INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/93 axa 8
  • Agbalẽ si Fiaa Mɔ Nyuitɔ Ame

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbalẽ si Fiaa Mɔ Nyuitɔ Ame
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Asixɔxɔ si Le Biblia Ŋu le Egbexexea Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Biblia—Mawu ƒe Mɔfianu na Amewo Katã
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Kpekpe Ðe Amewo Ŋu be Woadze Si Kesinɔnu Nyuiwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Mawu Ƒe Nya Naa Mɔfiafia
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 11/93 axa 8

Agbalẽ si Fiaa Mɔ Nyuitɔ Ame

1 Xexeame trɔ nukutɔe le ƒe alafa si va me. Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi le kadodomɔnuwo, atikewɔwɔ, kple mɔzɔnyawo me hã la, ƒomegbenɔnɔ gblẽ ɖe edzi wu. Ame miliɔn geɖewo ɖe mɔ be amegbetɔ ƒe nunya si trɔna ɣesiaɣi la nakplɔ yewo.

2 Yehowa ƒe amewo kpɔ viɖe geɖe tso wɔwɔ ɖe eƒe Nya dzi me le xexe sia si le tɔtrɔm kabakaba me. Ƒe akpe geɖewoe nye sia si Biblia me nyawo metrɔ kpɔ o, eye eƒe aɖaŋuɖoɖoe ganye nyuitɔ kokoko le akɔkpekpe kple kuxi siwo míedoa go egbea me. Aleke míawɔ akpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu be woakpɔe adze sii be Biblia me koe mɔfiafia nyuiwo le na míaƒe egbeŋkekea?

3 Ne èna “Nusita Nate Ŋu Aka Ðe Biblia Dzi” ƒe trakt le yiyi zi gbãtɔ me la, àte ŋu atrɔ ayi agblɔ be:

◼ “Esi wònye Biblia la gblɔ eme kɔ kɔte be yenye gbedasi si tso Mawu ŋutɔ gbɔ eye be Mawu ana agbe mavɔ mí ne míexɔ nusi Biblia gblɔ dzi se henɔ agbe ɖe enu ta la, ɖe nèsusu be viɖe anɔ eŋu be míaku nya siawo me akpɔa? [Na wòaɖo eŋu.] De dzesi nusi Biblia gblɔ ɖi le fifi xexemenuɖoanyia ŋu. [Xlẽ Timoteo II, 3:1-5 tẽ tso trakt la ƒe axa 5 lia dzi.] Ðe nèsusu be numeɖeɖe sia sɔ na xexeame egbea? [Na wòaɖo eŋu.] Ðe susu nyui li si ta míakpɔ mɔ na nɔnɔme nyuiwo le etsɔ mea? Àte ŋu awɔ ɖoɖo ɖe sasrãkpɔ bubu ŋu to trakt la ƒe memamã eve mamlewo me dzodzro atsɔ aɖe mɔkpɔkpɔ wɔnuku si le Biblia me na ameƒomea la me.

4 Ne aƒemenɔla kpɔ dzidzɔ ɖe Biblia ƒe asixɔxɔ ŋu la, àte ŋu agblɔ be:

◼ “Míekpɔa dzidzɔ ɖe nusiwo nyo na mí egbea ŋu, alo míekpɔa dzidzɔ ɖe wo ŋu oa? Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be anyo ŋutɔ be woatsi aʋawɔwɔ nu oa? [Na wòaɖo eŋu.] Ne amewo srɔ̃ alesi woanɔ anyi kple dukɔ bubu me tɔwo le ŋutifafa me la, anye gɔmedzedze nyui aɖe, alo menye nenemae oa? [Na wòaɖo eŋu.] Nya sia tututue Biblia gblɔ ɖi. [Xlẽ Yesaya 2:2, 3.] Ðe nède ŋugble le alesi esia ava emee kple ɣeyiɣi si me wòava eme ŋu kpɔa?” Ðe eme na aƒemenɔlaa be yeadi be yeagatrɔ va ne yewoadzro nyabiabia sia me ayi ŋgɔe le ɣeyiɣi si asɔ nɛ me.

5 Ne “Traduction du monde nouveau” ye nèna la, àte ŋu atrɔ ayi agblɔ be:

◼ “Edze ƒã be amesi lɔ̃a Mawu ƒe Nyae nènye. Eyata meka ɖe edzi be adzɔ dzi na wò be nànya vovototo gã siwo le Traduction du monde nouveau kple Biblia-gɔmeɖeɖe bubuwo dome la dometɔ ɖeka. Ame vevitɔ kekeake si ŋu woƒo nu tsoe le Ŋɔŋlɔawo me ƒe ŋkɔ ŋue vovototo sia ku ɖo. Ènya amesi amesia nyea?” Na aƒemenɔla naɖo eŋu, eye nàxlẽ Psalmo 83:18 le Traduction du monde nouveau me. Àte ŋu akpɔ nyatakaka bubuwo le Comment raisonner-gbalẽa ƒe tanya si nye “Yehowa” si dze egɔme le axa 195 la te.

6 Biblia ɖeɖekoe naa mɔfiafia si amegbetɔ hiã la. (Yer. 10:23) Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃ koe nye mɔ si dzi míate ŋu ato asrɔ̃ nu tso Eƒe tameɖoɖowo ŋu be míaƒe nu nadze Eŋu. Eyata mina míatsɔ veviedodo akpe amewo be woava kpɔ viɖe tso eƒe aɖaŋuɖoɖo kple nuxlɔ̃ame nyuiwo me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe