Asixɔxɔ si Le Biblia Ŋu le Egbexexea Me
1 Ame geɖe bua Biblia egbea be enye tsigãdzinu kple nusi mesɔ ɖe fifi ɣeyiɣia nu o. Togbɔ be enye agbalẽ si womã wu ɖesiaɖe eye wònye agbalẽ si gɔme woɖe ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me wu ɖesiaɖe le ŋutinya katã me hã la, ame ʋee aɖewo koe xlẽnɛ eye amesiwo gale ʋee wu koe wɔna ɖe ƒe mɔfiafiawo dzi.
2 Gake míawo ya míedea asixɔxɔ Biblia ŋu be enye Mawu ƒe Nya. Nyateƒeawo ɖee fia be eto nyateƒe le ŋutinyamenudzɔdzɔwo me. Hekpe ɖe eŋu la, ɖekawɔwɔ wɔnuku si le eme, eƒe nyagblɔɖiwo, eƒe nunya, kple ŋusẽ nyui si wòkpɔna ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ dzi la katã ɖee fia be Biblia tso “Mawu ƒe gbɔgbɔ me.” (Tim. II, 3:16) Ele be mía ŋutɔwo míaƒe nuteƒekpɔkpɔ kple míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nunana wɔnuku sia ŋuti naʋã mí be míade dzi ƒo na amewo be woaku asixɔxɔ vavã si le eŋu la me.
3 Ewɔwɔ ƒe Mɔnu ɖeka ate ŋu anye:
◼ “Le kuxi sesẽ siwo le fu ɖem na ameƒomea ta la, Mawu dzi xɔxɔ ase sesẽna na ame geɖe, alo wokea ɖi le ŋutete si le Mawu ŋu be wòakpɔ kuxi siwo le fu ɖem na mí gbɔ la ŋuti. Nukae nye wò susu? [Na wòaɖo eŋu.] Kpɔ trakt sia si ƒe tanyae nye Nusita Nate Ŋu Aka ɖe Biblia Dzi la ɖa.” He eƒe susu yi nɔnɔmetata si le eƒe akpa dzi, eye nàxlẽ memamã gbãtɔ kple evelia le axa 2. Ne aƒemenɔlaa ɖe ɖetsɔleme fia la, àte ŋu axlẽ ŋɔŋlɔ siwo woyɔ ɖe memamã evelia me eye miadzro eme. Wɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava be yewoayi trakt la me dzodzro dzi, ɖewohĩ nàzã tanya sueawo dometɔ ɖeka atsɔ abia nyae be nànyɔ eƒe ɖetsɔlemee.
4 Mɔ bubu si dzi míate ŋu ato anye esia tɔgbe:
◼ “Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be ameƒomea hiã mɔfiafia le agbemekuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me oa? [Na wòaɖo eŋu.] Zi geɖe le blema la, amewo dia mɔfiafia le Biblia me, gake ɣeyiɣiawo trɔ fifia. Èka ɖe edzi be asixɔxɔ vavã le Biblia ŋu egbea? [Na wòaɖo eŋu.] Kpɔ nusi wogblɔ le Timoteo II, 3:16 ɖa. [Xlẽe.] Menye ɖeko Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi kpena ɖe mía ŋu míewɔa nyametsotso siwo me nunya le ko o, ke enaa etsɔ me mɔkpɔkpɔ si dzi woaka ɖo hã mí.” Mixlẽ Yohanes 17:3. Ne aƒemenɔlaa ɖe ɖetsɔleme fia la, tsɔ nyati ɖeka eve aɖewo siwo nètia do ŋgɔ le tsɔ agbalẽ si nam nele la me fiae be nàtsɔ afia asixɔxɔ vavã si le Biblia ŋu lae.
5 Àkpɔe be eɖea vi be yeazã ŋgɔdonya siwo le Comment raisonner-gbalẽa ƒe axa 10 le tanya sue “Biblia/Mawu” te la dometɔ aɖewo. Wota numeɖeɖe bubuwo ɖe eƒe axa 58-68 siwo akpe ɖe ŋuwò ne èle aƒemenɔlaa ƒe nyabiabiawo alo woƒe tsitretsiɖeŋunyawo ŋu ɖom.
6 Traduction du monde nouveau la Nana: Kakaɖedzi nenɔ mewò ne èle Traduction du monde nouveau Biblia nam. Àte ŋu abia aƒemenɔlaa be Biblia le esi eye exexlẽ nɔa bɔbɔe nɛ hã. Le alesi wòɖo eŋui nu la, he eƒe susu yi Traduction du monde nouveau ƒe akpa siwo kpena ɖe ame ŋu dometɔ aɖewo dzi. Àte ŋu ate gbe ɖe nya vevi siwo le Comment raisonner-gbalẽa ƒe axa 408-411 ɖeka alo eve dzi.
7 Nɔ ŋudzɔ ɖe mɔnukpɔkpɔwo ŋu be nàde dzi ƒo na amewo be woaxlẽ Biblia. Kpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu be woade bubu Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi la ŋu ahakpɔ dzidzɔ ɖe exexlẽ ŋu. Ne wowɔa eƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ le woƒe agbenɔnɔ me eye nyateƒea ŋuti sidzedze su wo si la, woakpɔ viɖe geɖe fifia kple le ɣeyiɣi siwo gbɔna me.—Ps. 119:105.