INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • uw ta 7 axa 55-61
  • Nusi Míesrɔ̃ tso Mɔ si Mawu ɖe Vɔ̃ɖinyenye Li la Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusi Míesrɔ̃ tso Mɔ si Mawu ɖe Vɔ̃ɖinyenye Li la Me
  • Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Le Eƒe Ŋkɔ Gã La Ta
  • ‘Oo, Mawu Ƒe Nunya Me Goglo Loo!’
  • Míaƒe Ðokuitsɔtsɔna Ðeɖe Afia Ƒe Mɔnukpɔkpɔ
  • Nusi Míesrɔ̃ tso Mawu ƒe Mɔɖeɖe Ðe Vɔ̃ɖinyenye Ŋu Me
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Yehowa Nye Dzigbɔgbɔ Blewu Ƒe Mawu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Yehowa Ƒe Tameɖoɖoa Ava Eme!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Woaɖe Ku, Si Nye Futɔ Mamlɛtɔ Ða
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
uw ta 7 axa 55-61

Ta 7

Nusi Míesrɔ̃ tso Mɔ si Mawu ɖe Vɔ̃ɖinyenye Li la Me

1. (a) Ne ɖe Yehowa wu aglãdzelaawo enumake le Eden la, aleke ema alɔ mí ɖe emee? (b) Ðe ema teƒe la lɔlɔ̃ ƒe ɖoɖo kawoe Yehowa wɔ na mí?

EÐANYE kuxi kawo mee míeɖo le agbe me o, menye tamee Mawu sẽ le mía ŋu be wodzi mí o. Ena blibodede amegbetɔ gbãtɔawo eye wòtsɔ Paradiso na wo abe woƒe aƒeme ene. Ne ɖe wòwu wo enumake esime wodze aglã la, amegbetɔƒome si míenya la kple eƒe dɔlélewo, ahedada kpakple nuvlowɔwɔ la manɔ anyi o. Gake nublanuikpɔkpɔtɔe la Yehowa ɖe mɔ Adam kple Xawa dzi viwo hafi ku, togbɔ be amesiawo anyi blibomademade ƒe dome gake. To Kristo dzi la ewɔ ɖoɖo be nusi Adam bu la nasu Adam ƒe dzidzimevi siwo si xɔse le la si—esi nye agbe mavɔ le nɔnɔme siwo ana woate ŋu ase vivi gãtɔ kekeake le agbe me la me.—Mose V, 32:4, 5; Yoh. 10:10.

2. Míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta koe wòwɔ esiawo katã ɖoa?

2 Esia ahe viɖe manyagblɔ vɛ na mía ŋutɔwo. Gake míesrɔ̃e tso Biblia ƒe nuŋlɔɖia me be elɔ nane si de ŋgɔ wu mía ŋutɔwo míaƒe ɖeɖe la ɖe eme.

Le Eƒe Ŋkɔ Gã La Ta

3. Nuka ŋue nya va ku ɖo le Yehowa ƒe tameɖoɖo na anyigba kple ameƒomea la ƒe emevava gome?

3 Yehowa ƒe tameɖoɖo si ku ɖe anyigba kple ameƒomea ŋu la ƒe emevava lɔ Yehowa ƒe ŋkɔ, si nye bubu si le eŋu abe Xexeame Katã ƒe Fiagã kple nyateƒe ƒe Mawu la ene la ɖe eme. Le nɔƒe si le Yehowa si ta la, ne xexeame katã ƒe ŋutifafa kple nyonyo anɔ anyi la, ele be woade bubu blibo si dze la eƒe ŋkɔ ŋu eye amesiame naɖo to eyama.

4. Nuka tututue tameɖoɖo ma lɔ ɖe eme?

4 Esi wòwɔ Adam kple Xawa vɔ la ede dɔ asi na wo be woawɔ. Ena eme kɔ ƒã be menye anyigba katã dzi si woaɖu ahakeke Paradiso ɖe enu la ɖeɖekoe nye yeƒe tameɖoɖo o, ke boŋ be Adam kple Xawa, amesiwo nye atsu kple asi gbãtɔ la ƒe dzidzimeviwo nanɔ edzi. (Mose I, 1:28) Ðe tameɖoɖo sia ado kpo eme vava le woƒe nuvɔ̃ ta eye wòado vlo Mawu ƒe ŋkɔa?

5. (a) Le Mose I, 2:17 ƒe nya nu la, ɣekaɣie amesiame si ɖu sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati la ƒe kutsetse la aku? (b) Aleke Yehowa na ema va emee esime eƒe ŋku ganɔ eƒe tameɖoɖo be amewo nanɔ anyigba dzi la ŋu?

5 Yehowa xlɔ̃ nu Adam be ne esẽ to heɖu sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati la ƒe kutsetse la, “gbesigbe” wòaɖui la aku. (Mose I, 2:17) Abe alesi pɛpɛpɛ Mawu gblɔe ene la, gbesigbe Adam wɔ nuvɔ̃ la Yehowa drɔ̃ ʋɔnu vodalaawo eye wòtso kufia na wo. Womate ŋu asi le tohehe la nu o. Le Mawu gome la Adam kple Xawa ku gbemagbe le ʋɔnudɔdrɔ̃ me. (Tsɔe sɔ kple Luka 20:37, 38.) Gake be eya ŋutɔ ƒe tameɖoɖo si wòɖe gblɔ ku ɖe anyigba dzi si amewo anɔ ŋu la nava eme ta la, Yehowa ɖe mɔ wodzi vi hafi ku ŋutɔŋutɔ. Gake le ƒe 1,000 si Mawu buna ŋkeke ɖekae ta la, esi Adam ƒe agbe nu tso le ƒe 930 xɔxɔ me la esia le ‘ŋkeke’ ɖeka me. (Mose I, 5:3-5; tsɔe sɔ kple Psalmo 90:4; Petro II, 3:8.) Eyata wodo Yehowa ƒe nyateƒetoto ku ɖe ɣeyiɣi si me tohehea ava ŋuti la ɖe dzi, eye eƒe tameɖoɖo be Adam ƒe dzidzimeviwo nanɔ anyigba dzi la hã medo kpo emevava o. Gake efia be woɖe mɔ nuvɔ̃mewo le agbe vaseɖe ɣeyiɣi aɖe.

6, 7. (a) Nukae Mose II, 9:15, 16 ɖe fia ku ɖe nusita Yehowa ɖea mɔ ame vɔ̃ɖiwo nɔa anyi vaseɖe ɣeyiɣi aɖe la ŋu? (b) Le Farao gome la, aleke woɖe Yehowa ƒe ŋusẽ fiae eye Wòna wonya Eƒe ŋkɔ? (d) Eyata nukae ado tso eme le fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖia ƒe nuwuwu?

6 Nusi Yehowa gblɔ na Egipte ƒe dziɖula le Mose ƒe ŋkekeawo me la gaɖe nusita Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye yi edzi vaseɖe ɣeyiɣi aɖe la me. Esi Farao de se be Israel-viwo megadzo le Egipte o la, Yehowa meƒoe ƒu anyi enumake o. Yehowa he fukpekpe ewo va anyigba la dzi heɖe eƒe ŋusẽ fia le mɔ wɔnuku vovovowo nu. Esime Yehowa nɔ nu xlɔ̃m ku ɖe adrelia ŋuti la egblɔ na Farao be yeate ŋu atsrɔ̃ woa kple eƒe dukɔ la ɖa le anyigba dzi bɔbɔe hafi. Yehowa gblɔ be: “Gake megblẽ wò ɖi vaseɖe fifi, bena maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye woakafu nye ŋkɔ le anyigba blibo la katã dzi.”—Mose II, 9:15, 16.

7 Esi Yehowa ɖe Israel la, eƒe ŋkɔ de didiƒe vavã. Egbea le ƒe 3,500 kloe megbe la womeŋlɔ nusi wòwɔ la be o. Menye ɖeko woɖe gbe ƒã Yehowa ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ la o, ke woɖe gbe ƒã nyateƒe si ku ɖe Amesi tɔe ŋkɔ ma nye ŋu la hã. Esia na Yehowa va xɔ ŋkɔ abe Mawu si wɔna ɖe eƒe nubablawo dzi eye wòwɔa nu le eƒe dɔlawo ta la ene. Eɖee fia be le eƒe ŋusẽkatãtɔnyenye ta la naneke mate ŋu axe mɔ na eƒe tameɖoɖo o. Nusi agawɔ dɔ ɖe ame dzi wu enye nuɖoanyi vɔ̃ɖi blibo si wokpɔna kple esi womekpɔna o la ƒe tsɔtsrɔ̃ si le aƒe tum la. Womaŋlɔ ŋusẽkatãtɔnyenye ƒe ɖeɖefia ma kple Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu si wòakɔ la be akpɔ o le xexeame katã ƒe ŋutinya me. Eƒe viɖewo nu mayi o!—Xez. 38:23; Nyaɖ. 19:1, 2.

‘Oo, Mawu Ƒe Nunya Me Goglo Loo!’

8. Nya bubu kawo ŋue Paulo de dzi ƒo na mí be míade ŋugble le?

8 Le apostolo Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe Romatɔwo me la, ebia be: “Alo Mawu tɔ medzɔ oa?” Eɖo eŋu to gbe tete ɖe Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ dzi kple asi fiafia nusi Yehowa gblɔ na Farao la dzi. Azɔ ehe susu yi nyateƒe si wònye be mí amegbetɔwo míele abe anyi le zemela ƒe asi me ene la dzi. Ðe anyi hea nya le alesi wozãe la ŋua? Paulo gblɔ kpe ɖe eŋu be: “Ke ne Mawu, esime wòle didim be, yeaɖe yeƒe dziku ɖe go afia, eye yeana woanya yeƒe ŋusẽ la, tsɔ dzigbɔgbɔ blewu geɖe lé dziku ƒe ze, siwo wodzra ɖo ɖi hena gbegblẽ la, ɖe asi, bena yeana woanya yeƒe ŋutikɔkɔe ƒe agbɔsɔsɔ hã ɖe nublanuikpɔkpɔ ƒe ze, siwo wodzra ɖo ɖi hena ŋutikɔkɔe la ŋu [la], ekema aleke wòle? Nenema ke wòyɔ míawo hã, menye tso Yudatɔwo dome ɖeɖe o, ke tso trɔ̃subɔlawo dome hã.”—Romatɔwo 9:14-24.

9. (a) Amekawoe nye “dziku ƒe ze, siwo wodzra ɖo ɖi hena gbegblẽ”? (b) Nukatae Yehowa ɖe dzigbɔgbɔ blewu gã aɖe fia le tsitretsiɖeŋu nu, eye aleke nusi ado tso eme mlɔeba la ahe nyui vɛ na amesiwo lɔ̃ eyamae?

9 Tso esime Yehowa gblɔ nya si woŋlɔ ɖe Mose I, 3:15 ɖi la, Satana kple eƒe dzidzimeviwo nye “dziku ƒe ze, siwo wodzra ɖo ɖi hena gbegblẽ.” Le ɣeyiɣi ma katã me la Yehowa ɖe dzigbɔgbɔ blewu fia. Ame vɔ̃ɖiwo ɖu fewu le eƒe mɔwo ŋu; woti eƒe dɔlawo yome, eye wowu Via kura gɔ̃ hã. Gake Yehowa ɖe ɖokuidziɖuɖu gã aɖe fia, esi he viɖe mavɔ vɛ na eƒe dɔlawo. Mɔnukpɔkpɔ su nuwɔwɔwo katã si be woakpɔ aglãdzedze ɖe Mawu ŋu ƒe emetsonu siwo nye dzɔgbevɔ̃e la. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Yesu ƒe ku ʋu mɔ be woaɖe ameƒomea me tɔ toɖolawo eye ‘woagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo.’—Yoh. I, 3:8; Heb. 2:14, 15.

10. Nukatae Yehowa yi edzi do dzi kpɔ ame vɔ̃ɖiwo le ƒe 1,900 siwo va yi la me?

10 Le ƒe 1,900 kple vɔ siwo va yi tso Yesu ƒe tsitretsitsia dzi me la, Yehowa gagbɔ dzi ɖi na ‘dziku ƒe zeawo’ hehe woƒe tsɔtsrɔ̃ ɖe megbe. Nukatae? Elabena enɔ nyɔnua ƒe dzidzime la ƒe akpa evelia si nye amesiwo akpe ɖe Yesu Kristo ŋu le eƒe Dziƒofiaɖuƒea me la dzram ɖo. (Gal. 3:29) Amesiawo siwo ƒe agbɔsɔsɔmee nye 144,000 lae nye “nublanuikpɔkpɔ ƒe ze” siwo ŋuti apostolo Paulo ƒo nu le la. Gbã la, womia asi amesiwo nye Yudatɔwo be woava nɔ ha sia me. Emegbe wokpe Samariatɔ aʋatsotsotɔwo ɖe wo ŋu, eye mlɔeba la wokpe Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo ɖe wo ŋu. Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu fũ la na eƒe tameɖoɖo va eme be mezi ame aɖeke dzi be wòasubɔ ye o, gake ena yayra gbogbo amesiwo trɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃ ƒe nunanawo ŋu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe la. Fifia la esusɔ vie dziƒohabɔbɔ ma dzadzraɖo la nawu enu.

11. Ameha bubu kae le viɖe kpɔm tso Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu me fifia?

11 Ke amesiwo anɔ anyigba dzi ya ɖe? Le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi me la woafɔ ame miliɔn akpe geɖe ɖe tsitre be woanye Fiaɖuƒea te viwo le anyigba dzi. Azɔ hã, vevietɔ tso ƒe 1935 M.Ŋ. la Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu na wote ŋu ƒo “ameha gã” si tso dukɔwo katã me la nu ƒu be woakpɔ ɖeɖe.—Nyaɖ. 7:9, 10; Yoh. 10:16.

12. (a) Abe emetsonu ene la, nukae míesrɔ̃ tso Yehowa ŋutɔ ŋu? (b) Aleke newɔa nue ɖe alesi Yehowa kpɔ nya siawo gbɔe la ŋu?

12 Ðe ŋutasesẽ aɖe nɔ esiawo katã mea? Kura o! Ne Mawu he ame vɔ̃ɖi siwo nye ‘dziku ƒe zewo’ la ƒe tsɔtsrɔ̃ ɖe megbe ale be wòate ŋu aɖe nublanuikpɔkpɔ afia ame bubuwo le eƒe tameɖoɖo nu la, ɖe ame aɖe ate ŋu ahe nya wòasɔa? Ðe ema teƒe la, esime míele eƒe tameɖoɖo ƒe emevava kpɔm la míesrɔ̃a nu geɖe ku ɖe Yehowa ŋutɔ ŋu. Eƒe amenyenye ƒe akpa siwo va dze la wɔa nuku na mí—eƒe dzɔdzɔenyenye, eƒe nublanuikpɔkpɔ, eƒe dzigbɔgbɔ blewu, kple eƒe nunya si lɔ nu vovovowo ɖe eme la. Alesi Yehowa kpɔ nya la gbɔ nunyatɔe la anye ɖaseɖiɖi si anɔ anyi tegbee be mɔ si dzi wòtona ɖua dzi lae nye nyuitɔ kekeake. Míewɔ ɖeka kple apostolo Paulo hegblɔ be: “Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kple sidzedze me goglo loo! Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me gobi o ale!”—Rom. 11:33.

Míaƒe Ðokuitsɔtsɔna Ðeɖe Afia Ƒe Mɔnukpɔkpɔ

13. (a) Ne fukpekpe va mía ŋutɔwo dzi la, mɔnukpɔkpɔ kae wònana mí? (b) Nukae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nu nunyatɔe?

13 Nɔnɔme aɖewo li siwo lɔ ame ŋutɔ ƒe fukpekpe ŋutɔŋutɔ ɖe eme le esi Mawu metsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo hehe ameƒomea ɖɔɖɔɖo si wogblɔ ɖi la vɛ haɖe o la ta. Aleke míewɔa nu ɖe emawo ŋue? Ðe míebua wo be wonye mɔnukpɔkpɔ be míakpɔ gome le Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu kɔkɔ me le vlo si wodoe la ta eye míaɖee afia be Abosam nye aʋatsokala? Míate ŋu akpɔ ŋusẽdodo geɖe be míawɔ esia ne míeɖo ŋku aɖaŋuɖoɖo la dzi be: “Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na amesiwo le alɔme ɖem le ŋunye.” (Lod. 27:11) Satana si nye amesi ɖea alɔme le Yehowa ŋu la gblɔ be ne amewo ƒe ŋutilã me nunɔamesiwo vɔ le wo si alo wokpe fu le ŋutilã me la, woabu fɔ Mawu eye woaƒo fi adee gɔ̃ hã. (Hiob 1:9-11; 2:4, 5) Míedoa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi ne míeto míaƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu le fukpekpewo me dzi ɖee fia be ema menye nyateƒe le mía gome o. Kakaɖedzi blibo le mía si be Yehowa lɔ̃ eƒe dɔlawo eye le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi me la ne míewɔ nuteƒe la Yehowa ana teƒeɖoɖo mí dɔmenyotɔe abe alesi wònɔ le Hiob gome ene.—Yak. 5:11; Hiob 42:10-16.

14. Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu esime dodokpɔwo le mía dzi vam la, viɖe bubu kawoe míate ŋu akpɔ?

14 Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu kakaɖedzitɔe esime míele dodokpɔ sesẽwo me tom la, nɔnɔme veviwo ate ŋu asu mía si. Le nusiwo ƒe fu Yesu kpe ta la ‘esrɔ̃ toɖoɖo’ le mɔ si menya tsã o nu. Míawo hã míate ŋu asrɔ̃ nu—atu dzigbɔgbɔ blewu, dzidodo kple ŋudzedzekpɔkpɔ deto ɖe Yehowa ƒe mɔ dzɔdzɔeawo ŋu la ɖo. Ðe míagbɔ dzi ɖi axɔ hehe ma?—Heb. 5:8, 9; 12:11; Yak. 1:2-4.

15. Ne míedo dzi le fukpekpe me dzigbɔɖitɔe la, aleke wòaɖe vi na ame bubuwoe?

15 Ame bubuwo alé ŋku ɖe nusi míawɔ la ŋu. Le nusiwo me míeto le dzɔdzɔenyenye si míelɔ̃ la ta la, ɖewohi̇̃ le ɣeyiɣi aɖe megbe la wo dometɔ aɖewo ava kpɔ amesiwo nye Kristo ‘nɔviwo’ ŋutɔŋutɔ egbea la adze sii, eye to ɖeka wɔwɔ kple ‘nɔviawo’ le tadedeagu me dzi la woate ŋu ava kpɔ agbe mavɔ ƒe yayrawo. (Mat. 25:34-36, 40, 46) Yehowa kple Via di be mɔnukpɔkpɔ ma nasu wo si. Ðe míawo hã míedii nenema? Ðe míelɔ̃ be míado dzi le fukpekpe me be esia nasu wo sia?

16. Aleke fukpekpe ma si ava mía dzi la ŋuti nukpɔsusu si le mía si la ku ɖe ɖekawɔwɔ ƒe nya la ŋue?

16 Aleke wòhenyoe nye si nenye be míebu agbe me nɔnɔme sesẽwo kura gɔ̃ hã be wonye mɔnukpɔkpɔwo be míaɖe míaƒe ɖokuitsɔtsɔna afia Yehowa eye míakpɔ gome le eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me? Ema si míawɔ la ate ŋu anye ɖaseɖiɖi be míele ŋgɔ yim ɖo ta ɖeka si míawɔ kple Mawu kpakple Kristo, esi Yesu do gbe ɖa bia na Kristotɔ vavãwo katã la gbɔ.—Yoh. 17:20, 21.

Numetoto

● Togbɔ be Yehowa ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye li hã la, aleke wòde bubu gã aɖe eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ ŋu wòsɔe?

● Aleke dzi si Mawu gbɔ ɖi na ‘dziku ƒe zewo’ la na eƒe nublanuikpɔkpɔ ɖo mía gbɔ ke?

● Nukae wòle be míadze agbagba akpɔ le nɔnɔme siwo hea fukpekpe vaa mía ŋutɔwo dzi la me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe