Ta 94
Alesi Gbegbe Gbedodoɖa kple Ðokuibɔbɔ Hiãe
DO ŊGƆ, esime Yesu nɔ Yudea la, ewɔ kpɔɖeŋu aɖe ku ɖe alesi gbegbe wòle vevie be woayi edzi anɔ gbe dom ɖa la ŋu. Fifia le eƒe mɔzɔzɔ mamlea yi Yerusalem me la, egate gbe ɖe alesi wòhiãe be womadzudzɔ gbedodoɖa o la dzi. Anye Samaria alo Galilea ye Yesu gakpɔtɔ nɔ esime wògblɔ kpɔɖeŋu bubu sia na eƒe nusrɔ̃lawo be:
“Ʋɔnudrɔ̃la aɖe nɔ du aɖe me, amesi mevɔ̃a Mawu o, eye mesia ame hã o. Ke ahosi aɖe nɔ du ma me, eye wòvaa egbɔ enuenu gblɔna bena: Ðem le nye ketɔ si me. Eye melɔ̃ o eteƒe didi; ke esiawo megbe la, egblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Esi nyemevɔ̃a Mawu o, eye nyemesia ame hã o la, gake le esi ahosi sia le fu ɖem nam ŋuti la, maɖee, bena mlɔeba la wòagava ade fe ŋku me nam o.”
Yesu yi edzi gblɔ nufiame si le ŋutinya la me be: “Mise nusi ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔ la gblɔ. Ke ɖe Mawu maɖe eƒe ame tiatia, siwo le ɣli dom nɛ ŋkeke kple zã, eye magbɔ dzi ɖi na wo o mahã?”
Yesu ƒe nyawo mele fiafiam be Yehowa Mawu le abe ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔ ma ene le mɔ aɖe nu o. Ke boŋ ne ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔ kura gɔ̃ hã atso ɖe kukuɖeɖe madzudzɔmadzudzɔe ŋu la, ekema ɖikeke aɖeke mele eme o be Mawu, amesi le dzɔdzɔe hewɔa nu nyui le go sia go me aɖo eƒe amewo ƒe gbedodoɖa ŋu ne womedzudzɔ o. Eyata Yesu yi edzi be: “Mele egblɔm na mi bena: [Mawu] aɖe wo kaba.”
Zi geɖe la, wogbea ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ na ame tsɛwo kple hiãtɔwo, le esime wovea ŋusẽtɔwo kple kesinɔtɔwo nu. Gake le Mawu ya gome la, menye ɖeko wòakpɔ egbɔ be woahe to si dze na ame vɔ̃ɖiwo ko o, ke boŋ akpɔ egbɔ hã be wowɔ nu dzɔdzɔe ɖe ye subɔlawo ŋu to agbe mavɔ nana wo dzi. Gake ame nenie ka ɖe edzi bliboe be Mawu ana woawɔ nu dzɔdzɔe na yewo kaba?
Le nuƒoƒo tso xɔse vevietɔ esi ku ɖe gbedodoɖa ƒe ŋusẽ ŋu la ŋuti me la, Yesu bia be: “Gake ne Amegbetɔvi la va la, ɖe wòakpɔ xɔse la le anyigba la dzi mahã?” Togbɔ be wogblẽ nya la ɖi eŋumaɖomaɖoe hã la, nusi wòfiae nye be xɔse ma mabɔ ne Kristo va le Fiaɖuƒeŋusẽ me o.
Amesiwo kana ɖe wo ɖokui dzi be xɔse le yewo si la le amesiwo nɔ to ɖom Yesu la dome. Wokana ɖe wo ɖokui dzi be yewonye ame dzɔdzɔewo, eye wobua ame bubuwo ame ɖigbɔwoe. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo hã ate ŋu anɔ ame mawo dome. Eyata ewɔ kpɔɖeŋu sia na ame mawo be:
“Ame eve yi mawuxɔ me, be yewoado gbe ɖa; ɖeka nye farisitɔ, eye evelia nye nudzɔla. Farisitɔ la le tsitrenu, eye wòdo gbe ɖa ɖe ta me be: Mawu, meda akpe na wò bena, nyemele abe ame bubuawo, adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, alo abe nudzɔla sia hã ene o. Metsia nu dɔna zi eve le kwasiɖa ɖeka me, eye metsɔa nusiwo katã su asinye la, ƒe ewolia nana.”
Wonya alesi Farisitɔwo lɔ̃a woƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖeɖefia le dutoƒo be woadze amewo ŋu la nyuie. Ŋkeke siwo dzi koŋ wotsia nu si woawo ŋutɔ ɖo na wo ɖokui dɔnae nye Dzoɖagbewo kple Fiɖagbewo, eye wodzɔa gbe suetɔ kekeake si le gbedzi la ƒe ewolia pɛpɛpɛ. Ɣleti ʋee aɖewo do ŋgɔ la, woƒe fewuɖuɖu le ame tsɛwo ŋu dze kɔte le Avɔgbadɔmeŋkekenyuiea ɖuƒe esime wogblɔ be: ‘Ameha sia si menya Se la [si nye alesi Farisitɔwo ɖe emee] o la, nye amesiwo woƒo fi dee.’
Le Yesu ƒe kpɔɖeŋua dzi yiyi me la, eƒo nu tso ‘fiƒodeme’ mawo dometɔ ɖeka ŋu be: “Ke nudzɔla la tsi tre le adzɔge ke, eye melɔ̃ be, yeawu [yeƒe] mo hã dzi akpɔ dziƒo o; ke boŋ eƒo akɔta gblɔ bena: Mawu, kpɔ nublanui na nye, nuvɔ̃wɔla!” Esi nudzɔla la tsɔ ɖokuibɔbɔ lɔ̃ ɖe eƒe vodadawo dzi ta la, Yesu gblɔ be: “Mele egblɔm na mi bena: Amesia wotso afia nɛ, eye wòtre aƒemeyiyi na ame keme; elabena amesiame, si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi; ke amesi bɔbɔa eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.”
Eyata Yesu gate gbe ɖe alesi ɖokuibɔbɔ hiãe la dzi. Esi wonyi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo le amewo ƒe habɔbɔ si me Farisitɔ siwo bua wo ɖokui ame dzɔdzɔewoe kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe amewo dzi eye wotea gbe ɖe nɔƒe kɔkɔ nɔnɔ kple ŋkɔxɔxɔ dzi ɣesiaɣi le me ta la, mewɔ nuku o be esia kpɔ ŋusẽ ɖe woawo kura gɔ̃ hã dzi. Gake ɖokuibɔbɔ ŋuti nufiame nyui kawo gbegbee nye si Yesu fia! Luka 18:1-14; Yohanes 7:49.
▪ Nukatae ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔ la wɔ ɖe ahosi la ƒe biabia la dzi nɛ, eye nufiame kae Yesu ƒe kpɔɖeŋu sia fia?
▪ Xɔse kae Yesu adi ne eva?
▪ Amekawoe Yesu wɔ eƒe kpɔɖeŋu si ku Farisitɔ la kple nudzɔla la ŋu na?
▪ Farisitɔwo ƒe nɔnɔme kae wòle be míatsri?