Subɔsubɔkpekpewo Hena January
Kwasiɖa si Dze Egɔme January 2
Hadzidzi 83
7 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe siwo sɔ.
18 min: “Dɔ Geɖe Li Ɣesiaɣi.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Bia gbe ame eve alo etɔ̃ siwo mevona o kpuie, abe hamemegã, nyɔnu aƒedzikpɔla, alo mɔɖela ene; bia wo ne woagblɔ alesi wowɔ te ŋu zɔna ɖe woƒe ɖoɖowɔɖi dzi bliboe gake wohekpɔa dzidzɔ.
20 min: “Míaƒe Agbalẽ Xoxowo Ŋudɔwɔwɔ Nyuie.” Dzro eme kple nyaselawo. Na hamea nanya agbalẽ xoxo siwo li; de dzi ƒo na wo be woaxɔ ɖewo azã le gbeadzi. Na woawɔ enana ƒe aɖaŋu siwo woɖo la ƒe wɔwɔfia kpui ɖeka alo eve.
Hadzidzi 188 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme January 9
Hadzidzi 183
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Gakɔntabubu. Gblɔ kwasiɖanuwuwu ƒe gbeadziyiɖoɖowo.
17 min: “Alẽkpɔkplɔ si Tua Ame Ðo.” Hamemegã ƒe nuƒo si nɔ te ɖe nya siwo le Gbetakpɔxɔ, September 15, 1993, axa 21-3 ƒe tanya suea te la dzi. Te gbe ɖe Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo si akpe ɖe ame ŋu le akɔkpekpe kple kuxiwo me dzi.
18 min: “Èle Klalo be Nàdze Ŋgɔ Atikewɔwɔ me Nya sesẽ si Atɔ Gbe Wò Xɔsea?”—Akpa 1. Hamemegã bibi ƒe nuƒo ʋãme si woaƒo moveviɖoɖotɔe si tso emedegbalẽvia ƒe memamã 1-17 me. Kpɔ January 1994 Miaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 2, le “Kwasiɖa si dze egɔme January 10” te hena alesi woakpe agbalẽviawo ɖo ahade asi wo te ŋu nya bubuwo. Te gbe ɖe agbalẽvi yeye si anɔ mía si ɣesiaɣi ƒe vevienyenye; kple viɖe si le kadodo nyui si anɔ mía kple atikewɔlawo dome me hã dzi.
Hadzidzi 198 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme January 16
Hadzidzi 182
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro dzeɖonyawo me tso magazine yeyewo me. De dzi ƒo na amesiame be wòakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me le kwasiɖa sia ƒe nuwuwu.
18 min: “Èle Klalo be Nàdze Ŋgɔ Atikewɔwɔ me Nya Sesẽ si Atɔ Gbe Wò Xɔsea?”—Akpa 2. Emedegbalẽvia ƒe memamã 18-38 ƒe nuƒo si ƒe akpa aɖewo me nyaselawo akpɔ gome le. Kpe ɖe nyaselawo ŋu woase Kɔdzi ƒe Kadododzikpɔkɔmitiwo kple woƒe dɔwɔnawo gɔme nyuie. Te gbe ɖe alesi wòhiã be míadze aɖaŋu le atikewɔlawo ƒe nyabiabia siwo woate ŋu atsɔ atre mɔ̃ na mí ŋu ɖoɖo me dzi. Wɔ wɔwɔfia kpui eve: womaɖo nya ŋu nyuie le ɖeka me o eye woaɖo nya ŋu nyuie le evelia me, si tso memamã 30-37 me.
17 min: “Ðee Fia be Yetsɔ Ðe Le Eme to Tɔtrɔyiwo Wɔwɔ Me.” Gbeƒãɖela etɔ̃ alo ene nadzro tɔtrɔyiwɔwɔ ƒe taɖodzinu kple eƒe vevienyenye me. Te gbe ɖe nusɔsrɔ̃ gɔme dzedze ƒe taɖodzinu dzi. Dzro ewɔwɔmɔnu siwo ƒe aɖaŋu woɖo la me. Na woawɔ wɔwɔfia ɖeka alo eve eye ƒuƒoƒoa nagblɔ kafukafunyawo ahaɖo aɖaŋu siwo ana woawɔe wòanyo wu.
Hadzidzi 196 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme January 23
Hadzidzi 161
12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. “Alesi Nàɖo Teokrasigbalẽdzraɖoƒee.” Nuƒo si tso Gbetakpɔxɔ November 1, 1994, axa 28-31.
18 min: “Ðe Ame Bubuwo Ŋu Bubu Fia—Akpa 1.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Ƒo nu tso alesi wòle be hamemegãwo nawɔ dɔ aduadu alé ŋku ɖe Fiaɖuƒe Akpataa ƒe xɔgbagba, pɔmpi, eletrik-kawo, kple dedienɔnɔ gbɔ kpɔ nuwo ŋu be wole nɔnɔme nyui me hã ŋu.—Kpɔ June 1985 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Nyabiaɖaka, kple November 1986 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 7.
15 min: “Ðokuisinusɔsrɔ̃—Ele Be Míatsi Dzi Ðe Eŋu.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Tsɔ June 15, 1985 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ƒe axa 8-13 me nya siwo nètia kpe ɖe eŋu.
Hadzidzi 116 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme January 30
Hadzidzi 157
7 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.
20 min: “Ðeviwo—Miele Nu Wɔm ɖe Mia Dzilawo ƒe Kutrikukuwo Nua?” Woatsɔ nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo adzro nyatia mee. Bia nya ɖevi eve siwo nye gbeƒãɖela nyuiwo. Agbagba kawoe wodze hafi te ŋu va zu gbeƒãɖelawo? Kpekpeɖeŋu kawoe woxɔ tso wo dzilawo gbɔ?
18 min: Na Agbe Tegbee ƒe agbalẽa le February me. Ðe nusita amewo hiã agbalẽ sia me. (Kpɔ April 1, 1988 Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 25-6, memamã 17, 18.) Gblɔ nya siwo nuxlẽla ŋudzedzekpɔlawo gblɔ dometɔ ʋee aɖewo. (Kpɔ September 1, 1989 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 32, kple December 1, 1991 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 32.) Ðo aɖaŋu le alesi míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple amesiwo míena Agbe Tegbee ƒe agbalẽae ŋu. Wɔ dzeɖonya evelia si le tanya si nye “Agbe/Dzidzɔkpɔkpɔ te le Reasoning-gbalẽa ƒe axa 13 ƒe wɔwɔfia kpuie.
Hadzidzi 199 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
[Nɔnɔmetata si le axa 2]
Woyi edzi le axa 7
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Kpekpewo (tso axa 2)