Exlẽlawo Bia Be . . .
Ðe Wòahiã Be Manɔ Subɔsubɔha Aɖe Mea?
▪ Ðe nènye ame si di be yeakpɔ nyuie hafi age ɖe subɔsubɔha aɖe me le esi sɔlemedelawo kple woƒe ŋgɔnɔlawo kura gɔ̃ hã wɔa alakpanu, eye mama le wo dome ta? Ne nenemae la, ekema àlɔ̃ ɖe Franseawo ƒe lododo aɖe si gblɔ be, “Zi geɖe la, ame si te ɖe sɔlemexɔ ŋu la nɔa adzɔge tso Mawu gbɔ” la dzi.
Ðewohĩ èdea asixɔxɔ Biblia ŋu, eye èxɔe se be ele be dziɖuɖuwo kple ame ɖekaɖekawo hã nalɔ̃ ɖe edzi be ame sia ame kpɔ mɔ anɔ subɔsubɔha aɖe me. Gake ɖewohĩ ànɔ ɖokuiwò biam be, ‘Ðe Mawu gblɔ vavã be ele be míanɔ subɔsubɔha aɖe me godoo hafi míaƒe tadedeagu nadze eŋua?’
Nya ma ŋu ɖoɖo kpuie koe nye ɛ̃. Nu kae na míeka ɖe edzi? Eye ɖe esia fia be míage ɖe subɔsubɔha ɖe sia ɖe ko mea?
Bu Yesu ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Ðe wònɔ subɔsubɔha aɖe mea? Esi Yesu nye ɖevi la, eya kple eƒe ƒometɔ siwo nye Yudatɔwo kple ame bubu siwo yia gbedoxɔa me le Yerusalem la yina ɖasubɔna le ha me. (Luka 2:41-43) Esi Yesu tsi la, eya kple ehati Yudatɔ bubuwo subɔ Mawu le woƒe ƒuƒoƒewo. (Luka 4:14-16) Esi Yesu nɔ dze ɖom kple nyɔnu aɖe si wodzi ɖe subɔsubɔha bubu aɖe me la, egblɔ be: “Míawo ya míedea ta agu na nu si míenya.” (Yohanes 4:22) Le afi sia la, Yesu na eme kɔ ƒãa be ye ŋutɔ hã yele Yuda subɔsubɔhaa me.
Emegbe la, Yesu gblɔ be esi Yuda dukɔa gbe ye ta la, Mawu gbe woƒe subɔsubɔa, elabena wodo gui. (Mateo 23:33–24:2) Gake ena wòdze ƒãa be ele be ame siwo di be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewoƒe tadedeagu ŋu la nanɔ subɔsubɔha aɖe me. Egblɔ na eyomedzelawo be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Manya wɔ na Kristo yome dzela si medea ha kple ehati tadeagulawo o la be wòaɖe lɔlɔ̃ afia wo o. Le nyateƒe me la, Yesu na eme kɔ ƒãa be le mawusubɔsubɔ gome la, mɔ eve koe li. Egblɔ be wo dometɔ ɖeka “keke hele gbadzaa,” eye wòkplɔa ame “yia tsɔtsrɔ̃ me.” Gake egblɔ tso mɔ evelia ya ŋu be: “Agbo la le biie, eye mɔ si kplɔa ame yia agbe me la xaxa, eye ame ʋɛ aɖewo koe nye ame siwo kpɔnɛ.”—Mateo 7:13, 14.
Eya ta eme kɔ be menye subɔsubɔha ɖe sia ɖe ko me nɔnɔe adze Mawu ŋu o. Biblia xlɔ̃ nu mí be míakpɔ nyuie le ame siwo “si gotagome ƒe mawuvɔvɔ̃ le evɔ wogbe nu le Mawu ƒe ŋusẽ gbɔ” la ŋu. Mawu ƒe Nya la gagblɔ kpee be, “te ɖe ɖokuiwò ɖa xaa tso ame siawo gbɔ.” (2 Timoteo 3:5, Agbenya La) Gake ne míedi ame siwo le mɔ si kplɔa ame yia agbe me dzi la hede ha kpli wo la, aɖe vi na mí geɖe ŋutɔ. Woade dzi ƒo na mí ahakpe ɖe mía ŋu, eye mɔkpɔkpɔ nyui aɖe asu mía si le etsɔme.—Hebritɔwo 10:24, 25.
Aleke nàwɔ anya subɔsubɔha si le mɔ xaxɛa dzi? Ðe manyo be nàdzro ale si Biblia ɖo nya ma ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?a la ƒe ta 15 lia me oa? Nu si me nàdzro le agbalẽa me la akpe ɖe ŋuwò nànya subɔsubɔha si me wòle be nànɔ.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Yehowa Ðasefowoe tae.