-
Nu Ka Tae Biblia Menyunyɔ O?Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2016 | No. 4
-
-
NYATI SI LE AKPAA DZI | BIBLIA LA—NU SI TAE ENU MEYI O
Nu Ka Tae Biblia Menyunyɔ O?
KUXI SIWO ME WÒTO: Aƒlagbalẽwo kple lãgbalẽwo koŋ dzie Biblia-ŋlɔlawo kple nugbugbɔŋlɔlawo ŋlɔ emenyawo ɖo.a (2 Timoteo 4:13) Aleke nu siwo dzi woŋlɔ Biblia ɖo la ate ŋu ana enu nayi bɔbɔe?
Aƒlagbalẽ tea ŋu dzena, eklona hegbɔdzɔna bɔbɔe. Richard Parkinson kple Stephen Quirke, siwo nye blema Egipte ŋuti nunyalagãwo la gblɔ be: “Aƒlagbalẽ va nyunyɔna mlɔeba hetua wɔ eye ka ɖeɖe sɔŋ koe susɔna ɖi. Ne woxatsae hedae ɖe nudzraɖoƒe la, fafa lénɛ wòdzea fufu alo nyunyɔna, eye nudzodzoeviwo alo afiwo ate ŋu aɖui, vevietɔ baba ɖunɛ ne woɖii ɖe to me.” Esi woke ɖe aƒlagbalẽ aɖewo ŋu megbe la, kekeli si nu sẽ alo yame ƒe fafa na wo dome gblẽ kaba.
Lãgbalẽ nɔa anyi didina wu aƒlagbalẽ, gake eya hã nyunyɔna ne womelé be nɛ o alo wodae ɖe afi si xɔ dzo gbãgbãgbã, teƒe si fa miamiamia, alo akaɖi si nu sẽ la nu.b Nudzodzoeviwo hã ɖea kpe na lãgbalẽwo. Esia tae agbalẽ si ƒo nu tso blema Helatɔwo kple Romatɔwo ƒe agbalẽŋɔŋlɔ ŋu la gblɔ tso blemanuŋlɔɖiwo ŋu be, “wonyunyɔna godoo, ke ƒãa hafi ɖewo nɔa anyi eteƒe didina.” (Everyday Writing in the Graeco-Roman East) Ne ɖe Biblia nyunyɔ alea la, anye ne emenyawo hã nu yi kplii.
ALE SI WÒDZƆE BE BIBLIA GAKPƆTƆ LI: Yudatɔwo ƒe se la ƒoe ɖe woƒe fia ɖe sia ɖe nu be “wòagbugbɔ Se sia . . . aŋlɔ ɖe agbalẽ me na eɖokui”; esiawoe nye Biblia ƒe agbalẽ atɔ̃ gbãtɔawo. (5 Mose 17:18) Gakpe ɖe eŋu la, nugbugbɔŋlɔla bibiwo gbugbɔ ŋlɔ ŋɔŋlɔawo ale gbegbe be kaka ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli naɖo la, Ŋɔŋlɔawo nɔ anyi woakpɔ le ƒuƒoƒewo le Israel-nyigba dzi godoo kple keke Makedonia ke hã! (Luka 4:16, 17; Dɔwɔwɔwo 17:11) Ke aleke wòdzɔe be asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ aɖewo gakpɔtɔ li va de asi na egbea?
Anyizewo mee wotsɔ asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo woyɔna be Ƒu Kukua Ƒe Agbalẽxatsaxatsawo la dee hetsɔ wo dzra ɖo ɖe agadowo me le nuto si me ƒu kplakplakpla la me, eye wonɔ afi ma ƒe alafa geɖe
Nubabla Yeyea ŋuti nunyala Philip W. Comfort gblɔ be: “Wonya Yudatɔwo nyuie be wotsɔa Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽxatsaxatsawo dea anyizewo me be woatsɔ akpɔ wo ta.” Edze ƒãa be Kristotɔwo hã yi edzi wɔe nenema ke. Esia wɔe be woke ɖe Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖewo ŋu le anyizewo, nudzraɖoƒe siwo me do viviti kple agadowo me, le nuto siwo me ƒu kplakplakpla la me.
NU SI DO TSO EME: Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ akpe geɖe siwo ƒe akpa aɖewo nyunyɔ, siwo dometɔ aɖewo woŋlɔ ƒe 2,000 kple edzivɔ ye nye esia, la gakpɔtɔ li va de asi na egbea. Blemanuŋlɔɖi aɖeke ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽwo mesɔ gbɔ de Biblia tɔwo nu alo tsi nenema gbegbe o.
a Aƒlagbalẽ nye agbalẽ si dzi woŋlɔa nu ɖo, si wotsɔa keti alo aɖa si miena le tsi me la wɔna.
b Le kpɔɖeŋu me, lãgbalẽ dzie woŋlɔ Amerika Dukɔa Ƒe Ðokuisinɔnɔ Ŋuti Nyameʋuʋu si te wode asii, si le se nu la ɖo. Togbɔ be mexɔ ƒe 250 haɖe o hã la, nuŋɔŋlɔa tutu ale gbegbe be bebli hafi woate ŋu axlẽe.
-
-
Wodi Be Woatsrɔ̃ Biblia Gake Egakpɔtɔ LiGbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2016 | No. 4
-
-
NYATI SI LE AKPAA DZI | BIBLIA LA—NU SI TAE ENU MEYI O
Wodi Be Woatsrɔ̃ Biblia Gake Egakpɔtɔ Li
KUXI SIWO ME WÒTO: Tameɖoɖo si nɔ dziɖulawo kple subɔsubɔhakplɔla geɖewo si la tsi tsitre ɖe Biblia me gbedeasia ŋu. Zi geɖe la, wowɔa woƒe ŋusẽa ŋu dɔ tsɔ xea mɔ na amewo be woagata Biblia, aɖe egɔme, alo wòanɔ wo si o. Bu esia ƒe kpɔɖeŋu eve ŋu kpɔ:
Ƒe 167 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) Lɔƒo: Seleucid Fia Antiochus Epiphanes, si dze agbagba be yeazi Helatɔwo ƒe mawusubɔsubɔ ɖe Yudatɔwo dzi la, de se be woatsrɔ̃ Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe kɔpi ɖe sia ɖe. Ŋutinyaŋlɔla Heinrich Graetz ŋlɔ bena eƒe dziɖuɖumegãwo “dzea Se la ƒe agbalẽxatsaxatsawo hetɔa dzo wo le afi sia afi si woanya kpɔ wo le ko, eye wowua ame sia ame si wokpɔ be edia ŋusẽdodo kple akɔfafa tso eme la hã.”
Tso Ƒe 476 Va Ðo Ƒe 1500: Katolikotɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo do dziku le esi hameviwo nɔ gbeƒã ɖem Biblia ƒe nufiafiawo ɖe Katoliko dzixɔsewo teƒe ta, eye wobua dumevi dzro ɖe sia ɖe si si Biblia-gbalẽ bubuwo le to vovo na Psalmowo ƒe agbalẽ si le Latingbe me la aglãdzelae. Ha la ƒe aɖaŋuɖotakpekpe aɖe ƒlɔ dzo ɖe tameɖoɖo ma te esi wode se na woƒe amewo be “woanɔ ame siwo katã si wosusu be ŋɔŋlɔawo anɔ la ƒe aƒewo kple woƒe xɔtexɔwo me tsam . . . edziedzi, nuteƒewɔwɔtɔe kple veviedodo, ale be woƒe asi nasu ame siwo tsi tsitre ɖe ha la ƒe nufiafiawo ŋu la dzi. . . . Ele be woatsrɔ̃ aƒe sia aƒe si me woakpɔ aglãdzela aɖe le la gbidii.”
Ne ɖe Biblia ƒe futɔwo te ŋu tsrɔ̃e ɖa keŋkeŋ la, anye ne gbedeasi si le eme hã nu yi kplii.
Togbɔ be wode se ɖe William Tyndale ƒe Eŋlisigbe me Biblia gɔmeɖeɖea nu, wotɔa dzo wo, eye wowu eya ŋutɔ le ƒe 1536 me hã la, eƒe Biblia gɔmeɖeɖea gakpɔtɔ li va de asi na egbe
ALE SI WÒDZƆE BE BIBLIA GAKPƆTƆ LI: Fia Antiochus dze agbagba be yeatsrɔ̃ Biblia ɖa keŋkeŋ le Israel-nyigba dzi, ke hã Yudatɔ geɖewo ʋu ɖatso kɔƒe ɖe dukɔ geɖewo me xoxo. Eye agbalẽnyalawo bu akɔnta be kaka ƒe alafa gbãtɔ naɖo la, Yudatɔ siwo wu 60 le alafa me la ʋu le Israel ɖanɔ dukɔ bubuwo me. Yudatɔwo tsɔa Ŋɔŋlɔawo ƒe kɔpiwo dana ɖe woƒe ƒuƒoƒewo—Ŋɔŋlɔ mawo kee dzidzime siwo va ɖe wo yome kple Kristotɔwo siaa va zã emegbe.—Dɔwɔwɔwo 15:21.
Tso ƒe 476 me va ɖo ƒe 1500 me la, Biblia-lɔ̃lawo do dzi le tsitretsiɖeŋu me heyi edzi ɖe Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖe gbe bubuwo me loo alo gbugbɔ ŋlɔ emenyawo ɖe agbalẽ bubuwo dzi. Hafi woava to agbalẽtamɔ̃ vɛ le ƒe alafa 15 lia ƒe domedome gɔ̃ hã la, woɖe Biblia ƒe akpa aɖewo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ 33 sɔŋ me xoxo. Ke esi woto agbalẽtamɔ̃a vɛ megbe la, amewo va nɔ Biblia gɔme ɖem henɔ etam kabakaba wu tsã.
NU SI DO TSO EME: Togbɔ be fia sẽŋuwo kple subɔsubɔhakplɔla siwo ɖo tame vɔ̃ la ƒe ŋɔdzidodowo nɔ anyi hã, Biblia ye nye agbalẽ si woma wòde didiƒe wu kple esi gɔme woɖe ɖe gbe bubuwo me wu ɖe sia ɖe le ŋutinya me. Biblia kpɔ ŋusẽ ɖe dukɔ aɖewo ƒe sewo, woƒe gbegbɔgblɔwo kple ame miliɔn geɖe ƒe agbe dzi.
-
-
Biblia Me Nyawo Gade Pɛpɛpɛ Togbɔ Be Wodze Agbagba Be Woatrɔ Eƒe Gbedeasia HãGbetakpɔxɔ (Tata Si Míemana)—2016 | No. 4
-
-
Masoretwo gbugbɔ ŋlɔ Ŋɔŋlɔawo me nyawo fɔléleɖenuŋutɔe
NYATI SI LE AKPAA DZI | BIBLIA LA—NU SI TAE ENU MEYI O
Biblia Me Nyawo Gade Pɛpɛpɛ Togbɔ Be Wodze Agbagba Be Woatrɔ Eƒe Gbedeasia Hã
KUXI SIWO ME WÒTO: Togbɔ be agbalẽ siwo dzi woŋlɔ Biblia ɖo la ate ŋu anyunyɔ eye tsitretsiɖeŋulawo ate ŋu atsrɔ̃e ɖa hã la, womete ŋu bu mo nɛ o. Ke hã nugbugbɔŋlɔlawo kple gbegɔmeɖela aɖewo dze agbagba be yewoatrɔ Biblia me gbedeasia. Ɣeaɖewoɣi la, wodze agbagba be yewoatrɔ Biblia me nyawo woasɔ ɖe woƒe dzixɔsewo nu tsɔ wu be woatrɔ woƒe dzixɔsewo woasɔ ɖe Biblia ƒe nufiafia nu. Bu esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ:
Tadeaguƒe: Tso ƒe alafa enelia va ɖo ƒe alafa evelia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) la, Samariatɔwo ƒe Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃awo ŋlɔlawo tsɔ nyagbɔgblɔ sia de Biblia me le 2 Mose 20:17 ƒe nuwuwu be, “le Aargaareezem. Eye afi mae nàɖi vɔsamlekpui ɖo.” Aleae Samariatɔwo dze agbagba be yewoatrɔ Ŋɔŋlɔawo me nyawo ne wòadze abe woƒe gbedoxɔ si wotu ɖe “Aargaareezem,” alo Gerizim Toa dzi la sɔ le Ŋɔŋlɔawo nu ene.
Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia: Esi wowu Biblia-ŋɔŋlɔ nu mede ƒe 300 haɖe o la, Mawuɖekaetɔ̃dzixɔsela aɖe tsɔ nya siawo kpe 1 Yohanes 5:7 me nyawo be “le dziƒo: Fofo la, Nya la kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye ame etɔ̃ siawo le ɖeka.” Nya mawo medze le ŋɔŋlɔ gbãtɔawo me o. Biblia ŋuti nunyala Bruce Metzger de dzesii be nya mawo va nɔ “dzedzem le asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo nye Latingbe Xoxotɔ kple Vulgate [Latingbe me tɔ] me geɖe wu tso ƒe alafa adelia me.”
Mawu ƒe ŋkɔ: Gbegɔmeɖela geɖewo tsɔa Yudatɔwo ƒe aʋatsodzixɔse aɖe ɖea wo ɖokui nu be eya tae yewoɖe Mawu ƒe ŋkɔa ɖa le Ŋɔŋlɔawo me. Wotsɔ dzesideŋkɔwo abe “Mawu” alo “Aƒetɔ” ene ɖɔ li Mawu ƒe ŋkɔa, evɔ menye Wɔla la koe Biblia zã dzesideŋkɔ mawo na o, ke ezã wo na amewo, nu siwo amewo zãna le alakpasubɔsubɔ me kple Abosam gɔ̃ hã.—Yohanes 10:34, 35; 1 Korintotɔwo 8:5, 6; 2 Korintotɔwo 4:4.a
ALE SI WÒDZƆE BE BIBLIA GAKPƆTƆ LI: Gbã la, togbɔ be Biblia-gbugbɔgaŋlɔla aɖewo melé fɔ ɖe woƒe dɔa ŋu o alo woɖoe koŋ be yewoaflu ame hã la, wo dometɔ geɖewo ya nye nugbugbɔgaŋlɔla bibiwo eye wowɔ dɔa fɔléleɖenuŋutɔe. Tso ƒe alafa adelia va de asi na ƒe alafa ewolia Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) la, Masoretwo gbugbɔ ŋlɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo eye wo tɔa ye woyɔna be Masoret ŋɔŋlɔawo. Wogblɔ le wo ŋu be woxlẽa nyagbe kple ŋɔŋlɔdzesi ɖe sia ɖe be yewoakpɔ egbɔ be vodada aɖeke mege ɖe ŋɔŋlɔawo me o. Ne woke ɖe nu si dze abe vodada ene ŋu le asinuŋɔŋlɔgbalẽ si dzi kpɔm wole me la, wodea dzesii ɖe woƒe agbalẽa ƒe axadzi. Masoretwo ɖoe koŋ be yewomatrɔ naneke le Biblia me nyawo ŋu o. Le Nufialagã Moshe Goshen-Gottstein ƒe nya nu la, wobui be “eɖoɖo koŋ atrɔ nane le ŋɔŋlɔawo ŋu nye nu baɖa wɔwɔ si vloe wu ɖe sia ɖe.”
Evelia, blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ gbogbo siwo li la boŋue kpena ɖe Biblia ŋuti nunyalawo ŋu wodea dzesi vodadawo. Le kpɔɖeŋu me, subɔsubɔhakplɔlawo fia amewo ƒe alafa geɖewo be yewoƒe Latingbe me Bibliawo mee woakpɔ Biblia me nya siwo de pɛpɛpɛ la le. Ke hã wokpa nya tutɔ si dzi míehe susu yii va yi le nyati sia me la de 1 Yohanes 5:7. Nya totro ma va dze le Eŋlisigbe me Biblia si nye King James Version, si ŋu wodea bubui ŋutɔ la gɔ̃ hã me! Ke nu kae wova de dzesii esi woke ɖe asinuŋɔŋlɔgbalẽ bubuwo ŋu? Aƒetɔ Bruce Metzger gblɔ be: “Nya ma [si le 1 Yohanes 5:7 la] medze le blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔwo dometɔ aɖeke (siwo le Aramgbe, Kɔptgbe, Armeniagbe, Ethiopiagbe, Arabgbe kple Slavgbe me) la me o, negbe Latingbe me tɔwo me koe wòdze le.” Eya ta woɖe nya totro ma ɖa le King James Version la ƒe tata yeyetɔwo kple Biblia bubuwo me.
Asinuŋɔŋlɔgbalẽ si nye aƒlagbalẽ si woyɔna be Chester Beatty P46, si woŋlɔ le ƒe 200 K.Ŋ. lɔƒo
Ðe blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔwo ɖo kpe edzi be Biblia me nyawo metrɔ oa? Esi woke ɖe Ƒukukua Ƒe Agbalẽxatsaxatsawo ŋu le ƒe 1947 me la, Biblia ŋuti nunyalawo te ŋu tsɔ Hebrigbe me Masoret ŋɔŋlɔawo sɔ kple nya siwo le Biblia-gbalẽwo ƒe agbalẽxatsaxatsa siwo li ƒe akpe ɖeka kple edzivɔwo do ŋgɔ me la mlɔeba. Agbalẽnyala siwo to Ƒukukua Ƒe Agbalẽxatsaxatsawo me la dometɔ ɖeka ƒo nya ta be agbalẽ xatsaxatsa ɖeka “ɖo kpe edzi ɖikekemanɔmee be le ƒe akpe ɖeka kple edzivɔ me la, Yudatɔ nugbugbɔgaŋlɔlawo tsɔ ŋuɖɔɖɔɖo kple beléle gã gbugbɔ ŋlɔ Biblia me nyawo wode pɛpɛpɛ.”
Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me agbalẽ ɖe sia ɖe kloe ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo nye aƒlagbalẽwo la le agbalẽdzraɖoƒe si nye Chester Beatty Library, si le Dublin, le Ireland, hekpe ɖe blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo li tso ƒe alafa evelia Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) la ŋu—si fia be esi wowu Biblia-ŋɔŋlɔ nu la, mede ƒe 100 kura gɔ̃ hã hafi woŋlɔ wo o. Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Ele eme be Aƒlagbalẽawo na nu geɖe me va kɔ ku ɖe nuŋlɔɖiawo ŋu ya, gake wogaɖee fia hã be togbɔ be wogbugbɔ ŋlɔ Biblia me nyawo zi gbɔ zi geɖe tso blema ke hã la, wogade pɛpɛpɛ.”—The Anchor Bible Dictionary.
“Míate ŋu agblɔe ɖikekemanɔmee be blemagbalẽ aɖeke meli si me nyawo gakpɔtɔ le dedie nenema gbegbe o”
NU SI DO TSO EME: Ale si Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔwo gakpɔtɔ li kple ale si wosɔ gbɔe la mewɔe be Biblia me nyawo tro o, ke boŋ ɖe wona emenyawo gade nyuie wu. Aƒetɔ Frederic Kenyon gblɔ tso Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ŋu be: “Blemagbalẽ aɖeke megali si ƒe nuvãnyenye dzi blemanuŋlɔɖi gbogbowo ɖo kpe alea o, eye agbalẽnyala si bua nuwo ŋu nyuie aɖeke meli si agblɔ be nuŋlɔɖi si va ka mía si egbea la me nyawo mede o.” Eye agbalẽnyala William Henry Green gblɔ tso Hebri Ŋɔŋlɔawo ŋu be: “Míate ŋu agblɔe ɖikekemanɔmee be blemagbalẽ aɖeke meli si me nyawo gakpɔtɔ le dedie nenema gbegbe o.”
a Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ƒe Megbenyawo A4 kple A5, le Internet dzi, le www.pr2711.com/ee.
-