Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
1 Nutome sue takpekpe ƒe ɖoɖowɔɖi yeye si adze egɔme tso February me ƒe tanyae nye “Minɔ Ŋudzɔ, Minɔ Tsitre Sesĩe, Misẽ Ŋu.” Wotui ɖe apostolo Paulo ƒe dzideƒonya siwo wòŋlɔ na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo si woŋlɔ ɖe Korintotɔwo I, 16:13 la dzi.
2 Woatsɔ alesi mía ɖokui dodokpɔ le gbɔgbɔ me ɣesiaɣi hiãe adze takpekpea gɔmee. Be míanɔ tsitre sesĩe le nudzɔdzɔewɔwɔ me le ‘ŋkeke mamle’ siawo me bia be míanya alesi mía kple Yehowa dome ƒomedodo le kple tenɔnɔ si le mía si le eƒe anyigba dzi habɔbɔa me nyuie. (Tim. II, 3:1) Woaɖo ŋku edzi na mí be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe agbagbadzedzewo katã ŋu. Ehiã be woafia alesi míawɔ míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo nanyo ɖe edzi eye míayi edzi anɔ agbe si anye kpɔɖeŋu nyui la mí.
3 Woate gbe ɖe alesi dzonɔameme tsɔtsɔ wɔ nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔae esime míele ʋiʋlim be míayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me eye míatsɔ agbanɔmamedziwo hã dzi. Woaɖo alesi ame ɖekaɖekawo kple ƒomewo awɔ be gbɔgbɔmenuɖuɖu ɣesiaɣi ƒe ɖoɖo si dzi woanɔ wɔwɔm ɖo ɖaa nanɔ wo si la ŋuti ɖaŋu nyuiwo le nuƒo, wɔwɔfia, kple nyamedzodzro vovovowo me.
4 Amesiwo dze ate ŋu axɔ nyɔnyrɔ̃ ɖe tsi me atsɔ aɖe woƒe adzɔgbeɖeɖe fia le gaglãgbe le Memleɖagbe. Eye le Kwasiɖagbe la, mí katã míadi be míanɔ anyi ase dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Tenɔnɔ Kae Le Asiwò le Mawu Gbɔ?”
5 Woatsɔ dzideƒonya siwo akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi ali ke le xɔse la me, eye míawɔ nu ɖe mía nɔewo ŋu le lɔlɔ̃ kple ŋutifafa ƒe gbɔgbɔ me la awu takpekpea nui. Nutome sue takpekpea nye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ siwo Yehowa naa mí katã be ‘wòaʋã mí na lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔwo’ la dometɔ ɖeka. (Heb. 10:24, 25) Wɔ ɖoɖo siwo ŋu kakaɖedzi le be nànɔ anyi ase ŋkeke evea ƒe nuƒoawo katã.