INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/05 axa 1
  • Minyo Dɔme eye Mina Nu Ame

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Minyo Dɔme eye Mina Nu Ame
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Miyi Edzi Mianɔ Ŋusẽ Dom Mia Nɔewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Mifa Akɔ Na Amesiwo Le Nu Xam
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • ‘Mifa Akɔ Na Konyifalawo Katã’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Xɔtudɔ Siwo Dea Bubu Yehowa Ŋu
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 4/05 axa 1

Minyo Dɔme eye Mina Nu Ame

1 Dorcas, alo Tabita, ‘wɔ dɔ nyui kple dɔmenyonu geɖe.’ (Dɔw. 9:36, 39) Eƒe dɔmenyowɔwɔ na amesiwo dze sii, kple Yehowa Mawu siaa, lɔ̃e vevie. Hebritɔwo 13:16 gblɔ be: “Migaŋlɔ dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana be o; elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu.” Aleke míawɔ anyo dɔme ahana nu ame bubuwo egbea?

2 Mɔ ɖeka si dzi míate ŋu ato akpe ɖe amewo ŋu enye be míana míaƒe ‘nunɔamesiwo’ ƒe ɖe wo. (Lod. 3:9) Nusiwo míedzɔna tsɔ doa alɔ xexeame katã ƒe dɔa ye nana wote ŋu tua Fiaɖuƒe Akpatawo, Takpexɔwo, kple alɔdzedɔwɔƒewo le xexeame godoo. Míaƒe nunana dɔmenyotɔe na ame miliɔn geɖe ɖe vi tso teokrasi mɔfiame kple gbɔgbɔ me hadede tuameɖowo me.

3 Akɔfafa na Amewo: Mí Yehowa ƒe amewo míenɔa klalo ‘wɔa nyui’ na haxɔsetɔwo kple amesiwo ƒe xɔse to vovo na mía tɔ siaa ne afɔku aɖe dzɔ. (Gal. 6:10) Esi nane wó le atikeɖaƒe aɖe le France megbe la, atsu kple asi aɖe siwo ƒe aƒe te ɖe teƒea ŋu gblɔ be: “Mía nɔvi Kristotɔwo va na kpekpeɖeŋu mí enumake heɖe nu gbagbã siwo kaka ɖe míaƒe aƒea me kple ame bubuwo ƒe aƒewo me la ɖa. Ewɔ nuku na míaƒe aƒelikawo ŋutɔ be ame gbogbo mawo gbegbee va na kpekpeɖeŋu mí.” Nɔvinyɔnu bubu gblɔ kpee be: “Hamemegãwo tso mí xɔ. Wova de dzi ƒo na mí. Le nyateƒe me la, míehiã esia vevie wu ŋutilã me kpekpeɖeŋu gɔ̃ hã.”

4 Togbɔ be mɔ geɖe li siwo dzi míate ŋu ato anyo dɔme na mía haviwo hã la, mɔ nyuitɔ kekeake si dzi míate ŋu ato akpe ɖe wo ŋue nye be míagblɔ nyateƒea ƒe sidzedze xɔasi, si me “agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ,” si ŋugbe Yehowa ŋutɔ do le, la na wo. (Tito 1:1, 2) Gbedasi si le Biblia me la nye akɔfafa ŋutɔŋutɔ na amesiwo le konyi fam le xexeame ƒe nɔnɔmewo kple woa ŋutɔwo ƒe nuvɔ̃wo ta. (Mat. 5:4) Ne ŋutete le mía ŋu la, mina míanyo dɔme ahana míaƒe nunɔamesiwo ƒe ɖe ame bubuwo.—Lod. 3:27.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe