INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • kl ta 17 axa 160-169
  • Kpɔ Dedienɔnɔ Le Mawu Ƒe Amewo Dome

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔ Dedienɔnɔ Le Mawu Ƒe Amewo Dome
  • Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “DƆLA NUTEƑEWƆLA KPLE AÐAŊUDZELA” LA
  • ‘NUÐUÐU LE ƔEYIƔI NYUITƆ DZI’
  • “MIDO LƆLƆ̃”
  • AFISI DEDIENƆNƆ LE
  • SE VIVI LE DEDIENƆNƆ ME KPLE YEHOWA ƑE AMEWO
  • “Miɖo Ŋku Ame Siwo Le Ŋgɔ Xɔm Le Mia Dome La Dzi”
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Mina Woatu Hame La Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Aleke Yehowa Fiaa Mɔ Eƒe Habɔbɔ Lae?
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Kristo Hamea—Enye Afisi Wokpɔa Ŋusẽdoame Tsonɛ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
kl ta 17 axa 160-169

Ta 17

Kpɔ Dedienɔnɔ Le Mawu Ƒe Amewo Dome

1, 2. Aleke nɔnɔme si me ameƒomea le la ɖi esi me amesiwo le teƒe siwo ahomya gblẽ nu le la tɔe?

TSƆE be ahomya sesẽ aɖe gblẽ nu le miaƒe nutoa me. Egbã wò aƒe, eye wò nunɔamesiwo katã bu. Nuɖuɖu le vevem. Mɔkpɔkpɔ bu ɖe wò. Kasia kpekpeɖeŋunuwoe nye si wotsɔ vɛ esime menɔ mɔkpɔkpɔ aɖeke me na wò o. Wotsɔ nuɖuɖu kple awu gbogbo aɖe vɛ na wò. Wotu xɔ yeye na wò. Màgbe akpedada na amesi wɔ nusiawo na wò o.

2 Nusia tɔgbe aɖe le dzɔdzɔm egbea. Abe ahomya ma ene la, Adam kple Xawa ƒe aglãdzedze gblẽ nu le amegbetɔƒomea ŋu ale gbegbe. Ameƒomea ƒe Paradisoƒe la bu. Tso ɣemaɣi ke la, amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo mete ŋu kpɔ amewo ta tso aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, kple madzɔmadzɔnyenye si me o. Subɔsubɔhawo gblẽ ame gbogbo aɖewo ɖi gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui ƒe dɔ le wuwum. Gake le gbɔgbɔ me gome la, Yehowa Mawu le nuɖuɖu, nudodo, kple nɔƒe nam amewo fifia. Aleke wòle ewɔmee?

“DƆLA NUTEƑEWƆLA KPLE AÐAŊUDZELA” LA

3. Aleke Yehowa naa nuhiahiãwo ameƒomeae, eye eƒe kpɔɖeŋu kawoe li?

3 Zi geɖe la, dɔwɔha si wɔa dɔ ɖe ɖoɖo nu dzie wotsɔa kpekpeɖeŋununanawo tonɛ, eye Yehowa wɔ gbɔgbɔmeɖoɖo sia na eƒe amewo. Le kpɔɖeŋu me, Israel-viwo nye ‘Yehowa ƒe hame’ anye ƒe 1,500 sɔŋ. Ame aɖewo nɔ wo dome siwo nye amesiwo dzi Mawu to fia eƒe Sea. (Kronika I, 28:8; Kronika II, 17:7-9) Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, Yehowa ɖo Kristotɔwo ƒe habɔbɔa anyi. Woɖo hamewo, eye wowɔ dɔ le dziɖuha si me tɔwo nye apostolowo kple hamemetsitsiwo ƒe mɔfiafia te. (Dɔwɔwɔwo 15:22-31) Nenema ke egbea la, Yehowa wɔa nu kple eƒe amewo to amewo ƒe ƒuƒoƒo si le ɖoɖo nu dzi. Aleke míewɔ nya?

4. Amekae “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la nye le míaƒe ɣeyiɣia me, eye aleke Mawu ƒe gbɔgbɔmenunanawo wɔna kaa mía si?

4 Yesu gblɔ be ne yeva yeƒe Fiaɖuƒeŋusẽ me la, “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” aɖe anɔ anyi si anɔ ‘nuɖuɖu’ nam Ye yomedzelawo le ‘ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.’ (Mateo 24:45-47) Esime woɖo Yesu Fiae le dziƒo le ƒe 1914 me la, amekae wokpɔ be enye “dɔla” sia? Kakaɖedzitɔe la, menye Kristodukɔa ƒe osɔfowoe o. Wo dometɔ akpa gãtɔ nɔ nya siwo de dukɔ siwo me wole ƒe dziɖuɖu dzi la gblɔm na woƒe hameviwo le Xexemeʋa I me. Gake Kristotɔ vavãtɔ siwo wotsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na siwo nye amesiwo Yesu yɔ be ‘alẽha sue’ la me tɔwo nɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu nyuitɔ si sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi nam. (Luka 12:32) Kristotɔ amesiamina siawo ɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea ke menye amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo o. Esia na be esi ƒeawo va nɔ yiyim la, ‘alẽ bubu’ miliɔn geɖe siwo si dzi dzɔdzɔe le la va kpe ɖe “dɔla” amesiamina la ŋu le tadedeagu vavãtɔ me. (Yohanes 10:16) Mawu zãa ‘dɔla nuteƒewɔla’ la kple eƒe Dziɖuha si li egbea tsɔ fiaa mɔ eƒe ame siwo wòwɔ ɖoɖo na la be woana gbɔgbɔ me nuɖuɖu, nudodo, kple nɔƒe amesiwo katã nusiawo dzɔ dzi na la.

‘NUÐUÐU LE ƔEYIƔI NYUITƆ DZI’

5. Aleke nuwo le le gbɔgbɔ me le xexeame egbea, gake nuka wɔm Yehowa le tso eŋu?

5 Yesu gblɔ be: “Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa [Yehowa] ƒe nu me la ŋuti.” (Mateo 4:4) Gake nublanuitɔe la, ame akpa gãtɔ mesea Mawu ƒe nya o. Abe alesi Yehowa ƒe nyagblɔɖila Amos gblɔe ɖi ene la, dɔwuame li, “menye abolodɔ alo tsikɔwuame ɖe tsi ŋu o, ke boŋ ɖe Yehowa ƒe nyawo sese ŋu.” (Amos 8:11) Gbɔgbɔmedɔ le amesiwo léa fɔ ɖe mawusubɔsubɔnyawo ŋu vevie hã wum. Gake Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue nye be ‘woaxɔ ameƒomeviwo katã eye woava nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ gbɔ.’ (Timoteo I, 2:3, 4) Eyata ele gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖe nam. Gake afikae nàte ŋu akpɔe le?

6. Aleke Yehowa nyi eƒe amewo le gbɔgbɔ me le ɣeyiɣi siwo va yi mee?

6 Le ŋutinya katã me la, ƒuƒoƒo mee Yehowa naa gbɔgbɔmenuɖuɖu eƒe amewo le. (Yesaya 65:13) Le kpɔɖeŋu me, Israel-nunɔlawo ƒo ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo nu ƒu be woafia Mawu ƒe Sea wo le ha me. (Mose V, 31:9, 12) Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ɖo hamewo eye wowɔ kpekpewo be woatsɔ afia nu amesiame eye woade dzi ƒo na wo le dziɖuha la ƒe mɔfiafia te. (Romatɔwo 16:5; Filemon 1, 2) Mɔ ma ke nue Yehowa Ðasefowo hã wɔnɛ ɖo. Wole kpewòm tso dzi me be nàde yewoƒe kpekpewo katã.

7. Aleke Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ɣesiaɣi do ƒome kple sidzedze kpakple xɔsee?

7 Nyateƒee, ɖewohĩ èsrɔ̃ nu geɖe le wò ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ me xoxo. Ðewohĩ ame aɖee kpe ɖe ŋuwò. (Dɔwɔwɔwo 8:30-35) Gake míate ŋu atsɔ wò xɔse asɔ kple numiemie si ayrɔ aku ne wometsɔ beléle nyuitɔ nɛ o. Eyata ele be nàxɔ gbɔgbɔmenunyiame si sɔ. (Timoteo I, 4:6) Kristotɔwo ƒe kpekpewo nye nufiame siwo ŋu wotrɔ asi le be woanyi wò le gbɔgbɔ me eye woakpe ɖe ŋuwò ɣesiaɣi be nàtsi le sidzedze Mawu me la xɔƒe.—Kolosetɔwo 1:9, 10.

8. Nukatae wodea dzi ƒo na mí be míade Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo?

8 Taɖodzinu vevi bubu gale kpekpewo ŋu. Paulo ŋlɔ be: “[Mina] míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi . . . o.” (Hebritɔwo 10:24, 25) Helagbe me nya si gɔme woɖe be “de dzi ƒo” la agate ŋu afia be “nyre nu” hã. Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Alesi wotsɔa ga nyrea gae la, nenema ame nyrea nɔviae.” (Lododowo 27:17) Ehiã be woanɔ mí katã ‘nyrem’ ɣesiaɣi. Gbesiagbe ƒe amemiamiãwo ate ŋu agbɔdzɔ míaƒe xɔse. Ne míeyi Kristotɔwo ƒe kpekpewo la, ke míegadea dzi ƒo na mía nɔewo. (Romatɔwo 1:11, 12) Hamea me tɔwo wɔna ɖe apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃ame be “mifa akɔ na mia nɔewo, eye mido ŋusẽ mia nɔewo” la dzi, eye nusiawo nyrea míaƒe xɔse. (Tesalonikatɔwo I, 5:11) Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ɣesiaɣi fia hã be míelɔ̃ Mawu eye wònyea mɔnukpɔkpɔ siwo me míakafui le hã na mí.—Psalmo 35:18.

“MIDO LƆLƆ̃”

9. Aleke Yehowa ɖo lɔlɔ̃ ɖeɖefia ƒe kpɔɖeŋu ɖii?

9 Paulo ŋlɔ be: “Mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye la ƒe nublanu.” (Kolosetɔwo 3:14) Yehowa ve mía nu na awu sia mí. Le mɔ ka nu? Kristotɔwo ate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia elabena Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetse siwo tso Mawu gbɔ dometɔ ɖekae wònye. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Yehowa ŋutɔ ɖe lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake fia esi wòdɔ eƒe Tenuvi la ɖo ɖa bene míakpɔ agbe mavɔ. (Yohanes 3:16) Lɔlɔ̃ ɖeɖefia gãtɔ sia zu kpɔɖeŋu si míasrɔ̃ le nɔnɔme sia ɖeɖefia me. Apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Esi Mawu lɔ̃ mí alea la, ele na míawo hã be, míalɔ̃ mía nɔewo.”—Yohanes I, 4:11.

10. Aleke ‘nɔviwo ƒe habɔbɔ bliboa katã’ ate ŋu aɖe vi na míi?

10 Wò kpekpeawo dede le Fiaɖuƒe Akpata me ana mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe wò be nàɖe lɔlɔ̃ afia. Àdo go ame vovovowo le afima. Ðikekemanɔmee la, wo dometɔ geɖe ƒe nu alé dzi na wò enumake. Gake Yehowa subɔlawo gɔ̃ hã ƒe nɔnɔme toa vovo na wo nɔewo. Ðewohĩ tsã la, mèdina be yeade ha kple amesiwo ƒe nɔnɔme kple nuwɔnawo to vovo na tɔwò o. Gake ele be Kristotɔwo ‘nalɔ̃ nɔviwo ƒe habɔbɔ bliboa katã.’ (Petro I, 2:17) Eyata ɖoe wò taɖodzinui be nànya amesiwo vaa Fiaɖuƒe Akpataa me nyuie—amesiwo ƒe tsitsime, nɔnɔme, ŋutigbalẽ, alo agbalẽnyanya to vovo na tɔwò gɔ̃ hã. Anɔ eme godoo be àkpɔe be nɔnɔme nyoameŋu aɖe le wo dometɔ ɖesiaɖe si.

11. Nukata mele be nɔnɔme vovovo siwo le amewo si le Yehowa ƒe habɔbɔa me naɖe fu na wò o?

11 Mègana hamea me tɔwo ƒe amenyenye ƒe vovototo naɖe fu na wò o. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be ʋu bubu geɖe le mɔ dzi kpe ɖe tɔwò ŋu. Menye wo katã ƒe dusisie sɔ o, eye wo katã ƒe sesẽme hã mele ɖeka o. Ðewo zɔ mɔ kilometa gbogbo aɖewo, gake abe wò ene la, fifia hafi bubuwo hã dze mɔ. Gake togbɔ be vovototo siawo le mia dome hã la, mɔa ko zɔm mi katã miele. Nenema ke wòle le hamea me tɔwo hã gome. Menye wo katãe tua Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo ɖo kabakaba sɔsɔe o. Gakpe ɖe eŋu la, menye wo katã ƒe lãmesẽ kple seselelãmee le ɖeka o. Ame aɖewo le Yehowa subɔm ƒe geɖe; fifia koe ame bubuwo ya dze egɔme. Ke hã agbe mavɔ mɔa ko zɔm wo katã wole, eye wo katã wowɔ ɖeka “le tame ɖeka kple susu ɖeka ma me.” (Korintotɔwo I, 1:10) Eyata lé ŋku ɖe hamea me tɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu ke menye woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu o. Ne èwɔe alea la, ana dzidzɔ nayɔ wò dzi me, elabena àkpɔe be Mawu le amesiawo dome vavã. Eye míeka ɖe edzi be afisiae nèdi be yeanɔ.—Korintotɔwo I, 14:25.

12, 13. (a) Ne ame aɖe dze agɔ le dziwò le hamea me la, nukae nàte ŋu awɔ? (b) Nukata wòle vevie be míagalé dziku ɖe dɔme o?

12 Esi amegbetɔwo katã nye blibomadelawo ta la, hamea me tɔ aɖe agblɔ nya aɖe alo awɔ nane ɣeaɖewoɣi si ave dɔme na wò. (Romatɔwo 3:23) Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔe nyateƒetɔe be: “Mí katã [míedaa vo] le nu geɖewo me. Ne ame aɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo.” (Yakobo 3:2) Aleke nàwɔ nui ne ame aɖe dze agɔ le dziwò? Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Amesi gbɔa dzi blewu la, [nugɔmeselae] eye bubu wònye nɛ, nenye be, eɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.” (Lododowo 19:11) Be woase nu gɔme fia be woakpɔ nu ayi emee wu nusi le dzedzem le nua ta ko, woase nusiwo na ame aɖe ƒoa nu alo wɔa nu ɖe mɔ aɖe nu la gɔme. Mía dometɔ akpa gãtɔ míesea nu gɔme na mía ɖokui ŋutɔ le míaƒe vodadawo nu ɖeɖe me. Nukata màse nu gɔme na ame bubuwo hã nenema ke eye nàtsyɔ nu woƒe blibomademadewo dzi o?—Mateo 7:1-5; Kolosetɔwo 3:13.

13 Mègaŋlɔ be gbeɖe o be ele be míatsɔ ake ame bubuwo hafi Yehowa hã natsɔ ake mí. (Mateo 6:9, 12, 14, 15) Ne míenɔa agbe ɖe nyateƒea nu la, míawɔ nu ɖe amewo ŋu le lɔlɔ̃ me. (Yohanes I, 1:6, 7; 3:14-16; 4:20, 21) Eyata ne nya aɖe dzɔ ɖe mia kple ame aɖe dome le hamea me la, dze agbagba vevie be màgalé amea ɖe dɔme o. Ne èdo lɔlɔ̃ abe awu ene la, àdze agbagba akpɔ nya la gbɔ, eye ne wò agɔdzedzee la, kukuɖeɖe mave wò o.—Mateo 5:23, 24; 18:15-17.

14. Nɔnɔme kawoe wòle be míado?

14 Ele be nɔnɔme bubu siwo do ƒome kple lɔlɔ̃ la nanɔ míaƒe gbɔgbɔmewua me. Paulo ŋlɔ be: “Mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu.” Nɔnɔme siawo siwo do ƒome kple lɔlɔ̃ la nye ‘amenyenye yeye’ si tso Mawu gbɔ la ƒe akpa aɖe. (Kolosetɔwo 3:10, 12) Ðe nàdze agbagba ado awu sia? Vevietɔ ne èdo nɔvilɔlɔ̃ hafi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ƒe dzesi la adze le ŋuwò elabena egblɔ be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”—Yohanes 13:35.

AFISI DEDIENƆNƆ LE

15. Aleke hamea le abe bebeƒee ene?

15 Hamea gale abe bebeƒe, sitsoƒe si nànɔ dedie le ene. Àkpɔ dzi anukwaretɔ siwo le kutri kum be yewoawɔ nusi le dzɔdzɔe le Mawu ŋkume la le eme. Wo dometɔ geɖe ɖe asi le nɔnɔme kple nuwɔna gbegblẽ mawo ke siwo dzi ɖewohĩ nèle ʋiʋlim be yeaɖu la ŋu. (Tito 3:3) Woate ŋu akpe ɖe ŋuwò, elabena wogblɔ na mí be ‘míayi edzi anɔ mía nɔewo ƒe agba siwo wu wo la tsɔm.’ (Galatiatɔwo 6:2) Gake mlɔeba la, wò ŋutɔ wò agbanɔamedzie wònye be nànɔ agbe si kplɔa ame yia agbe mavɔ mee. (Galatiatɔwo 6:5; Filipitɔwo 2:12) Ke hã Yehowa ɖo Kristo-hamea wònye kpekpeɖeŋunu wɔnuku aɖe kple nusi alé wò ɖe te. Aleke ke wò kuxiwo asesẽe o, kpekpeɖeŋuxɔƒe xɔasi aɖe li na wò—hame lɔ̃ame si anɔ anyi kple wò le xaxa me alo hiãtuameɣiwo.—Tsɔe sɔ kple Luka 10:29-37; Dɔwɔwɔwo 20:35.

16. Kpekpeɖeŋu kae hamemegã siwo le hamea me nana?

16 Amesiwo akpe ɖe ŋuwò dometɔ aɖewoe nye amesiwo nye ‘nunanawo le amewo me’—hamemegã alo dzikpɔla siwo woɖo le hamea me, amesiwo tsɔa lɔlɔ̃nu faa kple didi vevie kplɔa alẽha lae. (Efesotɔwo 4:8, 11, 12; Dɔwɔwɔwo 20:28; Petro I, 5:2, 3) Yesaya gblɔ ɖi le wo ŋu be: “Amesiame anɔ abe sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu, tɔʋu le gbegbe kple agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene.”—Yesaya 32:2.

17. (a) Kpekpeɖeŋu ka ƒomevie Yesu di vevie be yeana? (b) Nukae Mawu do ŋugbe be yeana yeƒe amewo?

17 Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ewɔ nublanui be dzikpɔkpɔ si me lɔlɔ̃ le la menɔ subɔsubɔhakplɔlawo me o. Nɔnɔme si me ameawo nɔ la te ɖe edzi ale gbegbe, eye edi vevie be yeakpe ɖe wo ŋu le gbɔgbɔ me. Woƒe nu wɔ nublanui na Yesu elabena “woƒe lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene.” (Mateo 9:36) Aleke gbegbe wòsɔ kple kuxi gbãdziname siwo me ame geɖe tona egbea eye ame aɖeke menɔa wo si akpe ɖe wo ŋu ahafa akɔ na wo le gbɔgbɔ me o la ƒe nɔnɔme wɔnublanui lae nye si! Gake gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu li na Yehowa ƒe amewo, elabena edo ŋugbe be: “Maɖo lãkplɔviwo wo nu, amesiwo anyi wo; womagavɔ̃ azɔ o, dzi magaɖe le wo ƒo, eye wo dometɔ aɖeke mabu o.”—Yeremya 23:4.

18. Nukatae wòle be míayi hamemegãwo gbɔ ne míehiã gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu?

18 Dze agbagba nànya hamemegã siwo le hamea me. Nuteƒekpɔkpɔ geɖe su wo si le Mawu ŋuti sidzedze tsɔtsɔ wɔ dɔe me, elabena woɖo dzikpɔlawo ƒe nudidi siwo woɖo ɖe Biblia me la gbɔ. (Timoteo I, 3:1-7; Tito 1:5-9) Ne èhiã gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu aɖe be nàɖu numãme alo nɔnɔme aɖe si tsi tre ɖe Mawu ƒe nudidiwo ŋu dzi la, mègahe ɖe megbe le tete ɖe wo ŋu me o. Àkpɔe be hamemegãwo wɔna ɖe Paulo ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi: “Mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo, mixɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, migbɔ dzi ɖi na amewo katã.”—Tesalonikatɔwo I, 2:7, 8; 5:14.

SE VIVI LE DEDIENƆNƆ ME KPLE YEHOWA ƑE AMEWO

19. Yayra kawoe Yehowa kɔ ɖe amesiwo di dedienɔnɔnɔ le eƒe habɔbɔa me la dzi?

19 Togbɔ be nɔnɔme madeblibowo mee míele fifia hã la, Yehowa naa gbɔgbɔ me nuɖuɖu, nudodo, kple bebeƒe mí. Nyateƒee, ele be míalala xexeme yeye si ƒe ŋugbe Mawu do la nava hafi míaxɔ ŋutilãmeparadiso la ƒe yayrawo. Gake amesiwo nye Yehowa ƒe habɔbɔa me tɔwo la le gbɔgbɔmeparadiso ƒe dedienɔnɔ me fifia. Xezekiel gblɔ ɖi le wo ŋu be: “Woanɔ anyi aɖe dzi ɖi, ame aɖeke mado voɖi na wo o.”—Xezekiel 34:28; Psalmo 4:9.

20. Aleke Yehowa aɖo nusianu si míatsɔ asa vɔe ɖe eƒe tadedeagu ta la teƒe na míi?

20 Aleke gbegbe míedaa akpee nye si be Yehowa wɔ ɖoɖo ɖe gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu siwo me lɔlɔ̃ le ŋu to eƒe Nya la kple eƒe habɔbɔa dzi! De ha kple Mawu ƒe amewo kplikplikpli. Mègahe ɖe megbe le vɔvɔ̃ na nusi xɔlɔ̃wo alo ƒometɔwo asusu le ŋuwò le Mawu ŋuti sidzedze si xɔm nèle ta la ŋuti o. Wo dometɔ aɖewo malɔ̃ o le esi nèle ha dem kple Yehowa Ðasefowo eye nèdea kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata me ta. Gake Mawu aɖo nusianu si nàtsɔ asa vɔe ɖe tadedeagu nɛ ta la teƒe na wò geɖe. (Maleaxi 3:10) Gawu la, Yesu gblɔ be: “Ame aɖeke meli, si gblẽ xɔ alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nyanyui la ŋuti, ne menye bena, ɖe wòaxɔ teƒeɖoɖo alafa le ɣeyiɣi sia me o: Xɔwo kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo kple viwo kple agblewo hekpe ɖe yometitiwo ŋuti, kple agbe mavɔ le xexe, si gbɔna la me.” (Marko 10:29, 30) Nyateƒee, nuka kee nègblẽ ɖi alo nuka ƒe dzie wòle be nàdo o, àte ŋu akpɔ hadede dodzidzɔname kple gbɔgbɔmededienɔnɔ le Mawu ƒe amewo dome.

DO WÒ SIDZEDZE KPƆ

Amekae nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la?

Ðoɖo kae Yehowa wɔ ɖe mía nyinyi le gbɔgbɔ me ŋu?

Aleke Kristo-hamea me tɔwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋui?

[Nɔnɔmetata si xɔ axa 165]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe