Ðe Gbeƒã Nyaɖeɖefia me Gbedasi Ʋãme La
1 Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa kpe ɖe mía ŋu be míase nya ʋãme si le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me gɔme. Kpe ɖe amewo ŋu be woakpɔ alesi nya sia ka woe to agbalẽ sia nana le gbeadzi me le March me. Àkpɔe be aɖaŋuɖoɖo si gbɔna la akpe ɖe ŋuwò le enana me.
2 Ne èdo gbe na aƒemenɔla vɔ la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe:
◼ “Èse nu tso Nyaɖeɖefia me sɔdola eneawo ŋu kpɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Amewo ɖe nusi sɔdola siawo fia la gɔme vovovoe. Gake ènya be woƒe kpɔɖeŋusɔdodoa nye Biblia me nyagblɔɖi ƒe akpa aɖe si gblɔ nusiwo dzɔ le míaƒe ɣeyiɣia me ɖi eye wòka mí katã le mɔ aɖe nua? [Na wòaɖo eŋu.] Àdi be yease nusi nyagblɔɖi sia kple emevava fia na mí la gɔmea?” Àte ŋu aƒo nu tso foto siwo le Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa ƒe ta 16 lia ŋu eye nàtsiãe ɖe kpukpui siwo woŋlɔ gbeteteɖedzitɔe nu. Alo àte ŋu azã trakt si nye Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia? atsɔ aƒo nu tso ŋutega sia ƒe akpa aɖe ŋui. Na agbalẽae dzonɔamemetɔe, alo wɔ ɖoɖo nàtrɔ ava dzro ŋutega la kple eƒe gɔmesese me kplii.
3 Alo ɖewohĩ àdi be yeagblɔe ale:
◼ “Èse ŋkɔ ‘Harmagedon’ kpɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Ame geɖe susu be nukliaʋa si agblẽ nu geɖe le míaƒe ɣeyiɣia mee wònye. Le nyateƒe me la, Harmagedon nye nu bubu sã. Biblia fia be ahe tɔtrɔ vevi siwo ana nuwo nanyo vɛ, eye wòana ŋutifafa nava xexeame katã.” Le alesi amea wɔ nui nu la, àte ŋu afia ŋɔŋlɔ aɖee, abe Nyaɖeɖefia 16:16 alo Psalmo 37:10, 11 ene, eye nàhe eƒe susu yi Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa ƒe ta 39 lia dzi. Ne èhe eƒe susu va edzii alea vɔ la, àte ŋu ayi edzi ana agbalẽae. Alo àte ŋu aɖoe be yeadzro nya siwo sɔ me le trakt si nye Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia? la me kplii.
4 Àte ŋu anyɔ ɖetsɔleme ne ètsɔ aɖaŋuɖoɖo sia wɔ dɔe:
◼ “Le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me la, ame geɖe bua Yesu Kristo ƒe ku kple eƒe tsitretsitsi ŋu. Èbia ɖokuiwò se kpɔ be nuka wɔm wòle tso esime wofɔe ɖe tsitre kea? Míaƒe ɣeyiɣia me nudzɔdzɔ ʋãme geɖe do ƒome kple nusi Yesu le wɔwɔm fifia le Mawu ƒe tameɖoɖo me. Woƒo nu tso wo dometɔ aɖewo ŋu le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me. Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso nusi nye tameɖoɖo si tae Mawu dɔ Via ɖe anyigba dzi kple nusi wòfia na mia kple wò lɔlɔ̃tɔwo ŋua?” Àte ŋu ahe eƒe susu ayi Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa ƒe ta 41 lia ƒe memamã 1 kple 2 dzii alo nàƒo nu tso Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! yeye siwo li me nya siwo sɔ ŋu. Alo àdi be yeazã trakt si nye Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me atsɔ anyɔ eƒe ɖetsɔleme ɖe edzi.
5 Kpɔ egbɔ be yekpe amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia la va Ŋkuɖodzia ɖuƒee. Le Yehowa ƒe yayra me la, ɖewohĩ àte ŋu akpe ɖe ame aɖe ŋu be ‘wòase nyagblɔɖi sia me nyawo eye wòawɔ ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe eme la dzi.’—Nyaɖ. 1:3.