INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 6/15 axa 19-24
  • Wɔwòla—Nya Amesi Ƒomevi Wònye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wɔwòla—Nya Amesi Ƒomevi Wònye
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Eɖe Amesi Ƒomevi Wònye Fia
  • Nufiala Gã aɖe Kpe Ðe Mía Ŋu be Míanya Wɔla La
  • Aleke Nàkpe Ðe Amewo Ŋu be Woasrɔ̃ Nu tso Eŋu?
  • Mía Wɔla Gã la Tsɔa Ðe Le Eme na Mí!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Do Ŋusẽ Wò Xɔse Be Yehowae Nye Wɔla La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Wɔla La Ate Ŋu Ana Gɔmesese Nanɔ Wò Agbe Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Edi Be Yeana Kpekpeɖeŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 6/15 axa 19-24

Wɔwòla—Nya Amesi Ƒomevi Wònye

“Mana nye atsyɔ̃ɖoɖo blibo la nato ŋkuwò me ayi, eye maɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ le ŋgɔwò.”—MOSE II, 33:19.

1. Nukatae Wɔla la dze na bubu?

APOSTOLO Yohanes, amesi ŋlɔ Biblia-gbalẽ mamlɛa, ŋlɔ nya deto sia tso Wɔla la ŋu be: “Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.” (Nyaɖeɖefia 4:11) Abe alesi nyati si do ŋgɔ fia ene la, ɖeko nusiwo ŋu woke ɖo le egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya me gadea susu siwo ta wòle be woaxɔe ase be nuwo katã Wɔla li la dzi.

2, 3. (a) Nukae wòhiã be amewo nanya tso Wɔla la ŋu? (b) Nukata nunya manɔ eme be woadi be woakpɔ Wɔla la ŋkume kple ŋkume o?

2 Abe alesi wòle vevie be míalɔ̃ ɖe edzi be Wɔla li ene la, nenema ke wòle vevie be míanya amesi ƒomevi wònye—be enye ame ŋutɔŋutɔ li, eye amenyenye kple mɔwo le esi siwo naa amewo tena ɖe eŋu. Afika kee nènyae se ɖo xoxo o, ɖe maɖe vi be nàganyae ɖe edzi oa? Ema mefia be nàdo goe ŋkume kple ŋkume abe alesi míedoa go amegbetɔ bubuwo ene o.

3 Yehowae Wɔ ɣletiviwo gɔ̃ hã, eye ɣletivi siwo ƒe lolome le vedomesi dometɔ ɖeka koe míaƒe ɣea nye. Ðe nàte kpɔ be yeate ɖe ɣea ŋu kplikplikpli aka asi eŋua? Gbeɖe! Ame akpa gãtɔ ɖɔa ŋu ɖo le ekpɔkpɔ kple ŋku alo be woanɔ ŋudɔʋuʋu gbagbagbã nu hena ɣeyiɣi didi gɔ̃ hã me. Etome ƒe dzoxɔxɔ ade dzoxɔxɔ ƒe dzidze Celsius 15,000,000 (Fahrenheit 27,000,000.). Le sɛkɛnd ɖesiaɖe me la, dzokpo xɔdzo sia trɔa nukpekpe tɔn miliɔn ene wozua dzoxɔxɔŋusẽ. Eƒe kakɛ aɖe koe naa dzoxɔxɔ kple keklẽ mí le anyigba dzi, gake agbɔsɔsɔme ma léa agbe ƒomeviwo katã ɖe te le anyigba dzi. Ele be nyateƒe vevi siawo nana míakpɔ Wɔla la ƒe ŋusẽ triakɔ adze sii. Eyata esɔ be Yesaya naŋlɔ nu tso “[Wɔla la ƒe] ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la” ŋuti.—Yesaya 40:26.

4. Nukae Mose bia, eye aleke Yehowa ɖo eŋu nɛ?

4 Gake ènyaa, le ɣleti aɖewo le Israel-viwo ƒe ʋuʋu tso Egipte le ƒe 1513 D.M.Ŋ. megbe la, Mose ɖe kuku na Wɔla la gblɔ be: “Meɖe kuku, na makpɔ wò ŋutikɔkɔe la!” (Mose II, 33:18) Ne èɖo ŋku edzi be Mawue Wɔ ɣea gɔ̃ hã la, ekema àte ŋu ase nusita wògblɔ na Mose be: “Màte ŋu akpɔ nye ŋku me o, elabena ame aɖeke makpɔm aganɔ agbe o” la gɔme. Wɔla la ɖe mɔ na Mose be wòbe ɖe Sinai-toa ƒe akpa aɖe vaseɖe esime ‘Wòtso eme yi.’ Míagblɔe le kpɔɖeŋumɔ nu be Mawu ‘yome,’ si nye Wɔla la ƒe ŋutikɔkɔe alo teƒea vava ƒe keklẽ ƒomevi aɖe yome koe Mose kpɔ.—Mose II, 33:20-23; Yohanes 1:18.

5. Mɔ ka nue Wɔla la na Mose ƒe didia va eme nɛ le, eye nuka dzie esia ɖo kpee?

5 Womegbe kɔɖiɖi na Mose ƒe didi be yeanya Wɔla la nyuie wu o. Edze ƒã be Mawu to mawudɔla aɖe dzi va to Mose ŋu yi heɖe gbeƒã bena: “Yehowa, nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, amesi dzra amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wòtsɔa vodada, dzidada kple nuvɔ̃ kena; ke megbea tohehe o.” (Mose II, 34:6, 7) Esia fia be Wɔla la nyanya nyuie wu mebia be woakpɔ eƒe dzedzeme ŋutɔŋutɔ o, ke ebia amesi ƒomevi wònye, eƒe amenyenye kple nɔnɔmewo nyanya ayi ŋgɔe.

6. Aleke gbegbee míaƒe ametia ƒe dɔlélenutsitsi ŋutete wɔ nukui?

6 Mɔ ɖeka si dzi míawɔe toe enye be míadze si Mawu ƒe nɔnɔmewo le nusiwo wòwɔ ŋu. Bu wò ametia ƒe dɔlélenutsitsi ŋutete ŋu kpɔ. Scientific American gblɔ le nyati aɖe si ƒo nu tso dɔlélenutsitsi ŋutete ŋu be: “Do ŋgɔ na mía dziɣi ʋuu vaseɖe kuɣi la, ŋutilã ƒe dɔlélenutsitsi ŋutete nɔa dɔ dzi madzudzɔmadzudzɔe. Lãmenusuesue ƒomevi vovovo ƒe hatsotsowo . . . kpɔa mía ta tsoa dɔlékuiwo kple nusiwo me dɔlékuiwo le la si me. Ne mía takpɔnu mawo meli o la, nu makpa amegbetɔ kura o.” Aleke dɔlélenutsitsi ŋutete ma wɔ va dzɔ? Magazine ma me nyati aɖe gblɔ be: “Nugbagbevi wɔnuku siwo le ɖoɖo nu hele kadodo me kple wo nɔewo siwo xea mɔ ɖe dɔlékui siwo gena ɖe ŋutilã la me nu dona tsoa lãmenugbagbevi ʋee aɖewo, siwo dona anɔ abe kwasiɖa asieke le fufɔfɔ megbe la me.” Nyɔnu funɔ gbɔe fugboe si nɔ tsitsim la xɔa dɔlélenutsitsi ŋutete tsonae. Emegbe vidadaa ganana nugbagbevi siwo tsia dɔléle nu kple atike veviwo vidzĩa to nonana me.

7. Nuka ŋue míade ŋugble atsoe le míaƒe ametia ƒe dɔlélenutsitsi ŋutete ŋu, eye nuka dzie wòle kpe ɖomii?

7 Susu nyui li si ta nàƒo nya ta be yeƒe dɔlélenutsitsi ŋutete le ŋgɔ sasasã na nusianu si egbegbe atikewɔlawo te ŋu wɔ. Eyata bia ɖokuiwò be, ‘Nya kae nusia le gbɔgblɔm na mí tso ŋutete sia ƒe Aɖaŋuwɔla kple Enala ŋu?’ Edze ƒã be dɔlélenutsitsi ŋutete sia ‘si dona anɔ abe kwasiɖa asieke le fufɔfɔ megbe ene’ eye wòsu te akpɔ vidzĩ ta la, ɖe nunya kple nuŋububu do ŋgɔ fia. Gake ɖe míagate ŋu anya nu geɖe wu le Wɔla la ŋu tso dɔlélenutsitsi ŋutete sia ŋua? Nukae mía dometɔ akpa gãtɔ gblɔna le Albert Schweitzer kple ame bubu siwo tsɔ woƒe agbe ɖo anyi be yewoawɔ atike na ame dahewo ŋu? Zi geɖe la, míegblɔna be nɔnɔme nyui le dɔmenyotɔ amenuvela siawo si. Ne míetsɔe sɔ kple mía Wɔla si na dɔlélenutsitsi ŋutete ame dahewo kple kesinɔtɔwo siaa la, nukae míagblɔ? Edze kɔte be elɔ̃a ame, mekpɔa ame ŋkume o, esea veve ɖe ame nu, eye wònye dzɔdzɔetɔ. Ðe esia mewɔ ɖeka kple alesi woɖɔ Wɔla la Mose se oa?

Eɖe Amesi Ƒomevi Wònye Fia

8. Mɔ tɔxɛ ka nue Yehowa ɖea eɖokui fiaa mí le?

8 Gake mɔ bubu li si dzi míato anya mía Wɔla la nyuie wu—eyae nye to Biblia dzi. Esia le vevie ŋutɔ elabena nu geɖe li le eŋu si dzɔdzɔmeŋutinunya kple xexeame ƒe nɔnɔme mate ŋu aɖe fia gbeɖe o eye nu bubuwo li siwo me kɔ nyuie wu le Biblia me. Nu ɖeka aɖe si dzɔdzɔmeŋutinunya mate ŋu agblɔ na mí o ye nye Wɔla la ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ. Biblia koe yɔ Wɔla la ƒe ŋkɔ eye wògblɔ nusi wòfia na mí. Le Hebrigbe me Biblia siwo woŋlɔ kple asi me la, eƒe ŋkɔ si woŋlɔ kple xaxagbeɖiɖi ene si woate ŋu aŋlɔ be JHVH alo YHWH, si woyɔna le teƒe geɖe be Yehowa le Eʋegbe me dze ade zi 7,000 sɔŋ.—Mose II, 3:15; 6:3.

9. Nukae Wɔla la ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ fia, eye aleke míaƒo nya ta le esia gome?

9 Be míanya Wɔla la nyuie wu la, ehiã be míase egɔme be menye “Nuwɔŋusẽ Gbãtɔ” si menye ame o dzro ko alo “Menye” aɖe si meɖe dzesi gobii o ye wònye o. Eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ ɖee fia nenema. Woɖee tso Hebri-dɔwɔnya aɖe si gɔmee nye “zu nu” alo “va eme” me.a (Tsɔe sɔ kple Mose I, 27:29; Nyagblɔla 11:3.) Mawu ƒe ŋkɔ gɔmee nye “Enaa Wòvaa Eme” eye eɖo kpe edzi be eɖoa tame eye wòwɔa edzi hã. To eƒe ŋkɔa nyanya kple ezazã me la, míate ŋu adze sii nyuie wu be ewɔa eƒe ŋugbedodowo dzi eye wònaa eƒe tameɖoɖowo vaa eme.

10. Sidzedze vevi kae míate ŋu akpɔ tso nuŋlɔɖi si le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me?

10 Bibliae ana míadze si Mawu ƒe tameɖoɖowo kple eƒe amenyenye. Nuŋlɔɖi siwo le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me ɖee fia be ɣeaɖeɣi va yi la, ŋutifafa nɔ Mawu kple ameƒomea dome eye agbe didi si ŋu gɔmesese le nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ nɔ wo si. (Mose I, 1:28; 2:7-9) Le ɖekawɔwɔ me kple gɔmesese si le Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu la, míate ŋu aka ɖe edzi be atsi fukpekpe kple dziɖeleameƒo si le fu ɖem na amegbetɔwo ɣeyiɣi didi aɖee nye sia nu. Míexlẽ le eƒe tameɖoɖo ƒe emevava ŋu be: “Wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ la te, menye eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu o, ke le amesi bɔbɔe ɖe anyi la ŋuti hena mɔkpɔkpɔ. Eyata woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã . . . ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.”—Romatɔwo 8:20, 21.

11. Nukata wòle be míadzro Biblia me nuŋlɔɖiwo me, eye nya vevi kawoe dze le nuŋlɔɖi siawo dometɔ ɖeka me?

11 Biblia agate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya mía Wɔla nyuie wu elabena eɖe nusiwo wòwɔ kple blema Israel-viwo kple nusiwo woƒe nuwɔna na wòwɔ la fia. Kpɔ kpɔɖeŋu ɖeka si ku ɖe Elisa kple Naeman, amesi nye futɔ Siriatɔwo (Aramtɔwo) ƒe aʋafia ŋu ɖa. Ne èle nuŋlɔɖi sia si le Fiawo ƒe Agbalẽ Evelia, ta 5 xlẽm la, àkpɔe be Israel-nyɔnuvi si woɖe aboyoe xlɔ̃ nu be Elisa si le Israel ate ŋu ada Naeman ƒe anyidɔ nɛ. Naeman yi teƒea henɔ mɔ kpɔm be Elisa ato kɔnuwɔwɔ aɖe dzi alili asi ye ŋu ada dɔ na ye. Ðe ema teƒe la, Elisa gblɔ na Siriatɔ la be wòale tsi le Yordan-tɔsisi me. Togbɔ be eva hiã be Naeman ƒe dɔlawo naxlɔ̃ nui be wòaɖale tsia hã la, ehaya esi wòyi ɖale tsia. Naeman tsɔ nunana xɔasi aɖewo na Elisa, gake egbe wo xɔxɔ. Emegbe eƒe subɔvi wɔ dzadzadza yi Naeman gbɔ va da alakpa xɔ nu xɔasi aɖewo. Eƒe anukwaremaɖimaɖi na be wòdze anyidɔ. Enye nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi si ɖe amegbetɔ ƒe nɔnɔme fia—si me míate ŋu asrɔ̃ nu tsoe.

12. Nya kae míate ŋu agblɔ le Wɔla la ŋu tso Elisa kple Naeman ŋuti nuŋlɔɖia me?

12 Nu lédziname si dze le nuŋlɔɖia mee nye be xexeame katã Wɔla Gã ƒe nɔƒe mekɔkɔ akpa be wòado kpo ŋudzedze kpɔkpɔ ɖe nyɔnuvi sue ma ŋu o, wònye nusi to vovo kura na alesi wowɔa nu le nuto geɖe me egbea. Egaɖo kpe edzi hã be Wɔla la medea ameƒomevi aɖewo alo dukɔ ɖeka ko dzi o. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Enyo be míanya be togbɔ be míekpɔa mɔ be amewo nawɔ nugbenugbe le dɔdada me—si nye alesi blema “gbedalawo” kple egbetɔwo wɔna—hã la, Wɔla la ya ɖe nunya deto fia. Enya alesi wòada anyidɔ. Eɖe nunya kple dzɔdzɔenyenye hã fia be meɖe mɔ le ametafatafa ŋu wòdze edzi o. Ðe esia hã mewɔ ɖeka kple Yehowa ƒe amenyenye ŋu nya si wogblɔ Mose se oa? Togbɔ be Biblia me nuŋlɔɖi ma le kpuie hã la, nu gbogbo ka gbegbee nye si míate ŋu asrɔ̃ tso eme le amesi ƒomevi mía Wɔla nye ŋu!—Psalmo 33:5; 37:28.

13. Gblɔ alesi míate ŋu asrɔ̃ nu veviwo tso Biblia me nuŋlɔɖiwo me.

13 Nuŋlɔɖi bubu siwo ku ɖe Israel-viwo ƒe akpemadamadanu siwo wowɔ kple alesi Mawu wɔ nu ɖe wo ŋu, ɖo kpe edzi be Yehowa tsɔa ɖe le eme nyateƒe. Biblia gblɔ be Israel-viwo nɔ etetekpɔ dzi ɖaa, wodo dziku nɛ eye wona wòse veve. (Psalmo 78:40, 41) Eyata seselelãme le Wɔla la si eye etsɔ ɖe le nusiwo amewo wɔna me. Nu geɖe li míasrɔ̃ le nuŋlɔɖi siwo ku ɖe ame xɔŋkɔ aɖewo hã ŋu me. Esi Mawu tia Dawid be wòanye fia ɖe Israel-viwo nu la, Mawu gblɔ na Samuel be: “Amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.” (Samuel I, 16:7, 8) Ẽ, Wɔla la léa ŋku ɖe amesi míenye le ememe ŋu, menye míaƒe gotagome dzedzeme ko o. Aleke gbegbe esia na míaƒe dzi dze emee nye si!

14. Ne míele Hebri Ŋɔŋlɔawo xlẽm la, nukae míate ŋu awɔ wòaɖe vi na mí?

14 Woŋlɔ Biblia ƒe agbalẽ 39 do ŋgɔ na Yesu ŋɔli, eye anyo be míaxlẽ wo. Mele be esia nanye kple susu be míanya Biblia me nudzɔdzɔwo alo ŋutinya dzro ko o. Ne míedi le nyateƒe me be míanya amesi ƒomevi mía Wɔla nye la, ele be míade ŋugble le nuŋlɔɖi mawo ŋu, ɖewohĩ abu le tame be, ‘Nukae nudzɔdzɔ sia ɖe fia le eƒe amenyenye ŋu? Eƒe nɔnɔmewo dometɔ kae ɖe dzesi le afisia?’b Esia akpe ɖe ɖikelawo gɔ̃ hã ŋu be woakpɔe be agbalẽ si tso Mawu gbɔ koe Biblia anye, eye wònye gɔmeɖokpe si dzi woanɔ te ɖo ava nya Eŋlɔla lɔ̃amea nyuie wu.

Nufiala Gã aɖe Kpe Ðe Mía Ŋu be Míanya Wɔla La

15. Nukata wòle be Yesu ƒe nuwɔnawo kple nufiafiawo nanye nufiame na mí?

15 Enye nyateƒe be amesiwo meka ɖe edzi be Wɔla li o alo womenya nu gobi aɖeke le Mawu ŋu o la manya nu boo aɖeke tso Biblia ŋu o. Ðewohĩ èdo go ame aɖewo kpɔ siwo menya ne ɖe Mose dzɔ do ŋgɔ na Mateo loo alo Mateo ye dzɔ do ŋgɔ na Mose o, eye womenya nu boo aɖeke tso Yesu ƒe dɔwɔwɔwo alo eƒe nufiafiawo ŋu o. Esia wɔ nublanui ŋutɔ elabena Nufiala Gã Yesue fiaa nu geɖe ame tso Wɔla la ŋu. Esi wo kple Mawu wonɔ anyi kplikplikpli kpɔ ta la, ate ŋu aɖe amesi ƒomevi mía Wɔla la nye fia. (Yohanes 1:18; Korintotɔwo II, 4:6; Hebritɔwo 1:3) Eye eɖee fia hã. Le nyateƒe me la, egblɔ kpɔ be: “Amesi ke kpɔm la, ekpɔ Fofo la.”—Yohanes 14:9.

16. Nukae Yesu ƒe dzeɖoɖo kple Samaria-nyɔnu aɖe ɖe fia?

16 De ŋugble tso kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Gbeɖeka esi mɔzɔzɔ te ɖeɖi Yesu ŋu la, eƒo nu na Samaria-nyɔnu aɖe le Sixar gbɔto. Eƒo nu tso nyateƒe goglowo ŋu, eye wòte gbe ɖe alesi wòhiã be ‘woade ta agu na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me’ dzi. Yudatɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi menyina kple Samariatɔwo kura o. To vovo na ema la, Yesu ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ faa be yeaxɔ ŋutsu kple nyɔnu anukwaretɔ siwo tso dukɔ sia dukɔ me fia, abe alesi míede dzesii le Elisa kple Naeman ƒe nudzɔdzɔa me gɔ̃ hã ene. Ele be esia nana kakaɖedzi mí be Yehowa meda asi ɖe fuléle subɔsubɔhawo nuŋumabumabutɔe si bɔ ɖe xexeame egbea dzi o. Míagate ŋu ade dzesii be Yesu lɔ̃ faa fia nu nyɔnu, eye le go sia me la, nyɔnua le ŋutsu aɖe si menye srɔ̃a o gbɔ. Le esi teƒe be Yesu nabu fɔe la, ede bubu eŋu le mɔ si akpe ɖe nyɔnua ŋu ŋutɔŋutɔ nu. Emegbe Samariatɔ bubuwo va ɖo to Yesu eye woƒo nya ta be: “Míenya bena, ame siae nye xexeame xɔla vavã.”—Yohanes 4:2-30, 39-42; Fiawo I, 8:41-43; Mateo 9:10-13.

17. Nukae nudzɔdzɔ si ku ɖe Lazaro ƒe tsitretsitsi ŋu ɖe fia?

17 Mina míakpɔ kpɔɖeŋu bubu si fia alesi míate ŋu asrɔ̃ nu tso Wɔla la ŋu ɖa, to Yesu ƒe nuwɔnawo kple nufiafiawo me dzodzro me. Bu nusi dzɔ esime Yesu xɔlɔ̃ Lazaro ku ŋu kpɔ. Do ŋgɔ la, Yesu ɖo kpe edzi be ŋusẽ le ye si yeate ŋu agbɔ agbe ame kuku. (Luka 7:11-17; 8:40-56) Gake aleke wòwɔ nui esi wòkpɔ Lazaro nɔvinyɔnu Maria wònɔ konyi fam? Yesu ‘ƒe gbɔgbɔ xa nu eye wòte ɖe edzi.’ Mewɔ abe ɖe metsɔ ɖeke le eme ene alo gbe vevesese ɖeɖe fia o; ‘efa avi.’ (Yohanes 11:33-35) Eye esia menye seselelãme ɖeɖefia dzro ko o. Ewɔ dɔ ɖe Yesu dzi ŋutɔŋutɔ eye wòwɔ afɔɖeɖe—efɔ Lazaro ɖe tsitre. Àte ŋu akpɔ alesi nusia kpe ɖe apostoloawo ŋu wokpɔ Wɔla la ƒe seselelãmewo kple alesi wòwɔa nui dze sii le susu me. Ele be wòakpe ɖe mía kple ame bubuwo hã ŋu be míase Wɔla la ƒe amenyenye kple eƒe mɔwo gɔme.

18. Aleke wòle be amewo nase le wo ɖokui me ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu?

18 Susu aɖeke meli si ta Biblia-sɔsrɔ̃ kple nu geɖe sɔsrɔ̃ le mía Wɔla ŋu nakpe ŋu na mí o. Menye tsigadzigbalẽ aɖee Biblia nye o. Yohanes nye ame aɖe si srɔ̃e eye wòzu Yesu xɔlɔ̃ vevi. Eŋlɔ emegbe be: “Míenyae bena, Mawu ƒe Vi la va, eye wòna gɔmesese mí, bene míanya nyateƒetɔ la; eye míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la.” (Yohanes I, 5:20) De dzesii be “gɔmesese” ŋudɔwɔwɔ bene míadze si “nyateƒetɔ la,” si nye Wɔla la, ate ŋu akplɔ mí ayi “agbe mavɔ” me.

Aleke Nàkpe Ðe Amewo Ŋu be Woasrɔ̃ Nu tso Eŋu?

19. Nukae wowɔ be woatsɔ akpe ɖe ɖikelawo ŋu?

19 Ehiã agbagbadzedze geɖe hafi ame aɖewo naxɔ edzi ase be Wɔla veveseɖeamenula si tsɔ ɖe le eme na mí la li eye be woanya amesi ƒomevi wònye. Ame miliɔn geɖe li siwo gakea ɖi le Wɔla la ƒe anyinɔnɔ ŋu alo woƒe susu mesɔ kple Biblia tɔ le eŋu o. Aleke nàwɔ akpe ɖe wo ŋu? Le Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe 1998/99 nutome gã kple dukɔwo dome takpekpewo me la, woɖe dɔwɔnu nyui aɖe ɖe go le gbegbɔgblɔ geɖe me si nye—Is There a Creator Who Cares About You? ƒe agbalẽa.

20, 21. (a) Aleke míate ŋu azã Creator-gbalẽa dzidzedzetɔe? (b) Ƒo nu tso alesi Creator-gbalẽa ɖe vi na amewo xoxo ŋu.

20 Enye agbalẽ si adzi Wɔwòla la dzixɔxɔse kple wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe amenyenye kple mɔwo ŋu ɖe edzi. Nukatae míeka ɖe edzi alea? Elabena taɖodzinu siawoe wotsɔ ŋlɔ agbalẽ sia si nye Is There a Creator Who Cares About You? lae. Nya vevi si dze le agbalẽa katã mee nye, “Nukae ate ŋu ana gɔmesese nanɔ wò agbenɔnɔ ŋu ɖe edzi?” Wogblɔ emenyawo le mɔ si avivi na amesiwo de suku yi ŋgɔ nu. Gake egaƒo nu tso nusiwo dzroa mí katã ŋu. Nya siwo woŋlɔ na amesiwo kea ɖi le Wɔla la ƒe anyinɔnɔ ŋu si xexlẽ avivi eye wòana woaxɔ edzi ase la le eme. Womeŋlɔ agbalẽa kple susu be exlẽlawo xɔe se be Wɔla la li o. Alesi woƒo nu tso dzɔdzɔmeŋutinunya me nufɔfɔ kple nukpɔsusu yeyewo ŋu awɔ dɔ ɖe ɖikelawo dzi. Nyateƒe mawo ado ŋusẽ amesiwo xɔ Mawu dzi se ƒe xɔse gɔ̃ hã.

21 Ne èle agbalẽ sia srɔ̃m la, àkpɔe be eƒe akpa aɖewo ƒo nu kpuie tso Biblia ƒe ŋutinya ŋu le mɔ si ɖe Mawu ƒe amenyenye vovovowo fia nu, eye esia akpe ɖe exlẽlawo ŋu be woanya Mawu nyuie wu. Ame geɖe siwo xlẽe xoxo ƒo nu tso alesi esia nye nyateƒe le wo gome ŋu. (Kpɔ nyati si kplɔe ɖo, axa 25-6.) Neva eme na wò hã nenema esi nèle agbalẽa xlẽm eye nèle ezãm tsɔ le kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu be woanya wo Wɔla nyuie wu.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a  Yesutɔ agbalẽnyalagã M. J. Gruenthaner si nye The Catholic Biblical Quarterly gbalẽ me tola la, gblɔ le dɔwɔnya sia ŋu abe alesi wògblɔ tso dɔwɔnya ma ƒomeviwo ŋu ene be, “mefiaa nu gbɔlo aɖe ko ƒe anyinɔnɔ gbeɖe o ke efiaa nu ŋutɔŋutɔ alo nusi wodzea si, si fia nusi dzena wokpɔna.”

b Ne dzilawo le Biblia me nudzɔdzɔwo gblɔm na wo viwo la, woate ŋu akpe ɖe ɖeviawo ŋu to nya siawo biabia me. Awɔe be sɔhɛwo nanya Mawu nyuie wu, eye woasrɔ̃ alesi woade ŋugble le eƒe Nya ŋu hã.

Ède Dzesi Woa?

◻ Aleke Mose va nya Yehowa nyuie wu le Sinai-toa dzi?

◻ Nukata Biblia-sɔsrɔ̃ kpena ɖe ame ŋu le amesi ƒomevi Mawu nye nyanya me?

◻ Ne míele Biblia xlẽm la, nukae míate ŋu awɔ be míate ɖe mía Wɔla la ŋu ɖe edzi?

◻ Mɔ ka nue nèɖoe be yeazã Creator-gbalẽa le?

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Nukae míaƒe ametia ƒe dɔlélenutsitsi ŋutete ɖe fia le mía Wɔla ŋu?

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Ƒu Kukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo ƒe akpa aɖe si me woɖe Mawu ƒe ŋkɔ le Hebri Ŋɔŋlɔdzesi ene me fia le

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy of the Shrine of the Book, Israel Museum, Jerusalem

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Yesu wɔ nu ɖe Maria ƒe konyifafa ŋu me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe