Ðeviwo—Miele Nu Wɔm ɖe Mia Dzilawo ƒe Kutrikukuwo Nua?
1 Edzɔa dzi na mí katã be míekpɔa ɖevi geɖe le Yehowa ƒe habɔbɔa me. Domenyinuwoe wonye tso Yehowa gbɔ. (Ps. 127:3) Ele be woakafu wo ɖe alesi wowɔna ɖe hehe si wo dzilawo naa wo dzi to Kristotɔwo ƒe kpekpewo yiyi edziedzi kple gomekpɔkpɔ le wo me ta. Esia dzea Yehowa si de se na dzilawo be woawɔ wo viwo woanye Kristotɔ nusrɔ̃lawoe la ŋu. (Mose V, 31:12; Kol. 3:20) Esi menye ame tsitsiwo koe gbeadziyiyi li na o ta la, míekpɔ mɔ be ɖeviwo ate ŋu akpɔ gome le eme wòasɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu. Ne ɖevie nènye la, ɖe nèkpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me edziedzi kwasiɖa sia kwasiɖaa? Woƒoe ɖe ɖeviwo nu tẽ be: “Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ.”—Ps. 148:7, 12, 13.
2 Ðevi geɖe siwo nɔ Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me wɔ ɖe amekpekpe sia si gblɔ be woakafu Yehowa la dzi. Ðeviwo ƒe nya bɔbɔewo gbɔgblɔ kple woƒe anukwareɖiɖi ʋã ame tsitsiwo wowɔ afɔɖeɖe. Naeman nye ame xɔŋkɔ aɖe si nye Aram-fia ƒe aʋafia. Gake edze kpodɔ hã. Israel-nyɔnuvi sue aɖe si woɖe aboyoe la ƒo nu na eƒe aƒenɔ dzideƒotɔe be: “Oo, ne nye aƒetɔ ade nyagblɔɖila, si le Samaria gbɔ la! ayɔ dɔ eƒe anyi la nɛ.” Woda gbe le Naeman ŋu le alesi wòbɔbɔ eɖokui hewɔ ɖe nyɔnuvia ƒe nyawo dzi ta. (Fia. II 5:2, 3, 14) Esime Yesu xɔ ƒe 12 la, eɖee fia be yedia gbɔgbɔmenuwo. (Luka 2:46-50) Samuel va zu “subɔla na Yehowa” esime wònye ɖevi dzaa ko.—Sam. I, 2:11.
3 Wo Dometɔ Aɖewo Lɔ̃ Faa be Yewoaɖo To: Mawu mekpɔa dzidzɔ ɖe amesi subɔnɛ heheɖemegbetɔe eye wòle be ame bubuwo naʋã wo edziedzi hafi woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la ŋu o. (Ps. 110:3; tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 10:38.) Ne ènye ɖevi si lɔ̃ Yehowa nyateƒe la, wò hã àte ŋu adi be yeaɖo toe to nuƒoƒo tso eƒe ŋkɔ kple Fiaɖuƒe ŋu na ame bubuwo me, abe alesi ɖevi geɖe le wɔwɔm egbea ene. Esia doa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi!—w90 7/1 axa 29-30; w87 12/1 axa 21.
4 Togbɔ be sidzedze su sɔhɛ aɖewo si to Biblia sɔsrɔ̃ me hã la, womelɔ̃na be yewoaʋli yewoƒe xɔse ta le sukuhatiwo kple ame bubuwo ŋku me o. Ne alea wòle le gowòme la, nuka gbɔe wòtso? Dzilawo, nukae miekpɔ be eyae nye kuxia? Nukata màdzro nya sia me kple dziwòlawo le kpekpe sia megbe teti o?
5 Xɔ Agbanɔamedzi Bliboe: Yehowae nye ameƒomea Fofo kple ƒome Gɔmeɖola hã. (Ef. 3:15) Eɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi na vifofowo katã to nufiafia mí to eƒe Nya la kple dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la dzi me. (Yoh. 6:45) Dzila Kristotɔwo tsɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu nyia wo viwo ɣesiaɣi. Wò ɖevi, ɖe nèwɔa nu kpli wo aduadu hekpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa mea? Èdzrana ɖo ɖe dzeɖonya kpui si nàtsɔ ana trakt kple agbalẽ bubuwoe la ŋua? Ne èle gome kpɔm kple dziwòlawo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, ɖe nèxlẽa mawunyakpukpuiwo hegblɔa nyati tiatia aɖewo ƒe dzeɖonya kpuiwoa? Agbanɔamedzi si tso Mawu gbɔ la le dzilawo dzi be woahe wo viwo le subɔsubɔdɔa me. (Ef. 6:4; tsɔe sɔ kple Yeremya 35:6-10.) Ŋɔŋlɔawo me agbanɔamedzi le ɖeviwo hã dzi be woawɔ nu ɖe wo dzilawo ƒe agbagbadzedzewo nu to wɔwɔ ɖe dzilawo ƒe hehenana dzi me.—Ef. 6:1-3.
6 Wobia tso dzilawo kple ɖeviwo siaa si be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe Yehowa kafukafu ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋu. Gake nukae hamemegãwo kple hamea me tɔ bubuwo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe dzilawo kple ɖeviwo ŋu le woƒe akpa dzi wɔwɔ me? Nyati si míata emegbe adzro esia me.