Kafu Yehowa Ɣesiaɣi
1 Nu ʋee aɖewo li siwo le vevie ale gbegbe be ele be míawɔ wo ɣesiaɣi. Wo dometɔ aɖewoe nye nuɖuɖu, yagbɔgbɔ, kple alɔ̃dɔdɔ. Nusiawo wɔwɔ hiã hafi míate ŋu alé mía ɖokui ɖe te le ŋutilã me. Apostolo Paulo tsɔ gbeƒãɖeɖe nyanyuia sɔ kple esia esi wògblɔ be: “Mina míatsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam ɣesiaɣi.” (Heb. 13:15, NW) Eyata edze be míaƒe susu hã nanɔ Yehowa kafukafu ŋu ɖaa. Enye nusi wòle be míadze agbagba awɔ gbesiagbe anɔ mía Dziƒofofo la kafum ɣesiaɣi.
2 Esi ame aɖewo te kpɔ be yewohe Yesu ƒe susu ayi nu bubu dzi la, egblɔ be: “Ele nam be, magblɔ mawufiaɖuƒe la ŋu nyanyui afia.” (Luka 4:43) Nusianu si wòwɔ le ŋkeke ɖesiaɖe dzi le eƒe subɔsubɔdɔ si xɔ ƒe etɔ̃ kple afã me la ku ɖe Mawu kafukafu ŋu le mɔ aɖe nu. Míenya be Paulo se le eɖokui me nenema le nya si wòɖe gblɔ le Korintɔtɔwo I, 9:16 ta: “Nenye be, nyemegblɔ nyanyui la fia o la, baba nam!” Wode dzi ƒo na Kristotɔ nuteƒewɔla bubuwo be woanɔ klalo ɣesiaɣi aɖo nya ŋu na amewo le woƒe mɔkpɔkpɔ ŋu. (Pet. I, 3:15) Egbea mɔɖela akpe alafa geɖe kple hamea me gbeƒãɖela miliɔn geɖe dzea agbagba be yewoasrɔ̃ kpɔɖeŋu nyui siawo.
3 Ne míede ŋugble le veviedodo si tso dzi blibo me si míaƒe Kpɔɖeŋuɖola, Yesu Kristo, ɖe fia ŋu la, eʋãa mí be míadze eƒe afɔɖoƒewo yome tututu. (Pet. I, 2:21) Dzi aɖe le mía ƒo ɣeaɖewoɣi ne míedze ŋgɔ gbesiagbegbenɔnɔ me kuxiwo. Aleke míawɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ gbesiagbe atsɔ akafu Yehowae esi míewɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe ŋutilãmedɔ? Míate ŋu agblẽ míaƒe ƒomegbãnɔamedzi siwo xɔa míaƒe ɣeyiɣi geɖe la hã ɖi o. Ðevi akpa gãtɔ ƒe ŋku biã ɖe sukuyiyi gbesiagbe si hiã la ŋu. Ame aɖewo abu be manya wɔ be woakafu Yehowa le dutoƒo gbesiagbe o. Ɣeaɖewoɣi ame aɖewo naa ɣleti blibo va yina esi womegblɔa nyanyuia na amewo le mɔ aɖeke nu o.
4 Yeremya nye amesi mete ŋu gbe egbɔgblɔ o. Esi wòdzudzɔ nuƒoƒo tso Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu ɣeyiɣi kpui aɖe la, ese le eɖokui me abe dzoe le bibim sesĩe le eyama me ene. (Yer. 20:9) Togbɔ be nusi dze afɔku gã aɖe nɔ anyi hã la, Yeremya te ŋu gblɔ Yehowa ƒe gbedasia na ame bubuwo ɣesiaɣi to mɔ aɖe nu. Ðe míate ŋu asrɔ̃ eƒe dzideƒo ƒe kpɔɖeŋu la eye míaku kutri le mɔ siwo nu míato akafu mía Wɔla la didi me gbesiagbea?
5 Menye ɣeyiɣi si woɖo ɖi koŋ na ɖaseɖiɖi kple gbeƒãɖela bubuwo le hamea ƒe anyigbamamã me koe míaƒo nu tso Yehowa ŋu o. Amesiwo aɖo to ko dim míele. Míedoa go amewo gbesiagbe—wovaa míaƒe aƒeme, míewɔa dɔ kpli wo le dɔ me, míedoa go wo le asiwo kple fiasewo me, alo míeɖoa ʋu ɖeka kpli wo. Nusi hiã koe nye xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe gbedoname kple biabia alo nya si na wobua tame si ana miadze dzeɖoɖo gɔme. Ame geɖe kpɔe be ɖaseɖiɖi to mɔ sia nu nyo na yewo wu. Esi mɔnukpɔkpɔ geɖe le mía si be míaƒo nu tso nyanyuia ŋu na ame bubuwo ta la, manyo be ɣleti blibo nava yi ɖasemaɖimaɖi le Fiaɖuƒea ŋu o.
6 Yehowa kafukafu ƒe mɔnukpɔkpɔa nu mayi gbeɖe o. Hakpala la gblɔ be ele be nusianu si me gbɔgbɔ le nanɔ Yehowa kafum, eye míedi be míanɔ wo dome godoo. (Ps. 150:6) Ne míaƒe dzi ʋã mí be míawɔ nenema ɣesiaɣi la, ke míawɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ gbesiagbe aƒo nu tso Yehowa kple eƒe Nya la ŋu.