INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 1/15 axa 21-25
  • Vɔsasa Na Yehowa Tso Luʋɔ Blibo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Vɔsasa Na Yehowa Tso Luʋɔ Blibo Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ALE SI MÍENƆA AGBE GBE SIA GBE
  • ALE SI WÒAKPƆ ŊUSẼ ÐE WÒ AGBENƆNƆ DZI
  • VƆ SIWO MÍESANA LE TADEDEAGU ME
  • NUNANA KPLE NUXƆXƆ
  • ÐE WÒ ŊUDZEDZEKPƆKPƆ FIA
  • Srɔ̃ Nu Tso ‘Nyateƒe La Ƒe Nɔnɔme’ Si Le Sea Me La Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Kafukafuvɔsa Siwo Dzea Yehowa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Vɔ Siwo Dzea Mawu Ŋu La Sasa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Ðe Nàlɔ̃ Atsɔ Nuwo Asa Vɔe Ðe Fiaɖuƒea Ta?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 1/15 axa 21-25

Vɔsasa Na Yehowa Tso Luʋɔ Blibo Me

“Nu sia nu si wɔm miele la, miwɔe tso luʋɔ blibo me abe Yehowa ye miele ewɔm na ene.”—KOL. 3:23.

KPƆE ÐA BE ÀTE ŊU AÐO WO ŊU HÃ:

Aleke míate ŋu ade bubu Yehowa ŋu le nu siwo míewɔna gbe sia gbe me?

Vɔ kawoe míesana na Mawu le míaƒe tadedeagu me?

Aleke míate ŋu atsɔ míaƒe nunɔamesiwo ana Yehowa?

1-3. (a) Esi Yesu tsɔ eƒe agbe sa vɔ ɖe mía ta ta la, ɖe wòfia be Yehowa megabia vɔsa aɖeke tso mía si oa? Ðe eme. (b) Nya kae míate ŋu abia tso vɔ siwo míesana egbea ŋu?

LE ƑE alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, Yehowa na eƒe amewo nya be Yesu ƒe tafevɔsa la ɖe Mose ƒe Sea ɖa. (Kol. 2:13, 14) Vɔ siwo katã Yudatɔwo sana hena ƒe alafa geɖewo la megahiã o, eye asixɔxɔ aɖeke megale wo ŋu o. Sea ɖo eƒe taɖodzinu si nye be wòanye ‘mɔfiala si akplɔ Yudatɔwo ayi Kristo gbɔe’ la gbɔ.—Gal. 3:24.

2 Gake esia mefia be Kristotɔwo mesaa vɔ aɖeke egbea o. Ke boŋ apostolo Petro gblɔ be ehiã be “[míato] Yesu Kristo dzi asa gbɔgbɔmevɔ siwo dzea Mawu ŋu.” (1 Pet. 2:5) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, apostolo Paulo na eme kɔ be woate ŋu abu Kristotɔ ɖeadzɔgbe ƒe agbe—alo eƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa—wòasɔ be enye “vɔsa.”—Rom. 12:1.

3 Eya ta Kristotɔ aɖe ate ŋu atsɔ nanewo ana Yehowa alo aɖe asi le nanewo wɔwɔ ŋu le Yehowa ta, esiawo katã nye vɔsawo. Ne míebu nu siwo katã míenya tso nu siwo Yehowa di tso Israel viwo si le vɔsawo gome ŋu ŋuti la, aleke míawɔ be vɔ siwo katã míesana egbea nadze eŋu?

ALE SI MÍENƆA AGBE GBE SIA GBE

4. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe míaƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo ŋu?

4 Ate ŋu asesẽ be míaxɔe ase be nu siwo míewɔna gbe sia gbe la do ƒome kple vɔ siwo míesana na Yehowa. Awɔ na mí be aƒemedɔwo, sukudɔwo, míaƒe dɔwɔɖui, asiƒeƒle, kple nu siawo tɔgbi medo ƒome aɖeke kple gbɔgbɔmenuwo o. Ke hã ne èɖe adzɔgbe na Yehowa alo esusɔ vie nàwɔ esia la, ele vevie be wòanɔ susu me na wò be gbe sia gbe dɔwɔna siawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mia kplii dome ƒomedodo dzi. Míenye Kristotɔwo ŋkekea ƒe gaƒoƒo 24 la katã. Ele be míawɔ ɖe dzidzenu siwo le Ŋɔŋlɔawo me dzi le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. Esia tae Paulo de dzi ƒo na mí be: “Nu sia nu si wɔm miele la, miwɔe tso luʋɔ blibo me abe Yehowa ye miele ewɔm na ene, ke menye na amegbetɔwo o.”—Mixlẽ Kolosetɔwo 3:18-24.

5, 6. Nu kae wòle be wòafia mɔ mí le míaƒe awudodo kple gbe sia gbe gbenɔnɔ me?

5 Gbe sia gbe dɔwɔnawo menye Kristotɔ ƒe subɔsubɔ kɔkɔea ƒe akpa aɖe o. Ke hã nyateƒe si wònye be Paulo de dzi ƒo na mí be míawɔ dɔ “tso luʋɔ blibo me abe Yehowa ye [míele] ewɔm na ene” la he míaƒe susu yi míaƒe agbenɔnɔ bliboa katã dzi. Eya ta aleke míawo ŋutɔwo míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi? Ðe míewɔa nu hedoa awu abe ale si wòdze Kristotɔ ene ɣeawokatãɣia? Alo ne míele gome kpɔm le gbe sia gbe dɔwɔnawo me la, ɖe wòakpe ŋu na mí be míaɖe mía ɖokui afia be Yehowa Ðasefowo míenye, ɖewohĩ le ale si míewɔa nui alo ale si míedoa awui ta? Megadzɔ alea gbeɖe o! Yehowa ƒe amewo madi be yewoawɔ nane si aƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔ la gbeɖe o.—Yes. 43:10; 2 Kor. 6:3, 4, 9.

6 Mina míadzro ale si didi be míawɔ dɔ “tso luʋɔ blibo me abe Yehowa ye [míele] ewɔm na ene” la lɔ míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa vovovowo ɖe eme la me kpɔ. Esi míele eme dzrom la, nenɔ susu me na wò be wobia tso Israel viwo si be vɔ siwo katã wosana na Yehowa la nanye nyuitɔ kekeake.—2 Mose 23:19.

ALE SI WÒAKPƆ ŊUSẼ ÐE WÒ AGBENƆNƆ DZI

7. Nu kae Kristotɔwo ƒe adzɔgbeɖeɖe fia?

7 Esi nètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa la, èwɔ nyametsotso sia tso dzi blibo me, menye nenemae oa? Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, ègblɔ na Yehowa be yeatsɔ eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le yeƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. (Mixlẽ Hebritɔwo 10:7.) Nyametsotso nyui aɖee wònye nèwɔ. Ðikeke mele eme o be ède dzesii be, ne èdi Yehowa ƒe nukpɔsusu le nya aɖe ŋu eye nèdze agbagba wɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple eƒe lɔlɔ̃nu la, emetsonua nyona ŋutɔ. (Yes. 48:17, 18) Mawu ƒe amewo le kɔkɔe eye wokpɔa dzidzɔ, elabena woɖea Yehowa, Ame si fiaa nu wo la, ƒe nɔnɔmewo fiana.—3 Mose 11:44; 1 Tim. 1:11.

8. Nu ka tae wòle vevie be míaɖo ŋku edzi be Yehowa bu blema Israel viwo ƒe vɔsawo nu kɔkɔewoe?

8 Yehowa bua vɔ siwo Israel viwo sana nɛ la nu kɔkɔewoe. (3 Mose 6:18; 7:1) Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “kɔkɔe” la fia nu si woɖe ɖe vovo alo nu si ŋu wokɔ na Mawu. Ne míedi be míaƒe vɔsawo nadze Yehowa ŋu la, ele be míaɖe mía ɖokuiwo ɖe vovo tso xexemenu siwo ƒoa ɖi ame la gbɔ. Míate ŋu alɔ̃ nu siwo Yehowa lé fui la dometɔ aɖeke o. (Mixlẽ 1 Yohanes 2:15-17.) Eme kɔ ƒãa be esia fia be ele be míaƒo asa na hadede alo nuwɔna ɖe sia ɖe si ana mía ŋu makɔ le Mawu ŋkume o. (Yes. 2:4; Nyaɖ. 18:4) Efia hã be míate ŋu anɔ nu makɔmakɔwo alo gbɔdɔnuwɔnawo kpɔm, alo anɔ wo ŋu bum o.—Kol. 3:5, 6.

9. Aleke gbegbe ale si Kristotɔ aɖe wɔa nu ɖe ame bubuwo ŋui la le vevie, eye nu ka tae?

9 Paulo de dzi ƒo na haxɔsetɔwo be: “Migaŋlɔ nyuiwɔwɔ kple nunana ame bubuwo be o, elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu ŋutɔ.” (Heb. 13:16) Eya ta ne míewɔa nu nyui eye míenyoa dɔme na amewo ɣesiaɣi la, Yehowa abu míaƒe nuwɔna mawo be wonye vɔsa siwo dzea eŋu. Lɔlɔ̃ kple ɖetsɔtsɔ le eme na amewo nye nɔnɔme siwo wotsɔ dea dzesi Kristotɔ vavãwo.—Yoh. 13:34, 35; Kol. 1:10.

VƆ SIWO MÍESANA LE TADEDEAGU ME

10, 11. Aleke Yehowa bua míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa kple tadedeagu lae, eye dɔ kae wòle be esia nawɔ ɖe mía dzi?

10 Mɔ ɖeka aɖe si dzena ƒãa, si dzi mí Kristotɔwo míetona wɔa nyui na ame bubuwo lae nye “míaƒe mɔkpɔkpɔ me ʋuʋu le dutoƒo.” Ðe nèwɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ tsɔ ɖia ɖasea? Paulo yɔ Kristotɔwo ƒe dɔ vevi sia be “kafukafuvɔsa, si nye nuyi siwo ʋua [Mawu ƒe] ŋkɔ me le dutoƒo la ƒe kutsetse.” (Heb. 10:23; 13:15; Hos. 14:3) Anyo be míade ŋugble le Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui gbɔgblɔ ƒe dɔ si míewɔna la ƒe nyonyome kple ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míezãna ɖe eŋu la ŋu, eye wotrɔ asi le Subɔsubɔ Kpekpea ƒe akpa geɖe ŋu be woade dzi ƒo na mí míawɔ esia. Ke hã esi wònye be míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa kple vomeɖaseɖiɖiwo nye “kafukafuvɔsa,” si nye míaƒe tadedeagu ƒe akpa aɖe ta la, ele be vɔsa ma nanye nyuitɔ kekeake. Togbɔ be míaƒe nɔnɔmewo le vovovo hã la, ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míezãna tsɔ ɖea gbeƒã nya nyuia la ɖea ale si míekpɔa ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu la fiana.

11 Kristotɔwo dia ɣeyiɣi tsɔ dea ta agu na Mawu le ƒuƒoƒo me edziedzi alo le wo ɖokui si. Yehowa bia tso mía si be míawɔe alea. Enye nyateƒe be megahiã be míawɔ ɖe Sabat ƒe se kpaɖii aɖeke dzi alo míanɔ mɔ zɔm anɔ Yerusalem yim hena ŋkekenyuiwo ɖuɖu o. Ke hã mí Kristotɔwo míate ŋu asrɔ̃ nane tso se mawo me. Mawu kpɔa mɔ kokoko be míadzudzɔ dɔwɔwɔ kukuwo eye míazã ɣeyiɣi ma atsɔ asrɔ̃ Mawu ƒe Nya la, ado gbe ɖa, ahade Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Eye agba le Kristotɔ siwo nye ƒome ƒe tawo dzi be woasrɔ̃ Biblia kple woƒe ƒomea me tɔwo. (1 Tes. 5:17; Heb. 10:24, 25) Eya ta enyo be míabia mía ɖokuiwo be, ‘Ðe magate ŋu ana nye mawusubɔsubɔ naganyo ɖe edzia?’

12. (a) Nu kae míate ŋu atsɔ dzudzɔ ʋeʋẽe siwo wodona le tadedeagu me le blema la asɔ kple egbea? (b) Aleke míate ŋu ado gbe ɖa wòanɔ abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene?

12 Fia David dzi ha na Yehowa be: “Nye gbedodoɖa nenɔ ŋkuwò me abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene.” (Ps. 141:2) De ŋugble le wò gbedodoɖawo ŋu sẽe nàkpɔ; èdoa gbe ɖa edziedzia, eye aleke woƒe nyonyome le? Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa tsɔ “ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo” sɔ kple atike ʋeʋĩ le gɔmesese sia nu be gbedodoɖa siwo dzea Yehowa ŋu la nɔna nɛ abe ʋeʋẽ lilili dodzidzɔname ene. (Nyaɖ. 5:8) Le blema Israel la, ele be woatsɔ atike ʋeʋĩ vovovowo atɔtɔ le Yehowa ƒe mɔfiafia nu pɛpɛpɛ atsɔ awɔ dzudzɔdonu si wozãna le eƒe vɔsamlekpuia dzi la. Ne wotɔ dzo dzudzɔdonua pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa fia mɔe ene ko hafi wòkpɔa ŋudzedze ɖe eŋu. (2 Mose 30:34-37; 3 Mose 10:1, 2) Ne míawo hã míedoa gbe ɖa le mɔ si nu Yehowa fia mí be míawɔe le nu la, ekema míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe eŋu.

NUNANA KPLE NUXƆXƆ

13, 14. (a) Nu kae Epafrodito kple Filipi hamea wɔ na Paulo, eye aleke apostoloa se le eɖokui me tso eŋu? (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Epafrodito kple Filipitɔwo ƒe kpɔɖeŋua?

13 Míate ŋu atsɔ ga siwo míedzɔna tsɔ doa alɔ xexea me katã ƒe dɔa la asɔ kple vɔsa, eɖale sue alo sɔ gbɔ o. (Mar. 12:41-44) Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, hame si nɔ Filipi la dɔ Epafrodito ɖe Roma be wòatsɔ ŋutilãmenuhiahiãwo ayi na Paulo. Anɔ eme godoo be Filipi hamea tsɔ ga de woƒe amedɔdɔ sia si be wòatsɔ ayi nɛ. Menye esiae nye zi gbãtɔ si Filipitɔwo nyo dɔme na Paulo o. Woɖo dɔmenyonunanawo ɖe Paulo kple susu be wòavo tso gakuxiwo me ale be wòate ŋu azã ɣeyiɣi geɖe wu ɖe subɔsubɔdɔa ŋu. Alekee Paulo bu nunana lae? Eyɔe be “ʋeʋẽ lilili kple vɔsasa nyui, si dze Mawu ŋu.” (Mixlẽ Filipitɔwo 4:15-19.) Paulo kpɔ ŋudzedze ɖe Filipitɔawo ƒe dɔmenyonunana la ŋu ŋutɔ, eye Yehowa hã kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu nenema ke.

14 Nenema ke egbea la, Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo míedzɔna tsɔ kpea asi ɖe xexea me katã ƒe dɔa ŋu la ŋu ale gbegbe. Gawu la, edo ŋugbe be ne míetsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ la, yeakpɔ míaƒe nuhiahiãwo katã gbɔ na mí—gbɔgbɔmetɔwo kple ŋutilãmetɔwo siaa.—Mat. 6:33; Luka 6:38.

ÐE WÒ ŊUDZEDZEKPƆKPƆ FIA

15. Nu siwo tae nèdaa akpe na Yehowa ɖo la dometɔ aɖewo ɖe?

15 Ne míebe míagblɔ susu geɖe siwo tae wòle be míada akpe na Yehowa ɖo la ɖekaɖeka la, ɣeyiɣi made na mí o. Ðe menye nyateƒe be ele be míada akpe nɛ ɖe agbe si wòna mí la ta gbe sia gbe oa? Enaa nu siwo katã míehiã be míanɔ agbe—nuɖuɖu, nudodo, mlɔƒe kpakple ya ɖe sia ɖe si míegbɔna ɖe ŋɔti me—la mí. Gawu la, míaƒe xɔse si míetu ɖe sidzedze vavãtɔ dzi la na mɔkpɔkpɔ mí. Esɔ ŋutɔ be míade ta agu na Yehowa eye míasa kafukafuvɔwo nɛ, le ame si ƒomevi wònye kple nu si wòwɔ na mí la ɖeɖe ko ta.—Mixlẽ Nyaɖeɖefia 4:11.

16. Aleke wòle be míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe Kristo ƒe tafevɔsaa ŋu?

16 Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ mee ene la, nu xɔasitɔ kekeake si Mawu na ameƒomea ye nye Kristo ƒe tafevɔsaa. Nunana sia ɖe ale si gbegbe Mawu lɔ̃ míi fia. (1 Yoh. 4:10) Nu kae míawɔ atsɔ aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu? Paulo gblɔ be: “Lɔlɔ̃ si le Kristo la si ƒonɛ ɖe mía nu, elabena aleae míekpɔe enye esi: be ame ɖeka ku ɖe wo katã ta; . . . eye wòku ɖe wo katã ta, bene ame siwo le agbe la naganɔ agbe na wo ɖokuiwo azɔ o, ke na ame si ku ɖe wo ta, eye wofɔe ɖe tsitre la boŋ.” (2 Kor. 5:14, 15) Le nyateƒe me la, nya si gblɔm Paulo le lae nye be, ne míekpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe amenuveve ŋu la, míazã míaƒe agbe atsɔ ade bubu Eya kple Via ŋu. Míeɖea lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu kple Kristo kpakple ale si míekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋui la fiana to toɖoɖo wo kple míaƒe didi be míaɖe gbeƒã ahawɔ nusrɔ̃lawo me.—1 Tim. 2:3, 4; 1 Yoh. 5:3.

17, 18. Mɔ kawo nue ame aɖewo dzi kafukafuvɔsa si wotsɔna naa Yehowa ɖe edzi le? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe.

17 Ðe wòanya wɔ na wò be nana kafukafuvɔsa si nètsɔna naa Mawu la nanyo ɖe edzi wua? Esi nɔvi geɖewo gbugbɔ de ŋugble tso nu nyui siwo katã Yehowa wɔ na wo ŋu la, esia ʋã wo wodi ɣeyiɣi hetrɔ asi le woƒe dɔwɔnawo ŋu be yewoate ŋu akpɔ gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa alo teokrasidɔ bubuwo me geɖe wu. Nɔvi aɖewo te ŋu wɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣleti ɖeka alo esi wu nenema ƒe sia ƒe, eye bubuwo zu gbesiagbe mɔɖelawo. Nɔvi bubuwo hã ƒo wo ɖokuiwo ɖe xɔtudɔ siwo doa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ la me. Ðe esiawo menye mɔ nyui aɖewo siwo dzi míato aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia oa? Ne míewɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe siawo kple susu nyui—be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia eye míada akpe ɖe nu siwo Mawu wɔ na mí ta—la, ekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu.

18 Kristotɔ geɖewo se le wo ɖokuiwo me be yewonyi akpedada ƒe fe le Yehowa ŋu eye esia de dzo wo me wowɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me. Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye Morena. Edi ŋuɖoɖo na biabia siwo ɖea fu nɛ ku ɖe Mawu ŋu la le Katolikoha, si nye subɔsubɔha si me wodzii ɖo, kple Asiatɔwo ƒe xexemenunya me. Gake mekpɔ ŋuɖoɖo fakɔname aɖeke o. Esi Yehowa Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii ko hafi wòtsi gbɔgbɔmetsikɔ si nɔ ewum la nu. Morena kpɔ ŋudzedze ɖe ale si wozã Biblia tsɔ ɖo eƒe biabiawo ŋu nɛ kple dzidzeme si esia na wòkpɔ le agbe me la ŋu ale gbegbe be wòdi be yeazã yeƒe ŋusẽ katã le subɔsubɔdɔa me atsɔ ada akpe na Yehowa. Eya ta esi wòxɔ nyɔnyrɔ teti ko la, ewɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa edziedzi, eye esi nɔnɔmeawo nya ɖe mɔ nɛ ko la, ezu gbesiagbe mɔɖela. Ƒe 30 ye nye esi va yi, gake Morena gakpɔtɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm.

19. Aleke nàte ŋu adzi vɔ siwo nèsana na Yehowa la ɖe edzi?

19 Enye nyateƒe be Yehowa subɔla wɔnuteƒe gbogbo aɖewo li siwo ƒe nɔnɔmewo meɖe mɔ na wo be woasubɔ abe mɔɖelawo ene o. Nu ka kee míate ŋu awɔ le Yehowa subɔsubɔ me o, mí katã míate ŋu asa gbɔgbɔmevɔ siwo dzea Mawu ŋu. Míate ŋu awɔ esia to míaƒe agbenɔnɔ dzi; ele be míanɔ agbe ɖe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu pɛpɛpɛ, esi míeɖoa ŋku edzi be míenye Yehowa teƒenɔlawo ɣeawokatãɣi ta. Míagate ŋu awɔ esia to xɔse ɖeɖe fia me; míekana ɖe edzi tso dzi blibo me be Mawu ƒe tameɖoɖowo ava eme. Mlɔeba la, to dɔ nyuiwo wɔwɔ me; míekpea asi ɖe nya nyuia kaka ŋu. Mina lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu siwo katã wòwɔ na mí ŋu naʋã mí míayi edzi anɔ vɔ sam na Yehowa tso luʋɔ blibo me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 25]

Ðe Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ʋãa wò be nàna kafukafuvɔsa si nètsɔ nanɛ la nanyo ɖe edzi wua?

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ðe nèwɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ tsɔ ɖia ɖasea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe