Ʋã Ame Bubuwo be Woalé Ŋku Ðe Yesu Ŋu Nyuie
1 Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ la nye agbalẽ ɖedzesi aɖe. Eƒe ta ɖekaɖeka 133 la ate ŋu aʋã exlẽlawo be woalé ŋku ɖe Yesu ŋu eye wòaʋã wo be woasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua. Wogblɔe wòsɔ be ne wotsɔ fia siwo katã ɖu dzi kpɔ la ƒo ƒu hã la, womekpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ le anyigba sia dzi la dzi fũ wòde Yesu nu o. Amesiwo léa ŋku ɖe Yesu ŋu la akpɔ viɖe tso esia wɔwɔ me.
2 Yesu fia nu eƒe nusrɔ̃lawo tso Fofoa ŋu eye wòɖe Mawu ƒe nɔnɔme veviawo fia. Ne míede ŋugble le nufiafia ƒe ŋutete tɔxɛ si nɔ Yesu si, eƒe ŋgɔxɔxɔ vɔvɔ̃manɔmee kple eƒe veve sese ɖe ame nu lɔlɔ̃tɔe ŋu la, eʋãa dzi na mí. Ne míeɖo ŋku fu siwo wòkpe esime wònɔ eƒe agbe tsɔm na be yeaxe tafe ɖe mía ta la dzi la, eʋãa mí be míekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu! Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ la ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woatsɔ susu sia akpɔ Yesue.
3 Dzra Ðo Nyuie: Dzra ɖo nyuie be nàdze Biblia me dzeɖoɖo si aʋã amewo be woalé ŋku ɖe Yesu ŋu la gɔme. Ƒomewo kple ame bubuwo ate ŋu awɔe kpɔ ɖekae. Dze agbagba be nanyɔ ɖetsɔleme eye naʋã amewo be woaxlẽ Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa. Ðewohĩ ahiã be woaɖo dze kple amea wu zi ɖeka hafi wòaxɔ agbalẽa. Ne amea metsɔ ɖe le eme fũ le gɔmedzedzea me o la, míate ŋu atsɔ trakt nɛ.
4 Dze siwo míaɖo kple amewo tso aƒe me yi aƒe me le January me la aku ɖe Yesu ŋu eye woade dzi ƒo na wo be woadze sii nyuie wu. Ne míeƒo nu tso nya siwo wogblɔ ɖe Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa me ŋu la, míate ŋu akpe ɖe amewo ŋu be woagabu Yesu be enye ame aɖe si xɔ ŋkɔ le ŋutinya me ko o, ke boŋ woabui be enye Mawu ƒe Vi kple dziɖuɖu si akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo katã gbɔ la ƒe Fia si le dzi ɖum.
5 Abe alesi wote gbe ɖe edzi le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me le ɣleti si va yi mee ene la, míedi be míade dzi ƒo na ame geɖe wu tsã be woaxɔ míaƒe agbalẽwo. Aleke míawɔ anya ne amea tsɔ ɖe le eme ŋutɔŋutɔ? Ne amea ɖo to nyuie, ebia nya, alo lé to ɖo nya si míexlẽ le Biblia me la ŋu la, esia afia be etsɔ ɖe le eme ŋutɔŋutɔ. Ɣeaɖewoɣi la aƒemenɔlaa agblɔ be yekpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe sasrãkpɔawo ŋu alo agblɔ be míaƒe agbalẽwo xexlẽ do dzidzɔ na ye. Ne míeɖe agbalẽa ɖe go eye wòlé ŋku ɖe eme enumake alo bia alesi wòawɔ ne ɖe nasu esi la, efia be etsɔ ɖe le eme ŋutɔŋutɔ. Ne ɖetsɔleme ma medze o la, míate ŋu atsɔ trakt nɛ, abia nya aɖe be míadzro eme ɣebubuɣi, eye míawɔ ɖoɖo be míatrɔ ayi. Ne míetrɔ yi la, ɖewohĩ míate ŋu akpɔ alesi gbegbe wòtsɔ ɖe le emee la nyuie wu.
6 Ame aɖe si nuxexlẽ medzɔa dzi na tsã o la gblɔ be yekpɔ ŋudzedze ɖe Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa ŋu, eye wògblɔ be ena nuxexlẽ le fiẽ me le dzi dzɔm na ye. Mina míakpe ɖe ame bubuwo ŋu woawo hã nasee le wo ɖokui me nenema, esime míele agbagba ɖesiaɖe dzem be míaʋã wo be woalé ŋku ɖe Yesu ŋu nyuie to ɖetsɔleme vavãtɔ tsɔtsɔ axlẽ Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ la me.