INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • re ta 1 axa 6-8
  • Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo si Nye Dzidzɔ!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo si Nye Dzidzɔ!
  • Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Apokalips—Nukae Wònye?
  • Mawu ƒe Nya Ɣaɣlawo Me Kuku
  • Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa—Aleke Nàwɔ Ase Egɔme?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbeƒãɖeɖe ‘Nyagblɔɖia me Nyawo’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Minye Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa Xlẽla Kpɔdzidzɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • ‘Dzidzɔnya’ Siwo Tso Apokalips Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
re ta 1 axa 6-8

Ta 1

Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo si Nye Dzidzɔ!

1. Aleke míewɔ nya be Mawu di be míakpɔ dzidzɔ?

NYAÐEÐEFIA, SI WOÐE FIA YOHANES—Biblia ƒe agbalẽ dodzidzɔname sia ƒo Mawu ƒe nuŋlɔɖia ta dzidzɔtɔe. Nukatae míegblɔ be “dzidzɔtɔe”? Woyɔ Amesi na woŋlɔ Biblia la be ‘dzidzɔ ƒe Mawu,’ amesi de “ŋutikɔkɔe nyanyuie” asi na amesiwo lɔ̃a eyama. Edi be míawo hã míakpɔ dzidzɔ. Eyata Nyaɖeɖefia ka ɖe edzi na mí le eƒe gɔmedzedze be: “[Dzidzɔtɔe nye] amesi le nyagblɔɖi sia ƒe nyawo xlẽm.” Wogblɔ na mí le eƒe ta mamlea me be: “[Dzidzɔtɔwoe nye] amesiwo lé agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo me ɖe asi la.”—Timoteo I, 1:11; Nyaɖeɖefia 1:3; 22:7.

2. Nukae wòle be míawɔ be míakpɔ dzidzɔ to Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa dzi?

2 Aleke míawɔ akpɔ dzidzɔ to Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa dzi? Míakpɔ esia ne míeku nusi eƒe dzesi alo kpɔɖeŋu siwo me kɔ ƒã la fia me eye míewɔ nu ɖe wo nu. Eteƒe madidi o, ameƒomea ƒe ŋutinya tɔzi la aɖo eƒe nuwuwu dzɔgbevɔ̃etɔe, esime Mawu kple Yesu Kristo ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava nuɖoanyi vɔ̃ɖi si li egbea dzi, eye woatsɔ “dziƒo yeye kple anyigba yeye” si me “ku” kura gɔ̃ hã “maganɔ anyi akpɔ o” la aɖo eteƒe. (Nyaɖeɖefia 21:1, 4) Ðe mí katã míedi be míanɔ xexeme yeye ma me le ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ me oa? Míate ŋu anɔ eme ne míesrɔ̃ Mawu ƒe Nya si me Nyaɖeɖefia ƒe nyagblɔɖi ʋãmea hã le la hetsɔ tu míaƒe xɔse ɖoe.

Apokalips—Nukae Wònye?

3. Nukae ame geɖe susu be Apokalips kple Harmagedon fia?

3 Menye Nyaɖeɖefia ƒe ŋkɔ bubue nye Apokalips oa? Nenemae, elabena “nyaɖeɖefia” nye a·po·kaʹly·psis si le Hela-nuŋlɔɖia me la ƒe gɔmeɖeɖe ɖe Eʋegbe me. Ame geɖe tsɔa Apokalips sɔna kple xexeame ƒe tsɔtsrɔ̃ to nukliaʋawɔwɔ dzi. Le Texas, U.S.A. ƒe du aɖe si me wowɔa nukliaʋawɔtu gbogbo aɖewo le me la, amesiwo lɔ̃ mawusubɔsubɔ le gbɔgblɔm be, “Míawoe ayi gbã.” Woka nya ta be osɔfo siwo le nuto ma me la “va ka ɖe edzi be menye ɖeko Harmagedon ava kokoko o ke boŋ etu aƒe hã, eye nyui kple vɔ̃, si nye Mawu kple Satana, dome aʋa mamlea adzɔ abe nuklia ƒe dzobibi ene.”a

4. Nukae nya “apokalips” fia ŋutɔŋutɔ, eye nukatae wotsɔ ŋkɔ na Biblia ƒe agbalẽ mamlea be “Nyaɖeɖefia” wòsɔ?

4 Gake nuka tututue nye apokalips? Togbɔ be nyagɔmeɖegbalẽwo tsɔa nyagbɔgblɔwo abe “xexeame katã ƒe dzɔgbevɔ̃e si tu aƒe” ene ɖea eme hã la, Hela-nya a·po·kaʹly·psis gɔme koŋ ye nye “nuɖeɖe ɖe go” alo “nukoklo le nu ŋu.” Eyata wotsɔ ŋkɔ na Biblia ƒe agbalẽ mamlea be “Nyaɖeɖefia” wòsɔ. Menye xexeame ƒe dzɔgbevɔ̃e si woɖo ɖi matrɔmatrɔe ƒe gbedasi dzro aɖe koe míekpɔna le eme o, ke boŋ míekpɔa Mawu ƒe nyateƒe siwo wòle be woade mɔkpɔkpɔ nyui aɖe kple xɔse si meʋãna o míaƒe dzi me la ɖeɖe ɖe go.

5. (a) Amekawoe atsrɔ̃ le Harmagedon me, eye amekawoe atsi agbe? (b) Etsɔ me wɔnuku kae li na amesiwo atsi agbe le Harmagedon me?

5 Nyateƒee, woƒo nu tso Harmagedon ŋuti le Biblia ƒe agbalẽ mamlea me be enye “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.” (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Gake ato vovo kura tso nuklia ƒe tsɔtsrɔ̃ gbɔ! Tsɔtsrɔ̃ ma ate ŋu afia be nu gbagbe siwo katã le anyigba dzi atsrɔ̃. Gake Mawu ƒe Nya ya na kakaɖedzi dodzidzɔname mí be ame vɔ̃ɖi siwo tsia tre ɖe Mawu ŋu koe atsrɔ̃—le ŋusẽ siwo le Mawu ƒe dzikpɔkpɔ te la si me. (Psalmo 37:9, 10; 145:20) Amegbetɔwo ƒe ha gã aɖe si tso dukɔwo katã me atsi agbe le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe taƒoƒo me le Harmagedon. Ekema Kristo akplɔ amesiawo eye wòafia mɔ wo ayi agbe mavɔ me le paradisonyigba dzi. Mèdi be yeanɔ wo dome oa? Dzidzɔtɔe la, Nyaɖeɖefia ɖee fia be àte ŋu anɔ wo dome!—Nyaɖeɖefia 7:9, 14, 17.

Mawu ƒe Nya Ɣaɣlawo Me Kuku

6. Le ƒe siwo va yi me la, agbalẽ kawoe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ta be woaɖe Nyaɖeɖefia me?

6 Le keke ƒe 1917 me ke la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ta agbalẽ si nye The Finished Mystery. Esia ɖe Biblia ƒe agbalẽ siwo nye Xezekiel kple Nyaɖeɖefia ƒe kpukpuiawo gɔme ɖekaɖeka. Azɔ esi xexemenyawo yi edzi nɔ dzɔdzɔm le Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ƒe emevava me la, wotrɔ asi le babla eve ƒe agbalẽ si sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi, si ƒe tanyae nye Light ŋu, eye woɖee ɖe go le ƒe 1930 me. Nyaɖeɖefia ƒe numeɖeɖe si le yeye wu nɔ esia me. Kekelia yi edzi ‘nɔ keklẽm na ame dzɔdzɔewo’ ale be le ƒe 1963 me la, Habɔbɔa ta axa 704 ƒe agbalẽ si nye “Babylon the Great Has Fallen!” God’s Kingdom Rules! Esia gblɔ Babilon Gã si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la ƒe dodo kple eƒe mumu ƒe ŋutinya tsitotsito, eye wotsɔ Nyaɖeɖefia ƒe ta asieke mamleawo ƒe numedzodzro ƒo etae. Esi ‘ame dzɔdzɔewo ƒe toƒea nɔ kɔkɔm ɖe dzi,’ vevietɔ le hame ƒe dɔwɔnawo gome la, axa 384 ƒe agbalẽ “Then Is Finished the Mystery of God,” si dzro Nyaɖeɖefia ƒe ta 13 gbãtɔwo me la va ɖe eyome le ƒe 1969 me.—Psalmo 97:11; Lododowo 4:18.

7. (a) Nukatae Habɔbɔa ta agbalẽ sia si ɖe Nyaɖeɖefia me? (b) Nufiafia ƒe kpekpeɖeŋunu kawoe wode agbalẽa me be woaɖe vi na exlẽlawo?

7 Nukatae wòle be woagata agbalẽ bubu si ɖe Nyaɖeɖefia me fifia? Nya siwo woɖe ɖe go xoxo la ƒe akpa gãtɔ ɖe nu me tsitotsito, eye womete ŋu ɖe egɔme hetae ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me le xexeame katã o. Eyata wokpɔe be esɔ be woata agbalẽ si nye ɖeka ko ku ɖe Nyaɖeɖefia ŋu eye eƒe nɔnɔme nanye esi ana woate ŋu atae ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me bɔbɔe. Gakpe ɖe eŋu la, wowɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ hede nufiafia ƒe kpekpeɖeŋunu siwo dome nɔnɔmetatawo, nyaɖoɖowo kple nyawo gbɔgblɔ kpuie le la agbalẽ sia me, esiwo akpe ɖe exlẽlawo ŋu be woakpɔ gɔmesese dodzidzɔname si le nyagblɔɖi wɔnuku sia ŋu la kɔte.

8. Susu si sẽ ŋu wu ka tae wota agbalẽ sia?

8 Susu si sẽ ŋu kura wu si ta wota agbalẽ siae nye alesi wòhiã be woazɔ aduadu kple nyateƒea ƒe gɔmesese si li fifia. Yehowa yi edzi na gɔmesese si le eƒe Nya la ŋu la me le kɔkɔm ɖe edzi, eye míate ŋu akpɔ mɔ be Nyaɖeɖefia kple nyagblɔɖi bubuwo ƒe gɔmesese si le mía si la me agade to ɖe edzi wu esime míele xaxa gã la gogom wu. (Mateo 24:21; Nyaɖeɖefia 7:14) Ele vevie be míanya nu tso eŋu nyuie. Abe alesi apostolo Petro ŋlɔe ku ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖi ŋu ene la: “Miewɔe nyuie bena, miekpɔa edzi, abe akaɖi, si le keklẽm le tsyɔtsyɔƒe ene, halase esime ŋu lake, eye ŋukeɣletivi ladze le miaƒe dziwo me.”—Petro II, 1:19.

9. (a) Nukae Nyaɖeɖefia kple nyagblɔɖi bubuwo ɖee fia be Mawu awɔ? (b) Nukae nye xexeme yeyea, eye aleke nawɔ atsi agbe ayi ɖe eme?

9 Nyaɖeɖefia tsɔ eƒe ɖaseɖiɖi kpe ɖe Biblia ƒe nyagblɔɖi geɖe bubuwo tɔ ŋu heɖee fia be Yehowa Mawu ɖo tame be yeawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye. (Yesaya 65:17; 66:22; Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:1-5) Kristotɔ amesiamina siwo Yesu tsɔ eƒe ʋu ƒle be woazu yeƒe dziɖuhatiwo le dziƒo yeyea me la koŋ ye eƒe gbedasia yi na. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10) Gake nya nyui sia ado ŋusẽ ame miliɔn geɖe siwo le mɔ kpɔm na agbe mavɔ nɔnɔ le Kristo ƒe Fiaɖuƒea te la hã ƒe xɔse. Amesiawo dometɔ ɖekae nènyea? Ekema Nyaɖeɖefia ado ŋusẽ wò mɔkpɔkpɔ be yeanɔ agbe le Paradiso me abe anyigba yeyea me tɔ ene ahase vivi le ŋutifafa gbogbo, lãmesẽ nyui kple Mawu ƒe nunana gbago siwo nu mayi gbeɖe o me la. (Psalmo 37:11, 29, 34; 72:1, 7, 8, 16) Ne èdi be yeatsi agbe ayi xexeme yeye ma me la, ekema ehiã kpata, ẽ, ehiã kokoko be nalé ŋku ɖe alesi Nyaɖeɖefia ƒo nu tso taƒoƒo ɖedzesi ma si tu aƒe fifia ŋue la ŋuti.—Zefanya 2:3; Yohanes 13:17.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Süddeutsche Zeitung, Munich, Germany, January 24, 1987.

[Nɔnɔmetata si xɔ axa 7]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe