-
Ðe Gbeƒã Nyaɖeɖefia me Gbedasi Ʋãme LaFiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994 | March
-
-
Ðe Gbeƒã Nyaɖeɖefia me Gbedasi Ʋãme La
1 Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa kpe ɖe mía ŋu be míase nya ʋãme si le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me gɔme. Kpe ɖe amewo ŋu be woakpɔ alesi nya sia ka woe to agbalẽ sia nana le gbeadzi me le March me. Àkpɔe be aɖaŋuɖoɖo si gbɔna la akpe ɖe ŋuwò le enana me.
2 Ne èdo gbe na aƒemenɔla vɔ la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe:
◼ “Èse nu tso Nyaɖeɖefia me sɔdola eneawo ŋu kpɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Amewo ɖe nusi sɔdola siawo fia la gɔme vovovoe. Gake ènya be woƒe kpɔɖeŋusɔdodoa nye Biblia me nyagblɔɖi ƒe akpa aɖe si gblɔ nusiwo dzɔ le míaƒe ɣeyiɣia me ɖi eye wòka mí katã le mɔ aɖe nua? [Na wòaɖo eŋu.] Àdi be yease nusi nyagblɔɖi sia kple emevava fia na mí la gɔmea?” Àte ŋu aƒo nu tso foto siwo le Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa ƒe ta 16 lia ŋu eye nàtsiãe ɖe kpukpui siwo woŋlɔ gbeteteɖedzitɔe nu. Alo àte ŋu azã trakt si nye Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia? atsɔ aƒo nu tso ŋutega sia ƒe akpa aɖe ŋui. Na agbalẽae dzonɔamemetɔe, alo wɔ ɖoɖo nàtrɔ ava dzro ŋutega la kple eƒe gɔmesese me kplii.
3 Alo ɖewohĩ àdi be yeagblɔe ale:
◼ “Èse ŋkɔ ‘Harmagedon’ kpɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Ame geɖe susu be nukliaʋa si agblẽ nu geɖe le míaƒe ɣeyiɣia mee wònye. Le nyateƒe me la, Harmagedon nye nu bubu sã. Biblia fia be ahe tɔtrɔ vevi siwo ana nuwo nanyo vɛ, eye wòana ŋutifafa nava xexeame katã.” Le alesi amea wɔ nui nu la, àte ŋu afia ŋɔŋlɔ aɖee, abe Nyaɖeɖefia 16:16 alo Psalmo 37:10, 11 ene, eye nàhe eƒe susu yi Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa ƒe ta 39 lia dzi. Ne èhe eƒe susu va edzii alea vɔ la, àte ŋu ayi edzi ana agbalẽae. Alo àte ŋu aɖoe be yeadzro nya siwo sɔ me le trakt si nye Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia? la me kplii.
4 Àte ŋu anyɔ ɖetsɔleme ne ètsɔ aɖaŋuɖoɖo sia wɔ dɔe:
◼ “Le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me la, ame geɖe bua Yesu Kristo ƒe ku kple eƒe tsitretsitsi ŋu. Èbia ɖokuiwò se kpɔ be nuka wɔm wòle tso esime wofɔe ɖe tsitre kea? Míaƒe ɣeyiɣia me nudzɔdzɔ ʋãme geɖe do ƒome kple nusi Yesu le wɔwɔm fifia le Mawu ƒe tameɖoɖo me. Woƒo nu tso wo dometɔ aɖewo ŋu le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me. Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso nusi nye tameɖoɖo si tae Mawu dɔ Via ɖe anyigba dzi kple nusi wòfia na mia kple wò lɔlɔ̃tɔwo ŋua?” Àte ŋu ahe eƒe susu ayi Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa ƒe ta 41 lia ƒe memamã 1 kple 2 dzii alo nàƒo nu tso Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! yeye siwo li me nya siwo sɔ ŋu. Alo àdi be yeazã trakt si nye Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me atsɔ anyɔ eƒe ɖetsɔleme ɖe edzi.
5 Kpɔ egbɔ be yekpe amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia la va Ŋkuɖodzia ɖuƒee. Le Yehowa ƒe yayra me la, ɖewohĩ àte ŋu akpe ɖe ame aɖe ŋu be ‘wòase nyagblɔɖi sia me nyawo eye wòawɔ ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe eme la dzi.’—Nyaɖ. 1:3.
-
-
Kpe Ðe Wo Ŋu be Woawɔ Ðe Gbedasia DziFiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994 | March
-
-
Kpe Ðe Wo Ŋu be Woawɔ Ðe Gbedasia Dzi
1 Míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa naa mɔnukpɔkpɔ amewo be ‘woase Nyaɖeɖefia me nyagblɔɖia.’ (Nyaɖ. 1:3) Gake ne wodi be yewoatsi agbe le “xaxa gã” la me la, ele hã be woawɔ ɖe wo dzi. (Nyaɖ. 7:14) Amewo ƒe agbe le afɔku me! Eyata kpɔ egbɔ be yetrɔ yi amesiwo tsɔ ɖe le nya siwo nègblɔ le ɣleti sia me la me gbɔ.
2 Ne “Nyaɖeɖefia Taƒoƒo” ƒe agbalẽa ye nèna la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Edzɔ dzi nam be megakpɔ wò ake. Nyitsɔ le míaƒe dzeɖoɖo me la, míeƒo nu tso Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽ me nyagblɔɖi aɖe ŋu, eye mena agbalẽ si ɖe eme la wò. Ðewohĩ ède dzesii be togbɔ be Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me nyawo goglo ŋutɔ hã la, ne míebu egbegbe nudzɔdzɔ aɖewo ŋu eye míetsɔ wo sɔ kple Biblia me nyateƒe vevi geɖewo la, míate ŋu ase wo gɔme. Medi be mazã aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo atsɔ ƒo nu tso nusiwo Biblia gblɔ ku ɖe míaƒe ɣeyiɣiawo ŋu la ƒe ɖewo me kpli wò.” Ke trɔ ɖe agbalẽ si sɔ si nàte ŋu azã atsɔ adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kplii la ŋu.
3 Ne trakt si nye “Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia?” ye nèna esi nèyi gbã la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe:
◼ “Edzɔ dzi nam be meva tu wò le aƒeme egbea. Esi meva gbɔwò nyitsɔ la, míeƒo nu tso nudzɔdzɔ siwo ƒe ƒuƒoƒoe nye dzesi si adze hafi xexeame nawu enu la ŋu. [Dzro dzesia ƒe akpa siwo sɔ le Mateo 24:3-14 me kplii.] Ède dzesi nane si dzɔ nyitsɔ laa sia le xexeame alo le míaƒe nutoa me si nèsusu be enye dzesia mevava ƒe akpa aɖea?” Zã nɔnɔmetata siwo le Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa ƒe ta 16 lia me nàtsɔ aƒo nu tso Biblia me nyagblɔɖiwo dometɔ aɖewo mevava ŋu. Le tɔtrɔyia ƒe nuwuwu la, yɔ dutoƒonuƒo si woaƒo le kwasiɖa la me ƒe tanya nɛ, eye nàkpee be wòawɔ ɖeka kple wò le Fiaɖuƒe Akpataa me.
4 Ne èkpe aƒemenɔla la va Ŋkuɖodzia ɖuƒe la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Esi meva gbɔwò nyitsɔ la, míeɖo dze tso alesi Yesu ƒe kua le vevie na ameƒomea ŋu. Mekpe wò hã be nàva eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi si Kristotɔwo aɖu le xexeame katã le March 26 lia dzi la ɖuƒe. Egbea ɖe meva be maɖo ŋku edzi na wò be míele kpewòm na nudzɔdzɔ vevi sia. [Yɔ ɣeyiɣi si me woaɖui kple teƒea nɛ.] Ne míedzro yayra siwo xɔm míele fifia le nusi Yesu wɔ na ameƒomea ta dometɔ aɖewo me kple yayra siwo agava le etsɔ me la, akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ alesi gbegbe wɔna sia le vevie.” Ekema dze agbagba nàdzro nyati siwo sɔ me le magazine yeye siwo li me alo tso Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa ƒe ta 41 lia me. Àte ŋu aƒo nu tso nɔnɔmetata siwo le axa 294, 299, kple 308 hã ŋu. Ne anya wɔ la, wɔ ɖoɖo nàkpe ɖe ɖetsɔlemetɔa ŋu be wòava Ŋkuɖodzia ɖuƒe.
5 Ne amea nye toɖola nyui ko la, ke nyagbɔgblɔ si gbɔna la awɔ dɔ:
◼ “Dze si míeɖo nyitsɔ tso Biblia me la dzɔ dzi nam ŋutɔ. Nusitae megatrɔ vae nye be medi be nàkpɔ nusi ƒe ŋugbe Mawu do na amesiwo di be yewoasrɔ̃ nu geɖe tso eŋu.” Xlẽ Yohanes 17:3 nɛ eye nàtrɔ ɖe trakt si nye Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me ŋu.
6 Na alesi nèlɔ̃ agbee kple wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe tafea ŋu naʋã wò be nàtrɔ yi ɖetsɔlemetɔwo gbɔ. Kpe ɖe wo ŋu be woawɔ ɖe gbedasi ʋãme si le Nyaɖeɖefia me la dzi. Ðo ŋku edzi be, ‘ɣeyiɣi ɖoɖi la ɖo vɔ’!—Nyaɖ. 1:3.
-