Èle Klalo be Nadze Ŋgɔ Atikewɔwɔ me Nya Sesẽ si Atɔ Gbe Wò Xɔsea?
Togbɔ be emedegbalẽvi sia nɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ hena January 1991 (Volume 34, No. 1) me esime woɖo asi mía dzi hã la, míekpɔe be ehiã be míagata nya sia. Woɖo Kɔdzi ƒe Kadododzikpɔkɔmitiwo ɖe dukɔ sia me nyitsɔ laa eyata míegatrɔ asi le emedegbalẽvi sia ŋu. Ne ame aɖe dze gbeƒãɖeɖe gɔme ko la, ele be woana emedegbalẽvi sia ɖekae. Míetsɔ bubuwo kpe ɖe eŋu be hamea ƒe agbalẽŋlɔla nadzrae ɖo na tameɖoɖo sia. Miate ŋu awɔ eƒe fotokɔpiwo hã.
1 Ame aɖeke mebua eŋu fũ be ate ŋu adzɔ be woaxɔ ye ɖe kɔdzi egbe alo etsɔ o. Ke hã la, ‘azãgbe kple nuɖiɖeame lilia mí katã.’ (Nyagb. 9:11) Ne menye atikewɔwɔe nèdi be yeatsɔ akpɔ yeƒe lãmesẽ tae o gɔ̃ hã la, nukae nàwɔ atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta tso ʋudodo si mèdi o la me ne afɔku aɖe si dzɔ la na nèyi ɖime eye wotsɔ wò afɔtsɔtsɔe yi kɔdzie? Ẽ, afɔku alo dɔléle si nu sẽ ɖe edzi kpata ana be nàdze ŋgɔ wò xɔse ƒe gbetɔame enumake.
2 Ne èva ɖo kɔdzi le nane ta eye ame aɖe si le afima gblɔ na wò be ne womedo ʋu na wò o la, àku la, nukae nàwɔ be nàlé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi? Àtsɔ dzitsitsi alɔ̃ ɖe edzi enumake be nenema tututue nye nya laa? Èka ɖe edzi bliboe be yemedi ʋu oa? Èle klalo be nàdze ŋgɔ wò xɔse ƒe gbetɔame sia eye ‘nàtsri ʋua’?—Dɔw. 15:28, 29.
3 Ʋudodo si ƒoa ɖi ame le gbɔgbɔ me si mèdi o gbegbe dzidzedzetɔe dzea egɔme tsoa kakaɖedzi sẽŋu si nàtsɔ aƒo nui me. Ele be nàtu kakaɖedzi ma ɖe nusi Biblia gblɔ ku ɖe ʋu ŋu la gɔmesese nyuie dzi. Ne menye nenema o la, le nyaƒoaɖemenu si li la me la, ame aɖe si gblɔ be yenya nu tso nya la ŋu wu wò la ate ŋu ado vɔvɔ̃ na wò bɔbɔe. Ðe woable wò nàsusu be ɖewohĩ ɖɔktawo nya nu geɖe tso ʋu ŋu wu Mawua? Kakaɖedzitɔe la, àdi be ‘yeaɖo tame kplikpaa’ le nɔnɔme siawo me be yeawɔ “nusi dze” le Yehowa ŋkume, eɖanye nuka kee amegbetɔ dzrowo agblɔ o. (Mose V, 12:23-25) Gake ɖe wòle be wò ɖeɖeko nàdze ŋgɔ gbetɔame sia?—Nyagb. 4:9-12.
ATIKEWƆWƆ ŊUTI NYATAKAKADƆWƆƑE KPLE ATIKEWƆWƆ ƑE KADODODZIKPƆKƆMITIWO
4 Habɔbɔa ɖo Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakakadɔwɔƒe (Hospital Information Desk) ɖe Accra be woakpe ɖe amesiwo hiã kpekpeɖeŋu ne wodze ŋgɔ ʋudodokuxi la ŋu. Eɖo Atikewɔwɔ ƒe Kadododzikpɔkɔmitiwo (Hospital Liaison Committees) hã ɖe Ghana ƒe nuto ewoawo dometɔ asieke ƒe dugãwo me. Hamemegã 33 siwo wona hehe etɔxɛe ɖe dɔ sia wɔwɔ ŋue le kɔmiti siawo me.
5 Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakala siwo le dɔwɔƒe gã le Brooklyn lae kpɔa dɔ sia dzi le xexeame katã eye wote ŋu wɔa numekuku le atikewɔgbalẽ siwo wu 3,600 le xexeame katã la me be woadi nyatakaka ku ɖe amekoko kple gbedada si me womezãa ʋu le o ƒomevi geɖe siwo li kple woƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu. Emegbe wonaa atikewɔwɔ me ŋgɔyiyi siawo ŋu nyatakaka míaƒe Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakakadɔƒea si hã tsɔa wo naa Atikewɔwɔ ƒe Kadododzikpɔkɔmiti siwo le miaƒe nutoa me, kɔdziwo kpakple ɖɔkta aɖewo. (Ɣeaɖewoɣi la, Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakalawo ɖoa atikewɔgbalẽ siwo fia nusi woate ŋu awɔ be womazã ʋu o la ɖa eye wotsi nyaʋiʋli si nɔ edzi yim le kɔ aɖe dzi la nu dzidzedzetɔe.) Míaƒe Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakalawo hã wɔa nuŋlɔɖiwo le atikewɔla siwo naa kpekpeɖeŋu la ŋuti le Ghana bene nuŋlɔɖi yeyewo nanɔ kɔmitiawo si be woazã ne ʋudodo ƒe kuxiwo do mo ɖa.
6 Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakalawo kple mía gbɔ Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakakadɔwɔƒea gakpɔa Atikewɔwɔ ƒe Kadododzikpɔkɔmitiwo ƒe hehexɔxɔ kple dɔwɔna dzi. Le teƒe siwo wole la, Atikewɔwɔ ƒe Kadododzikpɔkɔmitiwo gblɔa nya siwo akpe ɖe kɔdzidɔwɔlawo ŋu be woana woƒe ƒomedodo kpli wo nanyo ɖe edzi wu. Wobiana tsoa dɔwɔla siawo hã si be woanya ɖɔkta bubu siwo awɔ dɔ na mí ʋumazamazãe. Nɔvi siawo le klalo be yewoakpe ɖe ŋuwò, gake afɔɖeɖe vevi aɖewo li siwo wòle be nàwɔ do ŋgɔ be nàɖo gɔmeɖoanyi na wo be woato edzi awɔ ema nyuie wu.
AFƆÐEÐE VEVI SIWO NÀWƆ—ÈWƆ WO XOXOA?
7 Gbã la, kpɔ egbɔ be amesiwo katã le wò ƒomea me la kpe woƒe atikewɔgbalẽvia ɖo keŋkeŋ—woɖo ɣletiŋkeke ɖe edzi, wode asi ete eye ɖasefowo hã de asi ete. Wotɔ gbe nɔvi aɖewo ƒe atikewɔgbalẽvi siwo wotsɔ yi kɔdzi siwo dzi womeŋlɔ ɣletiŋkeke ɖo alo de asi wo te o la ƒe nyateƒenyenye. Eye ɖe míekpe dzesidegbalẽviwo ɖo na mía vi siwo katã mexɔ nyɔnyrɔ̃ o laa? Ne mèkpee ɖo o eye nya kpata aɖe dzɔ ɖe viwò dzi la, aleke kɔdzidɔwɔlawo ate ŋu anya wò tenɔnɔ le ʋu ŋu kple amesi woaƒo ka na?
8 Emegbe kpɔ egbɔ be agbalẽviawo le wo katã ŋu ƔEAWOKATÃƔI. Kpɔ egbɔ be ele viwòwo ŋu hafi woayi suku gbesiagbe, ẽ, hafi woayi fefeƒe alo modzakaɖeƒe gɔ̃ hã. Ele be mí katã míakpɔ egbɔ be agbalẽvi siawo le mía ŋu ne míele dɔ me, ne míeyi mɔkeke, alo le Kristotɔwo ƒe takpekpewo me. Migagbe wo tsɔtsɔ gbeɖe o!
9 Bu nusi ate ŋu adzɔ ɖe dziwò ne wò lãme gblẽ vevie eye wotsɔ wò va kɔdzixɔ si me wokpɔa nya kpatawo gbɔ le mee esi nèle ɖime alo màte ŋu aɖe ɖokuiwò nu o alo le nɔnɔme evea me la ŋu kpɔ. Ne atikewɔgbalẽvia mele ŋuwò o eye wò ƒometɔ alo hamemegã aɖeke meva kɔa dzi haɖe be wòaƒo nu ɖe nuwò o, eye wotso nya me be ‘èhiã ʋu’ la, ɖewohĩ woado ʋu na wò. Dzɔgbevɔ̃etɔe la, esia dzɔ ɖe ame aɖewo dzi. Gake ne agbalẽvia le mía ŋu la, eƒoa nu ɖe mía nu hegblɔa míaƒe didi.
10 Ema tae atikewɔgbalẽvi nyo wu alɔnuga alo kɔmega ɖo. Nu bubu siawo meɖea míaƒe susu siwo nɔ te ɖe Biblia dzi heɖea míaƒe tenɔnɔ fiana o eye womede asi wo te tsɔ ɖo kpe nusi míegblɔ la dzi o. Canada-ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe ƒe nyametsotso aɖe gblɔ le nɔvinyɔnu aɖe ƒe agbalẽvia ŋu be: “[Dɔnɔa] tia mɔ ɖeka si anya wɔ be wòana nyanya ɖɔktawo kple atikewɔla bubuwo ne wòdzɔ be eyi ɖime alo ne mate ŋu agblɔ eƒe didiwo, be yemelɔ̃ ɖe ʋudodo dzi o.” Eyata megagbe ŋuwò nɔnɔ gbeɖe o!
11 Esi wònye ɖe wowɔ míaƒe atikegbalẽvia koŋ hena kuxi kpatawo gbɔ kpɔkpɔ ta la, nunya anɔ eme be le amekoko si nàtia be woawɔ na wò me la, naŋlɔ wò ŋutɔ wò atikewɔgbalẽvi (si nɔ te ɖe míaƒe atikewɔgbalẽvia dzi) si ƒe nyawo yi ŋgɔ wu la do ŋgɔ ale be nàte ŋu ade nya veviwo eme, abe amekoko si ƒomevi nèdi, kple ɖɔktawo kpakple kɔdzia ƒe ŋkɔ ene. Wò gomee wònye be nàwɔ esia eye wò ŋutɔ nàtia atikewɔwɔ si ƒomevi nèdi la. Togbɔ be mia kple ɖɔkta la miakpɔ mɔ na kuxi sesẽwo o hã la, ɖe eme be ele be woawɔ ɖe mɔfiafia sia dzi ne nu kpata aɖe dzɔ.—Lod. 22:3.
12 Afɔɖeɖe vevi si kplɔe ɖoe nye be nàƒo nu na atikewɔla siwo awɔ dɔ na wò ne wò ŋutɔe tia amekokoa alo le esi hiã kpata me. Amekawo koŋue wòle be nàƒo nu na?
ƑO NU NA ATIKEWƆLAWO
13 AMEKOLAWO: Ɣeyiɣi si me mele be amegbetɔvɔvɔ̃ naɖu dziwò o enye sia. (Lod. 29:25) Ne èwɔ abe ɖe mèka ɖe nya la dzi o ene la, ame aɖe aƒo nya ta be menye nya ŋutɔŋutɔe gblɔm nèle o. Ne amekoko hiã, eɖanye esi wò ŋutɔ nètia alo esi hiã kpata o, ele be wò alo wò ƒometɔ vevi aɖe natsɔ tameɖoɖo kplikpaa abia nya vevi aɖewo amekolawo ƒe tatɔ la. Biabia vevi ɖekae nye be, Ðe amekolawo ade bubu dɔnɔa ƒe didiwo ŋu eye woawɔ dɔ nɛ ʋumadomadoe le nɔnɔme ɖesiaɖe mea? Ne womeka ɖe esia dzi na wò o la, ke takpɔkpɔ nyuie mele asiwò o.
14 Tsɔ kakaɖedzi si ŋu bubu le gblɔ wò didiwo eme nakɔ. Gblɔe kɔte be yelɔ̃ be woawɔ atike bubu siwo me womazã ʋu le o ŋudɔ atsɔ ada dɔ na ye. Tsɔ tufafa kple kakaɖedzi ƒo nu tso wò ŋutɔ wò atikewɔgbalẽvi kple agbalẽvi si ɖe agba le kɔdzia dzi la siaa ŋu. Ne amekola la melɔ̃ be yeawɔ ɖe wò didiwo dzi o la, màgblẽ ɣeyiɣi o ne èbia tso kɔdzimegã si be wòadi ɖɔkta bubu na ye. Ema nye eƒe dɔa ƒe akpa aɖe.
15 AMEKOKODZIKPƆLA SI DEA AME ALƆ̃ ME: Le amekola siwo katã wòhiã be nàƒo nu na do ŋgɔ na amekokoa dome la, MELE BE NÀDO KPO NUƑOƑO NA ÐƆKTA SIA O. Enye amekokodzikpɔla si dea ame alɔ̃ me (anesthesiologist) ƒe dɔdasi be wòakpɔ egbɔ be èle agbe ne amekola le kowòm, eye eyae nye amesi tsoa nya me le ʋuzazã ŋu nyawo ŋu. Eyata nu si nàƒo na amekola la ŋutɔŋutɔ ɖeɖeko mefia be èle takpɔkpɔ blibo me o. Eyata ele be nàƒo nu kple amekokodzikpɔla si dea ame alɔ̃ me eye nàna wòanya wò nyametsotsoa eye nànya nenye be woade bubu eŋu alo womadee o.—Tsɔe sɔ kple Luka 18:3-5.
16 Edze abe enye nusi amekokodzikpɔla si dea ame alɔ̃ me wɔna be wòasrã dɔnɔ la kpɔ kpuie le zã si do ŋgɔ na amekokoa me ene—esi nye nusi tsi megbe akpa ne etsi tre ɖe wò tenɔnɔ ku ɖe ʋu ŋu la ŋuti. Te tɔ ɖe edzi be amekola netia amekokodzikpɔla si dea ame alɔ̃ me, si alɔ̃ ɖe wò didia dzi na wò la do ŋgɔ ale be nàte ŋu aƒo nu nɛ ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ le amekoko si wò ŋutɔ nètia la me. Ekema ɣeyiɣi anɔ anyi be nàdi ame bubu ne ame gbãtɔ la melɔ̃ be yeawɔ wò didiwo dzi o. Mègana ame aɖeke nadze agbagba axɔ wò gomenɔamesi be nàka ɖe amekokodzikpɔla si dea ame alɔ̃ me la dzi o.
17 Le esiawo katã me la, ele be nàgblɔ wò tameɖoɖo kplikpaa si matrɔ o la kɔte be: NYEMADO ƲU O. Bia be woawɔ atike siwo me ʋu mele o na ye. Yɔ atike bubu siwo nènya be woate ŋu atsɔ ɖo ʋu teƒe le gowòme. Ne amekolawo susui be esia mawɔ dɔ le gowòme o la, bia wo be woaku nu me le atikewɔgbalẽwo me adi bubu siwo asɔ le gowòme. Ka ɖe edzi na wo be ne wolɔ̃ la, yeate ŋu abia tso yeƒe hamemegãwo si be woabia aɖaŋuɖoɖo tso Atikewɔwɔ Kadododzikpɔkɔmiti si le nutoa me la gbɔ eye yeate ŋu agblɔ nyatakaka aɖewo na wo.
WÒ GOMENƆAMESIWO ŊUDƆWƆWƆ
18 Dzro agba ɖeɖe le atikewɔlawo dzi ƒe agbalẽvia kple lɔlɔ̃ɖedzigbalẽ si kɔdzi abia tso asiwò be nàde asi ete ne woxɔ wò teti la me nyuie. Ɣeaɖewoɣi ne wogblɔ be yewoade bubu wò didiwo ŋu vɔ megbe teti la, memamã si kplɔe ɖo agblɔ be amesi de asi ete la lɔ̃ be kɔdzia ate ŋu azã atike “si woatsɔ aɖe agbee” ne wodo go kuxiwo. Ʋudodo ate ŋu anɔ ema me. Èkpɔ mɔ atrɔ nya ma ƒomeviwo dometɔ ɖesiaɖe be nàɖe ʋu le eme alo nàte fli ɖe eme keŋkeŋ. Dɔnɔdzikpɔlawo adi be yewoagblɔ na wò be màte ŋu awɔ ema o, gake àte ŋui! Ðe eme be agbalẽvi ma nye nu si yebla kpli wo eye yemate ŋu ade asi nubabla aɖe si dzi yemelɔ̃ ɖo la te o. Ne ame aɖe dze agbagba be yeazi dziwò be nàde asi agbalẽ si tsi tre ɖe wò didi ŋu te la, bia be yeaƒo nu kple kɔdzimegã alo dɔnɔteƒenɔla si le atikewɔƒe ma.
19 Àte ŋu awɔ nu siawoa? Ẽ, àte ŋui. Eyata nya wò gomenɔamesiwo ne ènye dɔnɔ. Womegblẽa ame ƒe gomenɔamesi siawo ɖe ʋɔtrua nu ne woge ɖe kɔdzixɔa me o. Mele be nàɖe asi le wo ŋu bene woada dɔ na ye o. Mègana ame bubu nagblɔ nya bubu na wò o.
20 Woyɔ gomenɔamesi siawo dometɔ ɖeka be lɔlɔ̃ ɖe nusi nènya dzi ƒe gomenɔamesi, esi gɔmee nye be womate ŋu awɔ atike ƒomevi aɖeke na wò ne mèlɔ̃ o. Àte ŋu agbe atike ɖesiaɖe gɔ̃ hã ne èlɔ̃. Ele be atikewɔlawo naɖe nusianu si woɖo be yewoawɔ, ne afɔku aɖe ado mo ɖa hã, la me na wò nyuie hafi nàlɔ̃ ɖe edzi. Emegbe ele be woagblɔ atike bubu ɖesiaɖe si woate ŋu awɔ ɖe ema teƒe la na wò. Emegbe ne wona nenya vɔ la, nàtia atikewɔwɔ si ƒomevi nèdi la.
21 Be nàka ɖe nusi dzi nèle lɔlɔ̃m ɖo dzi la, ELE BE nàbia nya veviwo le nusianu si gɔme mèse o ŋu, vevietɔ ne atikewɔlawo zã nya gãwo alo atikewɔnyagbewo. Le kpɔɖeŋu me, ne ɖɔkta aɖe gblɔ be yedi be yeazã “plasma,” (ʋutsi) la, àte ŋu aƒo nya ta le manyamanya me ko be “plasma volume expander” (tsi si dzia ʋutsia ɖe edzi) ye wòwɔnɛ, gake menye eyae o. Hafi nàlɔ̃ ɖe edzi la, bia be: “Ðe ema nye ʋu ƒe akpa aɖea?” Bia nya ku ɖe eƒe dɔdamɔnuwo dometɔ ɖesiaɖe ŋu be: “Ðe atikewɔwɔ ma bia be woazã ʋumenuwoa?” Ne eƒo nu tso mɔnu aɖe si wòadi be yeazã ŋu la, biae be: “Ðe woadzra nye ʋu ɖo hena ɣeyiɣi aɖe le mɔnu sia ŋudɔ wɔwɔ mea?”
22 Gake nukae nàwɔ ne èwɔ nusiwo katã dze le etame la, gake womelɔ̃ ɖe edzi o alo wotsi tre ɖe wò tenɔnɔ ŋu gɔ̃ hã? Mègahe ɖe megbe be nàbia kpekpeɖeŋu o. Ame aɖewo lala fũ akpa be woaxɔ kpekpeɖeŋu eye wona woƒe agbe ɖo afɔku me.
KPEKPEÐEŊU XƆASI LE HIAHIÃƔI
23 De dzesi kpekpeɖeŋu si hiã xɔxɔ ƒe mɔnu siwo gbɔna la: (1) Enumake ne wò ŋutɔ alo wò lɔlɔ̃tɔ aɖe dze ŋgɔ amekoko si eya ŋutɔ tia alo esi hiã kpata le afisi nyaʋiʋli do mo ɖa le le esi kɔdzia di be yeazã ʋu; alo (2) ne wò dɔlélea alo wò lɔlɔ̃tɔ aɖe tɔ le gbegblẽm ɖe edzi vevie la, ekema:
24 YƆ MIAƑE HAMEMEGÃWO ne mèwɔ esia xoxo o. (Le nyateƒe me la, le akpa si míele le ʋu ƒe nyawo gome ta la, enye nusi me nunya le be míana míaƒe hamemegãwo nanya ɣesiaɣi si míatsɔ dɔléle sesẽ aɖe ayi kɔdzii.) Emegbe ne ehiã la, HAMEMEGÃWO AYƆ ATIKEWƆWƆ ƑE KADODODZIKPƆKƆMITI SI TE ÐE MIA ŊU. Ne èdi la, Atikewɔwɔ ƒe Kadododzikpɔkɔmiti me tɔ aɖewo ate ŋu ava kɔa dzi le ɣeyiɣi sia me ava kpe ɖe ŋuwò.—Yes. 32:1, 2.
25 Hamemegã siawo siwo le Atikewɔwɔ ƒe Kadododzikpɔkɔmitia me nya amesiwo nye ɖɔkta siwo ana kpekpeɖeŋu le wò nutoa me eye woate ŋu ayɔ wo na wò eye woadze ɖɔkta alo kɔdzi bubu siwo ana kpekpeɖeŋu didi na wò gɔme. Ne ɖeke mele miaƒe nutoa me o la, hamemegãwo ayi aɖabia kɔmiti bubu si te ɖe mia ŋu. Ne esia medze edzi o la, woaƒo ka na Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakakadɔwɔƒea le Accra. Woate ŋu awɔ ɖoɖo be woabia aɖaŋuɖoɖo tso ɖɔkta siwo ana kpekpeɖeŋu gbɔ eye amesia ate ŋu aɖe nusi woate ŋu awɔ ʋumazamazãe me na wò atikewɔlawo. Wona hehe Atikewɔwɔ ƒe Kadododzikpɔkɔmiti nɔviwo be woakpɔ nya mawo gbɔ.
26 Atikewɔwɔ ƒe Kadododzikpɔkɔmiti me tɔwo lɔ̃ hã be yewoana kpekpeɖeŋu wò alo wò ƒometɔ aɖe be wòaƒo nu na ɖɔkta alo kɔdzimegã aɖe, gake wòe wòle be nàbia kpekpeɖeŋu ma. Gake nɔvi siawo mate ŋu awɔ nyametsotso ɖe nuwò o, gake zi geɖe la, woate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàde ŋugble le Habɔbɔa ƒe nukpɔsusu ku nyawo ŋu la ŋuti eye woana nànya nusiwo nàte ŋu awɔ le atikewɔwɔ kple se gome.
27 Ne atikewɔlawo gbe kokoko la, ƒo nu na kɔdzimegã la le eƒe ɖɔkta bubu siwo ade bubu wò didiwo ŋu tsɔtsɔ ɖo wo teƒee ŋu. Ne kɔdzimegã gbe esia wɔwɔ eye ne kakaɖedzi blibo le asiwò be yeakpɔ amekola bubu le teƒe bubu si gbɔ woatsɔ wò ayii KO hafi nàte ŋu atia be yeaŋlɔ agbalẽ si dzi yeŋlɔ ɣletiŋkeke ɖo eye yede asi ete si me nàŋlɔ ɖɔkta siwo gbe be yewomakpe ɖe ŋuwò o ƒe ŋkɔ ɖo atsɔ ana kɔdzimegã la be womegakpɔ ye gbɔ o.
28 Àte ŋu awɔ ema? Ẽ, gomekpɔkpɔ le asiwò. Ate ŋu ana be mɔ naʋu ɖi na amekola bubuwo le dɔwɔse nu be woage ɖe nya la me azɔ be woakpe ɖe ŋuwò. Eye vevietɔ wu la, ate ŋu ana nàkpɔ atikewɔwɔ si dze hafi wò dɔlélea nagasẽ ɖe edzi. Mègalala fũ akpa o!
29 Togbɔ be míate ŋu agblɔ na ame aɖeke be wòanɔ lãmesẽŋutimegbega (health insurance) dzɔm o hã la, míedi be míana nànya be le dukɔ siwo me wodzɔa lãmesẽŋutimegbega le la, zi geɖe la esesẽna na mí be míakpɔ ɖɔkta si lɔ̃na be yeakpe ɖe ame ŋu be wòawɔ dɔ na amesiwo ƒe lãmesẽŋutimegbega mesɔ gbɔ alo ɖeke mele wo si o.
NYABIABIA SIWO WOTSƆ ÐO MƆ̃E SIWO ŊU NALÉ ŊKU ÐO
30 Ele be nànya be nya aɖewo li siwo ɖɔktawo kple ame bubuwo biana siwo wometsɔa susu nyuitɔ bianɛ o. Esi ɖɔktawo biana zi geɖe enye be:
• “Àdi be yeaku alo (ye vi naku) tsɔ wu be nàdo ‘ʋu si xɔa ame ɖe agbea’?”
31 Ne èɖo eŋu be ẽ la, asɔ le mawusubɔsubɔ ƒe gɔmesese nu. Gake zi geɖe la, womesea ŋuɖoɖo ma gɔme nyui o. Ele be nàɖo ŋku edzi be menye gbeadzie yele le nɔnɔme sia me o. Ke boŋ atikewɔwɔ si hiã la ŋue nèle nu ƒom le. Eyata ele be nàtrɔe wòasɔ ɖe wò nyaselawo, atikewɔwɔ alo sea ƒe nudidi nu.—Ps. 39:2; Kol. 4:5, 6.
32 Le ɖɔkta, ʋɔnudrɔ̃la, alo kɔdzimegã gome la, “ẽ,” ate ŋu afia be èdi be yeaku xɔsetaku alo èdi be yeatsɔ ye vi asa vɔe ɖe wò xɔse ta. Zi geɖe la, tsitretsitsi dzixɔse sesẽ si le asiwò ŋu nya gbɔgblɔ na wo le nɔnɔme sia me mawɔ dɔ o. Woabu wò be ènye subɔsubɔha ƒe zazɛ̃nyahela si mate ŋu awɔ nyametsotso si me nunya le ne agbe ɖo afɔku me o. Le ɖeviwo gome la, woabu wò dzila ɖekematsɔlemetɔ si gbea nusi woawo yɔna be atikewɔwɔ “si wotsɔna xɔa ame ɖe agbee.”
33 Gake MENYE atikewɔwɔ gbem nèle O. Ðeko wò nukpɔsusu to vovo tso ɖɔkta la tɔ gbɔ le atikewɔwɔ SI ƑOMEVI dim nèle gome. Zi geɖe la, tenɔnɔ sia ana nya bliboa natrɔ na mia kple wo. Hekpe ɖe eŋu la, enye aʋatso be woawɔe wòadze abe ɖe afɔku aɖeke mele ʋudodo me o ene eye be eya KOE nye atike si ate ŋu “axɔ ame ɖe agbe.” (Kpɔ How Can Blood Save Your Life?, axa 7-22.) Eyata ele be nàɖe nya ma me nyuie. Aleke nàte ŋu awɔe? Àte ŋu aɖo eŋu be:
• “Nyemedi be maku (alo vinye naku) o. Ne ɖe medi be maku (alo vinye naku) la, ne metsi aƒeme. Ke boŋ meva atike wɔ ge be matsi agbe (alo vinye natsi agbe). Nusi dim mele enye atike bubu siwo me womazã ʋu le o si woawɔ nam (alo na vinye). Atike bubuwo li woazã ɖe ʋu teƒe.”
34 Nya bubu siwo ɖɔktawo biana zi geɖe enye:
• “Ðe alesi nàlɔ̃ alo be nàna woazi dziwò be nàdo ʋu ana woaɖe wò le wò subɔsubɔha me alo be màkpɔ agbe mavɔ oa? Aleke hame si me nèle la me tɔwo abu wòe?”
35 Le dukɔ aɖe si me kɔdzia to ʋɔnudrɔ̃ƒe dzi zi ʋudodo ɖe nɔvinyɔnu aɖe dzi la, eɖo eŋu na ʋɔnudrɔ̃la be le go ma me la, womatsɔ agba aɖo ye dzi le nya si me wòtso ta o. Togbɔ be eƒe nya dzɔ le susu aɖe nu hã la, ʋɔnudrɔ̃la bui be esi wònye womatsɔ agba aɖeke aɖo eyama dzi o ta la, ekema yeatsɔ agba la ɖe enu. Ena wodo ʋu nɛ. Togbɔ be womatsɔ nya siawo ayi ʋɔnudrɔ̃ƒe le dukɔ sia me o hã la, ne ègblɔ nya sia na ɖɔkta alo kɔdzimegã aɖe la, woate ŋu atso nya me ado ʋu na wò le amekoxɔa me le wò manyamanya me.
36 Ele be nànya be le nya siawo siwo woanɔ biawòm me la, mɔnu dim wo dometɔ aɖewo le le ŋuwò be woado ʋu si nègbe la na wò. Mègana mɔ wo le manyamanya me o! Eyata aleke míaxe mɔ na nugɔmemasemase mae? Àte ŋu aɖo eŋu be:
• “Ne wozi ʋudodo ɖe dzinye le mɔ aɖe nu la, anɔ ko abe ɖe wodɔ gbɔnye sesẽe ene. Màkpe alesi wodze dzinye nenema la ƒe fu le seselelãme kple gbɔgbɔ me le nye agbemeŋkeke mamleawo me. Matsɔ nye ŋusẽ katã atsi tre ɖe nye ŋutilã zazã ɖe mɔ gbegblẽ ma si dzi nyemelɔ̃ ɖo o nu la ŋuti. Màdze agbagba ɖesiaɖe atsɔ nya ɖe dzinyedzelawo ŋu abe alesi mawɔe ne ɖe wodɔ gbɔnye sesẽe ene.”
37 Ele be míagblɔe kple ŋusẽ eme nakɔ be ʋu si woazi mía dzi be míado le na mí abe nu gbegblẽ le míaƒe ŋutilã ŋu le mɔ nyɔŋu nu ene. Menye nya tsɛ wònye o. Eyata li ke sesĩe. Gblɔe kɔte be yedi atikewɔwɔ si me womazã ʋu le o la ɖe eteƒe.
NUKAE NÀWƆ BE NANƆ KLALO?
38 Míedzro nanewo siwo wòhiã be nàwɔ be nàkpɔ ɖokuiwò kple wò ƒomea ta tso ʋudodo si mèdi o me la me. (Míele mɔ kpɔm be emegbe míana numeɖeɖe geɖe le kuxi siwo doa mo ɖa ne wodi be woazi ʋudodo ɖe vidzĩwo kple ɖeviwo dzi ŋuti.) Míekpɔ nusi Habɔbɔa wɔ lɔlɔ̃tɔe be wòana kpekpeɖeŋu mí le hiahiãɣi me la hã. Nukae wòle be nàtsɔ nyatakaka sia awɔe be nàka ɖe edzi be yele klalo be yeadze ŋgɔ atikewɔwɔ me nya sesẽ si atɔ gbe wò xɔse?
Gbã: Na mia kple ƒomea miadzro nu me be miato nya siawo me eye miakpɔ nya si miagblɔ kple nusi miawɔ, vevietɔ ne nya aɖe dzɔ kpata.
Emegbe: Kpɔ egbɔ be agbalẽvi siwo katã miehiã le mia si.
Eye: Mido gbe ɖa vevie tso eŋu na Yehowa be wòanɔ megbe na mi le miaƒe tameɖoɖo kplikpaa be ‘miatsri ʋu’ la me. Eƒe ʋu ŋuti sea dzi wɔwɔ ana wòakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu be míakpɔ agbe mavɔ.—Dɔw. 15:29; Lod. 27:11, 12.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]
Dzra nyatakaka siawo ɖo ɖe teƒe si ne ehiã nàte ŋu akpɔe le kaba.
[Aɖaka si le axa 5]
Ne atikewɔnyawo va sesẽ ale gbegbe be wogblɔ be woado ʋu na wò la, ke kpɔ aɖaka sia me nànya nusi wòle be nàwɔ:
1. Yɔ miaƒe hamemegãwo be woakpe ɖe ŋuwò.
2. Na hamemegãwo nayɔ Atikewɔwɔ ƒe Kadododzikpɔkɔmiti si te ɖe mia ŋu ne ehiã.
3. Atikewɔwɔ ƒe Kadododzikpɔkɔmiti ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le nuƒoƒo na ɖɔktawo kple ame bubuwo me.
4. Atikewɔwɔ ƒe Kadododzikpɔkɔmiti ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ɖɔkta bubu siwo aƒo nu na wò amekolawo le atike bubu siwo woazã ɖe ʋu teƒe ŋu.
5. Atikewɔwɔ ƒe Kadododzikpɔkɔmiti ate ŋu akpe ɖe ŋuwò hã be woaɖe wò ayi kɔ si dzi woade bubu ŋuwò wu le atikewɔwɔ si hiã me.