Hadzidzi 8
Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu La
Tatatɔ
1. Oo, Yehowa, mía Fofo Fiagã,
Akpe na wò ɖe zã sia ta!
Nisan wuienea dzi nèɖe wò lɔlɔ̃, nunya,
Dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ fia.
Israel viwo ɖu ŋ’titotozã,
Wotrɔ dzo le ablɔɖe me.
Ƒe geɖe megbe Yesu kɔ eƒe ʋu ɖi
Be wò nyagblɔɖi sia nava ’me.
2. Oo, míenye wò alẽ xɔasiwo.
Míeva ƒo ƒu ɖe ŋkuwòme
Be míada ’kpe na wò be nèdɔ Viwò ɖa
Wòva xe fe sia ɖe mía ta.
Míedi vevie be Ŋkuɖodzi sia
Natsi míaƒe susu me ɖaa.
Mɔ si Kristo fia la dzi míazɔ gbe sia gbe
Be agbe mavɔ nasu mía si.
(Kpɔ Luka 22:14-20; 1 Kor. 11:23-26 hã.)