INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w02 1/15 axa 21-23
  • Dadavi Siwo Tu Nɔnɔme Vovovowo Ðo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dadavi Siwo Tu Nɔnɔme Vovovowo Ðo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dadaviawo Tsɔ Nunanawo Vɛ
  • Nuxɔxlɔ̃e Kple Alesi Wòwɔ Nui
  • Nufiame si Le Eme na Mí
  • Vɔ Nyoameŋuwo Sasa Na Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Edo Dziku Eye Wowu Nɔvia
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Ŋutsuvi Nyui Kple Vɔ̃ɖitɔ
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
w02 1/15 axa 21-23

Dadavi Siwo Tu Nɔnɔme Vovovowo Ðo

NYAMETSOTSO siwo dzilawo wɔna kpɔa ŋusẽ ɖe wo viwo dzi godoo. Nya sia nye nyateƒe egbea abe alesi wòdzɔ le keke Eden-bɔ me ene. Adam kple Xawa ƒe aglãdzedze gblẽ nu le ameƒomea katã ŋu vevie. (Mose I, 2:15, 16; 3:1-6; Romatɔwo 5:12) Ke hã mɔnukpɔkpɔ le mía dometɔ ɖesiaɖe si be wòatu ƒomedodo nyui si anɔ mía kple mía Wɔla dome ɖo ne míelɔ̃. Kain kple Habel, amesiwo nye dadavi eve gbãtɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me, ƒe ŋutinya ɖe esia fia.

Ŋɔŋlɔawo me nuŋlɔɖi aɖeke meli si fia be Mawu ƒo nu na Adam kple Xawa le wonyanyã le Eden megbe o. Ke hã Yehowa meɣla eɖokui ɖe wo viwo o. Ðikeke mele eme o be Kain kple Habel se nusi dzɔ va yi la tso wo dzilawo gbɔ. Woanya kpɔ ‘Kerubi siwo lé yi, si trɔa eɖokui heklẽna abe dzo ƒe aɖe ene ɖe asi nɔ Eden-bɔ la ƒe ɣedzeƒe gome, henɔ agbeti la ƒe mɔnu ŋu dzɔm’ la. (Mose I, 3:24) Ŋutsu siawo kpɔ Mawu ƒe nya si wògblɔ be woate fifia eye woakpe fu le agbe me hã ƒe nyateƒenyenye.—Mose I, 3:16, 19.

Kain kple Habel anya nya nu tso nya siwo Yehowa gblɔ na da la be: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ” la ŋu. (Mose I, 3:15) Nusi Kain kple Habel nya tso Yehowa ŋu ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woatu ƒomedodo nyui si anɔ woa kple eyama dome ɖo.

Ŋugbledede le Yehowa, Nunala lɔlɔ̃tɔ la ƒe nyagblɔɖiwo kple nɔnɔmewo ŋu anya ʋã Kain kple Habel woadi be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu. Gake afikae woatu didi ma ɖo ava se ɖo? Ðe woawɔ woƒe dzɔdzɔmedidi be woasubɔ Mawu ahatu woƒe gbɔgbɔmemenyenye ɖo la dzi eye wòana woaxɔ Mawu dzi asea?—Mateo 5:3.

Dadaviawo Tsɔ Nunanawo Vɛ

Le Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Kain kple Habel tsɔ nunanawo vɛ na Mawu. Kain tsɔ agblemenu sa vɔe eye Habel tsɔ eƒe lãwo ƒe ŋgɔgbevi sa vɔe. (Mose I, 4:3, 4) Ðewohĩ ŋutsu siawo anya xɔ ƒe 100 ɣemaɣi elabena Adam xɔ ƒe 130 esime wòdzi viaŋutsuvi Set.—Mose I, 4:25; 5:3.

Kain kple Habel ƒe nunanaa fia be wokpɔ alesi wonye nuvɔ̃mewoe la dze sii eye wodi be Mawu nakpɔ nublanui na yewo. Woanya de ŋugble le Yehowa ƒe ŋugbedodo si ku ɖe da la kple nyɔnua ƒe Dzidzimevia ŋu vaseɖe afia aɖe. Womegblɔ ɣeyiɣi didime si Kain kple Habel zã ɖe ƒomedodo nyui si anɔ woa kple Yehowa dome tutuɖo ŋu, kple alesi woku kutri le ewɔwɔ me ŋu nya o. Gake alesi Mawu wɔ nu ɖe woƒe nunanawo ŋui ɖe wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe dzimesusuwo fia.

Agbalẽnyala aɖewo doe ɖa be Xawa susu be Kain ye nye “dzidzimevi” si ava tsrɔ̃ da la, elabena esi wòdzi Kain la, egblɔ be: “Yehowa ɖi nam be, medzi ŋutsu.” (Mose I, 4:1) Ne Kain hã susui alea la, ke eda ƒu ŋutɔ. Gake xɔse kpe ɖe Habel ya ƒe vɔsa ŋu. Eyata “le xɔse me Abel tsɔ numeme, si nyo wu Kain tɔ la, na Mawu.”—Hebritɔwo 11:4.

Menye gbɔgbɔmenugɔmesese si nɔ Habel si, si menɔ Kain si o koe nye vovototo si nɔ dadavi siawo dome o. Vovototo nɔ woƒe nɔnɔmewo hã me. Eyata esi ‘Habel kple eƒe nunana dze Yehowa ŋu la, Kain kple eƒe nunana ya medze eŋu o.’ Anɔ eme be Kain mebu eƒe nunanaa ŋu de toe o, ale be ɖeko wòwɔe ɖewoɖewoe ko. Gake Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe subɔsubɔ si wowɔ ɖewoɖewoe ŋu o. Dzi vɔ̃ɖi va nɔ Kain si, eye Yehowa kpɔe be susu gbegblẽwo nɔ esi. Alesi Kain wɔ nui esime womexɔ eƒe vɔsa o ɖe nɔnɔme si tututu nɔ esi la fia. Le esi wòaɖɔ eƒe nɔnɔmea ɖo teƒe la, “Kain bi dzi ŋutɔ, eye wòɖo adã.” (Mose I, 4:5) Eƒe nuwɔnawo ɖe susu kple tame vɔ̃ɖi siwo wòɖo la fia.

Nuxɔxlɔ̃e Kple Alesi Wòwɔ Nui

Esi Mawu nya Kain ƒe nɔnɔme ta la, egblɔ nɛ be: “Nukaŋuti nèle dzi bim, eye nukaŋuti nèle adã ɖom? Alo menye ale wòle oa? Ne èwɔ nyui la, wò ŋku me akɔ, ke ne mèwɔ nyui o la, ekema nuvɔ̃ de xa ɖe ʋɔtru nu, eye wòɖo tame aɖe ɖe ŋuwò; ke wò la, ɖu edzi!”—Mose I, 4:6, 7.

Nufiame aɖe le nusia me na mí. Le nyateƒe me la, nuvɔ̃ dea xa ɖe ʋɔtru nu henɔa klalo be yeami mí. Ke hã Mawu na tiatiawɔblɔɖe mí, eye míate ŋu atiae be míawɔ nu nyui. Yehowa gblɔ na Kain be ‘wòawɔ nyui,’ gake mezi edzi be wòatrɔ o. Kain ŋutɔe tia nusi wòwɔ.

Nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la yi edzi be: ‘Esia megbe la Kain gblɔ na nɔvia Habel bena, Na míayi gbeme. Ke eva ve me bena, esime wole gbea me la, Kain tso ɖe nɔvia Habel ŋuti, eye wòwui.’ (Mose I, 4:8) Ale wɔ Kain va zu ame maɖoto, amewula ŋutasẽla. Esime Yehowa biae be, “Afika nɔviwò Habel le?” la, meɖee fia le mɔ aɖeke nu gɔ̃ hã be yese veve ɖe nusi yewɔ la ta o. Ke boŋ Kain tsɔ dzimesesẽ ɖo eŋu amemabumabutɔe be: “Nyemenyae o! Alo nɔvinye dzikpɔla menyea.” (Mose I, 4:9) Kain ƒe alakpadada gã ma kpakple sisi le nusi wòwɔ ƒe agbanɔamedzia nu ɖe eƒe dzimesesẽ fia.

Yehowa ƒo fi de Kain henyãe le Eden-nutowo me. Edze ƒã be fiƒode si nɔ anyigbaa dzi xoxo la nu agasẽ ɖe edzi le Kain gome wu, eye ne eŋlɔ anyigbaa la, maʋã nu nɛ o. Tsatsala kple godzela wòazu le anyigbaa dzi. Konyi si Kain fa be yeƒe tohehea nu sẽ akpa ɖee fia be etsi dzodzodzoe be woava bia ye nɔvi si yewu la ƒe hlɔ̃ ye, gake meɖe dzimetɔtrɔ vavã aɖeke fia o. Yehowa de “dzesi” Kain—ɖewohĩ enye dzesi tɔxɛ aɖe si amewo nya si dzena le eŋu be wòana amewo nagabia hlɔ̃e o.—Mose I, 4:10-15.

Emegbe Kain “dzo le Yehowa ƒe ŋku me, eye wòva nɔ Nod-nyigba dzi le Eden ƒe ɣedzeƒe gome.” (Mose I, 4:16) Esi wòɖe nɔvianyɔnuwo alo tɔgã alo nyruia yɔviwo dometɔ ɖeka la, eyi ɖatso du hetsɔ viaŋutsuvi gbãtɔ, Henox, ƒe ŋkɔ nɛ. Kain ƒe dzidzimevi Lamex va zu ŋutasẽla abe tɔgbuia ene. Gake wotsrɔ̃ Kain ƒe dzidzimea ɖa le Noa ŋɔli me Tsiɖɔɖɔa me.—Mose I, 4:17-24.

Nufiame si Le Eme na Mí

Míate ŋu asrɔ̃ nu tso Kain kple Habel ŋuti nuŋlɔɖia me. Apostolo Yohanes xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woalɔ̃ wo nɔewo, “menye abe Kain, si tso vɔ̃ɖitɔ la me, eye wòwu nɔvia la ene o.” Kain ƒe “dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi, eye nɔvia tɔwo le dzɔdzɔe.” Yohanes gblɔ hã be: “Amesiame, si léa fu nɔvia la, amewula wònye, eye mienya bena, amewula sia amewula mekpɔa agbe mavɔ wònɔa eme o.” Ẽ, alesi míewɔa nu ɖe mía hati Kristotɔwo ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe mía kple Mawu dome ƒomedodo kple míaƒe etsɔme mɔkpɔkpɔwo dzi. Míate ŋu alé fu mía haxɔsetɔwo dometɔ aɖe eye Mawu nayi edzi akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o.—Yohanes I, 3:11-15; 4:20.

Hehe ɖekae Kain kple Habel anya xɔ, gake Mawu dzixɔse menɔ Kain si o. Le nyateƒe me la, Abosam, amesi nye ‘amewula kple aʋatsokafofo’ tso gɔmedzedzea me la ƒe gbɔgbɔe wòɖe fia. (Yohanes 8:44) Kain ƒe nuwɔna fia be tiatiawɔblɔɖe le mí katã si, be amesiwo tiae be yewoawɔ nuvɔ̃ la ɖea wo ɖokui ɖa le Mawu ŋu, eye be Yehowa drɔ̃a ʋɔnu ame matrɔdzimewo.

Gake Habel ya xɔ Yehowa dzi se. Le nyateƒe me la, “le xɔse me Abel tsɔ numeme, si nyo wu Kain tɔ la, na Mawu, nusi me woto ɖi ɖase nɛ be, ame dzɔdzɔe wònye; elabena Mawu ɖi ɖase le eƒe nunanawo ŋuti.” Togbɔ be womeŋlɔ Habel ƒe nya ɖeka hɔ̃ hã ɖe Ŋɔŋlɔawo me o hã la, to xɔse ƒe kpɔɖeŋu si wòɖo me la, “egale nu ƒom.”—Hebritɔwo 11:4.

Habel ye nye nuteƒewɔla gbogbo siwo nɔ anyi la ƒe gbãtɔ. Womeŋlɔ eƒe ʋu, si ‘ɖi tso anyigba dzi Yehowa se’ la be o. (Mose I, 4:10; Luka 11:48-51) Ne míeɖe xɔse fia abe Habel ene la, ƒomedodo xɔasi si nɔa anyi ɖaa anɔ míawo hã kple Yehowa dome.

[Aɖaka si le axa 22]

AGBLEDELA KPLE LÃNYILA

Dɔ siwo Mawu de asi na Adam le gɔmedzedzea me dometɔ aɖewoe nye anyigbaa ŋɔŋlɔ kple lãnyinyi. (Mose I, 1:28; 2:15; 3:23) Viaŋutsu Kain va zu agbledela, eye Habel zu lãnyila. (Mose I, 4:2) Gake esi atikutsetse kple amagbewo koŋue amegbetɔ ɖuna vaseɖe Tsiɖɔɖɔa megbe la, nukatae wonyi alẽ?—Mose I, 1:29; 9:3, 4.

Be alẽwo nadzi nyuie la, ele be ame nalé be na wo. Habel ƒe dɔwɔɖua ɖo kpe edzi be tso amegbetɔƒomea ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze kee amegbetɔ nyia aƒemelã sia. Ŋɔŋlɔawo megblɔe nenye be ame gbãtɔwo zã lãwo ƒe notsi le woƒe nuɖuɖu me ya o, gake amesiwo ƒe nuɖuɖu nye amagbewo ko hã ate ŋu azã alẽfu. Eye ne alẽwo ku la, wowɔa woƒe agbalẽwo ŋudɔ le mɔ ɖeviwo nu. Le kpɔɖeŋu me, be Yehowa nado awu na Adam kple Xawa la, ‘lãgbalẽe wòtsɔ wɔ awu legbee’ na wo.—Mose I, 3:21.

Aleke ke wòɖale o, edze nusi me susu le be míasusui be le gɔmedzedzea me la, ɖekawɔwɔ nɔ Kain kple Habel dome. Wowɔ nane si ƒomea me tɔ bubuwo hiã hena nudodo kple nuɖuɖu.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Kain ƒe “dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi, eye nɔvia tɔwo le dzɔdzɔe”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe