Hadzidzi 42
‘Mikpe Ðe Gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo Ŋu’
Tatatɔ
1. Gbɔdzɔgbɔdzɔwo sɔ gbɔ Le mí katã ŋu.
Gake Yehowa lɔ̃a mí Kpena ɖe mía ŋu,
Kpɔa nublanui na mí,
Ðea lɔlɔ̃ gã fiaa mí.
Míawo hã míalɔ̃ ame,
Akpe ɖe wo ŋu.
2. Paulo be míase veve Ð’ame gbɔdzɔ’o nu.
Mía kpli wo siaa Kristo ƒle,
Be agbe míakpɔ.
Mía Mawu tɔ wozu,
Ana be woasẽ ŋu.
Míase veve ɖe wo nu,
Afa ’kɔ na wo.
3. Mía nɔvi siwo gbɔdzɔ Hiã ŋusẽdodo.
Gabu fɔ wo gbeɖe o.
Nyo dɔme na wo.
Wɔ nu ɖe wo ŋu nyuie,
Nàde dzi ƒo na wo.
Ne míekpe ɖe wo ŋu la,
Afa ’kɔ na wo.
(Kpɔ 2 Kor. 11:29; Yes. 35:3, 4; Gal. 6:2 hã.)