Ta 109
Yesu Bu Fɔ Amesiwo Tsi Tre Ðe Eyama Ŋu
YESU na subɔsubɔhakplɔla siwo tsi tre ɖe eyama ŋu la tɔtɔ keŋkeŋ ale be wole vɔvɔ̃m na nya bubu biabia eyama. Eyata exɔ ŋgɔgbe klo nu le woƒe numanyamanya dzi. Ebia be: “Aleke miebuna le Kristo la ŋuti? Ameka vi wònyea?”
Farisitɔwo ɖo eŋu be: “Dawid vie.”
Togbɔ be Yesu megbe be Dawid nye Kristo, alo Mesia, la tɔgbui le ŋutilã nu o hã la, ebia be: “Aleke gɔ̃ wɔ Dawid yɔe le gbɔgbɔ me [le Psalmo 110 me] be Aƒetɔ, esi wògblɔ bena: ‘[Yehowa] gblɔ na nye Aƒetɔ bena: Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò ketɔwo ade wò afɔ te.’ Azɔ ne Dawid yɔe be Aƒetɔ la, aleke wɔ wònye via mahã?”
Farisitɔwo zi kpi, elabena womenya amesi tututue Kristo alo amesiamina la nye o. Mesia la menye amegbetɔ gbɔlo si nye Dawid ƒe dzidzimevi ko, abe alesi wòwɔ abe nenemae Farisitɔwo le ebum ene o, ke boŋ enɔ dziƒo kpɔ eye wòde ŋgɔ wu Dawid, alo nye eƒe Aƒetɔ.
Esi Yesu trɔ ɖe amehawo kple eƒe nusrɔ̃lawo ŋu azɔ la, exlɔ̃ nu ku ɖe agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ŋu. Esi amesiawo fiaa Mawu ƒe Se la eye ‘wobɔbɔ nɔ Mose ƒe zikpui dzi’ ta la, Yesu xlɔ̃ nu be: “Nusianu, si wogblɔ na mi la, miwɔe.” Gake egblɔ kpee be: “Migawɔ nu ɖe woƒe nuwɔnawo nu o, elabena wogblɔnɛ, ke womewɔnɛ o.”
Wonye alakpanuwɔlawo, eye Yesu klo nu le wo ŋu abe alesi wòtsɔ nya sesẽ klo nu wo ŋui le nuɖuƒe le Farisitɔ aɖe ƒe aƒeme ɣleti aɖewo do ŋgɔ ene. Egblɔ be: “Wowɔa woƒe nuwo katã, bena amewo nakpɔ wo.” Eye egblɔ eƒe kpɔɖeŋuwo be:
“Wowɔa woƒe [aɖakavi siwo me ŋɔŋlɔawo nɔna] wokekena.” Wodea Sea ƒe akpa ene, siwo nye Mose II, 13:1-10, 11-16; kple Mose V, 6:4-9; 11:13-21 la aɖaka sue siawo me heblaa wo ɖe ŋgonu alo alɔnu. Gake Farisitɔwo wɔa aɖakavi siawo wololona be amewo nabui be ɖe yewodoa vevie nu ɖe Sea ŋu.
Yesu yi edzi be: “Wowɔa woƒe awutogbowo wololona.” Wode se na Israel-viwo le Mose IV, 15:38-40 me be woawɔ gbo ɖe woƒe awuwo to, gake Farisitɔwo wɔa wo tɔ wòlolona wu amesiame tɔ. Wowɔa nusianu be woakpɔ yewo! Yesu gblɔ be: ‘Wolɔ̃a ame ŋkuta nɔƒe nɔnɔ.’
Ewɔ nublanui be ame ŋkuta nyenye ƒe didi sia ge ɖe eya ŋutɔ ƒe nusrɔ̃lawo hã me. Eyata exlɔ̃ nu be: “Ke miawo la migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye. Eye migayɔ ame aɖeke be mia fofo le anyigba dzi o; elabena ame ɖekae nye mia fofo, eyae le dziƒo. Eye womegayɔ mi be kplɔlawo o; elabena ame ɖekae nye miaƒe kplɔla, eyae nye Kristo.” Ele be nusrɔ̃lawo naɖe didi si nye be yewoanye ame gbãtɔ la ɖa le wo ɖokui me keŋkeŋ! Yesu xlɔ̃ nu be: “Amesi nye gãtɔ le mia dome la, nanye miaƒe subɔla.”
Eyi edzi do baba siwo tsiã ɖe wo nɔewo nu na agbalẽfialawo kple Farisitɔwo eye wòyɔ wo enuenu be alakpatɔwo. Egblɔ be ‘wotua dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu,’ eye “[womia] ahosiwo ƒe aƒewo, eye wodaa alakpa nɔa gbe didiwo dom ɖa.”
Yesu gblɔ be: “Baba na mi mɔfiala [ŋkuagbãtɔwo].” Ebu fɔ alesi gbɔgbɔmenu xɔasiwo mele Farisitɔwo si o, si dze ƒã le alesi wotsɔa woa ŋutɔwo ƒe nukpɔsusu dea vovototo nu mee me la. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔna be: ‘Ne ame aɖe tà gbedoxɔa la, eya menye naneke o, ke amesi tà gbedoxɔa me sikae nyi fe.’ To alesi wobu gbedoxɔa me sika wu gbɔgbɔmesixɔxɔ si le tadeaguƒea ŋu dzi la, woɖe alesi woƒe ŋku gbã le agbenyuinɔnɔ gomee la fia.
Emegbe abe alesi Yesu wɔ do ŋgɔ ene la, ebu fɔ Farisitɔwo ɖe alesi wogblẽ “nusiwo le kpekpem wu le sedede la me: ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ kple xɔse” la ɖi gake woléa ŋku ɖe gbe maɖinuiwo ƒe ewolia nana ŋu tsitotsito la ta.
Yesu yɔ Farisitɔwo be ‘mɔfiala ŋkuagbãtɔ siwo tsyɔa tagbatsu gake womia kposɔ!’ Wotsyɔa tagbatsu le aha me, menye le esi wònye nudzodzoe ta ko o ke boŋ le esi mele kɔkɔe le kɔnu nu o hã ta. Gake alesi wometsɔ ɖeke le nusiwo le kpekpem wu le Sea me la me o la sɔ kple kposɔ, si hã nye lã makɔmakɔ le kɔnu la, mimi. Mateo 22:41–23:24; Marko 12:35-40; Luka 20:41-47; Mose III, 11:4, 21-24.
▪ Nukatae Farisitɔwo zi kpi esi Yesu bia nya wo ku ɖe nusi Dawid gblɔ ɖe Psalmo 110 me la ŋu?
▪ Nukatae Farisitɔwo kekea woƒe aɖakavi siwo me Ŋɔŋlɔawo nɔna kple woƒe awutogbowo ɖe edzi?
▪ Aɖaŋu kae Yesu ɖo na eƒe nusrɔ̃lawo?
▪ Farisitɔwo ŋutɔ ƒe nukpɔsusu tsɔtsɔ de vovototo nu me kawoe wòwɔ, eye aleke Yesu bu fɔ wo ɖe nusiwo le vevie wu la gbegblẽ ɖi tae?