Te Ðe Mawu Ŋu
“Ana Be Nakpɔe”
ÈNYA Mawua? Nyabiase ma ŋu ɖoɖo mele bɔbɔe abe ale si wòdze ene o. Nu si wòfia be woanya Mawu nyuie ye nye be míanya nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu kple eƒe mɔwo nyuie. Esia wɔnɛ be mía kple Yehowa dome va nɔa kplikplikpli, eye esia kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe ale si míenɔa agbee dzi. Ðe wòanya wɔ ŋutɔŋutɔ be ame kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli nenema? Ne anya wɔ la, nu kae wòahiã be ame nawɔ hafi? Míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖoawo le ale si Fia David xlɔ̃ nu via, Salomo la me, abe ale si wòdze le 1 Kronika 28:9 ene.
Kpɔ nudzɔdzɔa ɖa le susu me. David ɖu fia ɖe Israel dukɔa dzi ƒe 40 kloe ye nye ema, eye nu dze edzi na dukɔa le eƒe dziɖuɣia me. Ðevi koe Salomo, ame si ava xɔ ɖe David teƒe la nye. (1 Kronika 29:1) Kaklãnya kae David gblɔ tsɔ ɖo aɖaŋu na via?
David, ame si si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su le Mawu subɔsubɔ me la, dze eƒe nyawo gɔme ale: “Vinye Salomo, dze si fofowò ƒe Mawu la.” Menye nanewo nyanya tso Mawu ŋu ko ƒe nya gblɔmee David nɔ o. Salomo ŋutɔ hã nɔ David ƒe Mawu, Yehowa, subɔm ɣemaɣi. Ɣemaɣi la, wowu Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me ŋɔŋlɔ nu xoxo, eye eme kɔ be Salomo nya nu si ŋɔŋlɔ kɔkɔe mawo gblɔ tso Mawu ŋu nyuie. Agbalẽnyala aɖe gblɔ be Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “dze si” la ate ŋu afia ale si “ƒomedodo kplikplikpli nanɔ ame eve dome.” Ɛ̃, David di be ye via nadze agbagba ana be nu si ŋu yede asixɔxɔe la nasu eya hã si, si nye be woa kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli.
Xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli ma akpɔ ŋusẽ ɖe Salomo ƒe nuŋububu kple eƒe agbenɔnɔ dzi vevie. David de dzi ƒo na via gblɔ bena: “[Nàsubɔ Mawu] kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo.”a De dze sii be, David gblɔ na via be wòadze si Mawu hafi gblɔ nɛ be wòasubɔe. Vavãe, ne ènya Mawu ko hafi nàte ŋu asubɔe. Gake mele be míatsɔ dzi afãafã asubɔe ɖewoɖewoe alo anye alakpanuwɔlawo o. (Psalmo 12:3; 119:113) David de dzi ƒo na via be eya ŋutɔ nalɔ̃ faa asubɔ Mawu tso dzi blibo me.
Nu ka tae David de dzi ƒo na via be wòatsɔ susu nyui asubɔ Mawu? David ɖe eme be: “Elabena Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wònya tamesusuwo katã!” Mele be Salomo nasubɔ Mawu bene yeadze ye fofo, David ŋu ko o. Mawu le ame siwo ƒe dzi trɔ ɖe eŋu vavã la dim be woasubɔ ye.
Ðe Salomo asrɔ̃ fofoa ƒe kpɔɖeŋu bene wòate ɖe Yehowa ŋu kplikplikplia? Nyametsotso ma kpo ɖe Salomo ŋutɔ gbɔ. David gblɔ na via be: “Ne èdii la, ana be, nakpɔe; ke ne ègblẽe ɖi la, atsɔ wò aƒu gbe tegbee.” Hafi Salomo nanye subɔla si ate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli la, ele be wòadze agbagba vevie anya ame si tututu Yehowa nye.b
Vifofo ƒe nuxlɔ̃ame si David na la ka ɖe edzi na mí be Yehowa di be míate ɖe ye ŋu. Gake hafi mía kplii dome nava nɔ kplikplikpli la, ele be ‘míadii,’ to ale si míaku nu me vevie le Ŋɔŋlɔawo me bene míadze sii nyuie. Ne míeva dze sii nyuie la, esia ana be míalɔ̃ faa asubɔe tso dzi blibo me. Esiae Yehowa di tso esubɔlawo si, eye edze nɛ hã.—Mateo 22:37.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Biblia aɖewo ɖe kpukpui sia gɔme ale: “Nàsubɔe kple dzi faa kple wò susu blibo.”
b Togbɔ be Salomo subɔ kple dzi blibo le gɔmedzedzea me hã la, nublanuitɔe la, meyi edzi wɔ nuteƒe o.—1 Fiawo 11:4.