Ta 87
Tsɔ Nunya Ŋutɔŋutɔ Dzra Ðo ɖe Etsɔ Me Ŋu
FIFI laa koe Yesu wu vi búbu la ŋuti nya gbɔgbɔ na ameha aɖe si me eƒe nusrɔ̃lawo, nudzɔla maɖianukwarewo kple nuvɔ̃wɔla bubu siwo wonya nyuie kpakple agbalẽfialawo kple Farisitɔwo le la nu. Azɔ eƒo nu na eƒe nusrɔ̃lawo eye wòdo lo si ku ɖe kesinɔtɔ aɖe si se nya vɔ̃ le eƒe aƒedzikpɔla alo xɔnuvi ŋuti la ŋu.
Le Yesu ƒe nya nu la, kesinɔtɔa yɔ eƒe xɔnuvia eye wògblɔ nɛ be yele enyã ge. Xɔnuvi la bia eɖokui se be: “Nuka wɔ ge mala? Elabena nye aƒetɔ le xɔnuvinyenye la xɔm le asinye, nyemate ŋu ade agble o, eye nubiabia kpea ŋu nam. Menya nusi mawɔ bena, ne woɖem le xɔnuvinyenye la nu la, ne woaxɔm ɖe woƒe aƒewo me.”
Tame kae xɔnuvia ɖo? Eyɔ amesiwo nyi fe le eƒe aƒetɔ ŋu la vɛ. Ebia bena: “Ho nenie nènyi?”
Ame gbãtɔ ɖo eŋu be: ‘Ami galɔn 580 [lita 2 200].’
Egblɔ nɛ bena, ‘Tsɔ wò fegbalẽ nabɔbɔ nɔ anyi eye naŋlɔ kaba be galɔn 290 [lita 1 100].’
Ebia ame bubu be: ‘Ke wò ɖe, ho nenie nènyi?’
Egblɔ be: “Bli golo alafa.”
“Tsɔ wò fegbalẽ, eye naŋlɔ blaenyi.”
Enye xɔnuvia ƒe gomekpɔkpɔ be wòaɖe fe siwo wonyi le eƒe aƒetɔ ŋu la dzi, elabena eyae kpɔtɔ le eƒe aƒetɔ ƒe ganyawo dzi kpɔm. Eyata to feawo dzi ɖeɖe dzi la, ele xɔlɔ̃ dzem amesiwo ate ŋu ave enu ne woxɔ dɔ le esi la.
Esi eƒe aƒetɔa se nusi dzɔ la, ewɔ dɔ ɖe edzi. Le nyateƒe me la, ekafu “xɔnuvi madzɔmadzɔ la, elabena ewɔ nu le aɖaŋu me.” Le nyateƒe me la, Yesu gblɔ kpe ɖe eŋu be: “Xexe sia me viwo dze aɖaŋu wu kekeliviwo hena woa ŋutɔwo ƒe dzidzimeviwo.”
Azɔ esi Yesu le nusɔsrɔ̃ si le eme la fiam eƒe nusrɔ̃lawo la, ede dzi ƒo na wo be: “Mitsɔ anyigbadzinu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia ɖokui bena, ne wo nu tsi la, woaxɔ mi ɖe agbadɔ mavɔwo me.”
Yesu mele xɔnuvia kafum ɖe eƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ta o, ke boŋ ɖe eƒe nunya ŋutɔŋutɔ si wòtsɔ kpɔ nu do ŋgɔe la tae. Zi geɖe la, “xexe sia me viwo” zãa woƒe ga alo nɔƒe aɖaŋutɔe hena xɔlɔ̃dzedze amesiwo awɔ nu na wo emegbe. Eyata ehiã be Mawu ƒe subɔla siwo nye “kekeliviwo” la hã nawɔ woƒe nunɔamesi siwo nye “anyigbadzinu madzɔmadzɔwo” ŋudɔ nunyatɔe be wòaɖe vi na wo.
Gake abe alesi Yesu gblɔe ene la, ele be woato kesinɔnu siawo dzi adze xɔlɔ̃ amesiwo axɔ wo ɖe “agbadɔ mavɔwo me” la. Le ha sue la gome la, teƒe siawo le dziƒo; le alẽ bubuawo gome la, wole Paradisonyigba la dzi. Esi wònye Yehowa Mawu kple Via koe ate ŋu axɔ amewo ɖe teƒe siawo ta la, ele be míaku kutri le ‘kesinɔnu madzɔmadzɔ’ siwo le mía si la zazã hena asi kpekpe ɖe Fiaɖuƒea ƒe nuwo ŋu me eye míato ema dzi adze xɔlɔ̃ wo. Ekema ne ŋutilãmekesinɔnuwo do kpo nu alo wotsrɔ̃, abe alesi wòadzɔ ɖe wo dzi godoo ene la, kakaɖedzi anɔ míaƒe anyinɔnɔ yi ɖe mavɔmavɔ me la ŋu.
Yesu yi edzi gblɔ be amesiwo wɔ nuteƒe le ŋutilãmenu siawo alo nu suetɔ siawo gɔ̃ hã me la, awɔ nuteƒe le nusiwo le vevie wu me. Eyi edzi be: “Eyaŋuti, ne miezu nuteƒewɔlawo le anyigbadzinu madzɔmadzɔwo me o la, ameka atsɔ nyateƒenu [esi nye gbɔgbɔmenuwo alo Fiaɖuƒea ƒe nuwo] ade mia si mahã? Eye ne mienye nuteƒewɔlawo le ame tutɔ ƒe nuwo [esi nye Fiaɖuƒea ƒe nu siwo Mawu tsɔ de asi na esubɔlawo] me o la, ameka atsɔ mia ŋutɔwo tɔ [agbenɔnɔ le agbadɔ mavɔwo me ƒe fetu la] ana mi mahã?”
Enye nyateƒe be míate ŋu anye Mawu ƒe subɔla vavãtɔwo eye le ɣeyiɣi ma ke me míaganye kesinɔnu madzɔmadzɔwo alo ŋutilãmekesinɔnuwo ƒe kluviwo o, abe alesi Yesu ƒo nya tae ene be: “Dɔla aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigbadzinuwo o.” Luka 15:1, 2; 16:1-13; Yohanes 10:16.
▪ Aleke xɔnuvi si le Yesu ƒe lododoa me la dze xɔlɔ̃ amesiwo ate ŋu akpe ɖe eŋu emegbe lae?
▪ Nukae nye “anyigbadzinu madzɔmadzɔwo,” eye aleke míate ŋu adze xɔlɔ̃ to wo dzie?
▪ Amekawoe ate ŋu axɔ mí ɖe “agbadɔ mavɔwo me,” eye teƒe kawoe nye esiawo?