Agbenɔnɔ Ðe Míaƒe Adzɔgbeɖeɖe Nu ‘Gbesiagbe’
“Ne ame aɖe le didim be, yeadze yonyeme la, negbe nu le ye ŋutɔ gbɔ, eye wòatsɔ eƒe [fuwɔameti] gbawotsyogbe, eye wòadze yonyeme.”—LUKA 9:23.
1. Mɔ kawoe nye esiwo nu míato akpɔ dzidzedze si kpɔm míele le Kristotɔnyenye me dometɔ ɖeka?
“ADZƆGBEÐELAWOE míenye vavãa?” John F. Kennedy, United States Dukplɔla 35 lia, gblɔ be nyabiase sia ƒe ŋuɖoɖo nye nu vevi aɖe si woatsɔ adzidze dziɖuɖumegãwo ƒe dzidzedzekpɔkpɔe. Nyabiase sia ƒe gɔmesese si de to wu ate ŋu anye nusi woatsɔ ado mí Kristotɔ subɔlawo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ kpɔe.
2. Aleke nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe nya “adzɔgbeɖeɖe” gɔmee?
2 Gake nukae nye adzɔgbeɖeɖe ya? Webster’s Ninth New Collegiate Dictionary ɖe egɔme be enye “adzɔgbeɖeɖe na mawu aɖe alo ŋudɔwɔwɔ kɔkɔe aɖe ƒe wɔna alo kɔnu,” “nu tsɔtsɔ na alo nu ɖoɖo ɖi na taɖodzinu aɖe koŋ,” “ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe ɖokuitsɔtsɔna.” Ewɔ abe “ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe ɖokuitsɔtsɔna” ye John F. Kennedy zã nya la tsɔ nɔ fiafiam ene. Le Kristotɔ gome la, adzɔgbeɖeɖe fia nu geɖe wu ema.
3. Nukae nye Kristotɔwo ƒe adzɔgbeɖeɖe?
3 Yesu Kristo gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne ame aɖe lɔ̃ bena, yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ ɖokui gbɔ, ne wòatsɔ eƒe [fuwɔameti] la, eye wòadze yonyeme.” (Mateo 16:24) Be woaɖe ame ɖokui ɖe vovo hena Mawu ƒe ŋudɔwɔwɔ mefia subɔsubɔnu aɖe wɔwɔ le Kwasiɖagbe alo ne woɖi tsa yi tadeaguƒe aɖe ko o. Eku ɖe ame ƒe agbenɔnɔ blibo la katã ŋu. Be woanye Kristotɔ la fia be woagbe nu le ame ɖokui gbɔ anɔ Yehowa, Mawu, si Yesu Kristo subɔ la subɔm. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Kristotɔ tsɔa eƒe ‘fuwɔameti’ ne edoa dzi le fukpekpe ɖesiaɖe si Kristo yomedzela nyenye hena vaa edzi la me.
Kpɔɖeŋu Deblibo La
4. Nukae Yesu ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ tsi tre ɖi na?
4 Le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la, eɖe nusi ame ɖokui tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe na Yehowa fia la fia. Egblɔ eƒe seselelãmewo be: “Vɔsawo kple nunanawo mèdi o, ke boŋ ŋutilã nèdzra ɖo nam.” Eye egblɔ kpee be: “Kpɔ ɖa, megbɔna, agbalẽ me woŋlɔ nya ɖo le ŋutinye be, oo Mawu, wò lɔlɔ̃nu mawɔ!” (Hebritɔwo 10:5-7) Esi wònye dukɔ ɖeadzɔgbe me tɔ ta la, ezu amesi ɖe adzɔgbe na Yehowa tso edziɣi ke. Gake hã le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze me la, etsɔ eɖokui na hena nyɔnyrɔ̃xɔxɔ abe eɖokuitsɔtsɔna be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu, si abia le eya gome be wòatsɔ eƒe agbe ana tafevɔsae, ƒe dzesi ene. To esia wɔwɔ me la, eɖo kpɔɖeŋu ɖi na Kristotɔwo be woawɔ nusianu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.
5. Aleke Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi le alesi míabu ŋutilãmenuwoe me?
5 Le Yesu ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ vɔ megbe la, enɔ agbe si va wu enu mlɔeba ɖe vɔsaku me. Medi be yeanɔ agbe si ana yeakpɔ kesinɔnu alo be yeanɔ dzidzemegbe bɔkɔɔ o. Ke boŋ eƒe subɔsubɔdɔae nye nu vevitɔ nɛ le eƒe agbe me. Exlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be ‘woanɔ fiaɖuƒea kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye didi dzi gbãgbiagbã,’ eye eya ŋutɔ nɔ agbe wòsɔ ɖe nya siawo nu. (Mateo 6:33) Egblɔ kpɔ ɣeaɖeɣi gɔ̃ hã be: “Abeiwo kpɔ dowo, eye dziƒoxeviwo hã kpɔ atɔwo; ke Amegbetɔvi la mekpɔ afisi wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.” (Mateo 8:20) Ate ŋu atrɔ asi le eƒe nufiafiawo ŋu atsɔ adu ga le eyomedzelawo si hafi. Esi wònye atikpalae wònye la, ate ŋu akpa zikpui nyui aɖe adzra akpɔ klosalo aɖewo akpee hafi. Gake mezã eƒe dɔnyanya tsɔ di ŋutilãmenudzedzinamee o. Mí amesiwo nye Mawu subɔla adzɔgbeɖelawo, ɖe míele Yesu srɔ̃m le nukpɔsusu nyuitɔ ƒe amesinɔnɔ le ŋutilãmenuwo ŋu mea?—Mateo 6:24-34.
6. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu le alesi míanye subɔla ɖokuitsɔsavɔla siwo tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu mee?
6 Esi Yesu tsɔ Mawu subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ la, medi eya ŋutɔ ɖokui tɔ o. Ðokuitsɔtsɔsavɔgbee wònɔ le eƒe ƒe etɔ̃ kple afã ƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa me. Gbeɖeka, esi vovo menɔ Yesu ŋu kura o, eye mekpɔ asinu ɖu nu gɔ̃ hã o la, elɔ̃ faa be yeafia nu amesiwo ƒe “lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene.” (Mateo 9:36; Marko 6:31-34) Togbɔ be ‘mɔzɔzɔ te ɖeɖi eŋu’ hã la, etso le eɖokui si ƒo nu na Samaria-nyɔnu aɖe si va Yakob ƒe vudo to le Sixar. (Yohanes 4:6, 7, 13-15) Etsɔ ame bubuwo ƒe nyonyo ɖoa ŋgɔgbe na eɖokui tɔ ɣesiaɣi. (Yohanes 11:5-15) Míate ŋu asrɔ̃ Yesu ne míelɔ̃na faa tsɔa nusiwo anye viɖenuwo na mí la saa vɔe be míasubɔ Mawu kple ame bubuwo. (Yohanes 6:38) Ne míebua alesi míate ŋu adze Mawu ŋui le nyateƒe me ke menye be míawɔ nusi wodi tso mía si ƒe suetɔ ko o la, ke míele agbe nɔm ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe nu.
7. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu le bubu tsɔtsɔ na Yehowa ɣesiaɣi mee?
7 Esi Yesu nɔ kpekpem ɖe amewo ŋu la, menye ɖe wònɔ ewɔm be yeatsɔ ahe susu ava ye ɖokui dzi kura o. Mawu kpakple Eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe wòtsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na. Eyata ekpɔ egbɔ ɣesiaɣi be ye Fofo Yehowa xɔ nusianu si yewɔ la ƒe ŋutikɔkɔe katã. Esi dziɖula aɖe yɔe be “Nufiala Nyui” eye wònɔ nya “nyui” la zãm abe dzesideŋkɔ ene la, Yesu ɖɔe ɖo esi wògblɔ be: “Ame aɖeke mele nyui o, negbe Mawu ɖeka ko.” (Luka 18:18, 19; Yohanes 5:19, 30) Ðe míele abe Yesu ene eye míetrɔa bubu si woade mía ŋu la ɖa kaba ɖona ɖe Yehowaa?
8. (a) Aleke Yesu ɖe eɖokui ɖa tso xexeame gbɔe le eƒe adzɔgbeɖeɖe ta? (b) Aleke wòle be míasrɔ̃e?
8 Le Yesu ƒe adzɔgbeɖeɖegbenɔnɔ katã me le anyigba dzi la, eɖee fia be yeɖe ye ɖokui ɖi koŋ na Mawu subɔsubɔ. Elé eɖokui dzadzɛ ale be wòate ŋu atsɔ eɖokui ana abe “alẽvi, si ŋu mokaka kple kpɔtsotso mele o” ene ale be wòanye tafevɔsa la. (Petro I, 1:19; Hebritɔwo 7:26) Ewɔ ɖe Mose ƒe Sea ƒe gɔmeɖosewo katã dzi, eye wòto esia wɔwɔ me na Se ma va eme. (Mateo 5:17; Korintotɔwo II, 1:20) Enɔ agbe ɖe nusi eya ŋutɔ fia le agbenyuinɔnɔ ŋu la nu. (Mateo 5:27, 28) Ame aɖeke mete ŋu bu fɔe le nyateƒe me be susu vɔ̃wo nɔ eme o. Le nyateƒe me la, ‘elé fu madzɔmadzɔnyenye.’ (Hebritɔwo 1:9) Mí Mawu ƒe kluviwo, mina míasrɔ̃ Yesu le alesi míana míaƒe agbenɔnɔ kple míaƒe dzimesusuwo gɔ̃ hã nanɔ dzadzɛ le Yehowa ŋkume la me.
Nuxlɔ̃amekpɔɖeŋuwo
9. Nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu kae Paulo gblɔ, eye nukatae wòle be míatsɔ kpɔɖeŋu sia ayi ŋugble me?
9 Israel-viwo ƒe agbenɔnɔ si to vovo na alesi Yesu nɔ agbee la nye nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu na mí. Esi wogblɔ be yewoawɔ nusiwo katã Yehowa gblɔ be yewoawɔ megbe gɔ̃ hã la, wodo kpo eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. (Daniel 9:11) Apostolo Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woasrɔ̃ nu tso nusi dzɔ ɖe Israel-viwo dzi me. Mina míadzro nudzɔdzɔ siwo ŋu Paulo ƒo nu tsoe le eƒe agbalẽ gbãtɔ si wòŋlɔ na Korintotɔwo me la dometɔ aɖewo me eye míakpɔ afɔku aɖewo siwo wòle be Mawu subɔla adzɔgbeɖelawo nade axa na le míaƒe ɣeyiɣia me la ɖa.—Korintotɔwo I, 10:1-6, 11.
10. (a)Aleke Israel-viwo ‘dzro nu vɔ̃ɖiwoe’? (b) Nukatae Israel-viwo ƒe vodada zi evelia si woli liʋiliʋi le nuɖuɖu ŋu lolo wu, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu sia me?
10 Gbã, Paulo gblɔ be míaganye “nu vɔ̃ɖi dzrolawo” o. (Korintotɔwo I, 10:6) Esia ana nàɖo ŋku ɣeyiɣi si me Israel-viwo li liʋiliʋi be mana koe nye nu yewole ɖuɖum la dzi na wò. Yehowa ɖo tegli ɖe wo. Nu ma tɔgbe aɖe dzɔ le Sin-gbedzi, ɣeyiɣi kpui aɖe hafi Israel-viwo gblɔ woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa. (Mose II, 16:1-3, 12, 13) Gake nɔnɔmeawo to vovo vie. Esi Yehowa na tegliawo zi gbãtɔ la, mehe to na Israel-viwo ɖe woƒe liʋiliʋililia ta o. Gake fifia ya nuwo trɔ. “Lã la mekpɔ do le aɖu tame na wo woahayi wo katã ɖu ge avɔ o, tete Yehowa do dzɔmedzoe ɖe dukɔ la ŋu, eye Yehowa na dɔ vɔ̃ɖi aɖe ɖo dukɔ la dome.” (Mose IV, 11:4-6, 31-34) Nukae trɔ le afisia? Esi wozu dukɔ si ɖe adzɔgbe la, wobia akɔnta tso wo si azɔ. Woƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe Yehowa ƒe nunanawo ŋu na woli liʋiliʋi le Yehowa ŋu, togbɔ be wodo ŋugbe be yewowawɔ nusianu si Yehowa gblɔ gake! Nenema ke liʋiliʋilili le Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu egbea hã le. Ame aɖewo mekpɔa ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenunana siwo Yehowa nana to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi ŋu o. (Mateo 24:45-47) Gake miɖo ŋku edzi be míaƒe adzɔgbeɖeɖe la bia tso mía si be míatsɔ akpedada aɖo ŋku nusiwo Yehowa wɔ na mí la dzi eye míaxɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu si nam Yehowa le.
11. (a) Aleke Israel-viwo tsɔ trɔ̃subɔsubɔ ƒo ɖi woƒe Yehowa subɔsubɔe? (b) Aleke trɔ̃subɔsubɔ ƒomevi aɖe ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii?
11 Paulo yi nuxɔxlɔ̃a dzi be: “Migazu trɔ̃subɔlawo abe wo dome ame aɖewo ene o.” (Korintotɔwo I, 10:7) Anye nyivisubɔsubɔ si yi edzi esime Israel-viwo bla nu kple Yehowa le Sinai-toa gbɔ vɔ megbe teti ŋue apostoloa nɔ nu ƒom le. Ðewohĩ àgblɔ be, ‘Nye Yehowa subɔla si tsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbe nyemasubɔ trɔ̃ gbeɖe o.’ Gake de dzesii be le Israel-viwo ƒe nukpɔsusu nu la, womedzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o; gake wotsɔ nyivisubɔsubɔ de eme—esi nye ŋunyɔnu na Mawu. Nukawoe wowɔ le subɔsubɔ sia me? Dukɔa sa vɔ le nyivia ŋkume, eye ‘wobɔbɔ nɔ anyi, ɖu nu, eye wono nu. Emegbe wotsi tre de asi fefe me.’ (Mose II, 32:4-6) Egbea ame aɖewo agblɔ be yewole Yehowa subɔm. Gake nu vevitɔ le woƒe agbe me anye vivisese le xexe sia me nuwo me, ke menye Yehowa subɔsubɔ o, eye wodzea agbagba be yewoƒe Yehowa subɔsubɔ nakplɔ nusiawo ɖo. Nyateƒee, esia megblẽ de nyivisubɔsubɔ nu ya o, gake le nuwɔna me ŋutɔŋutɔ la, wo kplii dome medidi boo o. Ame ŋutɔ ƒe nudzodzro tsɔtsɔ wɔ mawui to vovo sãa na ame ɖokui tsɔtsɔ ɖe adzɔgbee na Yehowa.—Filipitɔwo 3:19.
12. Nukae míesrɔ̃ tso nugbegbe le mía ɖokui gbɔ ŋu le nusi dzɔ ɖe Israel-viwo dzi le Baal-Peor subɔsubɔ me?
12 Modzakaɖeɖe ƒomevi aɖe hã dze le nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu si Paulo yɔ kplɔe ɖo me. “Migana míawɔ ahasi, abe alesi wo dome ame aɖewo wɔ ahasi, eye ame akpe blave vɔ etɔ̃ tsrɔ̃ le ŋkeke ɖeka dzi ene la o.” (Korintotɔwo I, 10:8) Moab-nyɔnuviwo do agbegbegblẽnɔnɔ ƒe vivisese ɖe Israel-viwo gbɔ tsɔ ble woe wova de ta agu na Baal-Peor le Sitim. (Mose IV, 25:1-3, 9) Nugbegbe le mía ɖokui gbɔ be míawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu bia hã be míaxɔ eƒe dzidzenuwo le nusi le dzadzɛ le agbenyuinɔnɔ gome. (Mateo 5:27-30) Le ɣeyiɣi sia si me agbenɔnɔ ƒe dzidzenuwo le to yim me la, woɖoa ŋku edzi na mí be ele vevie be mía ŋuti nakɔ tso agbegbegblẽnɔnɔ ƒomevi ɖesiaɖe me, eye míabɔbɔ mía ɖokui ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ te be wòatso nya me le nyui kple vɔ̃ ŋu na mí.—Korintotɔwo I, 6:9-11.
13. Aleke Pinehas ƒe kpɔɖeŋu kpe ɖe mía ŋu be míase nusi adzɔgbeɖeɖe na Yehowa bia la gɔme?
13 Togbɔ be ahasiwɔwɔ ƒe mɔ̃ ɖe ame geɖe le Sitim hã la, wo dometɔ aɖewo nɔ agbe ɖe adzɔgbe si dukɔa ɖe na Yehowa nu. Wo dometɔ aɖe si ŋkɔe nye Pinehas ɖe dzonɔameme si tɔgbe mebɔ o fia. Esi Pinehas kpɔ Israel-megã aɖe kplɔ Midian-nyɔnu aɖe va agbadɔa me la, etsɔ akplɔ tɔ wo wòdo ɖe egodo enumake. Yehowa gblɔ na Mose be: “Pinehas, . . . na nye dɔmedzoe nu fa ɖe Israel-viwo ŋu, elabena eʋã ŋu ɖe nunye le wo dome; eyaŋuti nyemeʋã ŋu tsrɔ̃ Israel-viwo o.” (Mose IV, 25:11) Mɔmaɖemaɖe be woawɔ ŋuʋaʋãnu aɖeke ɖe Yehowa ŋu o—eyae nye nusi adzɔgbeɖeɖe fia. Míate ŋu aɖe mɔ naneke naxɔ teƒe si wòle be adzɔgbeɖeɖe na Yehowa naxɔ le míaƒe dzi me o. Míaƒe dzonɔameme ɖe Yehowa ŋu hã ʋãa mí be míana hamea nanɔ dzadzɛ to alesi míagblɔ nugbegblẽwɔwɔ gãwo na hamemegãwo, eye míaŋe aɖaba aƒu wo dzi o me.
14. (a)Aleke Israel-viwo do Yehowa kpɔe? (b) Aleke adzɔgbeɖeɖe na Yehowa si de blibo kpena ɖe mía ŋui be ‘ɖeɖi megate mía ŋu o’?
14 Paulo gagblɔ nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu bubu: “Migana míate [Yehowa] akpɔ, abe alesi wo dome ame aɖewo tee kpɔ, eye dawo tsrɔ̃ wo ene la o.” (Korintotɔwo I, 10:9) Ɣeyiɣi si me Israel-viwo li liʋiliʋi le Mawu ŋu na Mose esime ‘ɖeɖi va nɔ wo ŋu tem le mɔa ta’ ŋue Paulo le nu ƒom le le afisia. (Mose IV, 21:4) Ðe nèwɔ vodada ma kpɔa? Esime nètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa la, ɖe nèsusui be Harmagedon ɖo vɔa? Ðe Yehowa ƒe dzigbɔɖi nɔ anyi didi wu alesi nèkpɔ mɔ nɛa? Ðo ŋku edzi be menye ɣeyiɣi ƒe didime aɖe alo vaseɖe Harmagedon ko ƒe adzɔgbee míeɖe na Yehowa o. Míaƒe adzɔgbeɖeɖea anɔ anyi yi ɖe mavɔmavɔ me. Eyata “migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi.”—Galatiatɔwo 6:9.
15. (a) Amekawo ŋue Israel-viwo li liʋiliʋi le? (b) Aleke míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ʋãa mí be míade bubu teokrasiŋusẽ ŋui?
15 Mlɔeba Paulo xlɔ̃ nu le ‘liʋiliʋilili’ le subɔla siwo Yehowa ɖo ŋu la ŋuti. (Korintotɔwo I, 10:10) Israel-viwo li liʋiliʋi le Mose kple Aron ŋu vevie esime ŋkutsala 12 siwo wodɔ ɖo ɖe Kanaan-nyigba dzi la dometɔ 10 he dɔgbedenya vɔ̃ vɛ na wo. Wogblɔ kura be yewoadi ame bubu aɖo Mose teƒe wòanɔ yewo nu akplɔ yewo agbugbɔ ayi Egipte. (Mose IV, 14:1-4) Ðe míexɔa mɔfiafia si wonaa mí to Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe dɔwɔwɔ mea? Ne míekpɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo si dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la nana la, amesi zãm Yesu le tsɔ le ‘nuɖuɖu nam le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi’ dzena ƒã na mí. (Mateo 24:45) Luʋɔ blibo ƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa bia be míade bubu subɔla siwo wòɖo la ŋu. Migana míazu abe egbegbe liʋiliʋilila siwo le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la trɔ ɖe kplɔla yeye ŋu be wòakplɔ yewo agbugbɔ ayi xexeamee ene o.
Nye Ŋutete Katãe Nye Esia?
16. Nya kawoe Mawu subɔla adzɔgbeɖelawo ate ŋu abia wo ɖokui ase?
16 Ne ɖe Israel-viwo ɖo ŋku edzi be menye ne wowɔ nanewo na yewo ko hafi yewoawɔ ɖe adzɔgbe si yewoɖe na Yehowa dzi o la, anye ne womewɔ vodada gã mawo o. Gake Yesu Kristo ya menɔ abe Israel-vi xɔsemanɔsitɔ mawo ene o, enɔ agbe ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe nu vaseɖe nuwuwu. Esi míenye Kristo yomedzelawo la, míesrɔ̃a eƒe luʋɔ blibo ƒe adzɔgbeɖeɖe ƒe kpɔɖeŋu eye míeganɔa agbe “na amewo ƒe nudzodzrowo . . . o, ke boŋ hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.” (Petro I, 4:2; tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 5:15.) Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu egbeae nye be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze [vavãtɔ] la me.” (Timoteo I, 2:4) Le esia ta la, ele be míaɖe gbeƒã “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia” hafi nuwuwua naɖo. (Mateo 24:14) Aleke míele agbagba dzemee le dɔ sia me? Anyo be míabia mía ɖokui se be, ‘Nye ŋutete katãe nye esia?’ (Timoteo II, 2:15) Nɔnɔme si me amewo le to vovo. Edzea Yehowa ŋu be woasubɔ ye “le nusi le ame si la nu, eye menye le nusi mele esi la nu o.” (Korintotɔwo II, 8:12; Luka 21:1-4) Mele be ame aɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu nɔvia ƒe adzɔgbeɖeɖe ƒe todede kple eƒe nu ŋutɔŋutɔ nyenye o. Ele be amesiame nalé ŋku ɖe alesi eya ŋutɔ ƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa de toe ŋu. (Galatiatɔwo 6:4) Ele be alesi míelɔ̃ Yehowae naʋã mí míabia mía ɖokui se be, ‘Aleke mawɔ ado dzidzɔ na Yehowa?’
17. Ƒomedodo kae le ɖokuitsɔtsɔna kple ŋudzedzekpɔkpɔ dome? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.
17 Ne míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu le dzidzim ɖe edzi la, míaƒe ɖokuitsɔtsɔna eyama hã dea to ɖe edzi. Ŋutsuvi ƒe 14 vi aɖe si le Japan tsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa eye wòtsɔ nyɔnyrɔ̃ɖetsime ɖo kpe edzii. Emegbe edi be yeayi suku yi ŋgɔ azu dzɔdzɔmeŋutinunyala. Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa meva tame nɛ kpɔ o, gake esi wònye subɔla si tsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe ta la, medi be yeagblẽ Yehowa kple eƒe habɔbɔa ɖi o. Bene wòaɖo eƒe taɖodzinua gbɔ la, eyi yunivɛsiti. Ekpɔ le afima be wozia yunivɛsitidelawo dzi be woatsɔ woƒe agbe katã aɖe adzɔgbe na adzɔha siwo ɖo wo ɖa loo alo na woƒe nusɔsrɔ̃wo. Ebia eɖokui se be, ‘Nuka wɔm mele le afisia? Le nyateƒe me, ɖe mate ŋu anɔ agbe abe woawo ene atsɔ ɖokuinye aɖe adzɔgbe na ŋutilãmedɔa? Ðe nyemeɖe adzɔgbe na Yehowa xoxo oa?’ Esi wògaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia la, eva zu gbesiagbe mɔɖela. Eva se eƒe adzɔgbeɖeɖe gɔme yi eme ʋĩ eye esia ʋãe be wòɖoe le eƒe dzi me be yeayi afisiafi si woahiã ye le. Ede Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenana Suku eye wòde dɔ asi nɛ be wòasubɔ le duta.
18. (a) Aleke gbegbe míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa keke tae? (b) Teƒeɖoɖo kae míate ŋu axɔ le míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa me?
18 Adzɔgbeɖeɖe bia míaƒe agbe bliboa katã tsɔtsɔna. Ele be míagbe nu le mía ɖokui gbɔ eye míadze Yesu ƒe kpɔɖeŋu nyui la yome “gbawotsyogbe.” (Luka 9:23) Ne míegbe nu le mía ɖokui gbɔ vɔ megbe la, míebiaa Yehowa be wòana mɔkeke mí alo be míaxɔ dzudzɔ vie gbɔ o. Míenɔa agbe wòsɔna ɖe gɔmeɖose siwo Yehowa ɖo ɖi na eƒe subɔlawo nu. Le nusiwo me míate ŋu awɔ tiatia le me hã la, anyo be míakpɔe ɖa be ɖe míele míaƒe ŋutete ɖesiaɖe wɔm be míanɔ agbe wòasɔ ɖe adzɔgbe si míeɖe na Yehowa nu hã. Esi míele esubɔm tso ŋkeke yi ŋkeke eye míewɔa míaƒe ŋutete ɖesiaɖe be míadze eŋu la, míanye Kristotɔ siwo kpɔa dzidzedze eye Yehowa, Amesi dze na luʋɔ blibo ƒe ɖokuitsɔtsɔna, ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ anɔ mía dzi.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
◻ Nukae adzɔgbeɖeɖe bia tso Yesu Kristo si?
◻ Nukata wòle be míatsri liʋiliʋilili le Yehowa ŋu?
◻ Aleke míawɔ be míagaɖe mɔ trɔ̃subɔsubɔ nawɔ dzaa age ɖe míaƒe agbenɔnɔ me o?
◻ Ŋkuɖoɖo nukawo dzie akpe ɖe mía ŋu be ‘ɖeɖi mate mía ŋu o’ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me?
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
‘Ðeɖi metea’ Kristotɔ adzɔgbeɖelawo ‘ŋu le nu nyui wɔwɔ me o’