-
“Minɔ Ŋudzɔ”Gbetakpɔxɔ—2000 | January 15
-
-
(Petro I, 4:7) Edze ƒã be ele be gbedodoɖa kutrikukutɔe nanye mí Kristotɔwo ƒe gbesiagbenuwɔna ƒe akpa aɖe. Le nyateƒe me la, ehiã be míaɖe kuku na Yehowa enuenu bene wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ ŋudzɔ.—Romatɔwo 12:12; Tesalonikatɔwo I, 5:17.
12. Vovototo kae le nususukpɔ agblɔ kple ŋudzɔnɔnɔ dome?
12 De dzesii be Petro gblɔ hã be: “Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ.” Aleke gbegbee wòɖo vɔe? Amegbetɔwo mate ŋu ato mɔ aɖeke dzi anya ŋkeke kple gaƒoƒo si tututu wòanye o. (Mateo 24:36) Gake vovototo le nususukpɔ agblɔ, si Biblia mede dzi ƒo be míawɔ o, kple mɔkpɔkpɔ na nuwuwua, si wòde dzi ƒo be míawɔ, la dome. (Tsɔe sɔ kple Timoteo II, 4:3, 4; Tito 3:9.) Mɔ siwo dzi míato anɔ ŋudzɔ dometɔ ɖekae nye ka? Eyae nye be míanɔ ŋudzɔ ɖe dzesi siwo fia be nuwuwua ɖo la ŋu nyuie. Eyata mina míadzro kpeɖodzi ade siwo ɖo kpe edzi be míele xexe mavɔ̃mawu sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me la me.
Kpeɖodzi Vavã Ade
13. Aleke Paulo ƒe nyagblɔɖi si le Timoteo II ta 3 na nèka ɖe edzi be míele “ŋkeke mamlɛawo” me?
13 Gbã la, míekpɔe kɔte be nya siwo apostolo Paulo gblɔ le “ŋkeke mamlɛawo” ŋu la le eme vam. Paulo ŋlɔe be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena amewo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ! Ke ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu anɔ amewo blem, eye amewo able wo.” (Timoteo II, 3:1-5, 13) Ðe míekpɔe be nyagblɔɖi sia le eme vam le míaƒe ŋkekeawo me oa? Amesiwo ŋe aɖaba ƒu nyateƒeawo dzi koe asẽ nu!b
14. Aleke Nyaɖeɖefia 12:9 me nya siwo ku ɖe Abosam ŋu le eme vam egbeae, eye nukae adzɔ ɖe edzi kpuie?
14 Evelia, míele nusiwo Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanya tso dziƒo he vɛ la teƒe kpɔm, si nye Nyaɖeɖefia 12:9 me vava. Míexlẽ le afima be: “Wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.” Ena anyigba ɖo afɔku gã aɖe me. Nyateƒe wònye be ameƒomea do go afɔku geɖe, vevietɔ tso ƒe 1914 me. Gake wogagblɔ le Nyaɖeɖefia ƒe nyagblɔɖia me be esi wonya Abosam va anyigba dzi la, enya be “vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” (Nyaɖeɖefia 12:12) Le vovoɣi vi sia me la, Satana le aʋa wɔm kple Kristo yomedzela amesiaminawo. (Nyaɖeɖefia 12:17) Míele eƒe amedzidzedzea me tsonuwo teƒe kpɔm nyateƒe le míaƒe ɣeyiɣia me.c Gake eteƒe madidi o, woade Satana aʋli me be “wòagable dukɔwo [azɔ] o.”—Nyaɖeɖefia 20:1-3.
15. Aleke Nyaɖeɖefia 17:9-11 ɖo kpe edzi be míele nuwuɣia me?
15 Etɔ̃lia, míele “fia” enyilia si ganye mamlɛtɔ si ŋu woƒo nu tsoe le nyagblɔɖi si le Nyaɖeɖefia 17:9-11 me la ƒe ɣeyiɣi me. Apostolo Yohanes yɔ fia adre le afisia, siwo tsi tre ɖi na xexemeŋusẽ adre—Egipte, Asiria, Babilon, Medo-Persia, Hela, Roma, kple Anglo-Amerika xexemeŋusẽ eve ƒokpli la. Ekpɔe hã be ‘fia enyilia’ aɖe ‘do tso adreawo dome.’ Fifia la, fia enyilia sia—si nye mamlɛtɔ si Yohanes kpɔ le ŋutegaa me—tsi tre ɖi na Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe habɔbɔa. Yohanes gblɔ be fia enyilia sia ‘yina ɖe gbegblẽ me’ eye womegayɔ fia bubu aɖeke ɖe eyome o.d
16. Aleke legba si ŋu Nebukadnezar ku drɔ̃e le ƒe nya siwo le eme vam la fia be míele ŋkeke mamlɛawo me?
16 Enelia, míele ɣeyiɣi si Nebukadnezar ƒe drɔ̃e me legba la ƒe afɔwo tsi tre ɖi na la me. Nyagblɔɖila Daniel ɖe drɔ̃e manyatalenu sia si ku ɖe legba gã si le ame ƒe nɔnɔme me la me. (Daniel 2:36-43) Legba la ƒe akpa ene siwo nye ga sesẽwo la tsi tre ɖi na xexemeŋusẽ vovovo si dze egɔme tso eƒe ta (Babilon Fiaɖuƒea) dzi yi anyime vaseɖe eƒe afɔwo kple afɔbidɛwo (dziɖuɖu siwo li egbea) dzi. Xexemeŋusẽ siwo katã legba la tsi tre ɖi na la ɖu dzi va yi. Míele ɣeyiɣi si legba la ƒe afɔwo tsi tre ɖi na la me. Womegayɔ ŋusẽ bubu aɖeke be woagava o.e
17. Aleke Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm míele la nye kpeɖodzi bubu be míele ŋkeke mamlɛawo me?
17 Atɔ̃lia, míekpɔe be wole gbeƒãɖeɖedɔ aɖe wɔm le xexeame katã, si Yesu gblɔ be adzɔ do ŋgɔ teti na nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu. Yesu gblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:14) Egbea la, nyagblɔɖi ma le eme vam ale gbegbe be etɔgbe medzɔ kpɔ o. Nyateƒee, anyigbamama geɖe li siwo me womewɔ dɔ le haɖe o, eye ate ŋu adzɔ be le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, dɔ geɖe wɔwɔ ƒe mɔnu aʋu. (Korintotɔwo I, 16:9) Ke hã Biblia megblɔ be Yehowa alala vaseɖe esime woɖi ɖase na anyigbadzinɔla ɖesiaɖe ɖekaɖeka o. Ke boŋ ele be woaɖe gbeƒã nyanyuia wòadze Yehowa ŋu. Ekema nuwuwua ava.—Tsɔe sɔ kple Mateo 10:23.
18. Edze ƒã be nukae ava eme na amesiamina aɖewo ne xaxa gã la dze egɔme, eye aleke míewɔ nya?
18 Adelia, Kristo ƒe nusrɔ̃la amesiamina akuakuawo ƒe xexlẽme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ, togbɔ be edze ƒã be wo dometɔ aɖewo aganɔ anyigba dzi esime xaxa gã la adze egɔme hã. Amesiamina akpa gãtɔ tsi le ƒe me ŋutɔ, eye esi ƒeawo va le yiyim la, amesiwo nye amesiaminawo ŋutɔŋutɔ la ƒe xexlẽme le to yim. Gake esi Yesu nɔ nu ƒom tso xaxa gã la ŋu la, egblɔ be: “Ne womeɖe ŋkeke mawo dzi o la, ekema ŋutilã aɖeke makpɔ ɖeɖe o; ke le ame tiatiawo ta woaɖe ŋkeke mawo dzi.” (Mateo 24:21, 22) Eyata edze ƒã be Kristo ƒe “ame tiatiawo” dometɔ aɖewo akpɔtɔ anɔ anyigba dzi esime xaxa gã la adze egɔme.f
Nukae Le Ŋgɔ Gbɔna?
19, 20. Nukatae wòhiã kpata na mí fifia wu tsã be míanɔ mo xexi ahanɔ ŋudzɔ?
19 Aleke etsɔme anɔ na mí? Dzidzɔɣeyiɣiwo le ŋgɔ gbɔna. Paulo xlɔ̃ nu be “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la gbɔna, abe alesi fiafitɔ vana le zã me ene.” Esi wònɔ nu ƒom tso amesiwo dze abe woawoe nye xexeame ƒe nunyalawo ene ŋu la, egblɔ be: “Ne wole gbɔgblɔm be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo.” Eyata Paulo ɖo aɖaŋu na eƒe nyawo xlẽlawo be: “Migana míanɔ alɔ̃ dɔm abe ame bubuwo ene o, ke boŋ mina míanɔ ŋudzɔ, eye míanɔ mo xexi.” (Tesalonikatɔwo I, 5:2, 3, 6) Le nyateƒe me la, amesiwo kpɔa amegbetɔ habɔbɔwo sinu be woana ŋutifafa kple dedienɔnɔ nava la le aɖaba ŋem ƒu nyateƒea dzi. Ame mawo dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ!
20 Nuɖoanyi sia ƒe tsɔtsrɔ̃ ava kpoyi. Eyata kpɔ mɔ na Yehowa ƒe ŋkekea. Mawu ŋutɔ gblɔ na Xabakuk be: “Mahe ɖe megbe o”! Le nyateƒe me la, ŋudzɔnɔnɔ mehiã na mí alea gbegbe kpɔ o.
-
-
‘Nu Vevitɔwo’ Le Yehowa Ƒe Aƒea Yɔm TaŋGbetakpɔxɔ—2000 | January 15
-
-
‘Nu Vevitɔwo’ Le Yehowa Ƒe Aƒea Yɔm Taŋ
“[Nye Yehowa,] maʋuʋu dukɔwo katã, eye woahe dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ vɛ, eye matsɔ ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ.”—XAGAI 2:7.
1. Ne afɔku dzɔ la, nukatae míebua míaƒe lɔlɔ̃tɔwo ŋu gbã?
NU VEVI kawoe le wò aƒe me? Ðe zikpui xɔasiwo kple kɔmpiuta si le tsia dzi le asiwò, eye ʋu yeye le ʋudaɖoƒe na wòa? Ne nusiawo katã le asiwò hã la, ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be wò aƒemetɔwo—ƒowòmetɔwoe—nye vevitɔwo wu oa? Tsɔe be gbeɖeka zã me la, dzudzɔ ƒe ʋeʋẽ na nènyɔ. Dzo dze wò aƒea dzi, eye aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo koe susɔ bene miasi ado! Nukawo ŋue nàtsi dzi ɖo gbã? Wò zikpuiwoa? Wò kɔmpiutaa? Wò ʋua? Ðe menye wò lɔlɔ̃tɔwo ŋue nàbu oa? Woawo ŋue nàbu vavã, elabena amewo le vevie wu nunɔamesiwo.
2. Nukawoe Yehowa wɔ, eye wo dometɔ ka ŋue Yesu kpɔa dzidzɔ ɖo?
2 Azɔ bu Yehowa Mawu kple Via Yesu Kristo ŋu kpɔ. Yehowae nye “[Amesi] wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kpakple woƒe nuwo katã.” (Dɔwɔwɔwo 4:24) Via, amesi nye “dɔnunɔla” dzie Yehowa to wɔ nu bubuwo katã. (Lododowo 8:30, 31; Yohanes 1:3; Kolosetɔwo 1:15-17) Nyateƒee, Yehowa kple Yesu siaa dea asixɔxɔ nusiwo katã wowɔ ŋu. (Tsɔe sɔ kple Mose I, 1:31.) Gake nuwɔwɔawo dometɔ kae nèsusu be ele vevie na wo wu—nuwo alo amegbetɔwo yea? Yesu si tsi tre ɖi na nunya si woɖɔ abe ame ene gblɔ be: “Mekpɔ dzidzɔ le amegbetɔviwo ŋu,” alo abe alesi William F. Beck ƒe gɔmeɖeɖea gblɔe ene la, “amegbetɔwo ƒe nu doa dzidzɔ [na]” Yesu.
3. Nya kae Yehowa gblɔ ɖi to nyagblɔɖila Xagai dzi?
3 Ðikeke mele eme o be Yehowa dea asixɔxɔ gã amegbetɔwo ŋu. Nusiwo ɖee fia dometɔ ɖeka dze le nyagblɔɖinya si wògblɔ to nyagblɔɖila Xagai dzi le ƒe 520 D.M.Ŋ. me la me. Yehowa gblɔ be: “Maʋuʋu dukɔwo katã, eye woahe dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ vɛ, eye matsɔ ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ. . . . Xɔ megbetɔ ƒe atsyɔ̃ asɔ gbɔ wu gbãtɔ tɔ.”—Xagai 2:7, 9.
4, 5. (a) Nukatae masɔ be woasusu be ŋutilãmenu dzeaniwo ŋue nyagbɔgblɔ ‘nu vevitɔwo’ ku ɖo o? (b) Nukae nàgblɔ be ‘nu vevitɔawo’ nye, eye nukatae?
4 “Nu vevitɔ” kawoe ayɔ Yehowa ƒe aƒe la taŋ eye wòana eƒe ŋutikɔkɔe nawu tsãtɔ? Xɔmenu
-