Ta 101
Le Betania, le Simon ƒe Aƒeme
ESI Yesu dzo le Yerixo la, eɖo ta Betania. Mɔzɔzɔa xɔ ŋkekea ƒe akpa gãtɔ, elabena enye abe agbadroƒe 12 [19 km] ene ƒe tolialia le anyigba si dzi zɔzɔ sesẽ dzi. Yerixo yi anyi abe afɔ 820 ene wu atsiaƒu, eye Betania kɔkɔ abe afɔ 2,500 ene wu atsiaƒua. Àɖo ŋku edzi be Betania ye nye Lazaro kple nɔvianyɔnuwo de. Du sue sia gbɔ didi abe agbadroƒe eve [3 km] ene tso Yerusalem gbɔ eye ele Amitoa ƒe ɣedzeƒekpa dzi.
Ame geɖe va ɖo Yerusalem xoxo hena Ŋutitotoŋkekenyuiea ɖuɖu. Wova kaba be yewoakɔ yewo ɖokui ŋuti le kɔnu nu. Ðewohĩ woka asi nu kuku aɖe ŋu alo wɔ nane si na be womele kɔkɔe o. Eyata wowɔ ɖe afɔɖeɖe siwo li dzi be woakɔ wo ɖokui ŋu ale be woaɖu Ŋutitotoŋkekenyuiea le mɔ si dze nu. Esi amesiawo siwo va ɖo kaba la ƒo ƒu ɖe gbedoxɔa me la, woƒe susu nɔ wo wɔm evevee ku ɖe Yesu ƒe Ŋutitotoŋkekenyuiea ɖuƒe vava ŋu.
Yerusalem nye afisi wole nya geɖe hem le Yesu ŋu le. Enye nusi le nyanya na ame geɖe be subɔsubɔhakplɔlawo di be yewoalé Yesu awu. Le nyateƒe me la, wode se be ne ame aɖe nya afisi wòle la, nena yewoanya. Le ɣleti ʋee siwo va yi me—le Avɔgbadɔmeŋkekenyuiea ɖuƒe, le Ðɔɖɔɖoŋkekenyuiea dzi, kple esi wòfɔ Lazaro ɖe tsitre vɔ megbe la—emae nye zi etɔ̃lia si kplɔla siawo dze agbagba be yewoawui. Eyata amewo nɔ biabiam be ɖe Yesu agado ɖe dutoƒo hã. Wobia wo nɔewo be: “Nuka susum miele?”
Le ɣeyiɣi ma me la, Yesu va ɖo Betania ŋkeke ade do ŋgɔ na Ŋutitotoŋkekenyuiea ɖuɖu si dze Nisan 14 lia dzi le Yudatɔwo ƒe ɣletigbalẽ nu. Yesu va ɖo Betania le Fiɖagbe fiẽ me si nye Nisan 8 lia ƒe gɔmedzedze. Mate ŋu azɔ mɔa ava Betania le Memleɖagbe si nye Sabat dzi—tso Fiɖa ƒe ɣeɖoto vaseɖe Memleɖa ƒe ɣeɖoto—o, elabena Yudatɔwo ƒe Sabat-se la tsi tre ɖe eŋu. Ðewohĩ Yesu yi Lazaro ƒe aƒeme, abe alesi wòyi afima do ŋgɔ ene, eye wòtsi afima dɔ le Fiɖagbe.
Gake Betaniatɔ bubu kpe Yesu kple eƒe zɔhɛwo va fiẽnuɖuƒee Memleɖa fiẽ. Amea ŋkɔe nye Simon, amesi lé anyidɔ kpɔ, eye anye be Yesu da dɔ nɛ do ŋgɔ. Abe nyɔnu zazɛ̃ ene la, Marta nɔ amedzroawo subɔm. Gake le nɔnɔme si le Maria hã si nu la, enɔ to ɖom Yesu, eye fifia esia he nyahehe vɛ.
Maria ʋu alabastrogoe, alo nugoe sue aɖe, si me ami ʋeʋẽe si ƒe kpekpeme anye pounde ɖeka, eye wònye “nardomi nyuitɔ” le la. Ami sia xɔ asi ŋutɔ. Le nyateƒe me la, eƒe home ade ƒe ɖeka ƒe dɔwɔwɔ ƒe fetu! Esi Maria kɔ amia ɖe Yesu ƒe tame kple eƒe afɔwo ŋu eye wòtsɔ eƒe ɖa tutu wo ŋu la, ʋeʋẽ lililia xɔ aƒea me katã.
Nusrɔ̃lawo kpɔ dziku eye wobia be: “Nugbegblẽ sia gɔme ɖe?” Eye Yuda Iskariot gblɔ be: “Nukaŋuti womedzra ami sia xɔ denario alafa etɔ̃, eye woatsɔe ana ame dahewo o mahã?” Gake menye ame dahewoe Yuda le fafam na ŋutɔŋutɔ o, elabena enɔ ga fim le nudzɔɖaka si nye nusrɔ̃lawo tɔ la me.
Yesu ʋli Maria ta. Egblɔ be: “Mina mɔe; nuka ƒe fu ɖem miele nɛ mahã? Dɔ nyui wòwɔ nam. Elabena ame dahewo le mia gbɔ ɖaasi, eye ɣesiaɣi, si mielɔ̃ la, miate ŋu awɔ nyuie na wo; ke nye la nyemeli kpli mi ɖaa o. Ewɔ nusi wòate ŋui; edze ŋgɔgbe va si ami na nye ŋutilã la hena ɖiɖi. Vavã mele egblɔm na mi bena: Afisi ke woaɖe gbe ƒã nyanyuie la afia le, le xexe blibo la katã la, woaƒo nu le nusi nyɔnu sia wɔ la hã ŋuti hena ŋkuɖoɖo edzi.”
Yesu le Betania fifia wu gaƒoƒo 24, eye eŋu nya kaka. Eyata ame geɖe va Simon ƒe aƒeme be yewoakpɔ Yesu, gake wova be yewoakpɔ Lazaro hã. Eyata nunɔlagãwo de aɖaŋu be be menye Yesu ɖeɖekoe yewoawu o ke boŋ yewoawu Lazaro hã. Nusitae nye be ame geɖe le Yesu dzi xɔm se le esi wokpɔ amesi ku wofɔe ɖe tsitre wòle agbe ta! Aleke gbegbe subɔsubɔhakplɔla mawo vɔ̃ɖi nyateƒee nye si! Yohanes 11:55–12:11; Mateo 26:6-13; Marko 14:3-9; Dɔwɔwɔwo 1:12.
▪ Nya ka gblɔm wonɔ le gbedoxɔa me le Yerusalem, eye nukatae?
▪ Nukatae wòle be Yesu naɖo Betania le Fiɖagbe boŋ ke menye Memleɖagbe o?
▪ Esi Yesu va ɖo Betania la, anɔ eme godoo be afikae wònɔ le Sabat la dzi?
▪ Maria ƒe nuwɔna kae he nyahehe vɛ, eye aleke Yesu ʋli etae?
▪ Nukae ɖe nunɔlagãwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋutɔ la fia?