Biblia Sɔsrɔ̃—Le Lãwo Kpɔƒe!
ƔEAÐEƔI la, míeɖoe be míava wɔ míaƒe kwasiɖa ɖesiaɖe ƒome Biblia numedzodzro le teƒe bubu aɖe kura—eyae nye Emmen Lãwo Kpɔƒe, si tsɔ míaƒe aƒe gbɔ le Netherlands. Susu nyui aɖe tae míeyi ɖo, eye eme ava kɔ na wò kpuie.
Míewɔa kwasiɖa ɖesiaɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ abe alesi Kristotɔwo ƒe ƒome siwo le xexeame katã dometɔ geɖe wɔnɛ ene. Zi geɖe le nusɔsrɔ̃ siawo me la, míexlẽa nu tso lã siwo woyɔ le Biblia me wonye nɔnɔme nyuiwo kple gbegblẽawo ƒe dzesiwo la ŋu. Míebua eŋu nenye be míate ŋu anya lãawo nyuie wu eye míeɖoe be ƒomea natsɔe aɖo dɔe. Wobia tso ƒomea me tɔ ɖesiaɖe si be wòaxlẽ nu tso lã aɖe koŋ ŋu le agbalẽwo abe Insight on the Scriptures kple Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! bablawo ene me.
Esi míete tu Emmen Lãwo Kpɔƒe ƒe agboa la, mía vi siwo nye Mari-Claire, Charissa, kple Pepijn, fɔ ŋku ɖe te. Míakpɔ lowo, sisiblisiwo, gbetedziwo, anyidiwo, kple ɖewohĩ lã siwo ŋu míexlẽ nu tsoe le Biblia me dometɔ geɖe gɔ̃ hã. Gake na míaƒo nu tso lãwo kpɔƒe tɔxɛ sia ŋu na wò gbã.
Xadzawo Meli O, Gakpɔwo Meli O
Noorder Dierenpark, abe alesi woyɔa Emmen Lãwo Kpɔƒee le Netherlandgbe me ene la, nye lãbɔ tɔxɛ aɖe si woɖo ɖe egbegbe lãwo kpɔƒe ƒe dzidzenuwo nu. Màkpɔ lã aɖeke le xadza alo gakpɔ me le afisia o. Ke boŋ wowɔ nusianu le Emmen ale be lãawo nanɔ teƒe si ɖi woƒe dzɔdzɔmenɔƒe alesi woate ŋui. Abɔa ƒe nugbagbeŋutinunyalawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Wijbren Landman si nɔ alɔgbɔnu kom la gblɔ be: “Menye lãe nɔa kpɔ me o, ke tsaɖila la boŋue nɔnɛ.”
“Womeɖo lãawo ɖe wo ƒomeviwo nu o, ke ɖe afisi wodzɔ tso nu. Ema tae le Afrika-dzogbe gbadza si kpɔm nèle le afisia la, woda lã gbogbo siwo li ɖekae le gbea me ɖe teƒe ɖeka alesi woate ŋui.” Eye míekpɔ wo le afima hã—lã siwo kɔkɔ wu le xexeame, si nye sɔveda kɔ legbee, si te ŋu kɔkɔna meta 6. Woa kple afiã, impalas, gbetedzi, gnu, zi, kple gbenyi ʋee aɖewo hã li ɖekae.
Gake nya geɖe le Wijbren si wòagagblɔ na mí le Emmen-dzogbea ŋu: “Afisia lolo na lãawo ale gbegbe be womexaxana gbeɖe o. Gake míegawɔ bebeƒe aɖewo hã na wo. Miekpɔ kpe gã mawo ɖaa? Afiãawo te ŋu bena ɖe wo domee ale be gbenyiwo meɖea fu na wo o. Eye togbɛ si le afimɛ na lãawo mete ŋu kpɔa wo nɔewo o. Gake zi geɖe la, lãawo menyana ne bubu aɖe le afima o. Esia mewɔ nuku kura o elabena wonɔ woƒe dzɔtsoƒe le Afrika ɖekae ƒe akpe geɖe.”
Gbetedzi Tsikɔwuiwo
“Mikpɔ ɖa! Gbetedziwo!” Charissa kpɔ dzidzɔ ŋutɔ. Ewɔ numekuku nyui aɖe le gbetedziwo ŋu. “Fliwo to gbetedzi me ale gbegbe be zi geɖe la, lã ŋku ɖaɖɛwo gɔ̃ hã menyana be woli ne wole adzɔge tso wo gbɔ meta 40 vaseɖe 50 pɛ hã o. Alesi gbetedzi ƒe ŋku kple to ɖae, kpakple alesi wote ŋu ƒua du sesĩe—wua kilometa 60 gaƒoƒo ɖeka—ɖea wo tso lã lénuwo si me. Abe alesi Psalmo 104:11 de dzesii ene la, gbetedziwo ‘faa woƒe tsikɔwuame nu edziedzi.’ Ema tae ƒã hafi nàkpɔ wo kilometa 8 kple vɔ tso tsi gbɔ.” Egagblɔ be: “Ele be míawo hã míafa míaƒe gbɔgbɔ me tsikɔwuame nu edziedzi to hamea ŋu nɔnɔ kplikplikpli, Biblia sɔsrɔ̃, kple kpekpewo dede me.”
Míegblẽ Afrika-dzogbea ɖe megbe eye míezɔ ɖo ta lã lénu siwo lolo wu le anyigba dzi dometɔ ɖeka si woyɔna be kodiak-sisiblisi la gbɔ. Sisiblisi sia si lolo wu bubuawo la ate ŋu adidi meta 3 eye eƒe kpekpeme anye kilogram 780. Be wo nɔƒe le afisia naɖi dzɔdzɔmetɔ alesi anya wɔ la, wowɔ tɔsisiwo kple kpe gãwo ɖe eme wonya kpɔ. Kodiak-sisiblisi nye Syria-sisiblisi tɔgbe si lolo wu si nɔ Israel le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. Abe alesi Mari-Claire ke ɖe eŋui ene la, sisiblisiwo ɖua nu vovovowo. Woɖua gbewo kple atiwo ƒe kewo kpakple atikutsetsewo, atitoe, newo, aziwo, nudzodzoewo, tɔmelãwo, afiwo, kple emawo tɔgbe, eye anyitsi vivia wo nu ŋutɔ. Le blema Israel esime gbe siwo sisiblisiwo ɖuna nɔ vevem la, enɔ na alẽkplɔlawo be woanɔ ŋudzɔ ɖe sisiblisiawo ƒe nu léle ŋu. Esi Dawid nye sɔhɛ la, ewɔ avu kple sisiblisi tsɔ kpɔ fofoa ƒe alẽha tae.—Samuel I, 17:34-37.
“Dzudzɔ Dona tsoa Eƒe Ŋɔti Me”
Gake lã geɖe li míedi kokoko be míakpɔ. Nyitsɔ le míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ me la, míeva ke ɖe “Leviathan,” si nye lo ŋuti. Gbã la, Pepijn ɖɔe be enye ‘tɔmelã ƒomevi aɖe, gake eya lolo ŋutɔ!’ Esi dzoxɔxɔ ƒe tɔtrɔ wɔa dɔ ɖe lowo dzi vevie ta la, wode wo Afrika Ƒeme, afisi wowɔ wòxɔ dzo nyuie. Esi míege ɖe eme la, dzoxɔxɔa gbɔ ɖe mí eye míaƒe nukpɔhuhɔ̃ewo dze fifia. Hekpe ɖe ema ŋu la, ele be vivitia me zɔzɔ namã mí. Esi míenɔ tɔdzisasrã si le yame dzi zɔm la, kasia míeke ɖe lo gã eve siwo le ba si le tɔdzisasrã ƒe go eveawo dzi ŋu dzɔm la ŋu. Wotɔ ɖi kpoo maʋãmaʋãe ale gbegbe be ena Pepijn gblɔ be: “Menye [lo] ŋutɔwoe o.”
Lowo le lã tata siwo lolo wu siwo gale agbe la dome. Ðewo te ŋu didina meta 6 eye wokpena kilogram 900 sɔŋ. Woƒe glãƒu sẽ ale gbegbe—lovi si ƒe kpekpeme nye kilogram 50 gɔ̃ hã ate ŋu awɔ ŋusẽdɔ wòawu kilogram 700. Ne lo do ɖi sẽ hafi ho ɖe dzi la, ya si dona ƒia tso eƒe ŋɔti me te ŋu nyɔna ale be le agudzedze si me kɔ nyuie me la, ate ŋu anye ‘dzoƒaɖe’ kple ‘dzudzɔ si dona tsoa eƒe ŋɔti me,’ si ŋu Hiob ƒe agbalẽa ƒo nu tso.—Hiob 40:25; 41:10-13.
“Midze Aɖaŋu abe Dawo Ene”
Ðeko míedzo le loawo gbɔ sẽ ko ye míekpɔ nuwɔwɔ si wozã le Biblia me wònye nɔnɔme nyui kple gbegblẽa ƒe dzesi—gbogbo aɖewo le vivitia me—gake míaƒe ta nyo be wole ahuhɔ̃ekpɔ me. Da si nye lã gbãtɔ si ŋkɔ woyɔ le Biblia mee míewɔnɛ. (Mose I, 3:1) Yesu tsɔ eƒe aɖaŋudzedze wɔ kpɔɖeŋui esime wònɔ nu xlɔ̃m eƒe nusrɔ̃lawo le alesi woanɔ agbe le amesiwo tsi tre ɖe wo ŋu abe amegãxiwo ene dome ŋu. (Mateo 10:16) Gake le nyateƒe me la, “da xoxo,” Satana Abosam, si woɖɔ le Korintotɔwo II, 11:3 be eblea ame hedze aɖaŋu abe da ene ŋue wozã da ɖo zi geɖe.—Nyaɖeɖefia 12:9.
“Yi Anyidi Gbɔ . . . eye Nadze Nunya!”
Nusi míebu be míakpɔ le lãbɔa me o ye nye anyikɔ gã si me anyidi siwo sẽa gbewo ta ƒe hatsotso etɔ̃ le. Woawoe nye abɔmedɔwɔlawo le anyidiwo dome. Míete ŋu kpɔ hatsotso si le ahuhɔ̃ekpɔa me; esia na míete ŋu srɔ̃ nu tso nuwɔwɔ sue siawo ƒe agbenɔnɔ ŋu. Míetsɔ ɖe le anyidiawo me elabena wozã wo le Biblia me tsɔ wɔ dɔwɔwɔ kple seselelãmenunya ƒe kpɔɖeŋui.—Lododowo 6:6.
Wijbren Landman nye nudzodzoeŋutinunyala. Eɖe eme be: “Wobu akɔnta be anyidi miliɔn ɖeka teƒe biliɔn ɖekae le anyigba dzi, si fia be anyidi 200,000 sɔŋ ye li na amegbetɔ ɖeka ɖesiaɖe! Hamehame 15,000 siwo míekpɔ le anyigbagãwo dzi negbe anyigba ƒe dzigbe koe mele eme o la dometɔ eve aɖeke mesɔ kple nɔvia o. Wo katã wowɔa atɔ vovovowo, eye woɖua nu vovovowo, gake wowɔ wo katã ɖe ɖoɖo ɖeka tɔgbe me.
Anyidi siwo sẽa gbewo ta wɔa adru siwo woɖuna, abe alesi amegbetɔwo dea hlowo ƒe agble ene. Abe alesi míate ŋu akpɔe ene la, wowɔa nusiawo ɖe tome, gake adruawo ƒe nuɖuɖu tsoa godzi. Anyidi dɔwɔlawo lɔa aŋgbawo alɔtsɔtsɔe yia woƒe atɔwo mee ŋkeke bliboa katã. Wolia ati alo gbe aɖe ɖagbea aŋgba si wodi. Azɔ wozãa woƒe glã abe akape ene tsɔ sẽa aŋgbawo gɔdɔ̃gɔdɔ̃e kabakaba eye woɖona ɖe fli me lɔnɛ yia woƒe atɔwo mee, eye wotsɔnɛ tsyɔa ta abe xexi aɖe tɔgbe ene. Esia ɖe woƒe ŋkɔ evelia si nye xexinyidi la me. Wosẽa nuwo kabakaba ale gbegbe be le Anyiehe kple Titina Amerika la, gaƒoƒo ʋee aɖewo ko wotsɔ sẽa gbewo kple atiwo ƒe aŋgbawoe keŋkeŋ. Eyata mewɔ nuku o be womebɔ ɖe afima tututu o! Dɔwɔla bubuwo klɔa aŋgbawo ŋu nyuie le atɔa me hafi ɖua wo. Emegbe wotsɔa lãmetsi vovovowo kple amino acid si anyidiawo ɖena la tsakaa atsya si woɖe le eme. Ɣemaɣi hafi atsya sɔ gbe be wòanye nuɖuɖu na adrua, esia na anyidiawo katã kpɔa nu ɖuna ɣesiaɣi.”
Míedzo le anyidiawo gbɔ eye nunya kple aɖaŋu si dze le nuwɔwɔ vovovo manyaxlẽawo ŋu la wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Zã nɔ dodom eye ele be míatrɔ yi aƒeme. Gake nu geɖe gali míagakpɔ. Míede favieʋutowo (Yesaya 13:21), nyowo (Mose II, 35:23), tɔmenyiwo (“Behemoth,” Hiob 40:15), golowo (Yeremya 50:39), alo lã bubu geɖe siwo le afisia siwo woyɔ le Biblia me la gbɔ haɖe o. Ðesiaɖe dze be míasrɔ̃ nu le eŋu. Míagayi Emmen Lãwo Kpɔƒe godoo!—Ame aɖee ŋlɔe míeta.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 12]
Ostrich: Yotvatah Nature Reserve