Ƒe Sia Ƒe Takpekpea Ŋuti Nyatakakawo
Kpekpe Aɖe Si Me Ðekawɔwɔ Kple Ðoɖo Dodzidzɔnamewo Ðe Dzesi Le
ƑE SIA ƒe takpekpe si Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ si le Pennsylvania wɔna la doa dzidzɔ na ame vevie ŋutɔ ɣesiaɣi. Aleke gbegbe nya mawo nye nyateƒe le kpekpe 127 lia si wowɔ le Memleɖa October 1, 2011 dzi la gomee nye esi! Amekpekpe siwo tso xexea ƒe akpa sia akpa la va ƒo ƒu ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔ si le Jersey City, New Jersey, U.S.A., la me.
Gerrit Lösch, si nye Dziɖuha la me tɔ la, do dzaa na ameha kpɔdzidzɔawo. Egblɔ na vavala siwo tso dukɔ siwo ade 85 me be wole vivi sem le dukɔwo dome ɖekawɔwɔ tɔxɛ aɖe me. Ðekawɔwɔ ma nye ɖaseɖiɖi nyui aɖe eye wòhea ŋutikɔkɔe vanɛ na Yehowa. Le nyateƒe me la, ɖekawɔwɔe nye nya vevi si dze enuenu le takpekpea katã me.
NYATAKAKA NYUI AÐE TSO MEXICO
Wowɔ ɖekawɔwɔ si le Yehowa ƒe amewo dome la ƒe kpɔɖeŋuwo le ɖoɖowɔɖia ƒe akpa gbãtɔa me. Baltasar Perla bia gbe ehati dɔwɔla siwo nye Mexico Betel ƒomea me tɔ etɔ̃ ku ɖe ale si wotsɔ Titina Amerika ƒe alɔdzedɔwɔƒe ade wɔ ɖeka kple Mexico alɔdzedɔwɔƒea la ŋu. Le alɔdzewo wɔwɔ ɖekae ƒe ɖoɖo sia ta la, Mexico Betel ƒomea va zu dukɔwo dome ƒome si me tɔwo ƒe dekɔnuwo le vovovo wu ale si wònɔ tsã, eye ale si wodea ha kple wo nɔewo la dea dzi ƒo na wo dometɔ ɖe sia ɖe. Ðeko wòle abe ɖe Mawu tsɔ nututunu gã aɖe tutu dukɔwo ƒe liƒowo ɖa ene.
Kuxi aɖe si alɔdzewo wɔwɔ ɖekae ƒe ɖoɖoa he vɛ ye nye ale si woakpe ɖe gbeƒãɖelawo ŋu woase le wo ɖokuiwo me be yewomeɖe ɖe aga le Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu o, togbɔ be alɔdzedɔwɔƒe megale yewoƒe dukɔa me o hã. Le esia ta la, wona e-mail kadodo aɖe hame ɖe sia ɖe, ale be ame siwo le nuto saɖeagawo kura gɔ̃ hã me la ate ŋu aŋlɔ nu na alɔdzedɔwɔƒea tẽe.
NYATAKAKAWO TSO JAPAN
James Linton, si tso Japan ƒe alɔdzedɔwɔƒea, ƒo nu tso ale si anyigbaʋuʋu kple atsiaƒu gɔme anyigbaʋuʋu si dzɔ le March 2011 me la gblẽ nu le nɔviawo ŋui la ŋu. Ðasefo geɖewo bu woƒe ame veviwo kpakple woƒe nunɔamesiwo. Ðasefo siwo nɔ nuto siwo me afɔkua megblẽ nu le o me la na dzeƒe siwo wu 3,100 sɔŋ kple ʋu alafa geɖewo wo nɔviwo. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo ŋu Nuto Me Xɔtukɔmitiwo kpe ɖo la wɔ dɔ madzudzɔmadzudzɔe hedzra nɔviwo ƒe aƒewo ɖo. Nɔvi siwo wu 1,700 sɔŋ tsɔ wo ɖokuiwo na faa be yewoana kpekpeɖeŋu le afi sia afi si hiahiã le. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe tso Amerika va kpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo gbugbɔgatu ŋu, eye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 575 ye kpe asi ɖe dɔ sia ŋu.
Wowɔ nu geɖe tsɔ fa akɔ na ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkua gblẽ nu le la hena gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu wo. Hamemetsitsi siwo wu 400 yi ɖasubɔ le afi siwo wohiã dzikpɔlawo le. Dziɖuha la ƒe ɖetsɔleme dze kɔtɛ esi alɔdzewo dzikpɔla eve zɔ mɔ tso xexea me katã ƒe dɔwɔƒe gã la yi ɖe afi siwo afɔkua gblẽ nu le hede dzi ƒo na nɔviawo. Ðasefo siwo le xexea me godoo hã ƒe ɖetsɔleme nye ŋusẽ kple akɔfafa tsoƒe gã aɖe ŋutɔ.
DZIÐUÐU LE SENYAWO ME
Nyaselawo ke to nyuie esi nɔviŋutsu Stephen Hardy si tso Britain (Grande-Bretagne) ƒe alɔdzedɔwɔƒea xɔ ŋgɔ le senya siwo me míeɖu dzi le nyitsɔ laa la me dzodzro me. Le kpɔɖeŋu me, Franseawo ƒe dziɖuɖua bia be Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔ si woɖo le se nu le France la naxe Amerika dɔlar miliɔn 82 ƒe adzɔ. Wokpɔ nyaa gbɔ esi Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea (ECHR) tso nya me be míeɖu dzi, hegblɔ be Franseawo ƒe dziɖuɖua mewɔ ɖe Europatɔwo ƒe Gomenɔamesise 9 lia, si kpɔa subɔsubɔhawo ƒe ablɔɖe ta, la dzi o. Nyametsotsoa me nyawo ɖee fia be menye ga ŋue senya sia ku ɖo o, elabena exlẽ be: ‘Gbegbe be yewomada asi ɖe subɔsubɔha aɖe dzi o, agbagbadzedze be yewoabu mo nɛ, gbɔɖiamenyawo gbɔgblɔ ɖe subɔsubɔhaa ŋu, nu siawo katã nye kpɔɖeŋu siwo ɖee fia be womewɔ nu wòwɔ ɖeka kple Gomenɔamesise 9 lia o.’
ECHR tso nya me be míeɖu dzi le senya si ku ɖe Armenia dziɖuɖua ŋu la hã me. Tso ƒe 1965 me kee ECHR la de dzesii be Europatɔwo ƒe Gomenɔamesise la mekpɔ ame ɖekaɖekawo ta tso wo dzi zizi be woawɔ asrafodɔ me o. Ʋɔnudrɔ̃la Kɔkɔtɔwo—si nye ame siwo le ɖoƒe kɔkɔtɔ kekeake le Europatɔwo Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea—tso nya me be, ‘ne ame aɖe tiae be yemawɔ asrafodɔ o, le esi esia tsi tsitre ɖe eƒe dzitsinya kple subɔsubɔdzixɔsewo ŋu ta la,’ ele be Europatɔwo ƒe Gomenɔamesise la naɖe mɔ nɛ. Nyametsotso sia zi Armenia kple dukɔ bubuwo, abe Azerbaijan kple Turkey ene, dzi be woalɔ̃ ɖe gomenɔamesi sia dzi.
XƆTUDƆWO
Guy Pierce si nye Dziɖuha la me tɔ lae ƒo nuƒo si kplɔe ɖo eye wògblɔ be, yenya nyuie be vavalawo katã di vevie be yewoanya nu tso míaƒe xɔtudɔ siwo le edzi yim le New York State la ŋu. Ena wokpɔ video aɖe si ɖe ale si dɔwo le edzi yim le Wallkill, Patterson, kple teƒe siwo woƒle eteƒe medidi o le Warwick kple Tuxedo, le New York, la fia. Wole xɔdɔme yeye 300, siwo nu wòɖo be woawu le ƒe 2014 me, la tum le Wallkill fifia.
Wole ɖoɖo wɔm be woatu xɔ ɖe míaƒe anyigba aɖe si le Warwick si keke acre 248 (hectare 100) la dzi. Nɔviŋutsu Pierce gblɔ be: “Togbɔ be míenya Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ku ɖe anyigba si le Warwick ŋu o hã la, míeɖoe be míatu xɔ ɖe anyigba la dzi kple susu be míava ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔwɔƒe gã la yi afi ma.” Míele ɖoɖo wɔm hã be míalɔ mɔ̃ kple xɔtunu siwo míazã atsɔ awɔ dɔawoe la aɖakɔ ɖe anyigba bubu aɖe si le Warwick ƒe dzigbe gome si keke acre 50 (hectare 20) hedidi tso Warwick gbɔ anɔ kilometa 10 la dzi. Nɔviŋutsu Pierce gblɔ be: “Míele mɔ kpɔm be míawu xɔ sia tutu nu le ƒe ene me, ne wonya ɖe mɔ na mí be míadze etutu gɔme ko. Emegbe míate ŋu adzra míaƒe teƒe si le Brooklyn.”
Nɔviŋutsu Pierce bia be: “Ðe Dziɖuha la trɔ eƒe susu le ale si xaxa gã la gogoe ŋua?” Eɖo eŋu be: “Gbeɖe. Ne xaxa gã la va tso míaƒe ɖoɖoawo me la, ɖeko wòanyo ŋutɔ, anyo ale gbegbe!”
KPƆ NYUIE LE DZATA SI LE GBE ÐEM LA ŊU
Stephen Lett, si nye Dziɖuha la me tɔ bubu la, va dzro 1 Petro 5:8 si gblɔ be, “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ. Miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem ene, eye wòle ame dim be yeami,” la me. Nɔviŋutsu Lett gblɔ be ŋugbledede le nɔnɔme vovovo siwo le dzata si ŋu ana míase nu si tae wòsɔ be Petro tsɔ Abosam sɔ kple dzata la gɔme.
Esi wònye be ŋusẽ le dzata ŋu eye eƒe afɔ tsɔna ta la, mele be míadze agbagba be míawɔ avu kple Satana alo ado aɖika kplii le míawo ŋutɔwo ƒe ŋusẽ me o. Míehiã na Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. (Yes. 40:31) Dzata dea xa ɖe viviti me heléa lãwo, eya ta ele be míaƒo asa na gbɔgbɔ me viviti si me Satana dea xa ɖo heléa ame le la. Abe ale si dzata wua avugbɔe siwo nye lã fafawo alo gbetedzivi sue si le alɔ̃ dɔm ene la, Satana mekpɔa nublanui o eye edi vevie be yeawu mí. Eye ne dzata lé lã aɖe eye wòɖui ɖi ƒo vɔ la, womegatea ŋu kpɔa lã la dzea sii o, nenema ke ame siwo Satana lé la ‘ƒe nɔnɔme mlɔetɔwo va gblẽna wu gbãtɔwo.’ (2 Pet. 2:20) Eya ta ele be míatsi tsitre ɖe Satana ŋu eye míalé Biblia me gɔmeɖose siwo míesrɔ̃ la me ɖe asi sesĩe.—1 Pet. 5:9.
KPƆ ŊUDZEDZE ÐE AKPA SI NÈWƆNA LE YEHOWA ƑE AƑEA ME LA ŊU
Samuel Herd, si nye Dziɖuha la me tɔ bubu, ye ƒo nuƒo si kplɔe ɖo la, egblɔ be: “Mí katã míewɔa akpa vevi aɖe le Yehowa ƒe aƒea me.” Kristotɔwo katã wɔa akpa vevi aɖe le Mawu ƒe ‘aƒe,’ alo eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ, si nye ɖoɖo siwo katã wòwɔ be woade ta agu na ye to Yesu ƒe tafevɔsaa dzi, la me. Ele be míakpɔ ŋudzedze ɖe akpa si míewɔna la ŋu, elabena mɔnukpɔkpɔ xɔasi aɖee wònye. Abe David ene la, míedi be míanɔ “Yehowa ƒe me le [míaƒe] agbe me ŋkekewo katã me.”—Ps. 27:4.
Nɔviŋutsu Herd he susu yi Psalmo 92:13-15 dzi eye wòbia be, “Aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu míekpɔa dzidzedze?” Eɖo eŋu be: “Le gbɔgbɔmeparadisoa me la, Mawu léa be na mí, ekpɔa mía ta, eye wònaa nyateƒea ƒe tsi fafɛwo mí. Mina míada akpe nɛ ɖe esia ta.” Eyome Nɔviŋutsu Herd de dzi ƒo na nyaselawo be: “Mina wòanye dzidzɔ na mí be míanɔ Yehowa ƒe me—menye hena ɣeyiɣi vi aɖe ko o, ke boŋ yi ɖe mavɔmavɔ me.”
KRISTOTƆWO DEA BUBU MAWU ƑE NYA LA ŊU
David Splane, ame si hã nye Dziɖuha la me tɔ la, ɖe eme le nuƒo si kplɔe ɖo me be Kristotɔ vavãwo dea bubu Mawu ƒe Nya la ŋu tso gbe aɖe gbe ke. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, wonɔ te ɖe edzi kpɔ aʋatsotso ƒe nya si do mo ɖa la gbɔ. (Dɔw. 15:16, 17) Gake ƒe alafa evelia me Kristotɔ xɔŋkɔ siwo wotsɔ Hela xexemenunya na hehee la va nɔ bubu dem xexemenunya ŋu wu Ŋɔŋlɔawo. Emegbe ame bubuwo ɖɔli Biblia ƒe nufiafiawo kple ame siwo woyɔna be Sɔlemeha Fofowo kple Roma fiagãwo ƒe nukpɔsusu, eye elea aʋatsonufiafia geɖewo dze egɔmee.
Nɔviŋutsu Splane gblɔ be le kpɔɖeŋu aɖe me la, Yesu ɖee fia be Kristotɔ amesiamina vavãwo akpɔtɔ anɔ anyigba dzi anɔ nyateƒea ta ʋlim. (Mat. 13:24-30) Míate ŋu ayɔ ame siwo nye amesiamina siawo la ƒe ŋkɔwo kple kakaɖedzi o. Gake le ƒe alafa geɖe siwo va yi me la, ame geɖe tsi tre ɖe dzixɔse kple nuwɔna siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o la ŋu. Wo dometɔ aɖewo nye Bisiɔpgã Agobard si tso Lyons, si nɔ agbe le ƒe alafa 9 lia me, Peter si tso Bruys, Henry si tso Lausanne, kple Valdès (alo, Waldo) siwo nɔ agbe le ƒe alafa 12 lia me, John Wycliffe si nɔ agbe le ƒe alafa 14 lia me, William Tyndale si nɔ agbe le ƒe alafa 16 lia me, kple Henry Grew kpakple George Storrs siwo nɔ agbe le ƒe alafa 19 lia me. Egbea la, Yehowa Ðasefowo yi edzi le Ŋɔŋlɔawo me dzidzenuwo ta ʋlim, eye Biblia me nyateƒea ɖeɖe ko dzie wotua woƒe dzixɔsewo ɖo. Susu ma tae Dziɖuha la tia Yohanes 17:17 si gblɔ be “Wò nya la nye nyateƒe,” abe ƒe 2012 ƒe mawunyakpukpui ene.
WOWƆ ASITƆTRƆ DODZIDZƆNAMEWO LE HEHENASUKUWO ŊU
Gbeƒã aɖe si Anthony Morris, si nye Dziɖuha la me tɔ, ɖe la ku ɖe asitɔtrɔ siwo wowɔ ku ɖe dutanyanyuigblɔlawo kple mɔɖela veviwo ŋu la ŋuti. Tso September 2012 me la, woadze Kristotɔ Srɔ̃tɔwo Ƒe Bibliasrɔ̃suku la wɔwɔ gɔme le dukɔ tiatiawo me. Taɖodzinu si le Gilead Sukua ŋu la trɔ. Tso October si va yi me la, ame siwo katã woana hehe le Gilead Sukua me la anye ame siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛa ƒe akpa aɖe me xoxo—dutanyanyuigblɔla siwo mede Gilead Sukua o, mɔɖela veviwo, dzikpɔla mɔzɔlawo, alo Betel ƒomea me tɔwo. Woazã sukua nuwulawo be woado ŋusẽ Mawu ƒe amewo ahali ke wo le alɔdzedɔwɔƒewo, le mɔzɔzɔdɔa me, alo le dugã siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo siwo woate ŋu ade dzi ƒo na hamewo le be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔa geɖe wu.
Mɔɖela vevi yeyewo ayi aɖaɖe gbeƒã le nuto saɖeagawo me. Tso January 1, 2012 dzi la, woaɖo Nɔviŋutsu Trewo Ƒe Bibliasrɔ̃suku kple Kristotɔ Srɔ̃tɔwo Ƒe Bibliasrɔ̃suku nuwula aɖewo ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe mɔɖela veviwo ahaɖo wo ɖa be woaɖaɖe gbeƒã le anyigbamama siwo me gbeƒãɖela ʋɛ aɖewo ko le alo esiwo me gbeƒãɖela aɖeke mele o me. Gbã la, woade dɔ asi na wo abe mɔɖela veviwo ene ƒe ɖeka. Emegbe woagana mɔnukpɔkpɔ ma wo ake ƒe ɖeka bubu va se ɖe esime woawɔe eƒe etɔ̃. Wo dometɔ siwo wɔ woƒe dɔa nyuie la azu mɔɖela veviwo koŋ.
Dzidzɔɣeyiɣi aɖee ƒe sia ƒe takpekpe si wowɔ le ƒe 2011 me la nye! Míele mɔ kpɔm be Yehowa nayra ɖe ɖoɖo yeye siwo míewɔ be míadzi gbeƒãɖeɖedɔa ɖe edzi eye be míana nɔviwo ƒe habɔbɔ la nagawɔ ɖeka ɖe edzi wu la dzi hena Eƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu.
[Aɖaka/Nɔnɔmetatawo ŋu nya si le axa 18]
AMEWO NYANYA NYUIE WU
Wobia gbe nɔvinyɔnu atɔ̃ le nɔvinyɔnu asieke siwo nye Dziɖuha la me tɔ siwo ku va yi la srɔ̃wo hã le kpekpe sia me. Nɔvinyɔnu Marina Sydlik, Edith Suiter, Melita Jaracz, Melba Barry kple Sydney Barber gblɔ ale si wosrɔ̃ nyateƒea kple ale si wova zu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo. Wo dometɔ ɖe sia ɖe gblɔ nu vevi siwo dzi wòɖoa ŋkui, srɔ̃aŋutsua ƒe nɔnɔme nyuiwo kple yayra siwo me wose vivi le ɖekae la na vavalawo. Esi wowu gbebiameawo nu la, vavalawo dzi hadzidzi 86 lia si ƒe tanyae nye “Blema Nyɔnu Wɔnuteƒewo Kple Egbegbe Nyɔnu Kristotɔwo” le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu.
[Nɔnɔmetatawo]
(Etame) Daniel kple Marina Sydlik; Grant kple Edith Suiter; Theodore kple Melita Jaracz
(Ete) Lloyd kple Melba Barry; Carey kple Sydney Barber
[Anyigbatata si le axa 16]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Alɔdzedɔwɔƒe ade siwo wotsɔ wɔ ɖeka eye wova le Mexico alɔdzedɔwɔƒea ƒe dzikpɔkpɔ te
MEXICO
GUATEMALA
HONDURAS
EL SALVADOR
NICARAGUA
COSTA RICA
PANAMA
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔwɔƒe gã si wole mɔ kpɔm be woatu ɖe Warwick, New York, la ƒe nɔnɔmetata