‘Miaƒe Agbagbadzedze Menye Dzodzro O’
1 Nya dedziƒoname ka gbegbee nye si! Agbagba siwo dzem nèle le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me menye dzodzro o. (Kor. I, 15:58) Gake de ŋugble le alesi amewo wɔa dɔ kutrikukutɔe ɣeyiɣi didi be woƒe ɖoƒe, alo ganyawo nanyo ɖe edzi ŋu kpɔ. Woate ŋu ade suku kɔkɔ ƒe gbogbo aɖewo, alo awɔ dɔ ŋkubiãtɔe be nu nadze edzi na yewo le ŋutilã me. Gake “azãgbe kple nuɖiɖeame” ate ŋu awɔe be womaɖo bubunɔƒe kɔkɔ si dim wole gbeɖe o, alo nyawuame ate ŋu awɔe be woatsɔ ŋutilãmenu si wokpɔ la nenema togbɔ be mede esi dim wole nu kura o hã. Woƒe agbagbadzedzewo zua tofloko si nye “dagbadagba ɖe ya me.” (Nyagb. 1:14; 9:11) Ekema aleke gbegbe wòle vevie enye si be míawɔ geɖe le dɔ ɖeka kolia si manye dzodzro o le esi asixɔxɔ mavɔ le eŋu ta la me!
2 Dɔ si Ŋu Asixɔxɔ Ŋutɔŋutɔ Le: Gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia nye dɔ vevitɔ kekeake si wɔm wole le xexeame. Enye dɔ si wòle be woawɔ ne amewo ɖo to alo womeɖo to o. Míedi be míate ŋu agblɔ abe alesi Paulo gblɔe ene be: “Ŋutinye kɔ tso amewo katã ƒe ʋu me. Elabena nyemegbe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo blibo la katã gbɔgblɔ fia mi o.”—Dɔw. 20:26, 27.
3 Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònyena ne amewo ɖo to hewɔ ɖe Fiaɖuƒegbedasia dzi! Ðetugbi aɖe nɔɖi ku. Ede ŋugble le afisi nɔɖia yi ŋu—dziƒoe wòyi loo alo dzomavɔ me yea? Ezã ŋkɔ Yehowa tsɔ do gbe ɖa bia kpekpeɖeŋu Mawu, abe alesi nɔvianyɔnu fiae be wòawɔ ene. Eteƒe medidi o edze Biblia sɔsrɔ̃ kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede gɔme. Nukpɔsusu yeye kura su esi le agbe ŋu eye wòtso kadodo me kple ablɔdzinuvlowɔhawo. Ðetugbia dzudzɔ atamanono, atike vɔ̃ɖiwo zazã, kple fififi. Egblɔ be: “Lɔlɔ̃ na Yehowa koe na medzudzɔ agbe baɖa mawo nɔnɔ. Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ gã koe te ŋu na agbe mavɔ mɔkpɔkpɔm.” Fifia megatia numaɖinuwo yome o.
4 Ne amewo gbe toɖoɖo gɔ̃ hã la, wò dɔa ɖea vi kokoko. Wonya be Yehowa Ðasefowo va srã yewo kpɔ. Esia ɖoa kpe wò nuteƒewɔwɔ, anukwareɖiɖi, kple lɔlɔ̃ dzi. Eyata ɖe wò agbagbadzedze le aƒetɔ la ƒe dɔa me nye dzodzroa? Gbeɖe!