Ðo Ɣeyiɣi Ði na Magazinedɔ Wɔwɔ
1 Yehowa ɖo tame kplikpaa be ‘ŋutifafa, etsɔ me nyui, kple mɔkpɔkpɔ’ asu amesiwo zɔna le eƒe mɔwo dzi la si. (Yer. 29:11) Woƒo nu tso mɔkpɔkpɔ sia ŋu wòsɔ ɖe ɣeyiɣia nu le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me. Magazine siawo ate ŋu aɖe vi na ame ƒomevi ɖesiaɖe le nɔnɔme ɖesiaɖe me. (Tim. I, 2:4) Ðe mia kple wò ƒomea mieɖoa ɣeyiɣi ɖi na magazine nana amewo edziedzia?
2 Ne wò magazinenana dzi ɖe kpɔtɔ la, aleke nàwɔ aganae abe tsã ene? Nu vevi siwo akpe ɖe mía ŋu dometɔ ɖekae nye be nàyi edzi akpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe magazinewo me nyawo ŋu. Ŋutsu aɖe ŋlɔe bena: “Miaƒe magazinewo xexlẽ doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Menye ‘akɔfanu’ tsɛwo ko wonye o, ke boŋ alesi woawɔ akpɔ dzidzɔ le agbe me ŋuti aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiafiawoe le eme.” Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! wonye numekugbalẽ siwo me “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” wɔ numekuku tsitotsito ɖo eye wonye nunana siwo tso wo gbɔ. (Mat. 24:45) Dɔwɔnu nyui siwo woatsɔ aɖo amewo ƒe dzi gbɔe wonye.
3 Ele be nànya nyati siwo le magazine siwo nam nèle me nyuie. Di nya vevi siwo ƒo nu tso kuxi siwo do mo ɖa nyitsɔ laa le miaƒe nutoa me ŋu. Enyo be míadzra ɖo atsɔ magazineawo afia ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple sɔhɛ siwo míedoa goe le aƒewo me kple ablɔwo dzi ahafia alesi wòsɔ na woe la wo.
4 Nɔ Ŋudzɔ Ðe Magazineawo Nana Ŋu: Ele be magazine tsɔtsɔ ɖi ɖase nanye wò gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe akpa vevi aɖe. Ɣeyiɣi kawo mee wòasɔ wu be nàna magazinewo? Ète aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ gaƒoƒo ɖeka alo esi wu nenema le ŋdɔ me alo fiẽ me do ŋgɔ na wò Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ kpɔa? Fiẽsiɖaseɖiɖi ɖe vi geɖe le nuto aɖewo me. Memleɖa nye ŋkeke nyui aɖe si dzi woate ŋu ana magazinewo le le mɔ vovowo nu, gake woate ŋu awɔ dɔ sia le ŋkeke bubuwo abe asigbewo ene hã dzi. Ele be woawɔ aƒeme yi aƒeme kple tso fiase me yi fiase me dɔa le Magazineŋkeke dzi ɣesiaɣi.
5 Ele be amesiame naɖo magazinewo ƒe tata ɖesiaɖe si wòana ƒe agbɔsɔsɔ si woaxɔ ɣesiaɣi si me mía degbe me tɔwo hã le la ɖi. Àte ŋu azã magazine xoxowo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me faa gake lé be na wo. Woate ŋu agblẽ tata xoxowo ɖe afisi amewo mele aƒeme o alo dɔnɔkɔdziwo ne woɖe mɔ. Àte ŋu abu magazine siawo katã kpe ɖe esiwo nèna ŋu ahabu eƒe akɔnta ɣleti sia ɣleti le wò Gbeadzisubɔsubɔ ƒe Akɔntabugbalẽvia dzi.
6 Nè ewɔ aɖaŋu siwo míeɖo va yi dzi la, ɖikeke mele eme o be akpɔe be magazine agbɔsɔsɔ si nète ŋu nana la adzi ɖe edzi. Dzinyuitɔ siwo dzi nu le tetem ɖo le agbe me le fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖia me la kpɔa ŋudzedze ɖe akɔfanamenyawo abe esiwo dzena le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ene me ŋu. Magazine siawo naa gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo amesiwo le didim be yewoƒe nu nadze Yehowa ŋu hiã la vavã. Eyata nɔ ŋudzɔ ɖe magazinewo nana ŋu, eye nàdi mɔ siwo dzi nàto adzi agbalẽ xɔasi siawo nana le wò anyigbamamãa me ɖe edzi.