Ènyaa?
Nu ka tae Korintotɔwo ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒo nu tso lã siwo wotsɔ sa vɔ na trɔ̃wo ɖuɖu ŋu?
▪ Apostolo Paulo gblɔ be: “Nu sia nu si wodzrana le lãsi me la, minɔ eɖum, eye migabia eta se o le miaƒe dzitsinya ta.” (1 Korintotɔwo 10:25) Afi kae wotsɔa lã mawo tso vana asia me?
Enye kɔnu vevi aɖe na Helatɔwo kple Romatɔwo be woatsɔ lãwo asa vɔe le woƒe trɔ̃xɔwo me, gake menye lã siwo wotsɔ sa vɔe la katãe woɖuna le kɔnua wɔɣi o. Ne lã aɖe susɔ la, wotsɔnɛ va dzrana le lãsi me. Agbalẽ aɖe (Idol Meat in Corinth) gblɔ be: “Wogayɔa ame siwo wɔa dɔ le trɔ̃kpɔa . . . me la be nuɖalawo kple/alo lãwulawo. Woawoe wua lã siwo wotsɔna saa vɔe, eye wotsɔa esi woka na wo la ƒe ɖe va dzrana le lãsi me.”
Eya ta menye lã siwo wotsɔ sa vɔe le trɔ̃ƒe la ƒe susɔe kokokoe wova dzrana le asi me o. Esi woku afi si lãsi (si woyɔna le Latingbe me be macellum) aɖe nɔ le Pompeii la, woke ɖe alẽ blibowo ƒe ƒuwo ŋu. Agbalẽnyala Henry J. Cadbury gblɔ be esia ate ŋu afia be “ɖewohĩ wotsɔa lã gbagbewo va dzrana le asia me, eye ate ŋu anye hã be wowua wo le asia me alo wowua wo hetsɔa wo saa vɔ le trɔ̃xɔ me hafi tsɔa woƒe ɖe va dzrana.”
Nu si dzi Paulo di be yeate gbe ɖoe nye be, togbɔ be mele be Kristotɔwo nasubɔ trɔ̃ o hã la, ne woɖu lã si wotsɔ tso trɔ̃xɔ me va dzra la, mefia kokoko be wosubɔ trɔ̃ o.
Nu ka tae le Yesu ŋɔli la, Yudatɔwo kple Samariatɔwo menyina o?
▪ Yohanes 4:9 gblɔ be “Yudatɔwo kple Samariatɔwo menyina o.” Edze abe dzre sia dze egɔme tso keke esime Yerobeam ɖo trɔ̃subɔsubɔ anyi ɖe to ewo siwo ƒo ƒu wɔ Israel fiaɖuƒea me la ene. (1 Fiawo 12:26-30) Samariatɔwo tso Samaria, si nye dziehe fiaɖuƒea ƒe fiadu. Esi Asiriatɔwo ɖu to ewoawo dzi le ƒe 740 D.M.Ŋ. la, wokplɔ amedzrowo, siwo nye trɔ̃subɔlawo la, vae be woanɔ Samaria dua me. Amedzro siawo dometɔ aɖewo va ɖe dua me vi dzidziwo, eye edze ƒãa be esiae gagblẽ Samariatɔwo ƒe subɔsubɔ ɖe edzi.
Ƒe alafa aɖewo megbe, esi Yudatɔ siwo trɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon la di be yewoagbugbɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ atu, eye yewoagbugbɔ Yerusalem gliawo aɖo la, Samariatɔwo tsi tsitre ɖe wo ŋu. (Ezra 4:1-23; Nexemiya 3:33-4:2) Subɔsubɔhawo dome dzre sia nu gasẽ ɖe edzi esime Samariatɔwo tu woƒe gbedoxɔ ɖe Gerizim To dzi anye le ƒe alafa enelia D.M.Ŋ. me.
Le Yesu ŋɔli la, ne amewo se nya “Samariatɔ” la, woƒe susu yia subɔsubɔha dzi, ke menye nuto si me wole la dzi o; kɔmama aɖe si me tɔwo nɔ dzidzim ɖe edzi le Samaria la me tɔwoe woyɔna nenema. Samariatɔwo gadea ta agu le Gerizim To dzi ɣemaɣi, eye Yudatɔwo medea bubu aɖeke wo ŋu, ke boŋ woɖia gbɔ wo.—Yohanes 4:20-22; 8:48.
[Nɔnɔmetata si le axa 12]
Anyikpememe gbabɛ si dzi wota ale si wotsɔ lãwo sa vɔe ɖo, ƒe alafa adelia D.M.Ŋ.
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Musée du Louvre, Paris
[Nɔnɔmetata si le axa 12]
Yerobeam ɖo trɔ̃subɔsubɔ anyi