Alesi Nàwɔ Agabi Ðe Edzi le Dzeɖoɖo Me
ENƆNA bɔbɔe na wò be nàɖo dze kple amewoa? Le ame geɖe gome la, eŋu bubu be woaɖo dze, vevietɔ kple amesi womenya o, la kura gɔ̃ hã wɔnɛ be womete ŋu vona le wo ɖokui me o. Ðewohĩ esi amesiawo kpea ŋu tae. Ðewohĩ woanɔ wo ɖokui biam se be: ‘Nuka ŋu gɔ̃ maƒo nu le? Aleke mawɔ adze dzeɖoɖoa gɔme? Aleke mawɔ ayi edzi?’ Amesiwo me xɔlɔ̃wɔwɔ le, siwo ka ɖe wo ɖokui dzi ya xɔa dzeɖoɖo ƒe akpa gãtɔ wɔa wo tɔe. Anye be alesi woakpe ɖe ame ŋu wòade nu dzeɖoɖoa me, kple alesi woasrɔ̃ toléle ɖe nya ŋui sesẽna na wo tae. Eyata mí katã, amesiwo ŋu kpena kple amesiwo dze nya ɖona na siaa, ele be míayi edzi asrɔ̃ alesi woɖoa dzee.
Dze Egɔme tso Aƒeme
Nukata màdze egɔme tso aƒeme asrɔ̃ alesi nàgabi ɖe edzi le dzeɖoɖo me o? Dzeɖoɖo tuameɖo ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ me.
Ðetsɔtsɔ le eme na ame nɔewo vevie nye dzeɖoɖo sia tɔgbe ƒe nu vevi gbãtɔ. (Mose V, 6:6, 7; Lod. 4:1-4) Ne míetsɔ ɖe le eme na amewo la, míedina be míaɖo dze kpli wo, eye ewɔnɛ be míeɖoa to ne amea di be yeaƒo nu. Nu vevi bubu hãe nye be nya aɖe si ŋu viɖe le nanɔ mía si míagblɔ. Dze geɖe li míate ŋu aɖo ne míewɔna ɖe ɖokuisi Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ edziedzi ƒe ɖoɖowɔɖi dzi. Agbalẽvi si nye Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe zazã nyuie ate ŋu afɔ dzeɖoɖo ɖe te. Ðewohĩ nuteƒekpɔkpɔ vivi aɖe su mía si le ŋkekea me le gbeadzi. Ðewohĩ míexlẽ nane si me nufiame le alo nane si ɖi kokoe. Ele be wòanye míaƒe dzidzɔ ɣesiaɣi be míaƒo nu tso nusiawo ŋu le ƒomea ƒe dzeɖoɖo tuameɖowo me. Esia hã awɔe be míate ŋu aɖo dze kple amesiwo menye ƒomea me tɔwo o.
Dzeɖoɖo Kple Amesi Mènya O
Ame geɖe hena ɖe megbe ne eva eme be woaɖo dze kple amesi womenya o. Gake le lɔlɔ̃ na Mawu kple wo havi ta la, Yehowa Ðasefowo kua kutri srɔ̃a dzeɖoɖomɔnuwo ale be woate ŋu agblɔ Biblia me nyateƒenyawo na amewo. Nukae akpe ɖe ŋuwò nàde ŋgɔ le go sia me?
Gɔmeɖose si le Filipitɔwo 2:4 nyo ta hena esia wɔwɔ. Wode dzi ƒo na mí be “amesiame nagakpɔ nusi nye ye ŋutɔ tɔ [ko] dzi o, ke boŋ nekpɔ nusi nye ame bubu tɔ la hã dzi.” Bu eŋu ale: Ne mia kple ame aɖe miedo go kpɔ o la, abu wò ame tutɔe. Aleke nàwɔ amesia naɖe dzi ɖi? Nukomo ɖoɖo dzidzɔtɔe kple gbedoname xɔlɔ̃wɔwɔtɔe awɔ ɖe le eŋu. Gake nu bubuwo hã gali nàwɔ.
Ðewohĩ wò nuwɔna na be eƒe susu dzo sẽ le nusi ŋu bum wòle la dzi. Alɔ̃ dzidzɔtɔe ne èdze agbagba be yeaɖo dze kplii le nusi ŋu bum nèle ŋuti, ne mètsɔ ɖeke le nusi ŋu bum wòle me oa? Nukae Yesu wɔ esime wòdo go nyɔnu aɖe le Samaria-vudo aɖe to? Nyɔnua ƒe susu katã nɔ tsi si wòadu le vudoa me ŋu. Ema dzie Yesu nɔ te ɖo dze dzeɖoɖo gɔme kplii, eye eteƒe medidi hafi wòtrɔe wòzu gbɔgbɔ me dzeɖoɖo dodzidzɔname o.—Yoh. 4:7-26.
Ne èléa ŋku ɖe nu ŋu la, wò hã ate ŋu akpɔ nusi ŋu bum amewo le la adze sii. Ðe amea le dzidzɔ kpɔma alo elé blanui? Ame tsitsie wònye, eye ɖewohĩ wòzu dɔnɔa? Eɖe dzesi be ɖeviwo le aƒea mea? Edze abe kesinɔtɔe wònye enea alo agbea le fu ɖem nɛa? Ðe alesi wòdzra aƒea me ɖo alo sikanu alo atsyɔ̃ɖonu siwo wòtsɔ wɔ leke na eɖokui la fia be subɔsubɔha aɖe me tɔe wònyea? Ne alesi nèdo gbe nɛ la ɖee fia be ède dzesi nusiawo tɔgbe la, amea abui be ètsɔ ɖe le nusiwo ŋu yekpɔ dzidzɔ ɖo la me.
Nukae ava susu me na wò ne eva eme be mèdo go aƒea me nɔla ŋkume kple ŋkume o, ɖewohĩ eƒe gbe koe nèse le ʋɔ si le tutu la godo? Ðewohĩ ele vɔvɔ̃m tae. Àte ŋu anɔ te ɖe ema dzi adze dzeɖoɖo gɔme kplii esi wòle ʋɔtrua godoa?
Le afi aɖewo la, wote ŋu dzea dzeɖoɖo kple amea gɔme ne èƒo nu tso ɖokuiwò ŋu gbã—afisi nètso, nusitae nèva eƒeme ɖo, nusitae nèxɔ Mawu dzi se, nusitae nèdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme, kple alesi Biblia kpe ɖe ŋuwòe. (Dɔw. 26:4-23) Ele be woawɔ esia kple ŋuɖɔɖɔɖo kpakple taɖodzinu tɔxɛ. Esia ate ŋu aʋã amea hã wòaƒo nu le eɖokui ŋu na wò ahagblɔ eƒe nukpɔsusu.
Enye kɔnu le dukɔ aɖewo me be woanyo dɔme na amedzrowo. Ele bɔbɔe be amewo namia asi wò be nàge ɖe eme anɔ anyi. Ne ènɔ anyi vɔ eye nèbia ƒomea ƒe agbe ta se bubutɔe helé to ɖe nusi aƒea me nɔla agblɔ ŋu nyuie la, àkpɔ be eya hã alé to ɖe wò nyaa ŋu tsitotsito. Dukɔ bubu aɖewo me tɔwo doa vivi ɖe amedzrowo ŋu ale gbegbe, eyata woƒe gbelɔlɔ̃ ate ŋu axɔ ɣeyiɣi. Woate ŋu ava kpɔe le gbelɔlɔ̃a me be nusiwo doa dzidzɔ na yewo la ƒe ɖewo doa dzidzɔ na wò hã. Ava zu dzeɖoɖo si me tsɔɖui le tso gbɔgbɔ me nuwo ŋu.
Ke ne gbebubudolawo bɔ ɖe miaƒe nutoa me ɖe? Aleke nàwɔ aɖo amesiawo gbɔ? Ne eganye gbedoname pɛ koe nèsrɔ̃ le gbegbɔgblɔ mawo ƒe ɖewo me hã la, ameawo akpɔe be ètsɔ ɖe le eme na yewo vavã. Esia ate ŋu aʋu dzeɖoɖo ƒe mɔnu bubuwo na wò.
Alesi Nàwɔ Ayi Dzeɖoɖoa Dzi
Be dzeɖoɖoa naɖe zɔ la, ele be nàtsɔ ɖe le nusiwo ŋu bum amea le la me. De dzi ƒo nɛ be wòaƒo nu faa ne elɔ̃. Nyabiabia siwo ŋu nède ŋugble le nyuie biabiae ate ŋu ana wòaƒo nu. Nyuitɔ kekeakee nye nukpɔsusu biabiawo elabena zi geɖe la, nyabiabia siawo tɔgbe ŋu ɖoɖo metɔna ɖe ẽ alo ao ko dzi o. Le kpɔɖeŋu me, ne ègblɔ mia gbɔ kuxi aɖe si ŋu amewo le nu ƒom le la, àte ŋu abia be: “Le gowòme ɖe, nuka gbɔe wòtso?” alo nàbia be “Nukae nèbu be akpɔ kuxia gbɔ?”
Ne èbia nya la, lé to ɖe ŋuɖoɖoa ŋu nyuie. Na ɖe si nètsɔ le amea me vavã la nadze le wò nyagbɔgblɔ aɖe, ta si nàlɔ̃, alo nuwɔna bubu aɖe me. Mègatsi nya ɖe enu o. Bu nusi gblɔm wòle la ŋu kple dzi faa. “Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me.” (Yak. 1:19) Ne eɖo dziwò be nàƒo nu la, nedze ƒã be ènɔ to ɖomi vavã.
Ke hã nyae be menye amesiamee aɖo biabiawo ŋu na wò o. Le ame aɖewo gome la, ŋuɖoɖoa katã koe nye adzugo si woakɔ dzi vie alo nukomo si woaɖo ko evɔ. Ame bubuwo ya la, ẽ alo ao koe nàse ko evɔ. Esiawo megaɖe dzi le ƒowò o. Gbɔ dzi ɖi ko. Mègate dzeɖoɖoa ɖe edzi o. Ne elɔ̃ be yease nyaa ko la, wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ nàgblɔ Ŋɔŋlɔawo me nya siwo atui ɖo nɛ. Mlɔeba ava bu wò abe xɔlɔ̃ ene. Ekema alɔ̃ faa azɔ be yeagblɔ yeƒe susu na wò nàse.
Ne èle nu ƒom na amewo la, tɔtrɔyi nenɔ susu me na wò. Ne ame aɖe bia nyawo fũ la, ɖo ɖewo ŋu, gake gblẽ ʋɛ aɖewo ɖi hena ɣebubuɣi si miagaɖo dze. Gblɔ nɛ be yeayi aɖawɔ numekuku eye yeagblɔ nusiwo ŋu yeke ɖo la nɛ. Ne mebia nya o la, àte ŋu atsɔ nyabiabia aɖe si nèkpɔ be adzɔ dzi nɛ la awu dzeɖoɖoa nui. Gblɔ nɛ be yewoaɖo dze tso eŋu ne yegatrɔ va. Nu vovovo siwo ŋu nàte ŋu aƒo nu le la le agbalẽ si nye Reasoning From the Scriptures, agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si?, kpakple Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe tata yeyewo me.
Dzeɖoɖo Kple Haxɔsetɔwo
Ne mia kple hati Yehowa Ðasefo miedo go zi gbãtɔ la, ètena ɖe eŋu bene miadze si mia nɔewoa? Alo ɖeko nènɔa ekpɔm dũ? Ele be lɔlɔ̃ na mía nɔviwo naʋã mí be míadi be míadze si wo. (Yoh. 13:35) Afɔ kae nàɖe? Àte ŋu ayɔ wò ŋkɔ nɛ ahabia eya hã ƒe ŋkɔ. Zi geɖe la, ne èbiae alesi wòwɔ xɔ nyateƒea la, dzeɖoɖoa vivina ŋutɔ eye akpe ɖe mia ŋu miadze si mia nɔewo. Ne ewɔ abe nusi nègblɔ la mete ŋu zɔ tẽ o ene hã la, agbagba si nèdze la aɖee afiae be ètsɔ ɖe le eme nɛ, eye emae nye vevitɔ.
Nukawoe akpe ɖe mia kple hamea me tɔ aɖe ŋu be miaɖo dze tsɔɖui nanɔ eme? Tsɔ ɖe le eya kple eƒe ƒomea me anukwaretɔe. Fifia koe wowu kpekpea nua? Ƒo nu tso emenya siwo nèkpɔ be woɖe vi na ye la ŋu. Esia aɖe vi na mi ame evea siaa. Àte ŋu agblɔ Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! yeye aɖe me nya si do dzidzɔ na wò la nɛ. Medze be woawɔ esia abe ame ɖokui dodo ɖe dzi alo abe sidzedze ƒe dodokpɔ ene o. Wɔe abe nusi do dzidzɔ na wò vevie la gbɔgblɔ fia ene. Miate ŋu aƒo nu tso dɔdasi si mia dometɔ ɖeka xɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me ŋu eye miadzaka alesi woawɔe. Miate ŋu agblɔ gbeadzi nuteƒekpɔkpɔwo hã.
Míaƒe ɖetsɔleme na amewo wɔnɛ be míeɖoa dze le amewo ŋu enuenu—le woƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo ŋu. Nukokoedoname hã ate ŋu anye míaƒe nuƒo ƒe akpa aɖe. Ðe nusi míagblɔ la atu ame ɖoa? Ne Mawu ƒe Nya la ƒe aɖaŋuɖoɖo le vevie na mí eye lɔlɔ̃ na Mawu ʋã mí la, awɔe be míaƒe nuƒo natu ame ɖo godoo.—Lod. 16:27, 28; Ef. 4:25, 29; 5:3, 4; Yak. 1:26.
Míedzrana ɖo hafi yina gbeadzi. Nukata màdzra nya vivi kpui aɖe ɖo atsɔ aɖo dzee na xɔ̃wòwo o? Ne èxlẽ nane eye nèse nya siwo do dzidzɔ na wò la, lé nusiwo ŋu nàdi be yeaɖo dze le la ɖe susu me. Ʋɛʋɛʋɛ la, nya vivi siawo asɔ gbɔ ɖe asiwò nàtsɔ ade dzeɖoɖo me. Ewɔwɔ alea ana be nàgakpɔ nya geɖe agblɔ akpe ɖe gbesiagbe tɔ nyanyɛawo ŋu. Ƒo wo katã ta la, neva eme be wò nuƒo naɖe alesi gbegbe Mawu ƒe Nya la xɔ asii na wò la afia kɔte!—Ps. 139:17.