INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/94
  • Woagatrɔ Ayi Suku

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woagatrɔ Ayi Suku
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Uwɔna Siwo Wotsɔ Kpe Ðe Nufiafia Ƒe Ðoɖoa Ŋu
    Suku kple Yehowa Ðasefowo
  • Nu Wɔwɔ Aduadu Kple Suku Ƒe Ðoɖoa
    Suku kple Yehowa Ðasefowo
  • Sɔhɛwo—Miwɔ Miaƒe Sukudeɣi Ŋudɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Ðe Wòle be Viwò Nanɔ Sukuƒemea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 9/94

Woagatrɔ Ayi Suku

1 Tso September la, míaƒe sɔhɛwo agadze sukuƒe yeye gɔme. Nu dodzidzɔname geɖe li siwo woate ŋu akpɔ mɔ na, gake nu ʋee aɖewo hã li siwo ate ŋu ana woavɔ̃. Sɔhɛ geɖe anɔ nufiala yeyewo te, woasrɔ̃ nu yeyewo, eye woade ha kple sukuvi yeyewo. Míaƒe sɔhɛwo adi be yewoawɔ nu aduadu kple sukudzikpɔlawo eye yewoanɔ ƒomedodo nyui me kple sukuhatiwo, gake ele be wòanɔ woƒe susu me be ele be woanɔ ŋudzɔ ɖe nusianu si agblẽ nu le wo ŋu le gbɔgbɔ me la ŋu.—Kor. I, 15:33.

2 Nusi ŋu wòle be ɖevi kple sɔhɛ Ðasefowo nalé ŋku ɖo vevie enye be woagana xexeame ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si xɔ aƒe ɖe agbalẽsrɔ̃ƒewo le dukɔ geɖe me egbea la nagblẽ wo o. Ele be dzi nanɔ Kristotɔ sɔhɛ kple ame tsitsiwo siaa ƒo be woagbe xexeame ƒe dzidzenu kple susu siwo dom wole ɖe ŋgɔ le agbenyuinɔnɔ gome la, eye ele be ‘woanɔ ŋudzɔ’ to ŋugbledede le Yehowa ƒe Nya la ŋu kple zɔzɔ ɖe edzi me. (Ps. 119:9) Ehiã be dzila siwo ŋu nya la ku ɖo la nanya nusiwo sukua fiana ale be woate ŋu afia mɔ si sɔ la wo viwo. Ne nusi wofiana le suku alo teƒe bubu tsi tre ɖe kɔkɔenyenye kple dzadzɛnyenye si wobia tso Yehowa subɔlawo si ŋu la, ele be woaƒo asa nɛ.—Pet. I, 1:15, 16.

3 Ebɔ hã be woado go nya siwo ku ɖe dukɔ ƒe azãɖuɖuwo, ŋkekenyuiwo ɖuɖu, lãmesẽfefewo, alo hadomenuwɔnawo ŋu. Agbalẽ gbadza si nye Suku Kple Yehowa Ðasefowo akpe ɖe Kristotɔ sɔhɛwo ŋu le nya siawo me. Ne ɖevi suewo dzilawo xɔ ŋgɔ tsɔ agbalẽ sia yi na nufialawo la, woate ŋu aɖu nɔnɔme sesẽ siwo ate ŋu ado mo ɖa la dzi alo aɖe wo dzi akpɔtɔ. Woate ŋu aɖe eme be esia akpe ɖe nufiala la ŋu wòase nusita Yehowa Ðasefowo mekpɔa gome le nuwɔna aɖewo me o la gɔme. Ne wona nufiala la nya nusiawo hafi kuxiwo do mo ɖa la, ate ŋu ana ɖekawɔwɔ nanɔ anyi.

4 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, anyo be Suku-gbalẽ gbadza la nanɔ Kristotɔ sukuviwo ƒe agbalẽ siwo wosrɔ̃na le suku la dome. Mɔnu ʋuna ɖi zi geɖe be woaɖi ɖase na sukuvi bubu siwo biaa nya ne wole nu ƒom tso míaƒe dzixɔsewo ŋu. Ele hã be “Advance Medical Directive/Release” ƒe agbalẽvi alo “Identity Card” yeye si dzi ɖasefowo ŋlɔ ŋkɔ ɖo hede asi ete nyuie la nanɔ Ðasefoviwo ŋu ɣesiaɣi. Míeka ɖe edzi be amesiwo awɔ aɖaŋuɖoɖo sia ŋudɔ la anɔ abe ‘nunyala si kpɔa dzɔgbevɔ̃e eye wòɣlaa eɖokui’ la ene.’—Lod. 22:3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe