INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Vevesese le Abɔ la Me
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
    • Ta 117

      Vevesese le Abɔ la Me

      ESI Yesu do gbe ɖa vɔ la, wo kple eƒe apostolo nuteƒewɔla 11 la dzi kafukafuhawo na Yehowa. Emegbe woɖi tso dziƒoxɔa dzi hedo ɖe vuvɔ si le wɔwɔm le zã ƒe vivitia me la me, eye wotrɔ zɔ to Kidron-bali la me heɖo ta Betania. Gake le mɔa dzi la, wotɔ ɖe teƒe aɖe si wolɔ̃na nɔnɔ si nye Getsemane-bɔ la me. Teƒe sia le Amitoa dzi alo le teƒe aɖe si gogoe. Yesu kple eƒe apostoloawo doa go le afisia zi geɖe le amitiawo dome.

      Esi wògblẽ apostoloawo dometɔ enyi ɖi—ɖewohĩ ɖe abɔa ƒe mɔ nu—la, egblɔ na wo be: “Mibɔbɔ nɔ afisia, vaseɖe esime mayi aɖado gbe ɖa le afime.” Ke Yesu kplɔ ame etɔ̃ bubuawo—Petro, Yakobo, kple Yohanes—eye wòyi ɖe ŋgɔgbe le abɔa me. Yesu xa nu eye nya aɖe te ɖe edzi vevie. Egblɔ na wo be: “Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me; minɔ afisia, eye minɔ ŋudzɔ kpakplim.”

      Esi Yesu zɔ yi ŋgɔ vie la, edze klo tsyɔ mo anyi eye wòdze gbedodoɖa vevie gɔme bena: “Fofonye, ne àte ŋui la, na be, kplu sia nato ŋutinye ayi; gake la menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko.” Nuka gblɔm wòle? Nukatae wòle “nu xam kakaka vaseɖe ku me” ɖo? Ðe wòdi be yeatrɔ yeƒe nyametsotso si nye be yeaku ahaxe tafea la?

      Kura o! Yesu mele koko ƒom be woagana yeaku o. Sisi ɖa le vɔsaku nu ƒe susu si Petro do ɖa ɣeaɖeɣi la gɔ̃ hã nyɔ ŋu nɛ. Ðe ema teƒe la, ele veve sem le esi wòle vɔvɔ̃m be mɔ si dzi yeato aku kpuie—abe nuvlowɔla ɖigbɔ ene—la ado vlo ye Fofo ƒe ŋkɔ la ta. Ele ekpɔm azɔ be le gaƒoƒo ʋee aɖewo megbe la, woaklã ye ɖe ati ŋu abe ame vɔ̃ɖitɔ kekeake—si nye busunyagblɔla ɖe Mawu ŋu—la ene! Esiae nye nusi le fu ɖem nɛ vevie.

      Esi Yesu do gbe ɖa ʋuu vɔ la, etrɔ gbɔ va kpɔ be apostolo etɔ̃awo nɔ alɔ̃ dɔm. Egblɔ na Petro bena: “Ðe miate ŋu anɔ ŋudzɔ kplim gaƒoƒo ɖeka oa? Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne miagadze tetekpɔ me o.” Gake esi wònɔ lɔlɔ̃m ɖe alesi nu te ɖe wo dzie kple alesi zã tsie dzi la, egblɔ be: “Gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.”

      Yesu gayi zi evelia eye wòbia be Mawu naɖe “kplu sia” si nye nusi Yehowa de asi nɛ alo nusi nye Eƒe lɔlɔ̃nu nɛ la ɖa. Esi wòtrɔ gbɔ la, egakpɔ be wo ame etɔ̃a nɔ alɔ̃ dɔm le esime wòle be woanɔ gbe dom ɖa be yewomagage ɖe tetekpɔ me o hafi. Esi Yesu ƒo nu kpli wo la, womenya nya si woagblɔ atsɔ aɖo eŋu nɛ o.

      Mlɔeba Yesu gadzo le wo gbɔ zi etɔ̃lia yi afisi ƒe didime anɔ abe afisi ne woda kpe wòate ŋu aɖo ene, eye wòdze klo hedo gbe ɖa kple ɣli sesĩe kpakple aɖatsiwo bena: “Fofo, ne èlɔ̃ la, tsɔ kplu sia yii le gbɔnye.” Yesu le veve sem vevie le vlodoame si eƒe ku abe nuvɔ̃wɔla ene la ahe va Fofoa ƒe ŋkɔ dzie la ta. Be woatso enu be enye busunyagblɔla—amesi ƒoa fi dea Mawu—la wu tsɔtsɔ nɛ kloe!

      Gake Yesu yi gbedodoɖa la dzi be: “Gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò woawɔ.” Yesu tsɔ toɖoɖo bɔbɔ eɖokui ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ te. Esi wògblɔ esia la, mawudɔla aɖe tso dziƒo va tsɔ dzideƒonyawo do ŋusẽe. Anye be mawudɔla la gblɔ na Yesu be Fofoa kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu.

      Gake agba kpekpe kae nye si esia nye na Yesu! Eya ŋutɔ ƒe agbe mavɔ kpɔkpɔ kpakple amegbetɔƒome bliboa katã tɔ nɔ te ɖe nusi wòawɔ la dzi. Nya la te ɖe edzi ŋutɔ. Eyata Yesu yi edzi gado gbe ɖa vevie wu, eye eƒe fifia si nɔ gegem ɖe anyigba la va nɔ abe ʋukɔ ene. The Journal of the American Medical Association gblɔ be: “Togbɔ be fifia si me ʋu anɔ nye nudzɔdzɔ ɖedzesi aɖe si mebɔ kura o hã la, . . . esia te ŋu dzɔna ne nya aɖe le fu ɖem na ame vevie.”

      Emegbe Yesu trɔ va eƒe apostoloawo gbɔ zi etɔ̃lia, eye wògakpɔ be wonɔ alɔ̃ dɔm. Nuxaxa na ɖeɖi te wo ŋu. Edo ɣli gblɔ be: ‘Ɣeyiɣi sia mee miele alɔ̃ dɔm hele ɖiɖim ɖe eme! Esɔ gbɔ! Gaƒoƒo la ɖo vɔ! Mikpɔ ɖa, woatsɔ Amegbetɔvi la ade asi na nuvɔ̃wɔlawo. Mitsi tre, mina mídzo! Mikpɔ ɖa, amesi le yonyeme mɔ fiam la gogo!’

      Esime wòganɔ nuƒoƒo dzi la, Yuda Iskariot va ɖo eye ameha gã aɖe siwo lé kakatiwo kple akaɖiwo kpakple aʋawɔnuwo ɖe asi la kpe ɖe eŋu. Mateo 26:30, 36-47; 16:21-23; Marko 14:26, 32-43; Luka 22:39-47; Yohanes 18:1-3; Hebritɔwo 5:7.

      ▪ Esi woɖi le dziƒoxɔa dzi la, afikae Yesu kplɔ apostoloawo yii, eye nukae wòwɔ le afima?

      ▪ Esime Yesu nɔ gbe dom ɖa la, nuka wɔmee apostoloawo nɔ?

      ▪ Nukatae Yesu nɔ veve sem helĩhelĩ, eye nukae wòbia Mawu?

      ▪ Nukae Yesu ƒe fifia si zu abe ʋukɔwo ene la fia?

  • Eyomemɔfiafia kple Eléle
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
    • Ta 118

      Eyomemɔfiafia kple Eléle

      ZÃ GA wuieve ƒo to eŋu xoxo esime Yuda nɔ ŋgɔ na ameha gã aɖe siwo nye asrafowo, nunɔlagãwo, Farisitɔwo kple ame bubuwo va Getsemane-bɔa me. Nunɔlawo lɔ̃ ɖe edzi be yewoaxe klosalo 30 na Yuda ɖe Yesu yomemɔ fiafia ta.

      Do ŋgɔ esi wonyã Yuda tso Ŋutitotoŋkekenyuiea ɖuƒe la, edze ƒã be nunɔlagãwo gbɔe wòyi tẽ. Enumake amesiawo ƒo woa ŋutɔwo ƒe dɔlawo nu ƒu hekpe ɖe asrafoha aɖe ŋu. Ðewohĩ gbã la, Yuda kplɔ wo yi afisi Yesu kple eƒe apostoloawo ɖu Ŋutitotoŋkekenyuiea le la. Esi wokpɔ be wodzo la, ameha gã si tsɔ akaɖiwo kple kakatiwo ɖe asi la kplɔ Yuda ɖo to Yerusalem-dua me hedo go yi Kidron-balia ƒe akpa keme.

      Esi Yuda nɔ ŋgɔ na ameha la wonɔ Amitoa liam la, eka ɖe edzi be yenya afisi yeakpɔ Yesu le. Le kwasiɖa si do ŋgɔ me, esi Yesu kple apostoloawo nɔ Yerusalem kple Betania dome zɔli zɔm la, wotɔ zi geɖe ɖe Getsemane-bɔa me, gbɔ ɖe eme heɖo dze. Gake azɔ esi wòate ŋu ava eme be Yesu manɔ dzedzem le vivitia me o le amitiawo te la, aleke wɔ ge asrafoawo le akpɔe adze sii? Ðewohĩ womekpɔe kpɔ o. Yuda ɖo dzesi na wo be: “Amesi ƒe nu gbugbɔ ge mala la, eyae, ne mialée kpli.”

      Yuda kplɔ ameha gã la yi abɔa me eye esi wòkpɔ Yesu kple eƒe apostoloawo la, eyi egbɔ tẽ. Egblɔ be: “Rabi, fiẽ na wò loo!” eye wògbugbɔ nu nɛ lɔlɔ̃tɔe ŋutɔ.

      Yesu biae se be: “Xɔ̃, nukaŋuti nèva ɖo?” Eye esi Yesu nɔ eya ŋutɔ ƒe biabia la ŋu ɖom la, egblɔ be: “Yuda, nugbugbɔ nètsɔ le Amegbetɔvi la dem asi mahã?” Gake eyomemɔfiala hã tɔ nyo gbɔ! Yesu zɔ va kakati kple akaɖi siwo le bibim la ŋkume hebia be: “Ameka dim miele?”

      Woɖo eŋu be: “Yesu, Nazaretetɔ lae!”

      Yesu ɖo eŋu be, “Nyee nye esi!” esime wòtsi tre ɖe wo ŋkume dzideƒotɔe. Esi dzi si nɔ eƒo wɔ nuku na wo eye womenya nukae le dzɔdzɔ ge ɖe wo dzi o ta la, wogbugbɔ ɖe megbe hedze anyi.

      Yesu yi edzi gblɔ na wo tufafatɔe be: “Megblɔe na mi xoxo bena, nyee nye esi, eyaŋuti nenye nye dim miele la, ekema mina mɔ amesiawo, be woadzo ayi.” Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na ema le dziƒoxɔa dzi la, Yesu gblɔ na Fofoa le gbedodoɖa me be yekpɔ yeƒe apostolo wɔnuteƒeawo ta eye wo dometɔ aɖeke mebu o “negbe tsɔtsrɔ̃vi la koe.” Eyata be eƒe nya la nava eme la, ebia be woana ye yomedzelawo nadzo.

      Esi dzi ɖo asrafoawo ƒo eye wotsi tre hedze Yesu babla gɔme la, apostoloawo nya nusi gbɔna dzɔdzɔ ge. Wobia be: “Aƒetɔ, ɖe míadza wo kple yi mahã?” Hafi Yesu naɖo eŋu la, Petro tsɔ yi eve siwo apostoloawo tsɔ vɛ la dometɔ ɖeka eye wòɖee ɖe nunɔlagã ƒe dɔla aɖe si ŋkɔe nye Malxo la dzi. Petro ƒe yia da dɔla la ƒe ta ƒu gake ekpa eƒe nuɖusimeto ɖa.

      Yesu de nu nya la me hegblɔ be: “Mina mɔ wo, be woayi dzi nenema.” Esi wòka asi Malxo ƒe toa ŋu la, ena abia ku. Azɔ efia nu vevi aɖe wo esime wòde se na Petro be: “Gbugbɔ wò yi la ɖo eteƒe; elabena amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu woe. Alo èsusu bena, nyemate ŋu aɖe kuku na Fofonye, eye wòatsɔ mawudɔlawo nam wòawu aʋakɔ wuieve o mahã?”

      Yesu lɔ̃ be woalé ye faa. Elabena eɖe nu me be: “Ke aleke awɔ ne woawu ŋɔŋlɔawo nu mahã?” Eye egagblɔ kpee be: “Kplu, si Fofo la tsɔ nam la, ɖe nyemanoe o mahã?” Elɔ̃ ɖe nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na eyama la dzi le go sia go me!

      Azɔ Yesu ƒo nu na ameha la. “Alesi wotsona ɖe hlɔ̃dola ŋuti la, nenemae mieva lé ye ge kple yiwo kple kpowo; gbawotsyogbe mebɔbɔ nɔ anyi ɖe mawuƒe la me le nu fiam, eye mielém kpɔ o. Ke esiawo katã va me, bena woawu nyagblɔɖilawo ƒe ŋɔŋlɔawo nu.”

      Esi wògblɔ ema la, asrafoha la kple asrafomegã la kple Yudatɔwo ƒe amegãwo lé Yesu heblae. Esi apostoloawo kpɔ esia la, wogblẽ Yesu ɖi hesi dzo. Gake ɖekakpui aɖe—anye nusrɔ̃la Marko ye—tsi ameha la dome. Anɔ eme be enɔ aƒe si me Yesu ɖu Ŋutitotoŋkekenyuiea le me eye emegbe wòtso afima dze ameha la yome. Gake wokpɔe dze sii azɔ eye wodze agbagba be woalée. Gake egblẽ aklalabiɖibiɖiwu si wòdo la ɖe wo si hesi dzo. Mateo 26:47-56; Marko 14:43-52; Luka 22:47-53; Yohanes 17:12; 18:3-12.

      ▪ Nukatae Yuda ka ɖe edzi be yeake ɖe Yesu ŋu le Getsemane-bɔa me?

      ▪ Aleke Yesu ɖe ɖe tsɔtsɔ le eƒe apostolowo me fiae?

      ▪ Nukae Petro wɔ be yeatsɔ aʋli Yesu tae, gake nukae Yesu gblɔ na Petro tso eŋu?

      ▪ Aleke Yesu ɖee fia be yelɔ̃ ɖe nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na ye la dzi bliboe?

      ▪ Esime apostoloawo gblẽ Yesu ɖi la, amekae susɔ, eye nukae dzɔ ɖe edzi?

  • Wokplɔe Yi Hana Gbɔe Gakplɔe Va Kayafa Gbɔ
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
    • Ta 119

      Wokplɔe Yi Hana Gbɔe Gakplɔe Va Kayafa Gbɔ

      WOBLA Yesu abe nuvɔ̃wɔla ene hekplɔe yi Hana si nye nunɔlagã tsã si ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi lolo ŋutɔ la gbɔ. Hana ye nye nunɔlagã esime Yesu nye ŋutsuvi ƒe 12 vi si ƒe nu wɔ nuku na nufiala siwo nye rabiwo le gbedoxɔa me. Emegbe Hana ƒe viŋutsuwo dometɔ geɖe subɔ abe nunɔlagãwo ene, eye fifia eƒe toyɔvi Kayafa ye le ɖoƒe ma.

      Anye be gbã wokplɔ Yesu yi Hana ƒemee le esi wobu nunɔlagã ma ame ŋkutae ɣeyiɣi didi aɖe le Yudatɔwo ƒe subɔsubɔnyawo me ta. Alesi wotɔ ɖe Hana gbɔ la na ɣeyiɣi Nunɔlagã Kayafa be wòna Sanhedrin si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔ si me ame 71 le la kpe ta, eye wòdi aʋatsoɖasefowo hã kpee.

      Nunɔlagã Hana bia nya Yesu azɔ ku ɖe eƒe nusrɔ̃lawo kpakple eƒe nufiafia ŋu. Gake Yesu ɖo eŋu nɛ bena: “Nye la meƒo nu na xexeame le gaglãgbe, mefia nu ɖaa le ƒuƒoƒewo kple mawuƒe me, afisi Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo, eye nyemegblɔ nya aɖeke le ɣaɣlaƒe kpɔ o. Nukaŋuti nèle biayem? Bia amesiwo se nusi megblɔ na wo; kpɔ ɖa, woawo nya nusiwo nye la megblɔ.”

      Esi Yesu gblɔ esia la, dɔlawo dometɔ ɖeka si tsi tre ɖe egbɔ la ƒo tome nɛ hegblɔ bena: “Ale nèɖo ŋu na nunɔlagã la enye si mahã?”

      Yesu ɖo eŋu be: “Ne megblɔ nya vɔ̃ la, ekema fia kpɔɖeŋu le nusi nye vɔ̃ la ŋu; ke ne enyo la, nukaŋuti nèle ƒoyem mahã?” Esi wogblɔ nya siawo vɔ la, Hana ɖo Yesu ɖe Kayafa gbɔ bablae.

      Le ɣeyiɣi sia me la, nunɔlagãwo kple amegãwo kple agbalẽfialawo katã, ẽ, Sanhedrin bliboa katã va le ta kpem. Edze ƒã be woƒe takpeƒe lae nye Kayafa ƒe aƒe me. Enye nusi tsi tre ɖe Yudatɔwo ƒe se ŋu be woadrɔ̃ ʋɔnu ma le Ŋutitoto ƒe zã la me. Gake esia mexe mɔ na subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo be woagawɔ tame vɔ̃ si woɖo la dzi o.

      Kwasiɖa aɖewo do ŋgɔ esi Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre la, Sanhedrin me tɔwo tso nya me xoxo le woa ŋutɔwo ɖeɖe dome be ele be Yesu naku. Eye ŋkeke eve pɛ do ŋgɔ, si nye Kuɖagbe la, subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo de aɖaŋu be yewoalé Yesu to ayemɔ dzi ahawui. Bu eŋu kpɔ; wobu fɔe xoxo hafi va le ʋɔnu drɔ̃mee!

      Fifia wole agbagba dzem be yewoakpɔ ɖasefo siwo aɖi aʋatsoɖase ale be yewoate ŋu akpɔ nya aɖe atsɔ abu fɔ Yesue. Gake womete ŋu kpɔ ɖasefo siwo ƒe ɖaseɖiɖi wɔ ɖeka o. Mlɔeba la, ame eve va gblɔ be: “Míese wògblɔ bena: Magbã mawuxɔ sia, si wotsɔ asi wɔe la, eye ŋkeke etɔ̃agbe la magatu bubu, si wometsɔ asi wɔe o.”

      Kayafa biae bena: “Mèle nya aɖeke tsɔ ge aɖo nya, si gblɔm amesiawo le ɖe ŋuwò la ŋu o mahã?” Gake Yesu zi kpi. Le aʋatsonutsotso sia gɔ̃ hã me la, ɖasefoawo mete ŋu na woƒe nyawo wɔ ɖeka o, wònye ŋukpe na Sanhedrin la. Eyata nunɔlagã la gato ayemɔ bubu dzi kpɔ.

      Kayafa nya alesi wòtɔa dzi na Yudatɔwoe ne ame aɖe gblɔ be yenye Mawu ƒe Vi. Zi eve do ŋgɔ la, wotsɔ dzitsitsi yɔ Yesu be enye busunyagblɔla si dze ku, le esi wobui vodadatɔe be ele gbɔgblɔm be yele tasɔsɔ me kple Mawu ta. Azɔ Kayafa bia ayetɔe be: “Meta Mawu gbagbe la na wò, be nagblɔe na mí, nenye wòe nye Kristo, Mawuvi la!”

      Eɖanye nukae Yudatɔwo susu o, Mawu ƒe Vie Yesu nye vavã. Eye ne ezi ɖoɖoe la, woate ŋu ase egɔme be ele gbegbem be yemenye Kristo la o. Eyata Yesu ɖo eŋu dzideƒotɔe be: “Nyee! Eye miakpɔ Amegbetɔvi la wòanɔ anyi ɖe ŋusẽ ƒe nuɖusi me gbɔna kple dziƒo ƒe alilikpowo.”

      Esi wògblɔ esia la, Kayafa wɔ nu be amewo nakpɔ esime wòdze eƒe awuwo hedo ɣli be: “Egblɔ busunya! Ðaseɖila kawo gahiã mí? Kpɔ ɖa, azɔ miese busunya la; nuka susum miele?”

      Sanhedrin la gblɔ be: “Edze ku.” Azɔ wodze egɔme nɔ fewu ɖum le eŋu, eye wogblɔ busunya geɖe ɖe eŋu. Woƒo tome nɛ heɖe ta ɖe mo nɛ. Ame bubuwo tsɔ nu tsyɔ eƒe ŋkume katã eye wotu kɔe hegblɔ dzikudonametɔe be: “Kristo, amekae ƒo wò, gblɔe fia mí.” Vlodoame ƒe nuwɔna manɔsenu sia dzɔ le zã me ʋɔnudɔdrɔ̃a me. Mateo 26:57-68; 26:3, 4; Marko 14:53-65; Luka 22:54, 63-65; Yohanes 18:13-24; 11:45-53; 10:31-39; 5:16-18.

      ▪ Afikae wokplɔ Yesu yi gbã, eye nukae dzɔ ɖe edzi le afima?

      ▪ Afikae wokplɔ Yesu yi le ema megbe, eye ɖe susu ka ta?

      ▪ Aleke Kayafa wɔ esi na Sanhedrin la gblɔ be Yesu dze ku?

      ▪ Vlodoamenu manɔsenu kae wowɔ le ʋɔnudɔdrɔ̃a me?

  • Nu Gbegbe le Egbɔ le Xɔxɔnua
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
    • Ta 120

      Nu Gbegbe le Egbɔ le Xɔxɔnua

      ESI Petro kple Yohanes gblẽ Yesu ɖi le Getsemane-bɔa me eye wosi kpe ɖe apostolo mamleawo ŋu le vɔvɔ̃ ta megbe la, wotɔ le woƒe sisia me. Ðewohĩ wova tu Yesu esime wokplɔe yina Hana ƒemee. Esime Hana ɖoe ɖe Nunɔlagã Kayafa gbɔ la, Petro kple Yohanes nɔ adzɔge ʋĩ gbɔna le wo yome, edze ƒã be le esi wonɔ vɔvɔ̃m ɖe woa ŋutɔwo ƒe agbe nu gake wodi vevie be yewoanya nusi adzɔ ɖe yewoƒe Aƒetɔ dzi la tae.

      Esi woɖo Kayafa ƒe aƒe si me keke nyuie me la, Yohanes te ŋu ge ɖe aƒea me elabena nunɔlagã la nya eyama. Gake egblẽ Petro ɖi wòle tsitre ɖe ʋɔtrua nu le gota. Gake eteƒe medidi o Yohanes trɔ va ƒo nu na ʋɔtrunudzɔla la si nye dɔlanyɔnu aɖe, eye wòɖe mɔ na Petro wòge ɖe eme.

      Vuvɔ le wɔwɔm azɔ, eye aƒea me subɔviwo kple nunɔlagã la ŋumewo do akadzo. Petro hã bɔbɔ nɔ wo gbɔ be yeaƒu dzoa hetsɔ nɔ Yesu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃a me tsonu lalamee. Esi dzoa klẽ nyuie ɖe afima ta la, ʋɔtrunudzɔla si na Petro ge ɖe eme la te ŋu kpɔe nyuie wu. Edo ɣli be: “Wò hã ènɔ Yesu, Galileatɔ la gbɔ kpɔ”!

      Alesi wokpɔ Petro dze sii la na wòtɔtɔ eye wòsẽ nu le wo katã ŋkume be yemenya Yesu kpɔ o. Egblɔ be: “Nyemenya alo se nya, si gblɔm nèle la gɔme o.”

      Esi wògblɔ ema la, Petro do ɖe xexe yi agboa nu lɔƒo. Nyɔnuvi bubu hã kpɔe dze sii le afima eye eya hã gblɔe na amesiwo le tsitre ɖe afima be: “Amesia nɔ anyi kple Yesu, Nazaretetɔ la kpɔ.” Petro gasẽ nu ake, eye wòka atam gblɔ be: “Nyemenya ame la o”!

      Petro tsi xɔxɔnua eye wòdze agbagba be yeaɣla ye ɖokui alesi yeate ŋui. Ðewohĩ ɣemaɣie koklo ƒe atɔkuku le fɔŋlia me na wòɖi vo. Le ɣeyiɣi sia me la, wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu, eye edze ƒã be xɔ si le xɔxɔnua tame ƒe akpa aɖe mee wonɔ ʋɔnua drɔ̃m le. Ðikekemanɔmee la, Petro kple ame bubu siwo nɔ lalam le anyi me la kpɔ ɖasefo vovovo siwo wokplɔ vɛ be woaɖi ɖase la ƒe yiyi kple gbɔgbɔ.

      Ade gaƒoƒo ɖeka va yi esi wode dzesi Petro be enye Yesu ƒe zɔhɛ. Azɔ amesiwo le tsitre ɖe afima la dometɔ aɖewo va egbɔ hegblɔ nɛ be: “Nyateƒee, wò hã wo dometɔ ɖeka nènye; elabena wò nuƒoƒo le ha ɖem wò.” Ƒuƒoƒoa me tɔ ɖeka nye Malxo, amesi ƒe to Petro kpa la ƒe ƒometɔ. Egblɔ be: “Alo ɖe nyemekpɔ wò le abɔa me kplii o mahã?”

      Petro sẽ nu be: “Nyemenya ame la o”! Le nyateƒe me la, edze agbagba to fiƒoƒode kple atamkaka dzi be yeana woaxɔe ase be vodadae wo katã wɔ, eye esia wɔwɔ nye vɔ̃ didi na eɖokui ne menye nyateƒe tom wòle o.

      Kasia esi Petro gbe nu le egbɔ zi etɔ̃lia sia la, koklo ku atɔ. Ɣemaɣi tututu la, Yesu, amesi anɔ eme be edo go yi akpata me le xɔxɔnua tame la trɔ kpɔe dũ. Enumake Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ le dziƒoxɔa dzi gaƒoƒo ʋee aɖewo do ŋgɔ koe nye ma la dzi be: “Hafi koklo naku atɔ zi eve la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” Esi Petro ƒe nuvɔ̃ ƒe kpekpeme gbã dzi nɛ la, edo go yi ɖafa avi vevie.

      Aleke wɔ nusia te ŋu dzɔ? Esi Petro ka ɖe ŋusẽ si le eŋu le gbɔgbɔ me dzi alea gbegbe vɔ megbe la, aleke wɔ wògbe nu le eƒe Aƒetɔ gbɔ enuenu zi gbɔ zi etɔ̃ le ɣeyiɣi kpui ma me nenema? Ðikekemanɔmee la, nusiwo dzɔ la ɖi ɖe Petro. Wole nyateƒea trom eye wole Yesu bum abe nuvlowɔla vɔ̃ɖi ene. Wole ewɔm be nu dzɔdzɔe nadze abe nu gbegblẽ ene eye wole ame maɖifɔ bum vodalae. Eyata le nuteɖeamedzi siwo nɔ anyi ɣemaɣi ta la, Petro ɖe ŋu ɖi. Eƒe gɔmesese nyuitɔ ku ɖe nuteƒewɔwɔ ŋu trɔ gbo zi ɖeka; eye enye vevesese nɛ be amegbetɔvɔvɔ̃ ɖu ye dzi. Migana esia nadzɔ ɖe mía dzi gbeɖe o! Mateo 26:57, 58, 69-75; Marko 14:30, 53, 54, 66-72; Luka 22:54-62; Yohanes 18:15-18, 25-27.

      ▪ Aleke Petro kple Yohanes wɔ ge ɖe nunɔlagã la ƒe xɔxɔnu?

      ▪ Esime Petro kple Yohanes le aƒea ƒe gbadzaƒe la, nukae nɔ edzi yim le xɔa me?

      ▪ Zi nenie koklo ku atɔ, eye zi nenie Petro sẽ nu be yemenya Kristo o?

      ▪ Nukae alesi Petro de asi fiƒoƒode kple atamkaka me la fia?

      ▪ Nukae na Petro sẽ nu be yemenya Yesu o?

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe