Gbeadzi si Womayi Ɣleti Ðesiaɖe O Esime Wole Suku la Dzi Ðuɖu
1 Sukudede le vevie eye wònyo. Enye nu sesẽ na Ðasefo sukuvi geɖewo be woawɔ woƒe sukudɔwo eye le ɣeyiɣi ma ke me la, woawɔ subɔsubɔdɔwo, abe gbeadziyiyi ene. Nukae woate ŋu awɔ be woanɔ gbeƒã ɖem nyanyuia ɣleti ɖesiaɖe?
2 Gbã la, ele vevie be sukuvi ɖesiaɖe naɖo ŋku edzi be ɖeko yeƒe sukudedea nye nusi dzi yeato aɖo nane gbɔ. Yehowa subɔsubɔ anukwaretɔe kple eŋu dzedze kple mɔkpɔkpɔ be yeakpɔ agbe mavɔ la le vevie wu. Le Filipitɔwo 1:10 ŋudɔwɔwɔ be ‘míaka ɖe nusiwo le vevie wu dzi’ me la, subɔla sɔhɛ siwo le suku la ɖea ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si wozãna ɖe nusiwo wotsɔ kpe ɖe nufiafia ƒe ɖoɖoa ŋu, abe kamedefefewo, fefewɔhabɔbɔwo kple bubuawo ene ŋuti la dzi kpɔtɔna nunyatɔe.
3 Ðoɖowɔɖi Hiã: Ðoɖowɔɖi nyui kpena ɖe ame ŋu be wòana dɔ siwo wòawɔ le aƒeme kple dzadzraɖo ɖe sukunyawo ŋu la nada asɔ nyuie kple teokrasidɔwo, le kwasiɖaa me kple le kwasiɖaa ƒe nuwuwu.
4 Anyigbamamã Tɔxɛ Wònye: Ne sukukpo dzie nèle la, nukata màtsɔ miaƒe sukua be enye yeƒe anyigbamamã tɔxɛ o? Ele be Ðasefo siwo nye sukuviwo katã nadze agbagba be yewoƒe agbenɔnɔ nanye kpɔɖeŋu nyui. (Pet. I, 2:12) Zi geɖe la, esia ana mɔnukpɔkpɔ nasu asiwò naɖee afia be Yehowa Ðasefoe yenye eye zi geɖe la esia ana xɔ̃wòwo natsɔ Biblia me nyabiabiawo ava gbɔwòe. Wò ŋutɔ àte ŋu awɔ afɔɖeɖe aɖi vomeɖase ahadzi wò dɔwɔna le gbeadzi ɖe edzi. Míele dzi dem ƒo na mi katã be miato nyati si ƒe tanyae nye “Wò Hã Àte ŋu Akpɔ Dzidzedze le Vomeɖaseɖiɖi Me” si le June 1990 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 3 la me ahakpɔ aɖaŋuɖoɖo siwo ŋudɔ miate ŋu awɔ.
5 Dzilawo, mikpe ɖe mia vi siwo le suku dem la ŋu be woawɔ ɖe ɖoɖowɔɖi nyui si ana woada asɔ le sukudɔwo kple teokrasidɔwo wɔwɔ me la dzi. Miyi gbeadzi kpli wo ahato ema me ade dzi ƒo na wo. Mina woakpɔ alesi wòhiã be woabu gbeadziyiyi ƒe akɔnta kaba le ɣletia ƒe nuwuwu kple vevietɔ wu la, woatsɔ luʋɔ blibo awɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe lae la adze sii.