̃ dzɔdzɔenyenyea? dia kɔkɔenyenyea? dia Mawu ƒe yayraa? Hakpala la na alesi kɔkɔenyenye hiãe dze ƒã esi wògblɔ be: “Te ɖa le vɔ̃ ŋu, eye nawɔ nu nyui: [di] ŋutifafa, eye nati eyome!” Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃ la neganye alakpanu o! Mitsri nuvɔ̃, milé ɖe nu nyui la ŋuti!”—Psalmo 34:15; 97:10; Romatɔwo 12:9.
19, 20. (a) Aleke míatu míaƒe susu ɖoe? (b) Nukae ɖokuisinusɔsrɔ̃ nyui bia?
19 Míate ŋu ‘alé ɖe nu nyui ŋu’ ne míebua nyawo ŋu abe alesi Yehowa bunɛ ene eye ne Kristo ƒe susu le mía si. (Korintotɔwo I, 2:16) Aleke míawɔ esiae? To Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede le eŋu edziedzi me. Aleke womeheɖo aɖaŋu sia na mí zi geɖe o enye si! Gake ɖe míetsɔnɛ ŋkubiãnyaea? Le kpɔɖeŋu me, ɖe nèsrɔ̃a magazine sia nyateƒe, hexlẽa mawunyakpukpuiawo, hafi vaa kpekpea? Nusɔsrɔ̃ si míewɔnɛ la menye fli tete ɖe nya ʋee aɖewo te le memamã ɖesiaɖe me ko o. Woate ŋu atsɔ aɖabaƒoƒo 15 ato nusɔsrɔ̃nyati me dzradzradzra ahate fli ɖe wo te. Ðe ema fia be míesrɔ̃ nyati laa? Le nyateƒe me la, ate ŋu axɔ gaƒoƒo ɖeka alo eve hafi woate ŋu asrɔ̃ nyati ɖesiaɖe eye gbɔgbɔmeviɖe siwo le wo me la nasu mí nyuie.
20 Ðewohĩ ahiã be míana hehe mía ɖokui be míatsi television gaƒoƒo ʋee aɖewo kwasiɖa sia kwasiɖa eye míabu mía ɖokui wɔwɔ dzadzɛ ŋu ŋutɔŋutɔ. Nusɔsrɔ̃ edziedzi tua mí ɖo le gbɔgbɔ me, eye wòʋãa míaƒe susu be wòawɔ nyametsotso siwo sɔ—nyametsotso siwo kplɔa ame yia “anyinɔnɔ kɔkɔe” gbɔe.—Petro II, 3:11; Efesotɔwo 4:23; 5:15, 16.
21. Biabia kae kpɔtɔ li si ŋu wòle be míaɖo?
21 Biabia si fɔ ɖe te fifiae nye be, Dɔwɔna kple agbenɔnɔ ƒe akpa bubu kawo hã mee mí Kristotɔwo míate ŋu anɔ dzadzɛ le, abe alesi Yehowa le dzadzɛ ene? Nyati si kplɔe ɖo ahe míaƒe susu ayi nya vevi aɖewo siwo ŋu wòle be míabu dzi.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye ta numekugbalẽ sia si le babla eve me.
b Ne èdi nusi ‘nu tovo’ nye me dzodzro tsitotsito la, ke kpɔ April 8, 1994 ƒe Nyɔ!, axa 26, “Srɔ̃gbegbe Ka Ƒomevie Mawu Léa Fui?”
c Ne èle numeɖeɖe bubuwo dim le nusita tsatsadada nye nu makɔmakɔ ŋu la, ke kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ! si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. tana, August 8, 1994 tɔ ƒe axa 14-15.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Aleke woɖe kɔkɔenyenye Dzɔtsoƒe fiae le Israel?
◻ Mɔ kawo nue Israel-viwo ƒe tadedeagu ŋu mekɔ o le Maleaxi ƒe ŋkekea me?
◻ Afikae nuwɔna makɔmakɔ dzea egɔme tsonae?
◻ Be míanɔ kɔkɔe la, nukae wòle be míakpɔ adze sii?
◻ Aleke míawɔ anɔ kɔkɔe ɣesiaɣi?