INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 4/15 axa 3
  • Ðe Fukpelawo Ava Kpɔ Gbɔdzɔe Gbaɖegbea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Fukpelawo Ava Kpɔ Gbɔdzɔe Gbaɖegbea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Ŋutifafa Mawu la” Tsɔ Ðe Le Eme na Fukpelawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Gae Nana Wokpɔa Dzidzɔ Vavãtɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Metsi Megbe Akpa O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Mi̇́edi Fiaɖuƒe La Gbãgbiagbã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 4/15 axa 3

Ðe Fukpelawo Ava Kpɔ Gbɔdzɔe Gbaɖegbea?

ÀDI be yeakpɔe fukpekpe, menye tɔwò ɖeɖeko o, ke ameƒomea katã tɔ hã, nu nayia? Bu kpɔɖeŋu siawo ŋu kpɔ:

Sonia to fukpekpe geɖe me ŋutɔ.a Gbã la, eva de dzesii be ye srɔ̃ nɔ ahiã wɔm ƒe ewoe nye ma. Emegbe eƒe dɔmlɔe ŋutsuvi xɔ HIV eye AIDS wui. Ƒe eve megbe la, viaŋutsu bubu dze dɔ, eye eteƒe medidi hafi AIDS wu eya hã o. Sonia ɖo ŋku edzi gblɔ be: “Eƒe dɔléle ƒe akpa mamlɛa tsi eŋu ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔ. Elé blanui ale gbegbe, ɖa vɔ le ta nɛ, eye megate ŋu kpɔa nu nyuie o. Nublanuinya ŋutɔ wònye.”

Fabiana si le Brazil-yunivɛsiti dem la xa nu vevie le hadome numadzɔmadzɔwɔwɔ siwo le xexeame la ta. Emegbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe eya ŋutɔ dzi. Nɔviaŋutsu si dzi nu te ɖo vevie la wu eɖokui. Esi dɔ ge le Fabiana si la, exɔlɔ̃ aɖe ɖo aɖaŋu nɛ be wòayi aɖakpɔ pai-de-santo (bokɔnɔ), esi wòsusu be ame aɖee anya wɔ nu Fabiana eyatae dzɔgbevɔ̃e le dzɔdzɔm ɖe edzi nenema ɖo ta! Gake pai-de-santo hã mena dzidzemee o. Fabiana kpɔe boŋ be fu ko kpem yenɔ, eye yemete ŋu le alɔ̃ dɔm o le yeƒe xaxawo ta.

Ana ƒe fukpekpe dze egɔme kaba ŋutɔ le eƒe ɖevime. Egblɔ be: “Esi mexɔ ƒe ɖeka ko la, danye si dzo le gbɔnye, eyata mamanye va xɔm.” Emegbe esi Ana xɔ ƒe etɔ̃ ko la, mamaa ku. Wokplɔ Ana yi tsyɔ̃eviwo dzikpɔƒe le Rio de Janeiro, afisi wònɔ xɔ ƒe 13. Egblɔ be: “Wowɔ ŋlɔmi le mía ŋu vevie le afima, eyata meva dze aglã. Esi menɔ tsitsim la, meva tsia tre ɖe nusianu kloe ŋu.”

Edze abe fukpekpe kpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔ ɖesiaɖe ƒe agbe dzi le mɔ aɖe nu kokoko ene. Le nyateƒe me ne míele nyadzɔdzɔwo kpɔm, le wo xlẽm, alo le wo sem la—míesea amegbetɔ ƒe fukpekpe gbesiagbe ŋu nyawo. Ðk. Mary Sykes Wylie gblɔ be: “Esi kadodomɔnuwo va le amehawo dome . . . le mía ŋɔli la, maganya wɔ be woasi le nya vɔ̃wo sese ɣesiaɣi nu o. Aʋawɔwɔwo, dzɔdzɔmefɔkuwo, mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒewo ƒe afɔkuwo, ʋuwo ƒe anyidzedze, nuvlowɔwɔ, ŋɔdzidoname, gbɔdɔdɔ manɔsenu, nyɔnugbɔdɔdɔ sesẽe, ŋutasesẽ le ame ŋu le aƒeme—nusiawo katã dzia fu ɖe edzi gbesiagbe le ƒe alafa 20 lia sia me.” Kristotɔ apostolo Paulo gblɔ amegbetɔ ƒe fukpekpe wòsɔ nyuie be: “Nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum.”—Romatɔwo 8:22.

Ke wò ya ɖe? Èle fu kpema? Gbɔdzɔe kae nàte ŋu akpɔ mɔ na? Ànɔ ŋutifafa vavã me gbaɖegbea? Sonia, Fabiana, kple Ana wova kpɔ akɔfafa vavã kple ŋutifafa aɖe! Àte ŋu axlẽ nu tso eŋu le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe