Anukwaremaɖimaɖie Wònye Vavã?
“Wò ya da alakpa vie ko, ekema nu sia nu ayi edzi nyuie.”
“Mehĩa be adzɔxɔlawo nanya nu sia nu tso viɖe siwo nèkpɔna ŋu o.”
“Nu si le vevie koe nye be ame aɖeke naganya o.”
“Nu ka tae nàƒlee esi wò asi ate ŋu akae femaxee?”
ÐEWOHĨ nya mawo tɔgbi ye nàse ne èbia aɖaŋuɖoɖo tso ganyawo ŋu. Ame aɖewo bua alakpa mawo tɔgbi dada be enye kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ aɖaŋutɔe. Gake ɖe ema nye nuwɔwɔ le anukwareɖiɖi mea?
Anukwaremaɖimaɖi bɔ egbea ale gbegbe be amewo bua alakpadada, amebaba, kple fififi zi geɖe be wonye mɔ nyui siwo dzi yewoato aƒo asa na tohehe, akpɔ ga, alo akpɔ dzidzedze le agbe me. Zi geɖe la, ame ŋkutawo meɖoa kpɔɖeŋu nyui le go sia me o. Le Europa dukɔ aɖe me la, nu fitifiti wɔwɔ kple ga ɖuɖu le dɔ me dzi ɖe edzi zi 85 le alafa me tso ƒe 2005 va se ɖe ƒe 2006 me. Eye anukwaremaɖimaɖi nuwɔna vivivi siwo amewo yɔna be “nu vɔ̃ suewo” ya mele eme o. Ðewohĩ mawɔ nuku boo be asitsala kple dunyahela xɔŋkɔ siwo le dukɔ ma me hã kpɔ gome le nu fitifiti wɔwɔ, si me wozã ɖaseɖigbalẽ siwo me wotrɔ nuwo le tsɔ do woƒe gakpɔmɔnuwo ɖe ŋgɔ la me o.
Togbɔ be anukwaremaɖimaɖi xɔ aƒe ɖe xexea me egbea hã la, ame geɖe dina be yewoawɔ nu nyui. Ðikeke mele eme o be wo dometɔ ɖeka nènye. Ðewohĩ esi nèlɔ̃ Mawu ta la, àdi be yeawɔ nu si dzea eŋu. (1 Yohanes 5:3) Anɔ eme be nàse le ɖokuiwò me abe apostolo Paulo ene be: “Míeka ɖe edzi be dzitsinya anukwaretɔ le mía si, elabena míedina be míawɔ nu le anukwareɖiɖi me le nuwo katã me.” (Hebritɔwo 13:18) Le esia ta, na míadzro nuwɔna siwo ate ŋu ado ame ƒe didi be yeawɔ nu “le anukwareɖiɖi me le nuwo katã me” kpɔ la me. Míadzro Biblia me gɔmeɖose siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le nɔnɔme mawo ƒomevi me la hã me.
Ame Kae Axe Nugblẽfea?
Gbe ɖeka esi ɖetugbui aɖe si ŋkɔe nye Lisaa nɔ ʋu kum la, ewɔ vodada hetsɔ eƒe ʋua ɖatu ame bubu tɔ. Nu vevi mewɔ ame aɖeke o, gake ʋuawo gblẽ. Le dukɔ ma me la, nubglẽfexexe ŋuti dzɔ si ʋukula si metsi o xena la xɔ asi, eye wodana ɖe adzɔ ma dzi ɣesiaɣi si wòkpɔ afɔku. Esi wònye Lisa nɔviŋutsu Gregor si tsi wui nɔ ʋua me ta la, Lisa xɔlɔ̃ aɖe doe ɖa be woagblɔ be Gregor ye nɔ ʋua kum. Ne wowɔe nenema la, ekema womagada ɖe adzɔ dzi na Lisa o. Edze abe xɔlɔ̃a ƒe susua nyo ŋutɔ ene. Ðe wòawɔ ɖe edzia?
Nugblẽfexehawo zãa adzɔ siwo woxɔna le ame siwo le woƒe haa me si la tsɔ xea fe na ame siwo wòhiã be woaxe nugblẽfe na. Eya ta ne Lisa wɔ ɖe xɔlɔ̃a ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi la, ekema nugblẽfexeha si axe eƒe afɔkua ŋuti nugblẽfewo la ada ɖe ame siwo katã le haa me ƒe adzɔ dzi. Ema afia be menye alakpa koe wòda o, ke boŋ efi fi hã. Nenema kee wòanɔ ne ame si wòle be woaxe nugblẽfe na la hã da alakpa bene woaxe fe na ye wu esi dze.
Ðewohĩ ame aɖewo ƒoa asa na anukwaremaɖimaɖi nuwɔna mawo le esi setɔwo hea to na ame ɖe eta ta. Gake susu vevitɔ si ta wòle be míaƒo asa na anukwaremaɖimaɖi la dze le Mawu ƒe Nya la me. Se Ewoawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Megafi fi o.” (2 Mose 20:15) Apostolo Paulo gate gbe ɖe se ma ƒe vevienyenye dzi na Kristotɔwo esi wògblɔ be: “Fiafitɔ la nagafi fi azɔ o.” (Efesotɔwo 4:28) Ne míeɖo to Mawu le adzɔxenyawo me la, ekema ana míaƒo asa na nu si Mawu lé fui la wɔwɔ. Aɖe lɔlɔ̃ kple bubu si le mía si na Mawu ƒe sewo kpakple na mía havi amegbetɔwo la hã afia.—Psalmo 119:97.
“Mitsɔ Nu Siwo Nye Kaisaro Tɔ La Na Kaisaro”
Peter nye asitsalagã aɖe. Eƒe gadzikpɔla do susua ɖa be wòagblɔ na eƒe adzɔxɔha be yeƒle kɔmpiuta xɔasi aɖewo si ta wòle be woaɖe adzɔ si yexena la dzi na ye. Enye nu si bɔ be ame siwo wɔa asitsadɔ si tɔgbi Peter wɔna la ƒlea kɔmpiuta xɔasi mawo ƒomevi. Togbɔ be Peter meƒle nu mawo ŋutɔŋutɔ o hã la, ɖewohĩ dziɖuɖua mawɔ numekuku aɖeke tso eŋu o. Adzɔa dzi ɖeɖe na Peter awɔe be ga gbogbo aɖe anɔ kotoku me tsim nɛ. Nu kae wòawɔ? Nu kae akpe ɖe eŋu wòawɔ nyametsotso nyuitɔ?
Apostolo Paulo gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ anyi le eƒe ɣeyiɣia me be: “Luʋɔ sia luʋɔ nebɔbɔ eɖokui na ŋusẽtɔ siwo kɔ wu . . . Mitsɔ nu siwo amewo katã dze na la na wo: mixe adzɔ na ame si biaa adzɔ; midzɔ nu na ame si biana be woadzɔ nu na ye.” (Romatɔwo 13:1, 7) Ame siwo di be yewoadze Mawu ŋu la xea adzɔ siwo setɔwo bia tso wo si la katã. Ke hã, ne dukɔ si me wole ƒe se bia be woaɖe adzɔ dzi na ame aɖewo koŋ la, naneke megblẽ le eŋu be míabia be woaɖe edzi na mí ne míawo hã míedze nɛ o.
Kpɔɖeŋu bubu si hã ku ɖe adzɔxexe ŋue nye esi. Woxɔ David, si nye atikpala la ɖe dɔwɔƒe aɖe si le woƒe nutoa me. Gake exɔlɔ̃wo kple aƒelikawo biana tso esi be wòakpa xɔmenuwo kple nu bubuwo na yewo, eye wòwɔa dɔ mawo le dɔwɔƒea le kpakpã megbe. Ga siwo wòkpɔna tso ame mawo gbɔ la sɔ gbɔ wu esi dɔwɔƒea xena nɛ, evɔ womedi be wòawɔ agbalẽ ɖe dɔ mawo dzi na yewo o. Eya ta medea dɔ siwo wòwɔna na wo la agbalẽ me o, si wɔe be eya ŋutɔ loo alo ame siwo wòwɔa dɔa na la mexea adzɔ aɖeke o. Ame geɖe kpɔe be naneke megblẽ le ewɔwɔ nenema ŋu o, le esi wòɖea vi na wo katã ta. Ne David di be yeawɔ nu si adze Mawu ŋu la, alekee wòle be wòabu nuwɔna mae?
Togbɔ be ɖewohĩ ame aɖeke malée ɖe nu ma ta o hã la, manɔ adzɔ siwo wòle be wòaxe na dziɖuɖua la xem o. Yesu xlɔ̃ nu be: “Mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, gake nu siwo nye Mawu tɔ la, na Mawu.” (Mateo 22:17-21) Yesu gblɔ nya sia tsɔ ɖɔ eƒe nyaselawo ƒe nukpɔsusu le adzɔxexe ŋu ɖo. Dziɖuɖuwo, siwo Kaisaro si Yesu yɔ le afi sia le tsitre ɖi na la, bua adzɔ siwo dukɔmeviwo xena be wonye nu si yewo dze na. Eya ta Kristo yomedzelawo bua adzɔxexe be enye Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidi si gbɔ wòle be yewoaɖo.
Fififi Le Sukudodokpɔ Me
Marta, si le sekɛndrisuku (lycée) dem la le dzadzram ɖo ɖe dodokpɔ mamlɛtɔ ŋu. Esi wònye ne exɔ dzesi nyuiwo le dodokpɔa me ko hafi wòate ŋu akpɔ dɔ nyui awɔ ta la, ezã ɣeyiɣi geɖe tsɔ srɔ̃ nu nyuie. Eƒe sukuxɔmehatiwo hã dzra ɖo nyuie, gake le mɔ bubu nu. Woazã pepa kakɛ siwo dzi woaŋlɔ nu ɖo aɣla kple mɔnu bubuwo atsɔ afi fi le dodokpɔa wɔɣi bene yewoaxɔ dzesi gãwo. Ðe wòle be Marta hã nawɔ nu mawo atsɔ akpɔ dzidzedzea?
Esi fififi le sukudodokpɔ me va bɔ ŋutɔ ta la, ame geɖe sena le wo ɖokuiwo me be naneke megblẽ le eŋu o. Wogblɔna be, ‘ne womenya lé wò o ko evɔ.’ Ke hã, mesɔ be Kristotɔ vavã nàbu nu ŋu nenema o. Ne nufiala melé ame siwo fi fi le dodokpɔ me o hã la, ame aɖe ya kpɔ wo. Yehowa Mawu nya nu siwo míewɔna, eye abia akɔnta tso mía si. Paulo ŋlɔ be: “Nuwɔwɔ aɖeke mele ɣaɣla le Mawu ŋkume o, ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wodze gaglãa le ame si wòle be míabu akɔnta na la ŋkume.” (Hebritɔwo 4:13) Ðe mele be nyanya be Mawu le mía kpɔm, eye be edi be míawɔ nu si le eteƒe la naʋã mí míawɔ nu anukwareɖiɖitɔe le sukudodokpɔwo me oa?
Nu Kae Nàwɔ?
Lisa, Gregor, Peter, David, kple Marta kpɔe be ŋkubiãnyae nɔnɔme siwo dze ŋgɔ yewo la nye. Wotso nya me be yewoaɖi anukware bene dzitsinya nyui nakpɔtɔ anɔ yewo si eye yewoawɔ nu si sɔ le Mawu ŋkume. Ne wòe ɖe, nu kae nàwɔ le nɔnɔme mawo tɔgbi me?
Ðewohĩ alakpadada, amebaba, alo fififi mewɔa naneke le lãme na wò dɔwɔhatiwo, sukuxɔmehatiwo, alo aƒelikawo kura o. Ate ŋu adzɔ gɔ̃ hã be woanɔ fewu ɖum le ŋuwò bene yewoaƒoe ɖe nuwò nàwɔ nu mawo tɔgbi. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nyametsotso nyuitɔ togbɔ be amewo anɔ eƒom ɖe nuwò be nàwɔ nu le anukwaremaɖimaɖi me hã?
Ðo ŋku edzi be ne èwɔ nu wòwɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, ana be dzitsinya nyui nanɔ asiwò eye Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò. Fia David ŋlɔ be: “Yehowa, ame ka adze wò agbadɔ me, eye ame ka anɔ wò to kɔkɔe la dzi ma? Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o, ewɔa nu dzɔdzɔe, eye wòtoa nyateƒe le eƒe dzi me. . . . Ame si wɔa nu siawo la, ke maɖe le ete gbeɖegbeɖe o.” (Psalmo 15:1-5) Dzitsinya nyui ƒe amesinɔnɔ kple Mawu si le dziƒo la ƒe xɔlɔ̃ nyenye xɔ asi sãsãsã wu ŋutilãmenu ɖe sia ɖe si ame ate ŋu akpɔ to anukwaremaɖimaɖi dzi.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]
“Fiafitɔ la nagafi fi azɔ o.”
Bubudede Mawu ƒe sewo ŋu kple mía havi lɔlɔ̃ aʋã mí míaɖi anukware le nugblẽfexenyawo me
[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]
“Mitsɔ nu siwo amewo katã dze na la na wo: mixe adzɔ na ame si biaa adzɔ.”
Be míadze Mawu ŋu la, ele be míaxe adzɔ siwo setɔwo bia tso mía si la katã
[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]
“Woklo nu le nuwo katã dzi, . . . le ame si wòle be míabu akɔnta na la ŋkume.”
Togbɔ be ɖewohĩ nufialawo malé mí ne míefi fi le dodokpɔ me o hã la, míadi be míawɔ nu anukwaretɔe le Mawu ŋkume
[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 14]
Fififi Si Womekpɔna Dzea Sii Bɔbɔe O
Xɔ̃wò aɖe ƒle kɔmpiuta dɔwɔɖoɖo yeye aɖe, eye wò hã nèdi be wòasu ye si. Elɔ̃ be yeawɔ eƒe kɔpi na wò ne wò ga natsi kotoku me na wò. Ðe ema nye anukwaremaɖimaɖia?
Ne ame aɖe ƒle kɔmpiuta dɔwɔɖoɖo aɖe la, ke elɔ̃ be yeawɔ ɖe se siwo ku ɖe dɔwɔɖoɖo ma zazã ŋu la dzi. Ðewohĩ wode se be ame si ƒle dɔwɔɖoɖo ma la nadee kɔmpiuta ɖeka ko dzi. Ne ele nenema la, dɔwɔɖoɖo ma ƒe kɔpi wɔwɔ na ame bubu anye se dzi dada. (Romatɔwo 13:4) Ema wɔwɔ ganye fififi hã, elabena ana ame bubuwo maƒle dɔwɔɖoɖo ma bene ewɔlaa nakpɔ ga si wòle be wòakpɔ tso eme o.—Efesotɔwo 4:28.
Ame aɖewo agblɔ be, ‘Ame aɖeke manya o ɖe.’ Togbɔ be anɔ nenema hã la, ele be míaɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be: “Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, ele be miawo hã miawɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) Mí katã míedina be míakpɔ viɖe si míedze na la tso míaƒe dɔwo me, eye be ame bubuwo nade bubu míaƒe nutɔnyenye ƒe gomenɔamesiwo ŋu. Eya ta ele be míawɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu nenema ke. Míeƒoa asa na fififi si womekpɔna dzeasii bɔbɔe o, abe nu siwo ŋu womeɖe mɔ le be woawɔ woƒe kɔpiwo o wɔwɔ ene.b—2 Mose 22:7-9.
[Etenuŋɔŋlɔ]
b Nu siawo ate ŋu anye agbalẽ, hadzidzi, kple dɔwɔɖoɖo siwo woléna ɖe CD dzi loo, alo nu bubu ɖe sia ɖe si ŋu womeɖe mɔ le be woawɔ eƒe kɔpi o. Esia lɔ dɔwɔƒe aɖe ƒe dzeside, adzɔnu aɖe wɔwɔ ƒe mɔnu, alo boblododo ƒe gomenɔamesiwo hã ɖe eme.