INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/95 axa 1
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Ðekawɔwɔ me Lelé Ðe Asi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míaƒe Fiaɖuƒe Ðekawɔwɔ me Lelé Ðe Asi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kristotɔwo ƒe Ðekawɔwɔ Vavã—To Mɔ Ka Nu?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Kristotɔwo Ƒe Ðekawɔwɔ Hea Ŋutikɔkɔe Vanɛ Na Mawu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Milé Ðekawɔwɔ Me Ðe Asi Le Ŋkeke Mamlɛ Siawo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Ðekawɔwɔ Dea Dzesi Tadeagula Vavãwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 4/95 axa 1

Míaƒe Fiaɖuƒe Ðekawɔwɔ me Lelé Ðe Asi

1 Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si si ŋusẽ kple ŋutete le. Eyae nye nyati si ŋu Yesu ɖe gbeƒã le. (Mat. 4:17) Nufiafia amewo kple ɖaseɖiɖi le Fiaɖuƒe nyateƒea ŋue nye Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa vevitɔ. Efia mí be míado gbe ɖa abia Fiaɖuƒea ahanɔ edim gbãgbiagbã. (Mat. 6:9, 10, 33) Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋu nɔnɔ kplikplikpli, míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ, kple mía ɖokui ɖeɖeɖa le xexeame ŋu kpena ɖe mía ŋu míeléa míaƒe Fiaɖuƒe ɖekawɔwɔ me ɖe asi. Míetoa míaƒe nuwɔna kple nuƒoƒo me ɖenɛ fiana be míele Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi.—Yoh. 18:37.

2 Fiaɖuƒea va zu nu ŋutɔŋutɔ na etevi miliɔn geɖe tso ƒe 1914 me ke. Ðekawɔwɔ si Fiaɖuƒea tevi siawo ɖe fia la to vovo sã na xexe sia si me mã la. Ele be míawɔ Fiaɖuƒea nu ŋutɔŋutɔe le míaƒe agbe me hafi wòanye nusi ana míawɔ ɖeka. Nukae na wònyea nu ŋutɔŋutɔ na mí?

3 Sewo le Fiaɖuƒea si abe alesi wòle dziɖuɖu bubuwo hã si ene. Gake eto vovo elabena Biblia mee eƒe sewo le. Mawu ƒe Nya xexlẽ edziedzi ɖoa ŋku nusiwo wodi tso mía si abe Fiaɖuƒea teviwo ene dzi na mí nyuie. Míaƒe agbalẽwo sɔsrɔ̃ le mía ɖokui si kple mɔfiame xɔxɔ tso “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” gbɔ kpena ɖe mía ŋu míewɔa Mawu ƒe sewo dzi le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me. (Mat. 24:45) Ne míewɔ wo ŋudɔ alea la, Fiaɖuƒea va zua nu ŋutɔŋutɔ na mí geɖe wu, eye wòwɔa mí ɖekae le xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ me eye wòwɔa mí tadeagula wɔɖekawo ƒe ƒome le Yesu ƒe dziɖuɖu te.

4 Ðekawɔwɔ to Fiaɖuƒe Gbeƒãɖeɖe Me: Míaƒe dɔe nye be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia “vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8) Gbeƒãɖeɖe ‘ɖekae’ tea mí ƒoa ƒu esi míele agbagba dzem be ‘míakafu’ Yehowa. (Rom. 15:5, 6) Gomekpɔkpɔ le eme kple mía hatidɔwɔla siwo le xexeame katã dzonɔamemetɔe doa ŋusẽ míaƒe xɔse eye wòɖea mɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ nɔa mía dzi be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Esi ‘dɔ geɖe le mía si míawɔ le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me’ ta la, ena ‘míenɔa te sesĩe, maʋãmaʋãe.’—Kor. I, 15:58.

5 Satana doa kplamatse míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa le dukɔ geɖe me tsɔ dzea agbagba be yeagblẽ míaƒe ɖekawɔwɔ me. Etoa mɔ sia mɔ dzi be yeade tɔtɔ kple masɔmasɔ amewo dome bene dzrehehe kple fuléle naɖo wo dome. (Lod. 6:19; Gal. 5:19-21, 26) Adi be yeana míade nu xexeame ƒe nyahehewo me eye míade akpa aɖe dzi gɔ̃ hã le dunyahehe kple hadomenyawo me. (Yak. 3:14-16) Ŋɔŋlɔawo ƒoe ɖe mía nu be míagbe eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi; ne menye nenema o la, alé mí ami abe eƒe nuléle ene. (Pet. I, 5:8, 9) Mele be míaɖe mɔ Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔ ƒe nu ŋutɔŋutɔnyenye nado le míaƒe dzi kple susu me o.

6 Míaƒe ɖekawɔwɔ me léle ɖe asi bia ŋudzɔnɔnɔ kple nunya tso dziƒo. Ne nya sesẽwo dzɔ, vevietɔ ɖe mí kple mía nɔviwo dome la, ele be míaɖe gbɔgbɔ ƒe kutsetsea afia ahawɔ ŋutifafa. Xexeame ƒe nɔnɔme siwo nye dada, ŋubiabiã, kple ɖokuiŋudzedze hea mamã vɛ eye ele be míaɖu wo dzi. (Ef. 4:1-3; Kol. 3:5-10, 12-14) Ele be míatsɔ nu nyuiwo kple nya tuameɖowo ayɔ míaƒe susu mee. Fiaɖuƒea nye nu ŋutɔŋutɔ le míaƒe agbe me! Gake ele be míanɔ ŋudzɔ alée ɖe asi nenema!—Ef. 6:11, 13.

7 Míaƒe Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔ wɔnukua ƒe nu ŋutɔŋutɔnyenye tea mí ƒoa ƒu le ɖekawɔgbɔgbɔ si nu mayi akpɔ o me.—Ps. 133:1.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe