INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/95 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena April

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena April
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme April 3
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme April 10
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme April 17
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme April 24
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 4/95 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena April

Kwasiɖa si Dze Egɔme April 3

Hadzidzi 203

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Dzro “Midzra Ðo Ðe Ŋkuɖodzia Ŋu” me.

20 min: “Akpedada Ðe Nusiwo Le Mía si Ta.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Gblɔ nya bubuwo tso Gbetakpɔxɔ, August 1, 1990, axa 19-20, memamã 15-20 me ne ɣeyiɣia ɖe mɔ.

15 min: Nyabiaɖaka. Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo.

Hadzidzi 177 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme April 10

Hadzidzi 212

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu kple nudzɔdzɔwo ŋuti akpedanyawo. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo kple aɖaka si ku ɖe Nyateƒe-gbalẽa ŋu. Ðo ŋku edzi na amewo katã be ehiã be woakpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu ne woava Ŋkuɖodzia. De dzi ƒo na wo katã be woadze agbagba tɔxɛ ayi gbeadzi le kwasiɖa sia ƒe nuwuwu.

15 min: “Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ!—Wonye Magazinewo na Míaƒe Ɣeyiɣi Kpata Sia!” Dzro eme kple nyaselawo. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo wotsɔ ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe magazineawo ŋu. (g91 7/22 axa 9) Na gbeƒãɖela eve nazã ewɔwɔmɔnu siwo ƒe aɖaŋu woɖo atsɔ aɖe alesi woadzra dzeɖonyawo ɖoe la afia, eye nàna woatsɔ woƒe dzeɖonyawo awɔ wɔwɔfiae na wo nɔewo.

20 min: ‘Dɔ Geɖe Li le Aƒetɔ la ƒe Dɔwɔwɔ Me.’ Subɔsubɔdɔdzikpɔla natsɔ nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo adzro eme. Dzro ɖoɖo siwo wowɔ ɖe Fiaɖuƒe Ŋuti Nya tɔxɛ la mamã ŋu tso aƒeme yi aƒeme la me. Gblɔ ɖoɖo siwo wowɔ be woakpe hamea ƒe anyigbamamã katã ɖo. Ƒo nu tso nusi wòle be woawɔ atsɔ akpe ɖe ame yeyewo ŋu be woayi gbeadzi zi gbãtɔ ŋu. (Kpɔ March 1995 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 1.)

Hadzidzi 150 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme April 17

Hadzidzi 214

13 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gblɔ Ŋkuɖodzia ɖuɖu ƒe nya vevi dedziƒonamewo, eye nàdzro mɔ siwo dzi woato agana kpekpeɖeŋu geɖe ame yeye siwo va la me. De dzi ƒo na amewo katã be woava se nuƒo tɔxɛa le April 23 lia dzi eye woakpe ɖe ɖetsɔlemetɔ yeyewo hã ŋu be woagatrɔ ava. Gadzro gbeadziyiɖoɖo si wowɔ ɖe Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la mamã ŋu me.

15 min: “Míaƒe Fiaɖuƒe Ðekawɔwɔ me Lelé Ðe Asi.” Dzro eme kple nyaselawo.

17 min: “Di Amesiwo Lɔ̃na Wofiaa Nu Wo.” Ƒo nu tso tɔtrɔyiwo wɔwɔ ƒe vevienyenye ŋu. De dzi ƒo be woazã Biblia. Na woawɔ dzeɖonya ɖeka alo eve ƒe wɔwɔfia kpuie.

Hadzidzi 197 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme April 24

Hadzidzi 167

15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gblɔ alesi Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la mamã le anyigbamamã me le edzi yimee. Bia gbeƒãɖelawo woagblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la mamã ŋu. Gblɔ dzeɖonya siwo woatsɔ ana magazinewoe siwo asɔ le miaƒe anyigbamamã me. Ðe gbeƒã ɖoɖo siwo hamea wɔ ɖe fiẽsiɖaseɖiɖi ŋu.

12 min: “Èkpɔ be Hiahiã aɖe Lia?” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Ƒo nu tso taɖodzinu yeye siwo gbɔ hamemegãwo le agbagba dzem be yewoaɖo le woƒe alẽkpɔkplɔdɔa me ŋu. Ðe nusiwo amesiame ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋui la me.

18 min: Wɔ Wò Ƒome Biblia Nusɔsrɔ̃ Edziedzi. Ŋutsu kple srɔ̃a xa nu vevie le wo viwo ƒe ŋgɔmayimayi le gbɔgbɔ me ŋu. Ŋutsua lɔ̃ ɖe edzi be yemeléa fɔ ɖe ƒomenusɔsrɔ̃ ŋu o; kwasiɖa geɖe va yina ɣeaɖewoɣi esi ƒomea mexɔa nufiame aɖeke o. Wodzro nuxlɔ̃ame kple mɔfiame siwo wogblɔ ɖe School Guidebook, axa 37-8, memamã 12-14 me. Wo ame evea wolɔ̃ be yewoatsɔ ƒomenusɔsrɔ̃ aɖo nɔƒe gbãtɔ kwasiɖa ɖesiaɖe, eye yewomaɖe mɔ nu bubuwo nagblẽ eme o.

Hadzidzi 142 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe