Menye Ðe Mawu Le Wɔwɔm Blewu Le Eƒe Ŋugbedodo Dzi Wɔwɔ Me O
“YEHOWA, ɣekaɣi manɔ yɔwòm sesĩe, eye nagbe esese ase ɖo?” Xabakuk si nye Hebritɔ nyagblɔɖila le ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. ye gblɔ nya mawo. Gake ɖe nya mawo meɖi nya nyanyɛ siwo míesena egbea oa? Enye mí amegbetɔwo ƒe nɔnɔme be míadi be nusiwo dzroa mí vevie la nasu mía si enumake, alo míakpɔe kaba alesi míate ŋui. Eye esia nye nyateƒe le míaƒe ɣeyiɣi sia si me amewo dina be nu nadze edzi na yewo enumake la me.—Xabakuk 1:2.
Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ame aɖewo susui be ele be Mawu nana eƒe ŋugbedodowo nava eme kaba. Wotsi dzi ale gbegbe be wobui gɔ̃ hã be Mawu le wɔwɔm blewu alo le megbe tsim. Le esia ta eva hiã be apostolo Petro naɖo ŋku edzi na wo be Mawu ƒe nukpɔsusu le ɣeyiɣi ŋu to vovo na mía tɔ sã. Petro ŋlɔe be: “Ke, lɔlɔ̃tɔwo, nu ɖeka sia naganɔ ɣaɣla ɖe mi o bena, le Mawu gbɔ la ŋkeke ɖeka le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye ƒe akpe ɖeka hã abe ŋkeke ɖeka ene.”—Petro II, 3:8.
Ne míexlẽ ɣeyiɣi ɖe mɔ sia nu la, amesi xɔ ƒe 80 la nɔ agbe anɔ gaƒoƒo eve pɛ ko, eye ameƒomea ƒe ŋutinya katã xɔ anɔ ŋkeke ade pɛ ko. Ne míelé ŋku ɖe nuwo ŋu le mɔ sia nu la, enɔa bɔbɔe na mí be míase alesi Mawu wɔa nu kpli mí gɔme.
Gake menye ɖe Mawu metsɔa ɖeke le ɣeyiɣi me o. Ke boŋ ɣeyiɣi nɔa vevie nɛ. (Dɔwɔwɔwo 1:7) Eyata Petro yi edzi gblɔ be: “Menye ɖe [Yehowa, NW] le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi ame aɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egbɔ dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.” (Petro II, 3:9) Mawu metsia dzi ɖe nuwo wɔwɔ ŋu abe amegbetɔwo ene abe ɖe eƒe ɣeyiɣi le vɔvɔm ene o. Esi wònye “Fia mavɔmavɔtɔ” ta la, ŋutete gã aɖe le esi wòkpɔa nu do ŋgɔ eye ate ŋu anya ɣeyiɣi si me tututu eƒe nuwɔnawo aɖe vi nyuitɔ kekeake na amesiwo katã ŋu nyaa ku ɖo.—Timoteo I, 1:17.
Esi Petro ɖe nusita wòdzena abe ɖe Mawu le wɔwɔm blewu ene me vɔ la, Petro gblɔ nuxlɔ̃amenya sia be: “[Yehowa, NW] ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene.” Ema fia be akɔntabiagbe la ava le esime amewo manɔ mɔ kpɔm nɛ o. Azɔ le kpukpui siwo kplɔe ɖo me la, Petro fia asi mɔkpɔkpɔ wɔnuku si le amesiwo ɖea “anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa” fiana si, si nye be woate ŋu atsi agbe ayi Mawu ƒe “dziƒo yeye kple anyigba yeye” si ŋugbe wòdo la me.—Petro II, 3:10-13.
Ele be esia nana míakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu geɖe wu be Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ meva haɖe o. Eƒe dzigbɔgbɔ blewu na wòle bɔbɔe be míeva nya eƒe tameɖoɖowo eye míetrɔ asi le míaƒe agbenɔnɔ ŋu be míate ŋu axɔ yayra siwo ƒe ŋugbe wòdo. Ðe mele be míabu ‘Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu be enye xɔxɔ na mí’ abe alesi Petro gblɔe ene oa? (Petro II, 3:15) Gake Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu ƒe akpa bubu aɖe gali.
Ele Be Vodada Naɖo Afisi Dze na Tohehe
Ne míelé ŋku ɖe alesi Mawu wɔ nu kple ameƒomea le blema ŋu la, míede dzesii be zi geɖe ehea eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖe megbe vaseɖe esime ɖɔɖɔɖo wɔwɔ ƒe mɔkpɔkpɔ aɖeke meganɔa anyi o. Le kpɔɖeŋu me, ku ɖe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si va Kanaantɔwo dzi ŋu la, etɔ asi woƒe nuvɔ̃wo dzi na Abraham ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ. Gake ɣeyiɣi meɖo na eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ɣemaɣi o. Nukatae? Biblia gblɔ be: “Elabena Amoritɔwo [Kanaantɔwo] ƒe vodada mesɔ gbɔ vɔ haɖe o,” alo abe alesi Knox ƒe gɔmeɖeɖea gblɔe ene la: “Amoritɔwo ƒe vɔ̃ɖinyenye meɖo eƒe kɔkɔƒe o.”—Mose I, 15:16.a
Gake anɔ ƒe 400 megbe la, Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va wo dzi eye Abraham ƒe dzidzimevi siwo nye Israel-viwo va xɔ anyigba la. Wokpɔ Kanaantɔ ʋee aɖewo abe Raxab kple Gibeontɔwo ene ta le woƒe agbenɔnɔ kple nuwɔnawo ta, gake le ame akpa gãtɔ gome la, woƒe makɔmakɔnyenye gbɔ eme, abe alesi egbegbe tomenukukuwo ɖee fia ene. Wokpɔa gome le tadedeagu na gbɔdɔnuwo, gbedoxɔ me gbolowɔwɔ, kple ɖeviwo tsɔtsɔ sa vɔe me. Halley’s Bible Handbook gblɔ be: “Ewɔ nuku na blematomenukula siwo ku Kanaantɔwo ƒe dudowo be Mawu metsrɔ̃ wo kaba do ŋgɔ o.” Mlɔeba la, Kanaantɔwo ƒe ‘vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ azɔ’; woƒe vɔ̃ɖinyenye ‘ɖo eƒe kɔkɔƒe.’ Ame aɖeke mate ŋu abu fɔ Mawu wòasɔ be ewɔ nusi medzɔ o le esi wòna wokɔ anyigba la ŋu hekpɔ amesiwo ɖe dzi ƒe nɔnɔme nyui fia la ta o.
Nusia ƒomevi dzɔ le Noa ƒe ŋkekea me. Togbɔ be amesiwo nɔ anyi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa vɔ̃ɖi hã la, Mawu ɖoe nublanuikpɔkpɔtɔe be woƒe ɣeyiɣia nayi edzi ƒe 120 bubu akpee. Noa wɔ dɔ le ɣeyiɣi ma me hezu “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela.” (Petro II, 2:5) Edze ƒã be esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, woƒe vɔ̃ɖinyenye va do gã ɖe edzi. “Mawu kpɔ bena, xexeame gblẽ keŋ; elabena amegbetɔwo katã ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba dzi.” (Mose I, 6:3, 12) Woƒe ‘nuvɔ̃wo va sɔ gbɔ’; ɣeyiɣi si va yi na woƒe tamesusu vɔ̃wo ɖo eƒe kɔkɔƒe. Mawu tɔ dzɔ ŋutɔ be wòtso ɖe wo ŋu. Ame enyi koe ɖee fia be yewonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume eye exɔ wo ɖe agbe.
Esia ke dze le Mawu ƒe nuwɔwɔ kple Isreal me. Togbɔ be womewɔ nuteƒe o eye woƒe nuwɔna ɖi gbɔ hã la, Mawu gbɔ dzi ɖi na wo ƒe alafa geɖe. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Yehowa . . . ɖo eƒe dɔlawo ɖe wo enuenu, elabena Yehowa kpɔ eƒe dukɔ . . . la ta. Ke . . . wodo vlo eƒe nyawo, eye woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu, vaseɖe esime Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋu ɖe dzi, eye womete ŋu lé enu o.” (Kronika II, 36:15, 16) Ameawo ɖo afisi ɖɔɖɔɖo aɖeke maganya wɔ o. Yeremya kple ame ʋee aɖewo koe woate ŋu axɔ ɖe agbe. Ame aɖeke mate ŋu agblɔ be Mawu wɔ nu madzɔmadzɔ esi wòhe ʋɔnudɔdrɔ̃ va ame mamlɛawo dzi mlɔeba o.
Ɣeyiɣia De be Mawu Nawɔ Afɔɖeɖe
Le kpɔɖeŋu siawo me la, míate ŋu akpɔe be Mawu he ʋɔnudɔdrɔ̃ nuɖoanyi sia ɖe megbe vaseɖe esime ɣeyiɣia nade. Esia dze le mɔfiame si wona Mawu ƒe kpɔɖeŋu ƒe ametsrɔ̃la la me: “Do wò hɛ gobɛ ɖaɖɛ la ɖa, ne nalã anyigba dzi weinka ƒe kpowo; elabena eƒe kutsetseawo ɖi! Eye mawudɔla la do eƒe hɛ gobɛ ɖe anyigba dzi, eye wòtso anyigba dzi weinka ƒe kutsetseawo, eye wòtsɔ wo da ɖe Mawu ƒe dɔmedzoe weinfianu gã la me.” De dzesii be amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖinyenye “ɖi,” si fia be eɖo afisi ɖɔɖɔɖo aɖeke maganya wɔ le eŋu o. Ne Mawu he ʋɔnudɔdrɔ̃ vɛ la, ɖikeke aɖeke manɔ eme o be etɔ dzɔ keŋkeŋ be wòde nu eme.—Nyaɖeɖefia 14:18,19.
Ne míede ŋugble le nya siwo míegblɔ va yi ŋu la, edze ƒã be Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ xexeame anya gogo, elabena xexeame ƒe nɔnɔme va le abe esiwo na Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va le blema la ene. Anyigba bliboa dzi yɔ fũ kple ŋutasesẽ abe alesi wònɔ do ŋgɔ na Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa ene. Amewo ƒe nuwɔna va ɖi nya si wogblɔ le Mose I, 6:5 ene, be: “Amegbetɔwo ƒe . . . tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa.” Nuvɔ̃ gã siwo ta Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va Kanaantɔwo dzi va bɔ egbea.
Vevietɔ tso Xexemeʋa I dzi la, ameƒomea to tɔtrɔ dziŋɔ geɖe me. Ekpɔ ame miliɔn geɖe ƒe ʋu kɔkɔ ɖe anyigba dzi teƒe. Aʋawɔwɔ, ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa, ŋɔdzidoname, hlɔ̃dodo, kple sedzimawɔmawɔ va xɔ xexe bliboa katã me. Dɔwuame, dɔléle, kple agbegbegblẽnɔnɔ xɔ míaƒe anyigba la dzi. Nusianu ɖo kpe edzi be míele dzidzime vɔ̃ɖi si ŋuti Yesu gblɔ nya sia le la me be: “Dzidzime sia nu mele yiyi ge, vaseɖe esime nusiawo katã nava ve eme o.” (Mateo 24:34) Xexeame ƒe ‘nuvɔ̃ le agbɔ sɔm’ ɖe edzi fifia. “Anyigba dzi weinka ƒe kpowo” sɔ gbe woalã.
Fifiae Wòle Be Nàɖe Afɔ
Wogblɔ na apostolo Yohanes be ne ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ɣeyiɣia le aƒe tum la, nu ƒomevi evee asɔ gbe woalã. Le go ɖeka me la, “amesi ke wɔa vɔ̃ la, nenɔ vɔ̃wɔwɔ dzi ko, eye amesi ke nye ɖime la, nenɔ ɖinuwɔwɔ la dzi ko.” Gake le go bubu me la, “amesi ke nye ame dzɔdzɔe la, nenɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ la dzi ko, eye amesi ke le kɔkɔe la, nenɔ kɔkɔenyenye la dzi ko.” (Nyaɖeɖefia 22:10, 11) Nu evelia sia le eme vam wòdo ƒome kpli xexeame katã ƒe Biblia ƒe hehenadɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le. Dɔ sia ƒe taɖodzinue nye be woafia amewo nusi Mawu di tso wo si ale be woate ŋu abu wo be wodze na agbe mavɔ kpɔkpɔ. Dɔ sia ɖo dukɔ 233 me to hame 87,000 dzi.
Mawu mele wɔwɔm blewu o. Ena ɣeyiɣi si dze amewo dzigbɔɖitɔe be woado ‘amenyenye yeye la’ ale be woate ŋu adze akpɔ gome le eƒe ŋugbedodowo me. (Efesotɔwo 4:24) Mawu kpɔtɔ le lalam egbea, togbɔ be xexeame ƒe nɔnɔmewo le gbegblẽm ɖe edzi ɖaa hã. Yehowa Ðasefo siwo le xexeame katã le agbagba ɖesiaɖe si woate ŋui dzem be woafia sidzedze si kplɔa ame yia agbe mavɔ me wo haviwo. (Yohanes 17:3, 17) Enye dzidzɔ be ƒe sia ƒe la, amesiwo wu 300,000 wɔna ɖe amekpekpea dzi eye woxɔa nyɔnyrɔ.
Esi míedi be míakpɔ agbe mavɔ ta la, menye fifiae nye ɣeyiɣi si míanɔ hehem ɖe megbe o, ke boŋ míaɖe afɔ. Elabena madidi o míakpɔ Yesu ƒe ŋugbedodoa me vava be: “Amesiame, si le agbe, eye wòxɔa dzinye sena la, maku akpɔ o.”—Yohanes 11:26.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpukpui sia ƒe etenuŋɔŋlɔ si le The Soncino Chumash me gblɔ be: “Meɖo ɣeyiɣi si woanyã wo ɖa o, elabena Mawu mehea to na dukɔ aɖeke o vaseɖe esime eƒe vodadawo nade hafi.”
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Wogblɔ na Mawu ƒe ametsrɔ̃la be wòado eƒe hɛ gobɛ ɖa esi anyigba dzi weinka ƒe tsetsewo ɖi
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Yehowa Ðasefo siwo le xexeame katã le kpekpem ɖe amewo ŋu be woadze na Mawu ƒe yayra mavɔwo xɔxɔ